Lã Siwo Ðo Afɔku Me—Alesi Wòka Wòe
KPƆ̃WO, ƒumeklowo, gbenyiwo, kpakpaluʋuiwo—oo, ewɔ abe míate ŋu ayɔ lã siwo katã ɖo afɔku me avɔ o ene! Àlɔ̃ ɖe edzi ɖikekemanɔmee be amegbetɔ koŋ dzie fɔbubu gãtɔ le. Gake aleke esia ka wòe?
Alesi xexeame ƒe ganyawo le ta la, aleke ke nutakpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo anyoe o, ɖe woakpɔ mɔ be amesiwo tsi dzi ɖe woa ŋutɔwo ƒe nyonyo ŋu ado alɔea? Time gblɔ be: “Mele bɔbɔe kura be woawɔ esia le anyiehe Sahara Afrika ƒe akpa gãtɔ, afisi dunyahehe ƒe nyaʋiʋliwo, towo dome ʋawo, dɔwuame kple dɔ vɔ̃wo le fu wɔm ame miliɔn geɖe le la o.” Nenemae wòle le teƒe bubuwo hã.
Ehiã be woawɔ tɔtrɔ gãwo ko hafi woate ŋu akpɔ lã siwo ɖo afɔku me ƒe kuxia gbɔ. Le Atlas of Endangered Species ƒe nya nu la, tɔtrɔ siawo “lolo ale gbegbe be dziɖuɖuwo koe ate ŋu awɔe.” Azɔ ekafui be: “Le afisiwo wotiaa dziɖuɖuwo le la, enye ame ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be wòakpɔ egbɔ be kaka ƒe 2000 naɖo la, dunyahela siwo tsɔ ɖe le yame ƒe nɔnɔme me koe woatia.”
Ðe nusia anya wɔa? Ne míekpɔ nusiwo dzɔ le ŋutinya me la, míaƒo nya ta be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo,”—kple gbemelãwo hã, “dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Le nyateƒe me la, nutakpɔla geɖe xɔe se be anyigba dzi numiemiewo kple lãwo dea dzesi yamenutoa me ƒe nɔnɔme. Ne nusiawo ɖo afɔku me la, ke mí amegbetɔwo hã míeɖo eme. Gake menye esiae nye zi gbãtɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me si nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi de tsɔtsrɔ̃ ge o.
Ŋutinyagbalẽ xoxotɔ kekeake gblɔ nya siawo be: “Mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.” (Mose I, 6:17) Gake amegbetɔwo katã kple nu gbagbe ƒomevi bubuwo katã meku o, elabena Mawu wɔ agbetsitsi ƒe ɖoɖo aɖe.
Agbetsitsi ƒe Aɖakaʋu
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ka ɖe edzi be nu nyuitɔ kekeake si woatsɔ akpɔ lã siwo ɖo afɔku me egbea ƒe kuxia gbɔe nye be woakpɔ wo nɔƒewo ta. Enya se be New Scientist ka nya ta le esia ŋu eye wòƒo nu tso “kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ Noa ƒe Aɖaka” si nutakpɔlawo azã ŋuti. Noa ƒe aɖakae nye nusi na amegbetɔwo kple lãwo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me le Noa ƒe ŋkekea me.
Mawu fia Noa alesi wòakpa aɖakaʋu lae, atiɖaka gã si aho ɖe dzi le tɔɖɔɖɔ la ŋgɔ. Esia kpɔ Noa, srɔ̃a, kple wo viŋutsu etɔ̃awo kple ŋutsuviawo srɔ̃wo, kpakple lã ƒomevi vovovowo, gbemelãwo kple aƒemelãwo siaa—ẽ, “lãwo tsyo ƒomevi, siwo me agbegbɔgbɔ le” ƒe agbe ta. (Mose I, 7:15) Nu gbagbe vovovo gbogbo siwo li egbea ɖo kpe alesi aɖakaʋu ma na nusi ta wokpae ɖo va eme nyuie la dzi.
Gake de dzesii be menye amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo ɖeɖeko dzie agbetsitsi nɔ te ɖo o. Enɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woaɖo to Mawu, amesi si ŋusẽ le be wòakpɔ wo ta. Mawue he dzrehehe, ŋutasesẽ, kple ŋukeklẽ si nɔ xexe ma me do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa va nuwuwui.—Petro II, 3:5, 6.
Lãwo Le Xexe Yeyea Me
Yehowa Mawu do ŋugbe be yeƒe sewo dzi wɔwɔ ate ŋu atrɔ amegbetɔwo be woaganɔ abe lã wɔadã lénuwo ene o, ke woanɔ abe lã fafawo ene. (Yesaya 11:6-9; 65:25) Eƒe ɖaseɖiɖi geɖe li fifia gɔ̃ hã. Yi kpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ gbɔwò me ne wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa. Ne Yehowa ate ŋu ana amegbetɔwo nawɔ tɔtrɔ gã mawo la, ɖe mate ŋu awɔ ɖoɖo hã be lãwo nanɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me bɔkɔɔ ne ehiã be wòatrɔ nɔnɔme siwo le wo si fifia gɔ̃ hã oa? Nyateƒee, edo ŋugbe be: “Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, . . . eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.”—Hosea 2:20.
Apostolo Petro ŋlɔ nu tso “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke” si ava le etsɔme ŋu. (Petro II, 3:7) Ame mavɔ̃mawuwo koe atsrɔ̃ ne Mawu de nu eme. Mawu “[atsrɔ̃] amesiwo gblẽa anyigba la.”—Nyaɖeɖefia 11:18.
Kpɔ dzidzɔ si gbegbe wòanye be woanɔ xexe si me nuwɔwɔwo maganɔ afɔku me o me ɖa. Nu gbogbo ka gbegbee nye si anɔ anyi míasrɔ̃ le gbemelã siwo aƒo xlã mí ŋu ɣemaɣi! Ẽ, kpɔ̃wo, dzatawo, atiglinyiwo, woatsa womaɖe fu na wo o. Tɔmelãwo asɔ gbɔ, nenema ke nu tatawo, nudzodzoewo, kple xe hamehamewo, kpakple akowo hã asɔ gbɔ—nɔnɔmewo asɔ na wo katã pɛpɛpɛ. Esi ameƒomea me tɔ toɖolawo agaɖo amegbetɔ ƒe blibodede me ake le Mesia Fiaɖuƒea te ta la, nɔnɔme deblibo anɔ anyi.