INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 9/8 axa 26-27
  • Nusita Ameɖeɖelehame Nye Lɔlɔ̃ ƒe Ðoɖo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Ameɖeɖelehame Nye Lɔlɔ̃ ƒe Ðoɖo
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Edoa Mawu ƒe Ŋkɔ ɖe Dzi
  • Enaa Hamea Nɔa Dedie
  • Ekpɔa Ame Ðekaɖekawo Ta
  • Tɔtrɔ Va Mawu Gbɔ
  • Nu Si Tae Ameɖeɖelehame Nye Ðoɖo Si Me Lɔlɔ̃ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Xɔ Yehowa Ƒe Amehehe Ɣeawokatãɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ame Ðeɖe Le Ha Me—Ðoɖo si me Lɔlɔ̃ Le Yea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ne Ame Aɖe Si Míelɔ̃ Vevie La Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 9/8 axa 26-27

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Nusita Ameɖeɖelehame Nye Lɔlɔ̃ ƒe Ðoɖo

AMEHEHEÐEMEGBE—seselelãme vovovowoe nɔa subɔsubɔhametɔ geɖe si ɖe nya sia ŋu.a Ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ele be tohehe aɖe tɔgbe nanɔ subɔsubɔhawo me. Gake ame geɖe bua ameheheɖemegbe be enye tsigãdzinu si wowɔna le blema—tohehe sesẽ si ɖoa ŋku amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo yome titi kple ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ dzi na wo.

Nusi na kuxia gado gã ɖe edzie nye xexeametɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si bɔ ɖe afisiafi. Esia na Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo ɖea mɔ ɖe nuvɔ̃ ŋu geɖe wu. Eyata mewɔ nuku o be Episkopal-sɔfo aɖe gblɔ be: “Ameheheɖemegbe nye míaƒe blemadzixɔsewo dometɔ ɖeka, gake nyemeka ɖe edzi be míele eŋudɔ wɔm le ƒe alafa sia me o.”

Gake awɔ mo yaa na ame geɖe be woanya be le Yehowa Ðasefowo dome la, wobua ameɖeɖelehame (si sɔ kple ameheheɖemegbe) ŋkubiãnyae. Enye nyateƒe be menye afɔɖeɖe tsɛ o, gake lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖoe wònye. Nukata wòle nenema?

Edoa Mawu ƒe Ŋkɔ ɖe Dzi

Mawu kɔkɔetɔ ye Yehowa nye. Meɖea mɔ be amesiwo gblɔna be yewodea ta agu nɛ naɖoe koŋ awɔ nuvɔ̃ o. Apostolo Petro ŋlɔ na Kristotɔwo be: “Minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’” (Petro I, 1:15, 16) Eyata nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ɖeɖe le hamea me doa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖe dzi; eɖea ŋkɔ ma lɔlɔ̃ fiana.—Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 6:10.

Ðe esia fia be ne gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖu Kristotɔ aɖe dzi alo nuvɔ̃ gã aɖe ɖi ɖee la, woaɖee le hamea me kokokoa? Kura o! Yehowa menye ŋutasẽdziɖula vevemaseɖeamenula o. Dɔmenyotɔ kple nugɔmeselae wònye. Eɖoa ŋku edzi be míede blibo o. (Psalmo 103:14) Yehowa dea dzesii be ‘mí katã míewɔ nuvɔ̃ eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã mí.’ (Romatɔwo 3:23) Mawu wɔ ɖoɖo ɖe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nana ŋu le hamea me ale be ne “vodada” aɖe “ɖi ɖe” Kristotɔ aɖe alo wòwɔ nuvɔ̃ gã gɔ̃ hã la, woate ŋu ‘aɖɔe ɖo’ le dɔmefafa me. (Galatiatɔwo 6:1) Ne amesi tra tso dzɔdzɔenyenyemɔ dzi xɔ aɖaŋuɖoɖo tso Mawu ƒe Nya la me eye wòse veve tso dzime hetrɔ dzime vavã la, ate ŋu ana eƒe “lãme nasẽ” le gbɔgbɔ me.—Yakobo 5:13-16.

Ke nukae woawɔ ne Kristotɔ nyɔnyrɔxɔla wɔ vodada gã eye wodze agbagba ɖesiaɖe be woaɖɔe ɖo do kpoe? Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, nukae woawɔ ne etri to gbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu?

Enaa Hamea Nɔa Dedie

Biblia de se na Kristotɔwo be: “Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o.”—Korintotɔwo I, 5:11.

Ðe Biblia ƒe se sia sesẽ akpa heɖia gbɔ amea? Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ: Ne wode nuvlowɔla dzimesesẽtɔ gaxɔ me ɖe sedzidada ta la, ɖe wobua ema tohehe si gbɔ eme alo vevemaseɖeamenua? Ao, elabena amesiame kpɔ mɔ akpɔ nutoa ƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ta. Ema fia be woɖe nuvlowɔla la le sedziwɔlawo ƒe ha me le eƒe gaxɔmenɔɣi.

Nenema ke Kristo-hamea tɔ dzɔ be wòaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ɖa le wo dome. Nukatae? Elabena ele be woakpɔ hamea ta tso agbegbegblẽnɔlawo kple ame bubu siwo ɖonɛ koŋ wɔa nuvɔ̃ la si me.

Esi apostolo Paulo de dzesii be “nuvɔ̃wɔla ɖeka gblẽa nu nyui geɖe dome” ta la, ede se na haxɔsetɔwo be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome.” (Nyagblɔla 9:18; Korintotɔwo I, 5:13) Afɔɖeɖe sia xea mɔ na nuvɔ̃wɔlaa be magakaka nugbegblẽwɔwɔ ɖe hamea me o, eye ekpɔa hamea ƒe ŋkɔ nyui ta.—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 3:15.

Ekpɔa Ame Ðekaɖekawo Ta

Ameɖeɖelehame kpɔa hamea me tɔ ɖekaɖekawo hã ta. Mina míawɔ eƒe kpɔɖeŋu: Tsɔe be ʋu aɖe ƒe kpẽkuku alo mɔ̃ si wode eŋu ɖi sesĩe ŋutɔ henyɔ wò tso alɔ̃ me. Asesẽ be nàŋe aɖaba aƒu eƒe ɖiɖi sesĩea dzi; le nyateƒe me la, ana nàɖi vo! Nenema ke ne woɖe ame aɖe le hamea me la, ehea alẽha la me tɔ ɖesiaɖe ƒe susu abe alesi wokpɔ mɔ be wòanɔ ene. Eɖea fu na woƒe susu. Womate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi o. Aleke esia ate ŋu anye ametakpɔkpɔ?

Ðasefo aɖe gblɔ be: “Esi mese le Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ be woɖe ame aɖe le hamea me la, gbã la edo voɖi nam. Emegbe ena mebɔbɔ ɖokuinye. Ena mekpɔe be nye hã mate ŋu age.” Nyɔnua ƒe nyawo ɖee fia be ameɖeɖelehame ate ŋu aʋã ame bubuwo be woagbugbɔ ŋku alé ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu.—Korintotɔwo I, 10:12.

Ne míebia nya sia tɔgbe mía ɖokui be, ‘Ðe megbɔdzɔ le gbɔgbɔ me le nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖewoa?’ la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ŋutɔwo ƒe tenɔnɔ kple Mawu me. Ne míewɔe alea la, míate ŋu ayi edzi ‘atsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya awɔ mía ŋutɔ míaƒe xɔxɔdɔe.’—Filipitɔwo 2:12.

Tɔtrɔ Va Mawu Gbɔ

Kristotɔ aɖe si woɖe le hamea me hena ɣeyiɣi aɖe la gblɔ be: “Togbɔ be tohehea sesẽ hã la, ele vevie eye wòhiã ŋutɔ, eye exɔm ɖe agbe.” Esia te gbe ɖe ameɖeɖelehame ƒe akpa vevi bubu aɖe dzi. Ate ŋu aʋã amesiwo nye nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo tsã be woagawɔ afɔɖeɖe atrɔ va Mawu gbɔ.

Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na.” (Hebritɔwo 12:6) Eye ele eme be le “fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehewo katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã.”—Hebritɔwo 12:11.

Nya mae dzɔ ɖe Richard dzi. Esi woɖee le hamea me ƒe eve kloe megbe la, etrɔ dzime, eɖɔ eƒe agbenɔnɔ si medea bubu Mawu ŋu o la ɖo, eye wogaxɔe ɖe Kristo-hamea me. Esi wòtrɔ kpɔ megbe la, egblɔ le nuteƒekpɔkpɔa ŋu be: “Mekpɔe be ele be woaɖem le hamea me eye be medze na to si wohe nam la ŋutɔ. Le nyateƒe me la, ele vevie ŋutɔ eye ekpe ɖe ŋunye mekpɔ alesi gbegbe nye agbenɔnɔ gblẽe kple alesi wòhiã be mabia Yehowa ƒe tsɔtsɔke.”

Tohehe xɔxɔ menɔa bɔbɔe o. Exɔxɔ bia ɖokuibɔbɔ, gake eɖea vi geɖe na amesiwo srɔ̃a nu tso eme.

Eyata ameɖeɖelehame nye lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo elabena edoa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖe dzi eye wòkpɔa hamea ta tso nuvɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. Azɔ hã, eɖea lɔlɔ̃ fiaa nuvɔ̃wɔla la to dzidedeƒo nɛ me be wòatrɔ dzime eye ‘wòagbugbɔ, be woatutu eƒe nuvɔ̃wo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Yehowa gbɔ.’—Dɔwɔwɔwo 3:19, 20.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ameheheɖemegbe nye tohehe si na wotsoa kadodo me kple ame be meganye subɔsubɔha aɖe me tɔ o.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

The New Testament: A Pictorial Archive from Nineteenth-Century Sources, si Don Rice/Dover Publications, Inc. ta

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe