INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 10/8 axa 28-30
  • Aleke Mawɔ Ado Dzidzɔ na Ðokuinye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Ado Dzidzɔ na Ðokuinye?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwo Wɔwɔ Ðekae
  • Hadomekplɔ̃ɖoɖo Siwo Tua Ame Ðo
  • Ƒomea ƒe Fefe
  • Ne Wò Ðeka Koe Li
  • ‘Vivisese’ le Yehowa Subɔsubɔ Me
  • Nukata Sɔhɛ Bubuwo Nɔa Dzidzɔ Kpɔm Ɣesiaɣi?
    Nyɔ!—1996
  • Modzakaɖeɖe Nyui Si Naa Dzidzeme Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Kae Nana Hadomewɔna Vivia Ame Nu Ŋutɔŋutɔ?
    Nyɔ!—2012
  • Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 10/8 axa 28-30

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Ado Dzidzɔ na Ðokuinye?

Mebui be míewɔa dzidzɔdonamenu geɖe. Míedzea agbagba vevie le míaƒe hamea me wɔa nuwo ɖekae. Míewɔa dzidzɔdonamenu nyuiwo. Ðevi akpa gãtɔ le xexeame mate ŋu agblɔ nya ma o.”—Jennifer.

MODZAKAÐEÐE—ehĩa na amesiame ɣeaɖewoɣi. The World Book Encyclopedia gblɔ be modzakaɖeɖe ate ŋu awɔ “akpa vevi aɖe be ame ƒe susu kple ŋutilã nanɔ lãmesẽ me” gɔ̃ hã. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be “nukoɣi li,” si fia be ɣeyiɣi li nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò!—Nyagblɔla 3:1, 4.a

Latingbe me nya aɖe si gɔmee nye “wɔ yeyee, de agbe eme, de dzo eme” mee woɖe nya “modzakaɖeɖe” tsoe. (Webster’s New Collegiate Dictionary) Nublanuitɔe la, nusiwo sɔhɛwo wɔna hena “dzidzɔkpɔkpɔ” dometɔ geɖe—abe kplɔ̃ɖoɖo dzeakaɖawo alo atike kple aha zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu alo agbegbegblẽnɔnɔ ene—metua ame ɖo kura o, ɖe wògblẽa nu boŋ. Eyata modzakaɖeɖe siwo avivi ahanyo la kpɔkpɔ ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Gake abe alesi Jennifer si míeyɔ do ŋgɔ ɖee fia ene la, anya wɔ!

Nuwo Wɔwɔ Ðekae

Nyɔ! bia gbe sɔhɛ aɖewo le nya sia ŋu nyitsɔ laa. Akpa gãtɔ gblɔ be nuwɔwɔ kple sɔhɛ bubuwo le ha me vivia yewo nu. Nenemae nèsena le ɖokuiwò me—evɔ zi geɖe womekpea wo oa? Ke nukata màtre ewɔwɔ o? Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuvi South Africatɔ si ŋkɔe nye Leigh gblɔ be: “Ne medi vevie be makpɔ sinima aɖe la, meƒoa ka na xɔ̃nye ɖeka eye míegblɔnɛ na mía xɔlɔ̃ bubuwo.” Zi geɖe la, sinima si woaɖe do ŋgɔ kaba ye wokpɔna. Emegbe wo dzilawo tsɔa ʋu ɖakɔa wo eye wo katã woyia nuɖuɖudzraƒe aɖe le afima ɖaɖua nu ɖekae.

Lãmesẽfefewo hã naa mɔnukpɔkpɔ ame hena kamedede nyuiwo kple hadede ɖɔʋuwo. (Timoteo I, 4:8) Sɔhɛ Roelien gblɔ be: “Megblɔa afisi medi be mayi na nye ƒomea gbã, emegbe míekpea ame ʋee aɖewo be woava.” Le nyateƒe me la, kamedefefe dzeameŋu nyui geɖe li sɔhɛ Kristotɔwo nawɔ kple ame bubuwo: ʋee aɖewoe nye fefe le sno dzi, gasɔdodo, duƒuƒu, kple tennis, baseball, afɔbɔl, kpakple asibɔl ƒoƒo.

Mehiã kura be nàzã ga geɖe alo aƒle mɔ̃ xɔasiwo hafi nàɖe modzaka o. Nyɔnuvi Kristotɔ ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Mía kple dzinyelawo, kpakple xɔlɔ̃wo míetsɔ gaƒoƒo dodzidzɔname geɖe yi ɖatsa le towo kple dzogbe siwo tsɔ mía gbɔ la dzi. Dodo ɖe gbagbagbe kple xɔlɔ̃ nyuiwo ɖeɖe vivina ŋutɔ!”

Hadomekplɔ̃ɖoɖo Siwo Tua Ame Ðo

Gake le sɔhɛ geɖe gome la, dzidzɔkpɔkpɔ fia be ele be woade hadomekplɔ̃ɖoƒewo. Sɔhɛ Aveda gblɔ be: “Edzɔa dzi na mí be míakpe xɔlɔ̃wo woava ɖu nu kpli mí eye míaƒo ha ase.” Hadomekplɔ̃ɖoɖo wɔa akpa aɖe le Kristotɔwo dome. Yesu Kristo ŋutɔ de nuɖuƒe tɔxɛwo, srɔ̃ɖeƒewo, kple hadomekplɔ̃ɖoƒe bubuwo. (Luka 5:27-29; Yohanes 2:1-10) Nenema ke Kristotɔ gbãtɔwo hã kpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi siwo me woƒo ƒu ɖu nu hede ha tuameɖowo la me.—Tsɔe sɔ kple Yuda 12.

Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nàɖo kplɔ̃ la, nukae nàte ŋu awɔ be nàƒo asa na kuxiwo ahakpɔ egbɔ be amesiame nakpɔ dzidzɔ? Ðoɖowɔwɔ nyuie ye nye nu vevitɔ. (Lododowo 21:5) Le kpɔɖeŋu me: Anyo be nàkpe xɔ̃wò alesinu si dzi nàte ŋu akpɔ nyuie. Anɔ eme be ƒuƒoƒo suewo mazu ‘aglotutu’ alo “kplɔ̃ɖoɖo tɔŋkuwo” abe bubuwo ene o.—Galatiatɔwo 5:21, Byington.

Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me be woagade ha kple amesiwo “zɔna sakasaka” o. (Tesalonikatɔwo II, 3:11-15) Eye nusi koŋ agblẽ kplɔ̃ɖoɖo me godoo egbea enye be woakpe sɔhɛ gbevu dzeaglãwo. Togbɔ be àɖɔ ŋu ɖo le amesiwo nàkpe ŋu hã la, mèganɔ xɔ̃wò tiatia mawo ke ko kpem o. ‘Keke ɖokuiwò’ be nàdze si ame bubuwo, kple ame tsitsiwo hã, le hamea me.—Korintotɔwo II, 6:13.

Àdi numeɖenu aɖewo na woa? Ne àdii la, mehiã be wòasɔ gbɔ fũ alo axɔ asi hafi wò amekpekpeawo nakpɔ dzidzɔ o. (Luka 10:38-42) Sanchia si nye nyɔnuvi tso South Africa gblɔ be: “Míeɖua pizza le fiẽ me ɣeaɖewoɣi.” Zi geɖe la, amekpekpeawo ŋutɔ adi be yewoatsɔ nanewo ɖe asi.

Nukawoe nye nusiwo nàte ŋu awɔ le kplɔ̃ɖoƒewo dometɔ aɖewo—ne míeɖe televisionkpɔkpɔ, haƒoƒo, alo dzeɖoɖo le eme? Sanchia gblɔ be: “Míeɖoa nusi míawɔ le fiẽa me doa ŋgɔ zi geɖe. Míedaa aɖiwo alo míenaa ame aɖe ƒoa saŋku na mí eye míedzia ha ɖe edzi ɖekae.” Sɔhɛ Afrikatɔ aɖe si ŋkɔe nye Masene gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, míedaa spa, míedaa aɖi, eye míekaa ati.”

Jennifer si míeyɔ va yi la gblɔ na Nyɔ! be: “Hamemegã aɖe le míaƒe hamea me si kpea mí míewɔa Biblia me fefewo. Ele be nànya Biblia nyuie bene nàte ŋu awɔe nyuie.” Nyɔ! ƒe amedɔdɔa bia sɔhɛ bubuwo be: “Miekpɔe be Biblia me fefewɔwɔ mevivina kura oa?” Wo katã woɖo eŋu be, “Ao!”

Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Edoa dzidzɔ na ame.” Bubu hã gblɔ be: “Evivina ŋutɔ!” Ne wowɔ Biblia me fefewo ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye woxe mɔ na hoʋligbɔgbɔ la, ate ŋu avivi eye wòafia nu ame!—Kpɔ “Kplɔ̃ɖoɖowo Wɔwɔ Wòavivi Eye Wòaɖe Vi Hã” le Eŋlisigbe me Nyɔ!, June 22, 1972.

Ƒomea ƒe Fefe

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ƒomewo ɖea modzaka ƒomevi aɖewo ɖekae zi geɖe. (Luka 15:25) Gake sɔhɛ siwo ta The Kids’ Book About Parents de dzesii be “dzilawo kple ɖeviwo tsi mavomavo le ŋkeke siawo me ale gbegbe be ame aɖeke mevo awɔ ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖewo ŋu o . . . Míebui be ele vevie na dzilawo kple ɖeviwo be woadi ɣeyiɣi aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa atsɔ awɔ dzidzɔdonamenuwo ko ɖekae.”

Sɔhɛ Afrikatɔ aɖe si ŋkɔe nye Paki gblɔ be: “Fiɖagbee nye míaƒe ƒomea ƒe ŋkeke. Míewɔa fefewo ɖekae zi geɖe.” Eye mègana míaŋlɔ nɔviwòwo be o. Sɔhɛ Bronwyn gblɔ be: “Melɔ̃a nutata kple aɖaŋudɔ bubuwo wɔwɔ kple nɔvinyenyɔnu.” Àte ŋu axɔ ŋgɔ atia dzidzɔdonu aɖe awɔ kple wò ƒomea?

Ne Wò Ðeka Koe Li

Ke ne wò ɖeka koe li ya ɖe? Ema mefia be nàna kuvia naɖo wò eye nàtsi akogo o. Nu nyui dodzidzɔname geɖewo li nàwɔ le ɣeyiɣi mawo me. Le kpɔɖeŋu me, modzakaɖedɔwo. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpɔe tso Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke be hasɔsrɔ̃ tua ame ɖo. (Mose I, 4:21; Samuel I, 16:16, 18) Rachel gblɔ be: “Meƒoa saŋku. Enye nusi nàte ŋu awɔ ne kuvia ɖo wò.” Ne mèdoa vivi ɖe hadzidzi ŋu o la, ɖewohĩ nutɔtɔ sɔsrɔ̃, dɔwɔwɔ le abɔ me, stamp fɔfɔ, alo gbe bubu aɖe sɔsrɔ̃ adzɔ dzi na wò. Azɔ hã àte ŋu asrɔ̃ aɖaŋudɔ aɖewo siwo ava ɖe vi na wò emegbe.

Biblia gblɔ na mí be xɔsetɔwo abe Isak ene, di ɣeyiɣi ɖe eɖokui ɖe aga hena ŋugbledede. (Mose I, 24:63) Ðekakpui Austriatɔ aɖe si ŋkɔe nye Hans gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, meyina abɔ me, afisi zi ɖoɖoe la henɔa ɣe ƒe amigogbagbã kpɔm. Esia doa dzidzɔ nam geɖe eye wòna mesena le ɖokuinye me be mete ɖe nye Mawu, Yehowa ŋu kplikplikpli.”

‘Vivisese’ le Yehowa Subɔsubɔ Me

Biblia gblɔe ɖi be Kristo “ase vivi” le Yehowa Mawu subɔsubɔ me. (Yesaya 11:3, NW) Eye togbɔ be subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu menye modzakaɖeɖe ŋutɔŋutɔ o hã la, ate ŋu ana gbɔdzɔe ame ahavivi ame nu.—Mateo 11:28-30.

Hans si ƒe nya míegblɔ va yi la gaƒo nu tso nu dodzidzɔname bubu ŋu. Egblɔ be: “Mía kple xɔ̃nyewo míeɖoa ŋku kwasiɖanuwuwu siwo míetsɔ wɔ dɔ le Takpexɔ [tadeaguƒe] aɖe tuƒe la dzi. Míesrɔ̃ alesi míawɔ dɔ ɖekae, eye míeva nya mía nɔewo nyuie wu. Ne míeɖo ŋku edzi la, míaƒe dzi dzea eme be míewɔ dɔ nyui aɖe si me dzidzɔkpɔkpɔ hã nɔ.”

Nya siwo sɔhɛ Kristotɔ siawo gblɔ na nyateƒenya aɖe dze ƒã be: Mehiã be dzidzɔdonuwo wɔwɔ nato nuwò o. Wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Bu nusiwo miawɔ ŋu! Xɔ ŋgɔ le nusiwo nyo wɔwɔ me! Àkpɔe be àte ŋu awɔ nusiwo atu wò ɖo, siwo magblẽ nu le ŋuwò o la, atsɔ ado dzidzɔ na ɖokuiwò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Sɔhɛ Bubuwo Nɔa Dzidzɔ Kpɔm Ɣesiaɣi?” si le August 8, 1996, ƒe tata me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Dodo ɖe gbagbagbe kple xɔlɔ̃ nyuiwo ɖeɖe vivina ŋutɔ!”

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mehiã be nàzã ga geɖe hafi akpɔ dzidzɔ kple xɔ̃wòwo o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe