Yehowa Ðasefowo Ŋuti Nukpɔsusu Totrowo Ðeɖeɖa
YEHOWA Ðasefo eve do go ŋutsu aɖe le woƒe aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa me eye wògblɔ na wo be yemedi be yease woƒe nyaa o. Ðasefoawo trɔ dzo kpoo, gake esi wozɔ afɔmɔa dzi yina la, wokpɔe be ŋutsua dze yewo yome. Ŋutsua yɔ wo be: “Taflatse, mitɔ! Medi be maɖe kuku. Nyemenya naneke le Ðasefowo ŋu o, eye meka ɖe edzi be ame geɖe hã mese nya nyui aɖeke tso mia ŋu o.”
Emegbe ŋutsua ɖe eɖokui fia be yee nye Renan Dominguez, Anyiehe San Francisco, California Dumegãwo ƒe Dunenyo Habɔbɔ ƒe zimenɔla. Ebia nenye be Ðasefo aɖe ate ŋu ava ƒo nu na habɔbɔa tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo kple dɔwɔnawo ŋu hã. Míewɔ ɖoɖo. Ðasefoa aƒo nu aɖabaƒoƒo 30, emegbe nyaselawo nabia nyae. Wobia tso Ernest Garrett si nye Ðasefo le San Francisco nutoa me ƒe geɖe si be wòaƒo nuƒoa na Dunenyo Habɔbɔa le August 17, 1995 dzi, eye egblɔ nya siwo gbɔna:
“Mebu tame hedo gbe ɖa le nya si magblɔ na Dunenyo Habɔbɔa me tɔ siwo nye asitsalagãwo kple dumegãwo abe gadzraɖoƒedzikpɔlawo, senyalawo, kple ɖɔktawo ene ŋu. Mewɔ numekuku vi aɖe eye mekpɔe be Dunenyo Habɔbɔa ƒe taɖodzinu si wota ɖe agbalẽ me enye be wòana nutoa me nanyo. Eyata nya siwo le agbalẽ gbadza si nye Jehovah’s Witnesses in the Twentieth Century ƒe axa 23 ye mezã, si ƒe tanyae nye ‘Viɖe Nyui si Le Nyanyuia Ŋu na Wò Nutoa me Tɔwo.’”a
“Meɖe eme be Yehowa Ðasefowo kpena ɖe amewo ŋu le go sia me. Yehowa Ðasefowo yia woƒe nutoa me tɔwo gbɔ gbesiagbe le kwasiɖa me. Woƒe didie nye be yewoakpe ɖe yewoƒe aƒelikawo ŋu ne woaɖo ƒome sẽŋuwo—eye ƒome sẽŋuwoe na du sẽa ŋu. Ame kple ƒome geɖe alesinu Yehowa Ðasefowo ƒo nu na ale be wonɔa agbe ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nui la, zi nenemae sedzimawɔmawɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple nuvlowɔwɔ dzi aɖe kpɔtɔ le nutoa mee. Habɔbɔa me tɔwo ɖo to se nya sia nyuie elabena esɔ kple Dunenyo Habɔbɔa ƒe taɖodzinuwo.”
‘Nukatae Miehea Dunya O?’
“Esi wòɖo biabiawo dzi le kpekpea me la, nya siwo wobia gbã ƒe ɖekae nye: ‘Nukatae miedea nu dunya kple dziɖuɖunyawo me o?’ Ŋutsu si bia nya sia gagblɔ be: ‘Èkpɔea, Agbalẽ Nyui la gblɔ be: “Mitsɔ nusi enye Kaisaro tɔ la, na Kaisaro.”’ Megblɔ nɛ be míelɔ̃ ɖe nya ma dzi eye míeda asi ɖe edzi bliboe. Megblɔ be amesiwo yɔa mawunyakpukpui ma mesena ƒe akpa gãtɔ meyɔa eƒe akpa evelia ya o, si gblɔ be: ‘Mitsɔ nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.’ (Mateo 22:21) Eyata míaƒo nya ta be menye nusianue nye Kaisaro tɔ o. Nanewo li siwo nye Mawu tɔ. Nusi dze ŋgɔ mí míawɔ enye be míakpɔe ɖa be nukawoe nye Kaisaro tɔ, eye kawoe nye Mawu tɔ.
“Meɖe eme nɛ be esi wobia Yesu be ‘Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na Kaisaro loo, alo womeɖe mɔ o mahã?’ la, meɖo eŋu be ẽ, alo ao o. Egblɔ be: ‘Mifia nudzɔsika lam,’ si nye Romatɔwo ƒe denario. Ebia be: ‘Ameka ƒe nɔnɔme kple ŋɔŋlɔ enye esia mahã?’ Wogblɔ be: ‘Kaisaro tɔe.’ Azɔ egblɔ be: ‘Ekema mitsɔ nusi enye Kaisaro tɔ la, na Kaisaro.’ (Mateo 22:17-20) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, mixe adzɔ na Kaisaro elabena Kaisaro wɔa dɔ aɖewo na mí eye esɔ be míaxe adzɔwo ɖe nusiawo ta. Megblɔ be Yehowa Ðasefowo xea woƒe adzɔwo eye womebaa dziɖuɖua le nusi dze nye etɔ me o.
“Azɔ megblɔ be Yehowa Ðasefowo mexɔe se be yewoƒe agbe tso Kaisaro si me o. Woxɔe se be Mawue wòle be yewoasubɔ, eye esɔ be wotsɔa nusia nɛ. Eyata ne míeɖe afɔ alea la, menye ɖe míegbe bubudede Kaisaro ŋu o. Míewɔa Kaisaro ƒe sewo katã dzi, gake ne seawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, míetianɛ bubutɔe be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo. Eye ŋutsu si bia nya sia gblɔ le ƒuƒoƒoa katã ŋkume be: ‘Nyemate ŋu agbe nya ma o!’
“Míeɖo biabia geɖe hã ŋu le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Habɔbɔa me tɔ geɖe va na asi mí le kpekpea megbe eye wogblɔ be yewolɔ̃ ɖe míaƒe nyawo dzi bliboe—be ƒome enye gɔmeɖoanyi na du sẽŋu. Azɔ míena agbalẽ gbadza si nye Jehovah’s Witnesses in the Twentieth Century wo dometɔ ɖesiaɖe.
“Kpekpea ƒe zimenɔla, Aƒetɔ Dominguez, ƒo ka nam le kpekpe sia megbe be mava yeƒe dɔwɔƒe, elabena nya geɖe le ye si yeabia le míaƒe dzixɔsewo ŋu. Míedzro nu me nyuie le mawunyakpukpui geɖe ŋu. Vevietɔ edi be maɖe míaƒe tenɔnɔ le ʋu ŋu me na ye. Egblɔ be ye ŋutɔ yemado ʋu o, eye nya si megblɔ nɛ tso agbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life? me wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ebe magatrɔ va ne maƒo nu na habɔbɔa me tɔwo le míaƒe tenɔnɔ le ʋu ŋuti. Meyɔ Don Dahl si nye Ðasefo bubu be wòayi kpekpe sia kplim. Ne ehiã be woawɔ dɔ na Ðasefowo la, eyia kɔdziwo va dzroa nya sia me kple ɖɔktawo. Míeɖe eme na wo tsitotsito alesi míewɔa dɔ kple ɖɔktawo kple kɔdzidɔwɔlawo bene míana woase míaƒe tenɔnɔ le Ŋɔŋlɔawo nu me eye míegblɔa dɔdamɔnu kpɔdzidzedze bubu siwo ŋudɔ woawɔ ɖe ʋudodo teƒe na wo.—Mose III, 17:10-12; Dɔwɔwɔwo 15:19-21, 28, 29.
‘Ðe Nèle Gbɔgblɔm be Yeagblẽ Ye Vi Ði Wòakua?’
“Le kpekpea megbe la, ŋutsu aɖe va biam dzaa be: ‘Ðe nèle gbɔgblɔm be ne ye vi dze afɔku eye ʋu le ɖuɖum le eŋu vevie wokɔ va kɔdzi be woakpɔ egbɔ kaba la, yeagblẽe ɖi wòakua?’ Meka ɖe edzi nɛ be nye hã mesena le ɖokuinye me nenema elabena viŋutsu nɔ asinye gake eku le yameʋu si wó le Lockerbie, Scotland le ƒe 1988 me. Le eƒe biabiaa ŋuɖoɖo me la, megblɔ nɛ gbã be nyemadi be vinye naku o.
“Míelé fu ɖɔkta, atike, alo kɔdzi o. Míenye xɔsegbedalawo o. Míehiã ɖɔktawo ƒe dɔwɔwɔ. Míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu eye míeka ɖe edzi be mɔfiafia siwo wòna le ʋunya sia ŋu la li na míaƒe nyonyo mavɔ. Woƒo nu tso Mawu ŋu le Biblia me be ‘enye Amesi fia nusi nyo na wò la wò, [Eyae] akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.’ (Yesaya 48:l7) Ena ŋusẽ Via be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Yesu gblɔ be: ‘Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Èle esia xɔm le sesema?’—Yohanes 11:25, 26.
“Nusi míedi be ɖɔktawo nanya koe nye be dzitsinya ƒe nyae míaƒe tenɔnɔ nye eye míatrɔe o. Míate ŋu atrɔ nya sia o abe alesi míate ŋu atrɔ Mawu ƒe se le ahasiwɔwɔ ŋu o ene. Míate ŋu adzro nya me kple Mawu agblɔ be, ‘Mawu, ɖe nɔnɔme aɖe li si me mate ŋu awɔ ahasi le hã?’ o. Megblɔ na ŋutsu sia azɔ be: ‘Nèbia be ɖe magblẽ vinye ɖi wòaku le esi magbe be woagado ʋu nɛ o ta hã. Meɖe kuku lo, medi be mabia be àlɔ̃ be viwòŋutsu naku le asrafodɔ wɔwɔ na dukɔ aɖe mea?’ Eɖo eŋu enumake gbeteteɖedzitɔe be, ‘Ẽ! Elabena eƒe agbanɔamedzi wònye!’ Megblɔ be: ‘Àlɔ̃ be viwò naku elabena enye nuwɔna si dzi nèxɔ se. Na mɔnukpɔkpɔ ma kem le vinyeŋutsua ŋu.’
“Nu nyui si do tso nusiawo katã me enye be kpekpea ƒe zimenɔla, Aƒetɔ Dominguez, kpe mía kple srɔ̃nye be míava ɖu nu kple ye kpakple ye srɔ̃. Ebe womegblɔ nyateƒea le Yehowa Ðasefowo ŋu na ye srɔ̃ o eye woblee. Nyateƒee wòto. Woble srɔ̃a. Míekpɔ dzidzɔ fiẽ ma ŋutɔ, eye srɔ̃a bia nya geɖewo le mía kple míaƒe dɔa ŋu, eye eɖe mɔ na mí míeɖo eŋu tsitotsito. Ŋkeke eveagbe la, eƒo ka nam be ye srɔ̃ be go dodo mía kple srɔ̃nye vivi ye nu ŋutɔ eye be ame nyuiwoe míenye.
“Meyia Aƒetɔ Dominguez gbɔ edziedzi eye eɖe ɖetsɔleme fia ɖe Biblia me vevie. Egblɔ nam be: ‘Made dzi ƒo na wò be nàyi Dunenyo Habɔbɔwo katã ƒe kpekpe ƒe zimenɔlawo gbɔ le Greater San Francisco Bay nutoa me abia be yeaƒo nuƒo sia si nèƒo na míaƒe habɔbɔa la na wo. Àte ŋu ayɔ nye ŋkɔ faa eye ne wobiam la, adzɔ dzi nam be makafu wò alesi dze be nàva ƒo nu na wo.’
“Dunenyo Habɔbɔa le dukɔwo me. Ðe wòanya wɔ be habɔbɔ bubu siwo le United States kple xexeame katã alɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nava dzro nu me kple yewoa?”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ye tae le ƒe 1989 me.
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Aƒetɔ Renan Dominguez le miame, kple Nɔviŋutsu Ernest Garrett