“Nyidzeaɖaʋadɔ”
◼ “Nyidzeaɖaʋadɔ” si do le Britain na lãnyinyi ŋuti nyateƒenya aɖe si li xoxoxo la va dze. Wotrɔ lã siwo ɖua gbe le dzɔdzɔme nu wozu lã ɖulɛ̃wo esi wotsɔ lã bubuwo ƒe akpa aɖewo nyia woe ta. Wozãa ʋu si wosia wòƒu, ƒu siwo wotu, lã siwo wotu, alo lãwo ƒe nuɖuɖu, siwo me wotu dɔkaviwo, dzimeƒuwo, ahɔhɔ̃wo, kple dɔmenu bubuwo abe ƒomeɖe, vehlomeyatoƒe, kple ayikuwo ene ɖo ɣesiaɣi tsɔ dzea agbagba be woaɖe nuzazãwo dzi akpɔtɔ, woadzi viɖekpɔkpɔ ɖe edzi, eye woana lãwo natsi kabakaba wu. Ðk. Harash Narang si nye eŋutinunyala si hã nɔ eme woxlɔ̃ nu le dɔlélea ŋu zi gbãtɔ la gblɔ be kaka nyivi naxɔ ɣleti ade la, ke wona nuɖuɖu si wotsɔ lã bubuwo ƒe akpa susɔewo wɔ si ade kilogram 12 lae. Esi wònɔ nu ƒom tso lãwuƒe aɖe si wòde ŋu la, egblɔ be: “Ewɔ mo yaa nam ŋutɔ. Nyiwo koŋ míenɔ wuwum na nyiwo. Le gonyeme la, enye nyilã tsɔtsɔ nyi nyiwoe.”
◼ Gake enya se be Britaintɔ nyinotsidzrala aɖe ke ɖe mɔ si dzi wòato azã nyi tsitsi siwo mate ŋu adzra akpɔ viɖe o le “nyidzeaɖaʋadɔ” ƒe vɔvɔ̃ ta la ŋu. Woka nya ta le Newsweek me be ezãa wo tsɔ doa boblo nuwoe. Eklãa boblodonyawo ɖe eƒe nyi siwo ɖua gbe le mɔgã to la ŋu eye wòxɔa $40 ɖe nyi ɖeka ɖesiaɖe ta kwasiɖa sia kwasiɖa. Nyitɔ la gblɔ be: “Ele be míadi gakpɔmɔnu yeyewo. Edze abe emae nye nu nyuitɔ si nyiawo awɔ be woakpɔ ga si wogblẽ ɖe wo nyinyi ŋu ene.”