INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 7/8 axa 16-30
  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?
    Nyɔ!—1997
  • Nya Vevi Siwo Tso Ezra ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Nyɔ!—1997
g97 7/8 axa 16-30

Ènya Ŋuɖoɖoawoa?

(Àkpɔ dodokpɔ sia ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ la me, eye míeta ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 30. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.)

1. Esime Paulo nɔ tɔdziʋu me va yina be woadrɔ̃ ʋɔnui le Roma la, ƒutato ka si le Kreta ƒe ɣedzeƒeƒuta ŋue wòto? (Dɔwɔwɔwo 27:7)

2. Nuka wɔm Mose nɔ esime Farao vinyɔnu va ke ɖe eŋu si na eƒe nu wɔ nublanui na nyɔnuvia? (Mose II, 2:6)

3. Ame nenie Yesu gblɔ be woake ɖe agbemɔ la ŋu? (Mateo 7:14)

4. Nuka wɔm Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ nɔ esime wowɔ anyigba la vɔ? (Mose I, 1:2)

5. Esi Maria si ami ʋeʋẽe xɔasi ɖe Yesu ƒe afɔ ŋuti vɔ la, nukae Maria tsɔ eƒe taɖa wɔe? (Yohanes 12:3)

6. Aleke Hebri Ŋɔŋlɔawo yɔa srɔ̃ŋutsuwo tɔna ɖe wo srɔ̃wo ŋui? (Ester 1:20)

7. Hebritɔwo ƒe nudakpe kple ga home kae nye gãtɔ kekeake? (Fiawo II, 23:33)

8. Nukae Fia Xizkiya tsrɔ̃ le esi wonɔ esubɔm le eŋɔli me ta, evɔ wònye Mose ɖe wòwɔe be wòana amewo nagaku o hafi? (Fiawo II, 18:4)

9. Aleke woyɔna na nyɔnu si nɔ Filipi amesi wònɔ sesẽm na be wòaɖɔ nya si nɔ wo kple enɔvia Kristotɔ nyɔnu Sintixe dome? (Filipitɔwo 4:2, 3)

10. Nukae Mose kpa le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu be woatsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Sea ɖo la ade eme? (Mose V, 10:1-5)

11. Mawu kawoe Awitɔwo, amesiwo Asur-fia na wova nɔ Samaria esi wòɖe aboyo Israel-viwo vɔ megbe la subɔna? (Fiawo II, 17:31)

12. Amesi “do ɖoaƒe” na xɔsegbela la zu nuka le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu? (Yohanes II, 11)

13. Togbɔ be Paulo gblɔ tso Korintotɔ nuteƒewɔlawo ŋu be wonye “Kristo ƒe agbalẽ” si woŋlɔ ɖe dziwo dzi hã la, nukae wògblɔ be wometsɔ ŋlɔe o? (Korintotɔwo II, 3:3)

14. Du ka ƒe nuto mee Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Simson le zi gbãtɔ eye wònye afisi hã woɖii ɖo emegbe? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:25; 16:31)

15. Le esi Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe nufiafia gblẽa nu ta la, nukae Yesu tsɔe sɔ kple? (Mateo 16:11, 12)

16. Nukatae Yohanes fa avi esi wòkpɔ agbalẽ si ŋu nutrenu adre nɔ la? (Nyaɖeɖefia 5:1-4)

17. Ŋkɔ evelia kae woyɔna na Esau si nye Yakob nɔvi? (Mose I, 36:1)

18. Nukata Dawid nɔ agbo ŋu kukom abe ɖevi ene eye wòna ade nɔ tsyɔtsyɔm ɖe ge me nɛ esime wònɔ Gat-fia Axis ŋkume? (Samuel I, 21:14)

19. Aleke woyɔna na amesi tso Gat? (Samuel II, 15:22)

20. Nukata Dawid kafu Yehowa le Psalmo 139:14?

21. Aleke woyɔna na tɔdziʋu ƒe megbe lɔƒo? (Marko 4:38)

22. Ɣleti nenie Mose dzilawo te ŋu ɣlae le edzidzi vɔ megbe? (Hebritɔwo 11:23)

23. Nuka ƒe fofoe Yesu yɔ Satana? (Yohanes 8:44)

24. Nukae Haman wɔ tsɔ nya ŋkeke si nyo si dzi woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le Persia Fiaɖuƒea me? (Ester 3:7)

25. Ati kae gakpe ɖe amiti kple weinti ŋuti si ɖe dzesi wu le Biblia me tiwo dome? (Yohanes 1:48)

26. Teƒe kae Saul vi Yonatan gblɔ le be Dawid ye anye Israel-fia si agava? (Samuel I, 23:16-18)

27. Persia-dziɖula kae va ke ɖe nusi Kores ŋlɔ da ɖi ŋu eye wòɖe mɔ be woagava tu gbedoxɔ la? (Ezra 6:1-12)

28. Lã kae ɖi fɔmizi gake wòlolo wui? (Mose III, 11:6)

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Dodokpɔ ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Salmone

2. Enɔ avi fam

3. Ame ʋee aɖewo

4. ‘Enɔ agba sam le tsia dzi’

5. Etsɔe tutu afɔ ŋu nɛ

6. Aƒetɔwo, NW

7. Talento

8. Akɔblida

9. Ewodia

10. Nubablaɖaka

11. Nibxaz kple Tartak

12. ‘Hadela kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me’

13. Nuŋlɔtsi

14. Estaol

15. Amɔwɔ ʋaʋã

16. “Elabena womekpɔ ame aɖeke, si dze be, wòaʋu agbalẽ la alo wòakpɔ eme hã o”

17. Edom

18. Bene fia la naxɔe se be yeku tsu ale be wòate ŋu asi adzo

19. Gatitɔ

20. Le alesi ‘wowɔe nukutɔe’ la ta

21. Ʋu gɔme

22. Etɔ̃

23. Aʋatsokaka

24. Ena woda pur (nudzidzenu)

25. Gboti

26. Horesh, NW

27. Dario

28. Gbefɔmizi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe