Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Menyo be Woaɖu Lã Oa?
“KPƆ ÐA, METSƆ NUMIEMIE TSEKU, SIWO KATÃ LE ANYIGBA BLIBO LA DZI, KPLE ATI, SIWO KATÃ TSENA, SIWO ME KU LE LA, NA MI, BENA WOANYE NUÐUÐU NA MI.”—Mose I, 1:29.
SUJATA, ƒe 18 vi si tso Hindu-ƒome si ɖua amagbewo ko me la da asi ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu ŋuti se si wòna ame gbãtɔ, Adam la dzi enumake. Gake ebia enumake be: “Ke nukata amewo wua lãwo heɖuna evɔ nu bubu geɖe li woaɖu hafi?”
Ame geɖe bua nya sia ke ŋu le xexeame godoo. Ame miliɔn alafa geɖe siwo le Ɣedzeƒedukɔwo me la meɖua lã o. Gakpe ɖe eŋu la, lãmaɖulawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Le United States ɖeɖe dzaa la, amesiwo ade miliɔn 12.4 ye gblɔ be yewonye lãmaɖulawo, si nye ame miliɔn 3 siwo va kpe ɖe amesiwo meɖunɛ o ŋu le ƒe ewo siwo va yi me.
Nukata lãmaɖumaɖu dze ame geɖe ŋu nenema? Nukpɔsusu kae nye nyuitɔ le lãwo ƒe agbe ŋu? Ðe lãɖuɖu fia be womede bubu agbe ŋu oa? Le nya si wogblɔ le Mose I, 1:29 ta la, ɖe menyo be woaɖu lã oa? Gbã la, de ŋugble le nusita ame aɖewo meɖua lã o ŋu kpɔ.
Nukatae Ame Aɖewo Meɖua Lã O?
Mawusubɔsubɔdzixɔsewoe kpɔ ŋusẽ ɖe Sujata ƒe nuɖuɖu dzi. Egblɔ be: “Hindutɔe menye tso ɖevime, eye gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia dzie mexɔ se. Esi amegbetɔ ƒe luʋɔ agate ŋu adzɔ anye lã ta la, mekpɔe be mía kple lãwo míesɔ. Eyata edze abe menyo be woawu wo aɖu o ene.” Subɔsubɔha bubuwo hã da asi ɖe amagbenuwo ko ɖuɖu dzi.
Nu bubuwo gali kpe ɖe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu siwo kpɔ ŋusẽ ɖe nusiwo amewo ɖuna dzi. Le kpɔɖeŋu me, Ðk. Neal Barnard te tɔ ɖe edzi godogodo be: “Numame alo numanyamanya koe ana amewo naɖu lã.” Dɔléle siwo woxɔna tso lãɖuɖu me abe dzidɔ kple dɔdzẽ ene ye na wòlé eƒe nukpɔsusua me ɖe asi goŋgoŋ.a
Le United States la, wobe ƒewuiviwo domee lãmaɖulawo le dzidzim ɖe edzi le wu. Eye ɖetsɔleme na lãwo tae woɖua amagbewo ɖeɖeko ɖo. Tracy Reiman si le Nyuiwɔwɔ na Lãwo ƒe Habɔbɔ me gblɔ be: “Ðeviwo lɔ̃a lãwo. Ne wova le si dzem nusi dzɔna ɖe lãwo dzi hafi wowua wo be woaɖu la, ɖeko wògana woƒe dɔme gatrɔna ɖe wo ŋu wu.”
Ame geɖe siwo tsɔa ɖe le nutoa ƒe nyonyo me hã daa woƒe nuɖuɖu kple dzɔdzɔmenu gbogbo siwo yia nugbe le lãnyinyi na ɖuɖu me kpɔna. Le kpɔɖeŋu me, wogblẽa tsi lita 3,300 hafi kpɔa nyilã kilogram ɖeka eye wogblẽa tsi lita 3,100 hafi kpɔa koklolã kilogram ɖeka. Eyata ame aɖewo gbea lãɖuɖu le susu sia ta.
Ke wò ya ɖe? Ðe wòle be nàtsri lãɖuɖua? Hafi nàɖo nya ma ŋu la, kpɔ nukpɔsusu bubu aɖe ɖa. Abe alesi wòdze le Psalmo 50:10, 11 ene la, Yehowa Mawu, nuwo katã Wɔla la gblɔ be: “Tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi. Menya xevi, siwo katã le towo dzi, eye nusiwo katã ʋãa wo ɖokui le gbe me la, mele manyamanya ɖem o.” Esi wònye lãwo katã nye Mawu tɔ vavã ta la, ele vevie be míanya alesi Wɔla la bua lãwo ƒe agbe kple alesi amegbetɔ azãe na nuɖuɖui.
Ðe Menyo be Woawu Lãwo Oa?
Ame aɖewo siwo ƒe susu sɔ kple Sujata tɔ be lãwo kple amegbetɔ le ka ɖeka dzi la ka ɖe edzi vevie be menyo be woawu lã le susu aɖeke ta o—egavloe wu gɔ̃ hã be woawu wo aɖu. Ke hã Ŋɔŋlɔawo fia be Mawu de vovototo lãwo kple amegbetɔwo ƒe agbe dome eye eɖe mɔ ɖe lãwo wuwu ŋu le susu vovovo ta. Le kpɔɖeŋu me le Israel la, woate ŋu awu lã aɖe ne wokpɔe be awu ame alo ame ƒe lãwo.—Mose II, 21:28, 29; Samuel I, 17:34-36.
Le blema ɣeyiɣiwo me la, Mawu ɖe mɔ be woatsɔ lãwo asa vɔe le tadedeagu me. (Mose I, 4:2-5; 8:20, 21) Ede se hã na Israel-viwo be woaɖo ŋku woƒe Ʋuʋu tso Egipte dzi aɖu Ŋutitotoŋkekenyui ƒe sia ƒe, eye wotsɔa alẽ alo gbɔ̃ saa vɔe eye woɖua eƒe lã. (Mose II, 12:3-9) Eye wotsɔ lãwo saa vɔ bubuwoe le Mose ƒe Sea te.
Esi Hindu-nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 70 xlẽ lãwo ƒe vɔsa ŋutinya le Biblia me zi gbãtɔ la, medze eŋu o. Gake esi wòva nɔ si dzem Ŋɔŋlɔawo ɖe edzi la, eva kpɔe be taɖodzinu aɖe tae Mawu de se be woasa vɔwo ɖo. Enɔ asi fiam vɔsa si Yesu Kristo ava wɔ, si wobia le se nu hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke. (Hebritɔwo 8:3-5; 10:1-10; Yohanes I, 2:1, 2) Zi geɖe hã la, nunɔlawo ɖua vɔsalãwo eye tadeagulawo hã ɖunɛ ɣeaɖewoɣi. (Mose III, 7:11-21; 19:5-8) Mawu, amesi tɔ nugbagbewo katã nye la, kpɔ mɔ awɔ ɖoɖo ma le tameɖoɖo aɖe ta. Gake esi Yesu ku ko la, megahiã be woatsɔ lãwo asa vɔe le tadedeagu me o.—Kolosetɔwo 2:13-17; Hebritɔwo 10:1-12.
Lãɖuɖu
Ke ne woawu lã aɖu ya ɖe? Ele eme baa be amegbetɔ ƒe nuɖuɖu gbãtɔ nye amagbewo. Gake Yehowa va kekee ɖe enu emegbe be woaɖu lã akpee. Anye ƒe 4,000 enye si va yi—le ame dzɔdzɔe Noa ŋɔli—la, Yehowa na tsi ɖɔ xɔ xexeame katã eye wòna nu vɔ̃ɖi siwo wowɔna le anyigba dzi ɣemaɣi la nu yi. Noa, eƒe ƒomea, kple nugbagbe siwo wòkplɔ yi aɖakaʋua me la tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Esi wodo go tso aɖakaʋua me vɔ la, Yehowa gblɔ zi gbãtɔ be: “Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenem nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.” (Mose I, 9:3) Gake Mawu de se le afima be: “Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.” (Mose I, 9:6) Edze ƒã be Mawu meda lãwo kple amegbetɔwo ɖe ka ɖeka dzi o.
Le nyateƒe me la, dzixɔse si nɔ Sujata si ku ɖe lãwo ŋu la tso gbugbɔgadzɔ nufiafia si dzi wòxɔ se la gbɔ. Biblia ɖe nu me le nya sia gome be togbɔ be amegbetɔwo kple lãwo nye luʋɔ hã la, menye numakumakue luʋɔ nye o. (Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4, 20; Dɔwɔwɔwo 3:23; Nyaɖeɖefia 16:3) Esi amegbetɔwo kple lãwo nye luʋɔ ta la, wokuna eye womeganɔa agbe o. (Nyagblɔla 3:19, 20) Gake tsitretsitsi le Mawu ƒe xexe yeye me ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku le amegbetɔwo ya si.b (Luka 23:43; Dɔwɔwɔwo 24:15) Esia hã fia be lãwo mesɔ kple amegbetɔ o.
“Gake nukata nuɖuɖua va trɔ?” Nya mae Sujata gabia. Edze ƒã be anyigba ƒe yame ƒe nɔnɔme trɔ kura le Tsiɖɔɖɔa ta. Nenye ɖe Yehowa tsɔ lã kpe amegbetɔ ƒe nuɖuɖu le esi wòkpɔe do ŋgɔ be nu ava hiã dzidzime siwo gbɔna afisiwo numiemiewo mabɔ ɖo o la nɔ ge ta hã la, Biblia megblɔe o. Gake Sujata lɔ̃ ɖe edzi be Amesi Tɔ nugbagbewo katã nye la kpɔ mɔ atrɔ nuwo.
Bubudede Lã ƒe Agbe Ŋu
Gake Sujata gabia eɖokui be, ‘Ke ɖe mele be míade bubu lãwo ƒe agbe ŋu vie teti oa?’ Ẽ, ele be míade bubu eŋu. Eye nuwo katã Wɔla la gblɔ alesi míawɔe la na mí. Se si wòde le Mose I, 9:4, (NW) enye be: “Ŋutilã kple eƒe luʋɔ—eƒe ʋu—ko miaɖu o.” Nukatae wòde se ɖe ʋuɖuɖu nu? Biblia gblɔ be: “Elabena agbe le ʋu la me.” (Mose III, 17:10, 11) Yehowa ɖoe be: ‘Nàtsɔ lã si nèwu la ƒe ʋu akɔ ɖe anyigba dzi abe tsi ene.’—Mose V, 12:16, 24.
Mefia be esi woɖe mɔ be woaɖu lã ta ko la, mɔ li be woanɔ lãʋu kɔm ɖi madzemadzee le esi adedada dzɔa dzi na ame ta alo woawui atsɔ aɖe kalẽwɔwɔ afia o. Edze ƒã be nu mae Nimrod wɔ. Biblia yɔe be enye “adela kalẽtɔ si tsi tre ɖe Yehowa ŋu.” (Mose I, 10:9, NW) Egbea hã la, dzidzɔdodo ɖe adedada kple lãwuwu ŋu ate ŋu anyɔ ɖe ame aɖewo me bɔbɔe. Gake gbɔgbɔ ma kple bubumademade lã ƒe agbe ŋu dzimesesẽtɔe ye zɔna, eye Mawu meda asi ɖe edzi o.c
Nublanuikpɔkpɔ na Lãwo
Alesi egbegbe lãdɔwɔƒe aɖewo tua nu kple lãwoe la na be egbegbe lãmaɖulawo tsɔ ɖe le eme na lãwo vevie. The Vegetarian Handbook gblɔ be: “Wometsɔ ɖeke le lãwo ƒe dzɔdzɔme lãmenusese me le lãnyinyi me o.” Agbalẽa gblɔ be: “Wonyia egbegbe lãwo le kpo miamiã dziŋɔwo me kple teƒe siwo mele dzɔdzɔme nu o me ale gbegbe be wotafaa wo kura wu alesi wowɔna na lãwo tsã.”
Togbɔ be lãɖuɖu metsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o hã la, ŋutasesẽ le wo ŋu ya tsi tre ɖe eŋu. Biblia gblɔ le Lododowo 12:10 be: “Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃ɖiwo.” Eye ele Mose ƒe Sea me be woalé be na aƒelɛ̃wo.—Mose II, 23:4, 5; Mose V, 22:10; 25:4.
Ðe Wòle Be Kristotɔ Nanye Lãmaɖula?
Abe alesi wòdze le nya siwo míegblɔ do ŋgɔ me ene la, be ame nazu lãmaɖula—alo agbe eɖuɖu—nye ame ŋutɔ ƒe nya. Ame aɖe ate ŋu atia be yeanye lãmaɖula le lãmesẽ, ganyawo, nugbagbewo ŋuti nusɔrɔ̃, alo le nublanuikpɔkpɔ na lãwo ta. Gake ele be wòadze sii be nuɖuɖu ƒomevi bubu ko wònye. Mele be wòaɖe ɖeklemi le amesiwo tiae be yewoaɖu lã ŋu o, abe alesi mele be amesi ɖua lã nabu fɔ lãmaɖula o ene. Menye lãɖuɖu alo emaɖumaɖue naa ame ɖɔa ʋu wu o. (Romatɔwo 14:1-17) Mele hã be nuɖuɖu nanye nu vevitɔ kekeake le ame ƒe agbe me o. Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.”—Mateo 4:4.
Ke le ŋutasesẽ le lãwo ŋu kple anyigbadzinuwo domegbegblẽ ŋu la, Yehowa do ŋugbe be yeaɖe nuɖoanyi fiti sia si me ŋukeklẽ le la ɖa eye yeatsɔ ye ŋutɔ ƒe xexeme yeye aɖo eteƒe. (Psalmo 37:10, 11; Mateo 6:9, 10; Petro II, 3:13) Amegbetɔ kple lãwo anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo le xexe yeye ma me, eye Yehowa ‘atsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe.’—Psalmo 145:16; Yesaya 65:25.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Nyɔ!, July 8, 1997, axa 3-13.
b Kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 15, 1997, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 3-8.
c Kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 15, 1990, axa 14-5.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Punch