Amesiwo Wofia be Woalɔ̃ Ame
LƆLƆ̃ nye numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ si nɔ te ɖe nunyoameŋu, amewɔwɔ, alo dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nu ɖeka tɔgbe ŋu dzi. Lɔlɔ̃ nye kukuɖeameŋu vividoɖeameŋutɔe. Media eɖokui tɔ o, ewɔa nuteƒe, eye wòtsia dzi ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu kple susu be yeana kpekpeɖeŋu. Lɔlɔ̃ nye nusi to vovo na fuléle kura. Amesi me fuléle le bua eya ŋutɔ ko ƒe seselelãme ŋu; amesi me lɔlɔ̃ le bua ame bubuwo ŋu.
Lɔlɔ̃ alo fuléle—kae kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzi? Menye nya si woabia woaɖo eŋu nyuie koe biabia sia nye o elabena wò etsɔme mavɔ nɔ te ɖe ŋuɖoɖoa dzi. Togbɔ be xexe si me tɔwo wofia be woalé fu ame domee míele hã la, ame miliɔn geɖe le amelɔlɔ̃ srɔ̃m. Amenyenye yeye dodoe na wote ŋu wɔa esia. Menye ɖeko woƒoa nu tsoa lɔlɔ̃ ŋu o; wokua kutri be yewoadee dɔwɔwɔ me.
Ne ède Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe kpɔ la, ɖewohĩ nusi nèkpɔ la wɔ dɔ ɖe dziwò. Yehowa Ðasefowo wɔ ɖeka le tadedeagu me, eɖanye dukɔ ka mee wotso o. Woƒo ƒu zu dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe. Àte ŋu akpɔ esia le wo gbɔ hamewo kple woƒe takpekpewo me ya gake ɖewohĩ àte ŋu akpɔe nyuie wu le amesiwo woyɔna be Betel-ƒomewo la dome. Wonye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo li ɖekae abe ƒome ene eye wowɔa dɔ ɖekae taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo hemãa wo. Le dukɔ ɖesiaɖe me la, wo dometɔ aɖewoe kpɔa dɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔna la dzi le afima. Esia menye dɔ vi o, elabena hame siwo wu 82,000—le ƒe 1997 me—ye le dukɔ 233 me. Be woakpɔ hiahiã sia gbɔ la, amesiwo wu 16,000 subɔna le Betel-ƒomewo me le xexeame katã, si me xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒe suesue vovovo siwo le dukɔ 103 le la me.
Dukɔ si me alɔdzedɔwɔƒe aɖe le me tɔwoe koŋ ye nɔa Betel-ƒome akpa gãtɔ me. Gake menye woawo ɖeɖekoe o. Betel-ƒome aɖewo me tɔwo nye Ðasefo siwo tso dukɔ, gbegbɔgblɔ, alo ameƒomevi vovovowo me eye wonɔ subɔsubɔha vovovowo me tsã. Le kpɔɖeŋu me, dukɔ siwo ade 30 me tɔwoe le Betel-ƒome si me ame 1,200 kloe le me le Selters, Germany. Nukae na wote ŋu nɔa anyi, wɔa dɔ, eye wosubɔna ɖekae le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me, le nɔnɔme si me fuléle mele o me? Wowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Kolosetɔwo 3:14 dzi, si gblɔ be:
“Mido Lɔlɔ̃”
Wometsɔnɛ dzia ame aɖeke o, eye nuƒoƒo tso eŋu dzro ko mewɔnɛ be wòva nɔa ame ŋu o. Ameɖokuidzadzraɖo bia be woawɔ nyametsotso aɖewo eye woadze agbagba vevie be woazɔ ɖe wo dzi. Nenema ke wometsɔa lɔlɔ̃ dzia ame aɖeke o. Nuƒoƒo tso eŋu dzro ko mesɔ gbɔ o. Ebia agbagbadzedze.
Taɖodzinu geɖe ye le nudodo ŋu. Ekpɔa ametia ta, eɣlaa ametia ƒe akpa siwo menya kpɔna alo menyo o, eye eɖea ame ƒe amenyenye fiana vaseɖe afi aɖe. Nenema ke lɔlɔ̃ hã le. Ekpɔa ame ta elabena gɔmeɖose dzɔdzɔewo kple hadede nyuiwo lɔlɔ̃ ʋãa ame wòƒoa asa na hadede alo teƒe siwo ate ŋu anye afɔku. Ekpɔa mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo siwo wòle be míabu nu vevii la ta. Anya wɔ wu be woalɔ̃ amesi lɔ̃a ame, eye anɔ eme godoo be womawɔ nuvevi amesi mewɔa nuvevi ame o.
Lɔlɔ̃ tsyɔa nu míaƒe amenyenye ƒe akpa gbegblẽ siwo ate ŋu aɖia mía havi amegbetɔwo nu la dzi. Ðe míete ŋu ŋea aɖaba ƒua amesiwo lɔ̃a ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ suewo dzi wu dadalawo, ɖokuidoɖedzilawo, ɖokuiŋudzelawo, kple amemalɔ̃lawo tɔ oa?
Amesiwo doa lɔlɔ̃ ɖea amenyenye si ɖi Kristo ƒe nɔnɔme nyoameŋu fiana. Esi ŋutilã me nyonyo nyea gotagomenu ko la, gbɔgbɔ me nyonyo ya xɔa ame bliboa katã me. Ðewohĩ ènya ame aɖewo siwo nèbuna be wonya kpɔ, menye le woƒe ŋutilãmedzedzeme ta o, ke le esi wodoa vivi ɖe ame ŋu le anukwareɖiɖi me ta. Gake mía dometɔ akpa gãtɔ míedo go nyɔnu dzetugbewo alo ŋutsu dzeɖeka siwo ƒe nu meganyoa mía ŋu kura o ne míeva dze si woƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ vɔ ko. Aleke gbegbe wòvivinae be míanɔ amesiwo do lɔlɔ̃ domee nye si!
Amelɔlɔ̃ Ðe Fuléle Teƒe
Numekuku aɖe si wowɔ le Yehowa Ðasefo 145,958 siwo le Germany dome le ƒe 1994 me ɖee fia be woate ŋu atsɔ lɔlɔ̃ aɖɔ li fuléle.
Ahanono fũ, atikevɔ̃ɖizazã, nuvlowɔwɔ, tsatsadada, kple nɔnɔme siwo gblẽa hadomegbenɔnɔ me alo ŋutasẽnuwɔwɔ katã ɖea ɖokuitɔdidi si ate ŋu ahe fuléle vɛ bɔbɔe la fiana le mɔ aɖe nu. Gake amesiwo wobia gbee la dometɔ 38.7 le alafa me gblɔ be eva hiã be yewoaɖu kuxi siawo dometɔ ɖeka alo geɖe dzi hafi te ŋu ɖo Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo dzi Ðasefowo wɔna ɖo gbɔ. Lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe agbenɔnɔ dzidzenu dzɔdzɔeawoe ʋã wo wowɔ nenema. Yehowa Ðasefowo na kpekpeɖeŋu wo ame ɖekaɖekawo zi geɖe lɔlɔ̃tɔe. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi (1992-1996) me la, wokpe ɖe ame 1,616,894 ŋu le dukɔ 233 me wowɔ tɔtrɔwo, eye wotsɔ lɔlɔ̃ si ɖua nusianu dzi la ɖu fuléle dzii.
Esi Yehowa Ðasefowo ɖea lɔlɔ̃ fiana le woƒe srɔ̃ɖeɖewo me ɖokuitɔmadimaditɔe ta la, woƒe srɔ̃ɖeɖewo lia ke. Le dukɔ aɖewo me la, wogbea srɔ̃ ɖeka le srɔ̃ɖeɖe eve alo etɔ̃ ɖesiaɖe dome. Gake numekuku si ƒe nya míegblɔ va yi la ɖee fia be fifi laa la, Ðasefo 4.9 le alafa me koe wo srɔ̃wo gbe alo wo dome klã. Gake mele be míaŋlɔ be o be wogbe amesiawo dometɔ geɖe hafi wova zu Yehowa Ðasefowo.
Esi lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nye Nufiala Gãtɔ si fiaa eƒe mɔwo amesiwo lɔ̃nɛ ta la, Yehowa Ðasefowo lɔ̃a eyama gbã. Yehowa Ðasefowo mele abe ame bubu siwo te ŋu “lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” ene o, ke boŋ wotsɔa Mawu ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Timoteo II, 3:4) Ðasefo ɖesiaɖe zãa gaƒoƒo 17.5 ɖe mawusubɔsubɔdɔwo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa, si to vovo na xexemetɔ siwo mewɔna ɖe gɔmeɖose aɖeke dzi o. Edze ƒã be Ðasefowo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Emae nana wokpɔa dzidzɔ. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”—Mateo 5:3, NW.
Amesi ŋlɔ Psalmo 118 lia la gblɔ be mele be mawusubɔla vavãwo navɔ̃ amegbetɔwo o. “Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?” (Kpukpui 6) Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu bliboe ɖea nusiwo gbɔ fuléle tsona la dometɔ ɖeka kple amegbetɔwo vɔvɔ̃ hã ɖa.
Kristotɔ si nya be Mawu ‘gbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe esi’ la adze agbagba aɖe dziku ɖa le eƒe agbenɔnɔ me, elabena nɔnɔme ma hã ate ŋu ahe fuléle vɛ. Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo, siwo dome dɔmefafa kple ɖokuidziɖuɖu hã le, akpe ɖe eŋu wòate ŋu awɔ esia.—Psalmo 86:15; Galatiatɔwo 5:22, 23.
Kristotɔ vavãtɔ bɔbɔa eɖokui eye mebua eɖokui ŋu fũ wu alesi dze o. (Romatɔwo 12:3) Eɖea lɔlɔ̃ fiana ne ele nu wɔm kple ame bubuwo. Nusi na lɔlɔ̃ to vovo na fulélee nye be “mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o.”—Korintotɔwo I, 13:5.
Enye nyateƒe be vɔvɔ̃, dziku, alo nuveviwɔame ƒe seselelãme ate ŋu ana amewo nalé fu ame ya. Gake esi fuléle mele nusi me lɔlɔ̃ tsona me o ta la, ete ŋu ɖua edzi. Lɔlɔ̃e nye nɔnɔme sesẽtɔ kekeake le xexeame nyateƒe elabena “Mawu enye lɔlɔ̃.”—Yohanes I, 4:8.
Eteƒe Madidi O Fuléle Nu Ayi Tegbee
Esi menye Yehowa Mawu ƒe amenyenye aɖekee ɖokuitɔdidi kple fuléle nye o ta la, womate ŋu anɔ anyi ɖaa o. Ehiã be woaɖe wo ɖa, ale be lɔlɔ̃ si anɔ anyi ayi ɖe mavɔmavɔ me la naxɔ ɖe wo teƒe. Ne xexe si me fuléle mele o si me lɔlɔ̃ yɔ fũ ye dzro wò la, ke na Yehowa Ðasefowo naɖe nusi wodi tso asiwò hafi nàte ŋu anɔ agbe akpɔe la me na wò tso Biblia me.
Ẽ, anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be, ‘Nɔnɔme kae kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbenɔnɔ dzi, lɔlɔ̃e loo alo fulélee?’ Menye biabia si woasrɔ̃ ŋuɖoɖoa nyuie agblɔe koe esia nye o. Amesi ƒe dzi ku ɖe Mawu ƒe futɔ, fuléle ƒe mawu la, ŋu manɔ anyi eteƒe nadidi o. Amesi ƒe dzi ku ɖe Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la, ŋu anɔ anyi tegbee!—Yohanes I, 2:15-17.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Amewo ate ŋu ado lɔlɔ̃ egbea gɔ̃ hã