Nane si Nyo Wu Ŋkɔxɔxɔ le Xexeame
Esi meva zu kpemela xɔŋkɔ le Europa ƒe geɖe megbe la, hatinye numela aɖe gblɔ nam fɔbubutɔe be: “Ègblẽ numemedɔ dome!” Hafi magblɔ nusita wòbu fɔm nenema la, mina maɖe alesi mewɔ va zu kpemela me na mi.
LE AURISINA, kɔƒe si me wodzim le me la, blemakpegbãƒe aɖee ŋutsuawo ƒe akpa gãtɔ wɔa dɔ le. Italy ƒe dziehe le afisi te ɖe Trieste ŋu le tsã Yugoslavia gbɔ tututue Aurisina le. Esime mexɔ ƒe 15 la, nye hã medze dɔwɔwɔ gɔme le kɔƒea me kpegbãƒea. Ƒe 1939 mee nye ma, si nye ƒe si me Xexemeʋã II dze egɔme. Kpeŋudɔwɔwɔ na medi be mava zu kpemela xɔŋkɔ. Edzrom hã be magaku gbeɖe o. Dzodzro eve siawo katã dze abe nusiwo gbɔ nyemate ŋu aɖo o ene.
Esime aʋaa ke le ƒe 1945 me la, meʋu yi ɖanɔ nɔvinyenyɔnu gbɔ le Rome. Edzrom be made numemesrɔ̃suku si le afima. Aleke gbegbe dzi dzɔm enye si esime nye didia va eme eye woxɔm be masrɔ̃ nu ƒe etɔ̃! Dɔmenyohabɔbɔ vovovowoe kpe ɖe ŋunye xe nye nusrɔ̃fewo.
Gbɔgbɔmedɔwuame
Menɔa sɔleme hã dem be matsɔ akpɔ nye gbɔgbɔmedɔwuame gbɔe, eye wo dometɔ aɖewoe nye Salvation Army kple Waldenses. Mesrɔ̃ nu le Yesutɔwo ƒe yunivɛsiti aɖe gɔ̃ hã, eye mede ŋkeke etɔ̃ ƒe nufiamexɔƒe si me bisiɔp aɖe fia nu le hã kpɔ. Le nusrɔ̃ɣi sia la, womeɖe mɔ be míaɖo dze kple mía nɔewo o ke míenɔ gbedodoɖa, ŋugbledede, nuvɔ̃meʋuʋu, kple bisiɔp la ƒe nyawo sese ɖeɖeko dzi.
Ema megbe la, mekpɔe be ŋusẽ aɖeke meɖo nye xɔse ŋu o. Mebia bisiɔp la be: “Nukata xɔse sesẽ aɖeke mesu asinye o?”
Bisiɔp la ɖo eŋu be: “Xɔse nye Mawu ƒe nunana, eye amesi dze eŋue wòtsɔnɛ nana.” Eƒe nyaŋuɖoɖoa ɖe dzi le ƒonye ale gbegbe be medzudzɔ Mawu didi eye meva nyrɔ ɖokuinye ɖe numemesɔsrɔ̃ me vĩ.
Kafukafu Xɔxɔ tso Dukɔwo Gbɔ
Esi mewu suku nu le Rome le ƒe 1948 me la, wona ƒe ɖeka ƒe mɔnukpɔkpɔm be masrɔ̃ nu le numemesrɔ̃suku femaxee le Vienna, Austria. Mewu suku nu le afima le ƒe si kplɔe ɖo me eye wona ƒe ɖeka ƒe mɔnukpɔkpɔm be magayi nye nusɔsrɔ̃ dzi femaxee le Ljubljana, Slovenia (enye Yugoslavia ƒe akpa aɖe tsã). Nye taɖodzinu ɣemaɣie nye be maʋu ayi Paris, France, afisi wowɔa aɖaŋudɔ vovovowo le wu.
Gake le ƒe 1951 me la, wona mɔnukpɔkpɔm be mawɔ dɔ le Stockholm, Sweden. Meʋu yi afima kple susu be madzra ga ɖo be wòakpe ɖe ŋunye mayi numemesɔsrɔ̃ dzi le Paris. Gake medo go Micky ɣemaɣi, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1952 me eye míenɔ Stockholm. Mewɔ dɔ le dɔwɔƒe sue aɖe afisi mezãa kpe, marble, kple granite tsɔ mea nui. Wotsɔa esiawo ƒe ɖewo ɖoa asii ɖe Millesgarden, si nye modzakaɖebɔ kple blemanudzraɖoƒe aɖe le Lidingö-du si te ɖe Stockholm ŋu me.
Mesrɔ̃ gadzẽ tsɔtsɔ me nui ƒe mɔnu xoxo aɖe le Rome—eyae nye esi wotsɔ anyixe wɔna—eye mefia alesi wotsɔa gadzẽ mea nui le Aɖaŋudɔsrɔ̃suku kple Numemesrɔ̃ƒe siwo le Stockholm. Emegbe wona meva wɔ dɔ le gadzẽnumeƒe le Skansen-blemanudzraɖoƒe si nye gbadzaƒe le Stockholm. Le afima la, metsɔa gadzẽ alo tsumikpe mea nu zi geɖe fiaa nukpɔlawo. Wohayam megbugbɔ blemanumeme siwo nye Sweden-fia si nɔ zi dzi ɣemaɣi, Gustav VI tɔ la hã dzra ɖo. Wotsɔ esiawo ɖo atsyɔ le Royal Palace kple Drottningholm-mɔ̃ si le Stockholm la hã me.
Tso ƒe 1954 vaseɖe ƒe 1960 me la, nyakakamɔnuwo kple numemedakpɔlawo kafu nye dɔwo. Wotsɔa nye numeme geɖe ɖoa asii le Europa-dugãwo me, siwo dometɔ aɖewoe nye Stockholm, Rome, Ljubljana, Vienna, Zagreb, kple Belgrade. Le Belgrade la, Marshal Tito ƒle nye numemewo hena eya ŋutɔ ƒe zazã. Wotsɔ nye dɔ si nye nyɔnu ƒe akɔta kple ƒodo gbɔ ƒe granite-kpememe gã aɖe ɖo agbae le Modern Gallery le Rome, eye wotsɔ nye numeme ɖo atsyɔ le Albertina Museum le Vienna. Numeme aɖe si metsɔ gadzẽ wɔ kple esi nye tsumikpe tɔ la le Modern Museum le Stockholm, eye numeme aɖe si metsɔ gadzẽ wɔ la le Modern Gallery le Ljubljana.
Megava Tsɔ Ðe Le Mawusubɔsubɔ Me
Esi míeɖe srɔ̃ ƒe ʋee aɖewo megbe la, Micky de dzesii be megava nɔ ɖe tsɔm le mawusubɔsubɔ me. Menɔa ɖokuinye biam be, ‘Afikae xɔse si ta Kristotɔ gbãtɔwo lɔ̃ be yewoaku ɖo la le?’ Megadze sɔlemedede gɔme, eye esiwo mede ƒe ɖewoe nye Pentekost kple Adventist hawo. Medzro Islam kple Buddha subɔsubɔwo gɔ̃ hã me.
Le ƒe 1959 hafi mayi numemeɖefiaƒe aɖe le Milan, Italy, la, meɖi tsa yi nye kɔƒe si nye Aurisina ŋkeke ʋee aɖewo. Kɔƒea me tɔwo ƒo nu tso ŋutsu aɖe si wogblɔ be enya Biblia ŋutɔ ŋu nam. Yehowa Ðasefoe wònye. Esi mete ŋu do goe ƒo nu kplii la, efia nu geɖe siwo ŋu nyemeke ɖo kpɔ o lam le Biblia me. Mesrɔ̃e be luʋɔ ye amegbetɔ nye—luʋɔ mele esi si to vovo na eƒe ametia o—eye be amegbetɔ ƒe luʋɔ te ŋu kuna, eye menye nu makumaku abe alesi subɔsubɔha bubuwo fia ene o.—Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋutsua fiam be esi Mawu wɔ Adam kple Xawa la, menye eƒe tameɖoɖoe wònye be woaku o ke boŋ be woanɔ agbe tegbee le dzidzɔkpɔkpɔ me le anyigba dzi. Ame eve gbãtɔawo ku le woƒe tomaɖomaɖo ta. (Mose I, 1:28; 2:15-17) Mesrɔ̃e be Mawu tsɔ Via na wònye tafe ale be agbe mavɔ si Adam to eƒe tomaɖomaɖo dzi bu la ƒe mɔkpɔkpɔ nagasu amegbetɔwo si. (Yohanes 3:16) Nusiawo sɔsrɔ̃ na mekpɔ dzidzɔ geɖe.—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Tɔtrɔ Ðedzesi Aɖe
Ema megbe kpuie la, metrɔ yi Sweden, eye mía kple Micky míedze agbagba be míake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Gake míete ŋu nya afisi wole o. Gake le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, ame aɖe ƒo agbonuga na mí, eye kaka míakpɔ ko woawoe nye si le míaƒe agbo nu! Medze agbalẽ si wotsɔ nam la xexlẽ gɔme, eye eteƒe medidi o mekpɔe be nyateƒea le eme. Ke hã la, medi be maƒo nu kple xɔ̃nye xoxo aɖe si nye Katoliko-bisiɔpgã, amesi medze si esime menɔ nu srɔ̃m le Rome le ƒe 1940 ƒeawo ƒe nuwuwu, ale be maka ɖe alesi mebu la dzi. Eyata le January 1961 me la, meyi ɖakpɔe.
Xɔ̃nye lae kpɔa Katolikotɔwo ƒe mawunyadɔgbedede le xexeame katã ƒe nyawo gbɔ. Nu wɔmoyaa kae nye si meva kpɔ! Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mekpɔe be Biblia me sidzedze suetɔwo gɔ̃ hã mele bisiɔpgã la si o. Esi míeƒo nu tso nusi dzɔna le ku me ŋu la, egblɔ nam be: “Ðewohĩ nusi dzi míexɔ se fifia la manɔ eme nenema kura o.” Eye esime míeƒo nu tso Biblia ƒe ŋugbedodo le “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si dzi apostolo Petro he susu yii ŋu la, eya ŋutɔ meka ɖe nusi ŋugbedodo sia fia dzi o.—Petro II, 3:13; Yesaya 65:17-25.
Esi metrɔ yi Stockholm la, medze Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi gɔme kple Ðasefo siwo mía kple srɔ̃nye míeva dze sii la dometɔ ɖeka. Edzɔ dzi nam be Micky va nɔ ɖe tsɔm le nusɔsrɔ̃a me geɖe. Mlɔeba metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu le February 26, 1961, eye Micky xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si kplɔe ɖo me.
Asitɔtrɔwo Wɔwɔ le Dɔwɔwɔ Me
Míedzi vinyɔnu le ƒe 1956 me kple viŋutsu sue aɖe le ƒe 1961 me. Eva hiã be makpɔ dɔ si mawɔ ɣesiaɣi, elabena fifia ƒome va le mía si si dzi wòle be míakpɔ. Edzɔ dzi nam be wokpem be mava me ŋkuɖodzinu gã aɖe ɖe kɔƒe si me wodzim ɖo la me. Enye nusi woatsɔ aɖo ŋku vivimeʋawɔla siwo ku le Xexemeʋa II me dzi. Anye ne ŋkuɖodzinu ma wɔwɔ ana makpɔ ga geɖe hafi. Gake esi mebu nu vovovowo—kple ɣleti geɖe siwo madzo le nye ƒomea kple Kristo-hamea gbɔ eye be mava nɔ dukɔ si me Kɔmiunisttɔnyenye nɔ ta kekem le kple afisi wòasesẽ be mawɔ gbɔgbɔmedɔwo le—ŋu kpɔ la, nyemexɔ dɔa o.
Dɔ bubu aɖe hã wɔwɔ ɖe fu na nye dzitsinya. Wobia tso asinye be mawɔ atsyɔɖonu gã aɖe ɖe afisi wotɔa dzo ame kukuwo le si wotu yeyee le Sweden. Esi mewɔe vɔ la, wokpem be mava eŋukɔƒe. Gake esi mese be bisiɔp si le Stockholm ye ava ɖe nye dɔa ɖe go la, meɖoe be nyemakpɔ gome le wɔna la me kple amesiwo ƒe nufiafia kple nuwɔnawo tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu tẽ la o.—Korintotɔwo II, 6:14-18.
Esi kakaɖedzi menɔ numemedɔ si mawɔ ɣesiaɣi kpɔkpɔ ŋu o ta la, eva nɔ sesẽm nam be makpɔ nye ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ nyuie. (Timoteo I, 5:8) Mebu dɔ si mawɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui dzii ŋu le gbedodoɖa me. Emegbe xɔtala aɖe tsɔ xɔ aɖe ƒe nɔnɔme si wòwɔ va fiam. Ebia tso asinye be maɖe eƒe foto na ye. Esi menya fotoɖeɖe nyuie le esi meɖea foto nye numemewo ta la, mexɔ dɔa kple dzidzɔ. Le ƒe mawo me la, xɔtudɔ geɖe nɔ edzi yim le Sweden, eye fotoɖeɖe xɔ ƒe nɔnɔmewo va hiã. Eyata mekpɔ dɔ geɖe tso xɔtalawo gbɔ eye mete ŋu kpɔ nye ƒomea dzi nyuie.
Ɣeyiɣi sia mee meɖi tsa yi Italy Dekɔnuwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe le Stockholm be mava gblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. (Mateo 24:14) Medze si nusrɔ̃ƒea ƒe tatɔ eye mete ŋu wɔ ɖoɖo be maɖo dze kplii. Esi wòva kpɔe be nyemegamea nu o ye wòdo ɣli be: “Ègblẽ numemedɔ dome!” Meɖe eme nɛ be dɔ siwo mawɔ na Mawu kple nye ƒomea dzikpɔkpɔe nye nu vevitɔ nam.
Magblɔ be numeme ye nye nu vevitɔ nam le nye agbe me ɣeaɖeɣi. Gake meva kpɔe dze sii le gonyeme be ne meyi edzi nyrɔ ɖokuinye ɖe nye dɔa me la, asɔ kple agbagbadzedze be masubɔ aƒetɔ eve. (Mateo 6:24) Mekpɔe be nu vevitɔ si mate ŋu awɔe nye be maɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. Eyata nye ŋutɔ metso nya me be madzudzɔ numemedɔ si mewɔna la, eye Yehowa Mawu yra ɖe nyametsotso ma si mewɔ dzi geɖe ŋutɔ.—Maleaxi 3:10.
Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔ me Mɔnukpɔkpɔwo
Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, ame geɖe siwo ʋu tso anyiehe kple ɣedzeƒe Europa va Sweden la va nɔ ɖe tsɔm le Biblia me nyateƒea me. Eyata tso ƒe 1973 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesrɔ̃ Biblia kple ʋuʋula siwo doa Italygbe, Spaingbe, kple Serbo-Croatiagbe, eye nye asi nɔ eme míeɖo hame yeyewo kple nusɔsrɔ̃ƒuƒoƒowo na gbe siawo dolawo. Wode dɔ asi nam be mawɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe takpekpewo ŋu le Italygbe me eye makpɔ Biblia me dramawo dzi le wo me. Ɣeaɖeɣi la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezu dzikpɔla mɔzɔla subɔ hamewo hã le Sweden.
Esi menaa kpekpeɖeŋu le ɖoɖowɔwɔ ɖe Italygbe me takpekpewo ŋu le Sweden ta la, kadodo nɔ mía kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Rome la dome. Italy-nɔviwo gblɔ nam be hamemegãwo mede ha le Italy kura o le esi gbeƒãɖeɖedɔa le dzidzedze geɖe kpɔm le afima ta. Eyata le ƒe 1987 me la, mía kple Micky míeʋu yi Liguria, si te ɖe Genoa, Italy, ŋu. Mía viwo tsi nɔ wo ɖokui si ɣemaɣi. Míetsɔ ƒe eve siwo me míekpɔ dzidzɔ le ŋutɔ la nɔ Italy eye míenɔ eme woɖo hame yeye ɖe Liguria. Míekpɔ nya siwo le Lododowo 10:22 ƒe nyateƒenyenye bliboe be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ.”
Ɣeaɖewoɣi mía kple Micky míedzea agbagba be míaŋlɔ yayra siwo míexɔ tso Yehowa gbɔ, eye nusiwo míekpɔna la sɔa gbɔ ale gbegbe. Tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu nana le hame yeyewo ɖoɖo me ŋu la, míete ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu, kple mía ŋutɔ mía viwo hã ŋu, woɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ eye wova zu Kristotɔ tsitsiwo. Mevem be meɖe asi le numela xɔŋkɔ si menye la ŋu o, elabena agbemedɔ si nye mía Mawu lɔlɔ̃a, Yehowa, subɔsubɔ si me viɖe le wue metia. Yehowa na agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ sẽŋu su mía kple nye lɔlɔ̃tɔwo si.—Celo Perto ye gblɔe.
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Esime menɔ nane mem le ƒe 1955 me
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Mía kple srɔ̃nye