INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 2/8 axa 16-18
  • Todzi Kesewo Sasrãkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Todzi Kesewo Sasrãkpɔ
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Míete Ðe Wo Ŋu Ate Ŋu Aka Asi Wo Ŋu!
Nyɔ!—1998
g98 2/8 axa 16-18

Todzi Kesewo Sasrãkpɔ

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Tanzania gbɔ

ANYE abe wo ame 320 ene koe le Rwanda kple Democratic Republic of Congo ƒe liƒo dzi ƒe afisi dzotowo le. Alafa etɔ̃ bubu le avetsu si le Uganda la me. Woawoe nye todzi kesewo—lã siwo tsrɔ̃ vɔ keŋkeŋ kloe le xexeame la dometɔ ɖeka!

Amerikatɔ lãwo ŋutinunyala Dian Fossey dze agbagba geɖe be yeana amewo nanya nusi le dzɔdzɔm ɖe lã siawo dzi. Fossey va Afrika le ƒe 1960 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo be yeasrɔ̃ nu tso todzi kese siwo ɖi ame ŋu. Ɣemaɣi la, wonɔ vɔvɔm kabakaba le esi wofia wo wuna ta. Dzɔdzɔmeŋutinunyala sia si mevɔ̃na o la ʋu va nɔ gbetome le Virunga Towo dzi eye wòmlã kese siwo nɔ afima ɖe eɖokui ŋu enumake. Fossey ŋlɔ nusiwo ŋu wòke ɖo la ɖe magazine me nyatiwo kple agbalẽ si nye Gorillas in the Mist (Kese Siwo Le Afu Me) me. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eɖoe kplikpaa be yeaʋli ye xɔlɔ̃ siwo le gbea me ta, eye wòwɔ aʋa kple lãfiwula siawo. Gake ezu aʋatsila le aʋa si eya ŋutɔ ho me, esime wònɔ lãwo ta ʋlim eye ame manyamanya aɖe wui le ƒe 1985 me.

Esi mía ŋutɔwo míedi be míakpɔ lã fafa siawo ta la, mía kple srɔ̃nye míeɖoe le ƒe 1993 me be míayi afisi keseawo le. Taflatse, miɖe mɔ na mí ne míagblɔ míaƒe mɔzɔzɔa na mi.

Míedze egɔme esi míaƒe mɔfialawo kplɔ mí dze to si lialia axɔ gaƒoƒo ɖeka tso Visoke-dzoto si kɔ meta 3,700 si le Rwanda Dzotowo Ƒe Modzakaɖebɔa gbɔ la gɔmee. Esi míenɔ ɖiɖim ɖe eme la, míaƒe mɔfialawo gblɔ alesi míalé mía ɖokuii ne míeɖo keseawo gbɔ la na mí. Wogblɔ na mí be amedzro enyi koe woɖea mɔ na gbesiagbe be woakpɔ lã siawo ɖa. Esia na womaxɔ dɔléle tso amewo gbɔ o eye be womagaɖe fu na wo akpa o.

Míaƒe mɔfiala ɖeka ɖo ŋku edzi na mí be: “Ne míenya ɖo avea me ko la, míabɔbɔ gbe. Esia ana míate ŋu akpɔ lã kple xevi bubu siwo le avea me, elabena tsɔ kpe ɖe todzi kesewo ŋu la, fĩe siwo ƒe fu me klẽna abe sika ene, avugbɔ̃e, atiglinyi, kple to gɔ̃ hã le avea me.”

Wona míenya hã be dza kple anyidiwo le abɔa me, eye míato gbe si me afu do ɖo si wɔ ba. Mía kple srɔ̃nye míetrɔ kpɔ mía nɔewo ŋkume. Míedzra ɖo ɖe eŋu nenema o! Gake mɔfiala dɔmenyotɔawo ɣe tsimewu kple tsimefɔkpa na mí.

Míaƒe mɔfiala la na eme kɔ na mí be keseawo te ŋu xɔa dɔléle le ame ŋu bɔbɔe, eyata be woakpɔ wo ta la, amesi nya be yedze dɔ alo dɔxɔleameŋu aɖe le ye ŋu la nagayi o. Míaƒe mɔfiala ɖeka gblɔ be: “Ne miele keseawo gbɔ eye kpe tsɔ ame aɖe alo wòdi be yeanyè la, netrɔ megbe de lãawo eye wòadze agbagba atsyɔ nu ŋɔti kple nu. Nenɔ susu me na mi! Amedzrowoe míenye le wo de si afu le.”

Míete Ðe Wo Ŋu Ate Ŋu Aka Asi Wo Ŋu!

Toa ƒe dzɔdzɔ ka na elialia va nɔ sesẽm ɖe edzi. Míelia toa ɖo kɔkɔme si ade meta 3,000. Ya megasɔ gbɔ ɖe afima míagbɔ o si wɔe be gbɔgbɔ zu dɔ, eye mɔa hã xaxa. Gake alesi ati si woyɔna be hagenia ƒe alɔwo dzee eye gbe kple seƒoƒo vovovowo mie ɖe wo dzi la nya kpɔ na mí ŋutɔ. Ena be avea me dze ani abe paradiso ene.

Azɔ mɔfialaawo dze ŋkuléle ɖe afisi wokpɔ keseawo le ŋkeke si va yi gɔme, elabena wonɔa tsatsam ɣesiaɣi nɔa nu yeyewo dim be yewoaɖu. Ame aɖe do ɣli be, “mikpɔ afimɛ ɖa!” Wolɔ nuwo ƒo ƒu ɖe gbe bɔbɔe dzi wòzu aba na kesetsu si ƒe dzime le abe klosalo ene.

Mɔfiala la gblɔ na mí be “woyɔa kesetsua be Umugome. Ne kesetsu tsi xɔ abe ƒe 14 ene la, eƒe dzime funa abe klosalo ene. Wobunɛ kesewo ƒe hatsotso ma ƒe fiae ɣemaɣi. Kesetsu sia si ƒe dzime le abe klosalo ene la koe yɔa asi kesenɔawo katã. Enyãa ɖevitɔ siwo di be yewoayɔ asi kesenɔawo enumake! Gake ne kesetsu bubu dze agbagba te ŋu wu esi ƒe dzime le abe klosalo ene la, ewua viawo katã hã. Ke fia yeyea yɔa asi nɔeawo wodzia vi.”

Esi míele míaƒe mɔfialawo yome ge ɖe pamprove dzeani aɖe me la, mía dometɔ ɖeka bia be: “Ƒe nenie kese ate ŋu anɔ agbe aɖo?”

Eɖo eŋu blewu be: “Ete ŋu xɔa ƒe 40.”

Esi míese nane ƒe gbetete la, ame aɖe do dalĩ na mí be, “Sh! Sh!” “Nukae nye ma? Kese yea?” Ao, míaƒe mɔfialawo dometɔ ɖekae le gbe tem abe kese ene, bene yease wo ŋkɔ. Míanya te ɖe wo ŋu ŋutɔ!

Vavãe, wo ame abe 30 ene nɔ meta 5 ko tso mía gbɔ! Wogblɔ na mí be míabɔbɔ eye míazi ɖoɖoe. Míaƒe mɔfiala ɖeka gblɔ na mí be: “Migafia asi wo o, woava susu be nane dam miele yewo. Taflatse migaƒo nu sesĩe o. Ne miele foto ɖem wo la, miwɔ ɖɔɖɔɖɔ eye migazã foto si aklẽ akaɖi ɖe wo dzi o.”

Míete ɖe wo ŋu nyuie ate ŋu aka asi wo ŋu! Gake hafi ame aɖe nadi be yeaka asi wo ŋu la, míaƒe mɔfiala la doa dalĩ na mí be: “Migaka asi wo ŋu o!” Mekpɔ ɖe nu le eme o kasia kesevi eve va nɔ ŋku lém ɖe mía ŋu. Míaƒe mɔfiala la tsɔ atilɔe sue aɖe ƒo woe dzaa, eye kesevi kpɔnumemiawo da aba ɖiɖi ɖe aga me, nɔ kame tem abe alesi ɖevi suewo fenae ene. Ne kametetea nu sẽ la, “Dada” léa avu wo.

Kese si ƒe dzime le abe klosalo ene la tɔ ɖe adzɔge nɔ mía kpɔm ɖa. Etso kpla zɔ va mía gbɔ, va bɔbɔ nɔ teƒe si didi meta ʋee aɖewo ko tso mía gbɔ. Ekɔkɔ, tri eye eƒe kpekpeme ade kilogram 200! Togbɔ be enɔ ŋku lém ɖe mía ŋu hã la, metsɔ ɖeke le eme na mí boo o, elabena eƒe ŋku biã ɖe nuɖuɖu ŋu. Le nyateƒe me la, nuɖuɖu koŋ ye nye kese ƒe dɔ! Kese si ƒe dzime le abe klosalo ene la ate ŋu aɖu nu wòade kilogram 30 gbeɖeka. Eye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋku biãna ɖe nuɖuɖu didi ŋu tso ŋdi vaseɖe fiẽ. Wokpɔa wo ɣeaɖewoɣi wonɔa dzre wɔm ɖe “nu vivi” si ŋu woke ɖo ta.

Nuɖuɖu si dzɔa dzi na wo vevie nye ati gã si woyɔna be senecio la ƒe tume. Ati aɖewo ƒe ke, kple pamprofẽ miemie hã vivia wo nu. Wotsɔa pampro miemie kple aŋɔka kple dza ƒe aŋgba fẽwo kpakple woƒe kawo tsakana wɔa “salad.” Ame aɖe bia be: “Nukatae nuɖuɖu siwo ŋu ŋuwo le metɔa keseawo ne wole eŋu tutum be yewoaɖu o?” Mɔfiala ɖeka ɖe eme be: “Woƒe asiƒome tri ŋutɔ.”

Esi míenɔ nusiawo kpɔm la, kesetsu titria tso kpla ɖe afɔ eve dzi, tsɔ alɔnu ƒo akɔtae, eye wòɖe gbe sesĩe! Elũ ɖe mɔfiala ɖeka dzi eye esi wòte tui vɔ la, etɔ kã. Eɖe ŋku ɖe mɔfiala la dzi gãa! Gake míaƒe mɔfialaa mevɔ̃ o. Ðeko wòbɔbɔ zɔ megbemegbee blewu. Ewɔ abe ɖe esi ƒe dzime le abe klosalo ene la di be yeaɖe yeƒe ŋusẽ afia mí ene. Eye eɖee fia hã!

Mɔfialawo wɔ dzesi na mí be míadzra ɖo na dzodzo. Míenɔ lã wɔnuku, fatu siawo gbɔ gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ abe amedzro siwo “va afu la me ene.” Togbɔ be míenɔ wo gbɔ didi o hã la, míaƒe sasrãkpɔa nye nusi míaŋlɔ be akpɔ o. Ðeko wòna xexe yeye si ƒe ŋugbe Biblia do be ava, si me amewo kple lãwo anɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me tegbee la va susu me na mí!—Yesaya 11:6-9.

[Anyigbatata siwo le axa 18]

Togbaka si dzi Kesewo le

DEMOCRATIC REPUBLIC OF CONGO

Kivu Ta

UGANDA

RWANDA

AFRIKA

Wokeke Teƒea Ðe Enu

[Credit Line on page 18]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe