INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 2/8 axa 3
  • Gbagbãdɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbagbãdɔ!
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ ɖe Eƒe Fuɖenamewo Nu
    Nyɔ!—1998
  • Gbagbãdɔ Nusi Henɛ Vɛ
    Nyɔ!—1998
  • Sɔhɛ Siwo Ðia Ðase Nyuie
    Nyɔ!—2005
  • Nu Kae Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔ?
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 2/8 axa 3

Gbagbãdɔ!

DƆ AÐE si wua ame vevie eye wòte ŋu wɔa ame nuwɔametɔe ɣeyiɣi didi le Ɣetoɖoƒedukɔ deŋgɔwo mee nye gbagbãdɔ. Ŋkɔ “gbagbãdɔ” ŋutɔ fia alesi dɔ sia si dzea ame ƒe ahɔhɔ̃ dzi gbãa lãme na ame zi ɖekae. Fifi laa ko nànɔ lãmesẽ me, kasia nàkpɔ ɖeko wòawɔ na wò abe dzie ɖe gbe ɖe dziwò ene—gbagbãdɔ si nu sẽ ate ŋu atrɔ wò agbenɔnɔ kura kpata. Agblẽ nu le ŋuwò vevie awɔ wò nuwɔametɔe si ana nàte ŋu azu mumu, agblẽ nu geɖe le wò seselelãmewo ŋu, ate ŋu atrɔ wò amenyenye kple wò sidzedzeŋutetewo, eye wòana nànɔ ʋiʋlim be yeaganɔ agbe abe alesi yenɔnɛ tsã wòle nyanya na ye kple yeƒe ƒomea ene.

Bu nusi dzɔ ɖe Ellen Morgan dzi ŋu kpɔ.a Kuɖagbe la, naneke menɔ Ellen si xɔ ƒe 64 la wɔm o eye eya ŋutɔ te ŋu wɔa nusianu nyuie. Yawoɖagbe esi Ellen kple srɔ̃a yi asime la, zi ɖeka ko megate ŋu ƒoa nu o, eye eƒe ŋkume glɔ̃ ɖe akpa ɖeka. Eƒe lãme gbã wònɔ zɔzɔm sagasaga abe ahae wòmu ene. Gbagbãdɔ sesẽ aɖee dze Ellen dzi!

Esi gbagbãdɔa dze Ellen dzi la, eƒe lãme gbã ale gbegbe be magate ŋu awɔ nu suetɔ kekeake abe tsilele kple awudodo ene o. Esi magate ŋu aŋlɔ nu, alɔ̃ nu ɖe avɔ me, alo atɔe o la, avi dzi ko wònɔna hehehe eye ɖeɖi gã aɖe hã tea eŋu. Gake le ɣeyiɣi siawo katã me naneke megblẽ le Ellen ƒe susu ŋu o; ekpea ŋu nɛ ne ebui be ɖewohĩ wole ye bum numanyalae. Ellen va ɖe nu me emegbe be: “Ame ʋee aɖewo koe nya alesi tɔtrɔ kpata sia ƒe ɖiɖiɖeame gblẽa nu le ame ƒe seselelãme kple tamesusu ŋui. Ðeko wòwɔna nam abe nye agbe ƒe nuwuwue meɖo ene.”

Nukae hea gbagbãdɔ vɛ? Ðe wògblẽa nu le eléla ɖesiaɖe ŋu sɔsɔea? Aleke amesiwo wòka ɖe eme na wɔ te ŋu nɔ te ɖe dɔ sia nu? Aleke amesiwo gbagbãdɔ ka ɖe eme na ƒe ƒomewo wɔ te ŋu nɔ te ɖe enu? Nukae mí katã míate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋu wo? Nyɔ! dzro biabia siawo me eye wòkpe ɖe ŋuwò be nànya alesi nuwo nɔ na amesiwo gbagbãdɔ ka ɖe eme na kple alesi woƒe ƒome siwo kpe asi ɖe wo ŋu le woƒe dɔdzedzea me hã wɔ nui.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔa ɖewo ɖe dɔnɔawo kple woƒe ƒomewo ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe