INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 2/8 axa 8-12
  • Tenɔnɔ ɖe Eƒe Fuɖenamewo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tenɔnɔ ɖe Eƒe Fuɖenamewo Nu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒomea Kple Xɔlɔ̃wo ƒe Kpekpeɖeŋu
  • Kpekpeɖeŋunana Sɔsrɔ̃
  • Tenɔnɔ ɖe Enu le Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu si me Lɔlɔ̃ Le Me
  • Dɔnɔdzikpɔlawo Xɔa Kpekpeɖeŋu
  • Tenɔnɔ ɖe Lãmegbegblẽa ƒe Sesẽ Nu
  • Gbagbãdɔ Nusi Henɛ Vɛ
    Nyɔ!—1998
  • Gbagbãdɔ!
    Nyɔ!—1998
  • Alesi Woawɔ Ahaya
    Nyɔ!—1996
  • Kpekpeɖeŋu Nana Dɔnɔdzikpɔla La—Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Awɔe
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 2/8 axa 8-12

Tenɔnɔ ɖe Eƒe Fuɖenamewo Nu

ESI woxɔ Gilbert ɖe abati me le esi eƒe abɔ kple afɔwo ku ɖe eŋu la, ebia eƒe ɖɔkta be: “Magate ŋu ava zã nye asi eye mazɔ ɖe afɔ dzi gbaɖegbea?” Ŋuɖoɖo si bia agbagbadzedze si Gilbert see nye: “Alesi nèdze agbagbae la, nenemae wòanɔ bɔbɔe be nàgazã woe, eye nenema ke wòatsɔ na wòe.” Egblɔ be: “Mesu te!” Dɔdadamɔnu bubu si menye atikewɔwɔ o kple kakaɖedzinɔamesi kpe ɖe eŋu be wòtso le bunɔwo ƒe keke me zɔ ɖe nu ŋu, eye emegbe wòzɔ ɖe ati ŋu eye mlɔeba wòte ŋu gatrɔ yi dɔ me, togbɔ be ƒe 65 ye wòxɔ hã.

Numekula Weiner, Lee, kple Bell gblɔ be: “woxɔe se le ɖoɖo akpa gãtɔ siwo wowɔna egbea tsɔ kpena ɖe gbagbãdɔlélawo ŋu be woagaɖo woƒe nɔnɔ me be ne nu gblẽ le ahɔhɔ̃ ƒe akpa aɖe ŋu la, akpa bubuwo ate ŋu axɔ dɔ si akpa si ŋu nu gblẽ le wɔna tsã awɔ. Dɔdada atikemanɔmee sia ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be woatu teƒe siawo siwo mewɔa dɔ mawo tsã o la ƒe ŋutete ɖo eye woado ŋusẽ ahɔhɔ̃ la bene wòagbugbɔ nuwo aɖo ɖe ɖoɖo nu eye wòatrɔ ɖe nɔnɔme si me amea le ŋu.” Gake nu bubuwo hã kpɔa ŋusẽ ɖe hayahaya la dzi, le kpɔɖeŋu me, ahɔhɔ̃a ƒe afisi ŋu nu gblẽ le kple alesi dɔa gblẽ nui, amea ŋutɔ ƒe lãmesẽ, atike si wowɔ nɛ ƒe nyonyome, kple ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu.

Ƒomea Kple Xɔlɔ̃wo ƒe Kpekpeɖeŋu

Erikka tsɔ ƒe etɔ̃ de kamee be yeahaya eye wòsrɔ̃ zɔzɔ kple eƒe nuɖusi zazã be wòaxɔ ɖe eƒe mia si megate ŋu wɔa naneke o la teƒe. Egblɔ nusi kpe ɖe eŋu be wòte ŋu nɔ te ɖe enu be: “Nu vevitɔe nye be srɔ̃nye kple xɔ̃nyewo nɔ ŋunye kplikplikpli. Enyanya be wolɔ̃m la do ŋusẽm, eye ne wode dzi ƒo nam be magana ta o la, eʋãm be mayi edzi.”

Ƒomea me tɔwo naa kpekpeɖeŋu le woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe hayahaya me. Ehiã be woabia nya atikewɔlawo eye woalé ŋku ɖe dɔdadamɔnu siwo dzi wòhiã be woayi le aƒeme ŋu be afisi dɔa ka ɖe eme ɖo la nagagbugbɔ va megbe o. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe dzigbɔɖi, dɔmenyo, nugɔmesese, kple lɔlɔ̃ ana amea navo le eɖokui me be wòagbugbɔ nuƒoƒo, nuxexlẽ, kple gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo asrɔ̃.

John tsɔ dzidedeƒo kple amenubeble vi aɖe dze agbagba kpe ɖe srɔ̃a Ellen ŋu le kamedede kple dɔdada atike manɔmee mɔnu zazã me. Egblɔ le eƒe ƒomea ƒe agbagbadzedze ŋu be: “Míeɖea mɔ na Ellen be eƒe nu nawɔ nublanui na eɖokui o. Ɣeaɖewoɣi míeƒoa nya ɖe enu vevie, gake ɣesiaɣi míeléa ŋku ɖe afisi eƒe ŋutete se ŋu eye míekpena ɖe eŋu. Nu va wɔa dɔ ɖe edzi kabakaba, eyata medzea agbagba be magadzi eƒe fukpekpewo ɖe edzi nɛ o.”

John kpe ɖe Ellen ŋu esime nuƒoƒofiamela nɔ kpekpem ɖe eŋu be wòagbugbɔ nuƒoƒo asrɔ̃. “Nuwo wɔwɔ ɖekae nye dzideƒonamemɔnu aɖe, eyata míexlẽa Biblia na mía nɔewo, eye esia kpe ɖe eŋu le eƒe nuƒoƒoa sɔsrɔ̃ me. Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míedze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme hã kplii vivivi. Esia wɔwɔ kpe ɖe Ellen ŋu be wòagblɔ míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔa na amewo. Nusia ŋutɔ nye dɔdada le eɖokui si na Ellen.” Le ƒe etɔ̃ ƒe nuwuwu la, Ellen wɔ ŋgɔyiyi gã aɖe ŋutɔ.

Mele be míabu xɔlɔ̃wo ƒe dzideƒo kple ŋusẽdodo nu tsɛe gbeɖe o, elabena woate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe gbagbãdɔléla la ƒe hayahaya dzi. Atike magazine si nye Stroke (Gbagbãdɔ) ka nya ta be “wokpɔ be amewo ƒe kpekpeɖeŋunana [si sɔ gbɔ] te ŋu fiana be amea ƒe hayahaya atsɔ kabakaba wu eye wòawɔ ŋgɔyiyi le eƒe ŋutinuwo zazã me wu, le amesiwo ŋu gbagbãdɔa gblẽ nu le vevie wu gɔ̃ hã gome.”

Kpekpeɖeŋu si Bernie xɔlɔ̃wo nae la dze eŋu ŋutɔ. Eɖo ŋku edzi na mí be: “Xɔlɔ̃wo ƒe sasrãkpɔwo kpena ɖe ame ŋu ale gbegbe be woate ŋu anɔ te ɖe enu. Veveseseɖeamenugbe kple ɖetsɔlemename dea dzi ƒo na ame. Togbɔ be mele be woahe susu ayi amea ƒe dɔlélea dzi fũ o hã la, ekafukafu ɖe ŋgɔyiyi si wòwɔ ta dea dzi ƒo nɛ ŋutɔ.” Nuka mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo ŋu gbagbãdɔa gblẽ nu le ŋu? Bernie kafui be “tsɔ seƒoƒo aɖewo yi na amea, alo nàgblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya alo nuteƒekpɔkpɔ aɖe nɛ. Nu ma kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.”

Melva si nye ame tsitsi aɖe si ŋu gbagbãdɔ nɔ kpɔ la kpɔe be ekpe ɖe ye ŋu ŋutɔ esime yeƒe gbɔgbɔmenɔviwo do gbe ɖa kple ye. Gilbert hã kafu nusia, eye wòɖe nu me be: “Ne mia kple ame aɖe miedo gbe ɖa la, efiana be ètsɔ ɖe le eme nɛ ŋutɔ.” Edzea Peter, amesi gbagbãdɔ na megakpɔa nu nyuie o ŋu ne amewo se eƒe kuxia me nɛ eye wokpɔ vovo ɖe eŋu xlẽ nu nɛ.

Kpekpe ɖe amea ŋu akplɔe ayi dɔdaƒeae agakplɔe gbɔe hã nye lɔlɔ̃ɖeɖefia. Egbɔkpɔkpɔ be afɔkunuwo naganɔ gbagbãdɔlélaa ƒe aƒeme o hã le vevie. Wote ŋu dzea anyi ɣesiaɣi ne zɔzɔ zu kuxi na wo. Le kpɔɖeŋu me, edzɔ dzi na Gilbert ŋutɔ esi xɔ̃awo nyo dɔme tu ati ɖe eƒe tsileƒe si wòate ŋu alé alo aziɔ ɖe eŋu be magadze anyi o.

Kpekpeɖeŋunana Sɔsrɔ̃

Dzikukpɔkpɔ kabakaba kple didi be woafa avi enuenu ate ŋu ana ŋu nakpe gbagbãdɔléla la, eye wòana eteƒekpɔla siwo menya alesi woawɔ o hã natɔtɔ. Gake ne xɔlɔ̃wo srɔ̃ alesi woana kpekpeɖeŋui la, woate ŋu akpe ɖe gbagbãdɔléla ŋu be matsi akogo o, si nye nusi ate ŋu adzɔ ne womekpe ɖe eŋu o. Zi geɖe la, avifafaa dzi ɖena kpɔtɔna ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Gake ne ele avi fam la, gbɔ dzi ɖi nànɔ amea gbɔ eye nàgblɔ nya siwo nàdi be woagblɔ na ye ne dziwòe wòdzɔ ɖo la nɛ.

Ƒo wo katã ta la, tu mawumelɔlɔ̃ ɖo na amesiwo ƒe dɔléle na woƒe amenyenye si nènya tsã do ŋgɔ la trɔ. Wonya alesi nèsena le ɖokuiwò me, eye esia akpɔ ŋusẽ ɖe alesi wowɔa nui ɖe ŋuwò dzi. Erikka gblɔ be: “Ðewohĩ nyemagaɖo nye nɔnɔ akpɔ o. Gake mele be ame aɖeke nakpɔ mɔ na ema tso gbagbãdɔlélawo gbɔ o. Ele be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nasrɔ̃ alesi woalɔ̃ ameae le nɔnɔme si me wòle nu. Ne wolé ŋku ɖe eƒe amenyenye ŋu tsitotsito la, woakpɔ be nɔnɔme nyoameŋu siwo nɔ esi tsã la gale esi kokoko.”

Ne amea megate ŋu ƒoa nu o alo eƒe nuƒo me megakɔna o la, megabua eɖokui be bubu le ye ŋu o. Xɔlɔ̃wo ate ŋu ana amesiwo megate ŋu ƒoa nu nyuie o nakpɔe be asixɔxɔ le yewo ŋu ne wodzea agbagba be yewoaƒo nu kple wo. Takashi gblɔ be: “Alesi mebua tamee kple alesi mesena le nye dzi me metrɔ o. Gake amewo dina be yewoasi le gbɔnye le esi womagate ŋu aɖo dze kplim abe tsã ene o ta. Esesẽna nam be mate ɖe ame ŋu, gake ne ame aɖe te ɖe ŋunye ƒo nu nam la, enyea dzideƒo gã aɖe nam eye wòdoa dzidzɔ nam ŋutɔŋutɔ!”

Nya siwo gbɔna la nye mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe mí katã mía ŋu be míakpe ɖe amesiwo ƒe nuƒoƒo ŋu nu gblẽ le ŋu eye míade dzi ƒo na wo la ƒe ɖewo.

Gbagbãdɔ akpa gãtɔ megblẽa nu le amea ƒe nunya ŋu o. Amesiwo ƒe gbagbãdɔ kana ɖe eme dometɔ akpa gãtɔ ƒe susu nɔa ŋute, togbɔ be asesẽ be woase woƒe nuƒo me hã. Mègada wo ɖe anyi gbeɖe le wò nuƒoƒo me alo nànɔ nu ƒom na wo abe ɖeviwo ene o. Wɔ nu ɖe wo ŋu le bubumɔ nu.

Gbɔ dzi ɖi nàɖo to wo. Woahiã ɣeyiɣi be woagblɔ nyaa ɖe ɖoɖo nu le susu me alo awu nya si gblɔm wole nu. Ðo ŋku edzi be nyasela si tsɔ ɖe le eme na ame metsia dzi le nyasese me o.

Mègawɔ abe ɖe nèse nusianu me ene ne mèse eme o. Lɔ̃ ɖe edzi tufafatɔe be: “Meɖe kuku. Nyemele nyaa me sem tututu o. Gagblɔe ake.”

Gbɔ dzi ɖi nàƒo nua blewu eye gbea ƒe lolome nanɔ abe alesi nèƒoa nui ko.

Gblɔ nyawo kpuie eye nàzã nya siwo gɔme anya se nɛ.

Bia nya siwo ƒe ŋuɖoɖo nye ẽ alo ao, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaɖo eŋu. Ðo ŋku edzi be ɖewohĩ womase nya siwo zãm nèle gɔme o.

Ɣli meganɔ egbɔ o.

Tenɔnɔ ɖe Enu le Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu si me Lɔlɔ̃ Le Me

Togbɔ be ele vevie be nànya nusi na nèdze gbagbãdɔa, le esi wòakpe ɖe ŋuwò nàtso ɖe eŋu eye be nàwɔ nusiwo ana enu magasẽ na wò le etsɔme o hã la, ele vevie be nànya alesi nàwɔ aɖu vɔvɔ̃ si wòhena vɛ hã dzi. Ellen gblɔ be: “Mawu ƒe nya siwo le Yesaya 41:10 koŋ ye dea dzi ƒo nam wu. Afima gblɔ be: ‘Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.’ Yehowa va zu ame ŋutɔŋutɔ nam ale gbegbe be nyemevɔ̃na o.”

Biblia kpena ɖe Anand hã ŋu wònɔa te ɖe alesi mɔkpɔkpɔ buna ɖee nu: “Enaa kpekpeɖeŋu geɖe ŋutɔm, elabena egbɔa agbem hedoa ŋusẽ yeyem ɣesiaɣi.” Kuxi si nɔ Hiroyuki ŋue nye alesi wòawɔ Ŋɔŋlɔawo naɖe vi nɛ, elabena eƒe susu megate ŋu nɔa nu ŋu didina o. Egblɔ be: “Biblia-gbalẽ siwo wolé ɖe kasɛt dzi sese faa akɔ nam.”

Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:10) Yehowa ƒe gbɔgbɔe kpe ɖe Paulo ŋu wòwɔ nusi mate ŋu awɔ le eɖokui si o. Amesiwo gbagbãdɔ ka ɖe eme na hã ate ŋu aɖo ŋu ɖe gbɔgbɔmeŋusẽdodo si tsoa Yehowa gbɔ ŋu. Erikka ɖe nu me be: “Ne míaƒe lãme sẽ eye míewɔa nusianu le mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ me la, ɖewohĩ míana mɔnukpɔkpɔ geɖe Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu o. Gake nye dɔlélea na mɔnukpɔkpɔm be mana mía kplii dome ƒomedodoa me nasẽ le mɔ tɔxɛ ŋutɔ aɖe nu.”

Dɔnɔdzikpɔlawo Xɔa Kpekpeɖeŋu

Dɔnɔdzikpɔlawo hiã kpekpeɖeŋu le dɔ vevi si wɔm wole me. Afika woate ŋu adi kpekpeɖeŋu sia le? Teƒe ɖekae nye le ƒomea me. Ele be emetɔ ɖesiaɖe nawɔ akpa aɖe le dzikpɔkpɔgba la tsɔtsɔ me. Yoshiko gblɔ alesi viaŋutsuwo kpe ɖe eŋu le seselelãme gomee na mí be: “Woɖoa to sea nye kuxiawo abe woawo ŋutɔwo ƒe kuxie ene.” Ehiã be ƒomea me tɔwo naxɔ nyatakaka siwo katã woate ŋu akpɔ le dɔa ŋu ale be woasrɔ̃ alesi woakpɔ gbagbãdɔléla dzi kple alesi woawɔ nui ɖe tɔtrɔ siwo va woƒe lɔlɔ̃tɔa ƒe amenyenye me ŋu.

Amekawo hãe agate ŋu akpe ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu? David kple eƒe ƒomea di kpekpeɖeŋu le woƒe gbɔgbɔmeƒome si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me be woakpe ɖe Victor ŋu: “Wotso ɖe míaƒe hiahiã la ŋu. Woɖɔa li wo nɔewo eye ɣeaɖewoɣi wova mlɔa mía gbɔ be yewoakpe ɖe Victor ŋu le zã bliboa me na mí.”

Ehiã be dɔnɔdzikpɔla ɖesiaɖe nakpɔe be yeƒe gbɔgbɔmeƒomea lɔ̃ ye eye wole megbe na ye. Gake kpekpeɖeŋu biabia asesẽ na ame aɖewo. Haruko ɖe nu me be: “Wogblɔna nam zi geɖe be: ‘Ne nane li si me nàhiã kpekpeɖeŋu le la, mègagbe egbɔgblɔ na mí o sea.’ Gake esi menya alesi vovo mele ame aɖeke ŋui o ta la, kpekpeɖeŋu biabia sesẽna nam. Adzɔ dzi nam ne amewo akpe ɖe ŋunye le nane koŋ wɔwɔ me: ‘Mate ŋu akpe ɖe ŋuwò le aƒea me dzadzraɖo me. Gbekagbee asɔ na wò?’ ‘Mate ŋu ade asime na wò, asɔ na wò be mava to gbɔwò fifiaa?’”

Gbagbãdɔ ɖe fu na Kenji srɔ̃nyɔnu; gake ete ŋu na kpekpeɖeŋu si nyɔnua hiã lae. Ekpɔ be gbedodoɖa kpe ɖe ye ŋu yete ŋu droa yeƒe agbawo ɖe Yehowa dzi. Mlɔeba srɔ̃a megate ŋu ƒoa nu kura o, eye esi wòdzɔ nenema la, ame aɖeke megali Kenji naɖo dze kple o. Gake exlẽa Biblia gbesiagbe. Egblɔ be: “Ena meɖoa ŋku Yehowa ƒe beléle na amesiwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te dzi, eye esia na nyemelé blanui tsi akogo o.”

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne ewɔ abe ɖe míagate ŋu anɔ te ɖe míaƒe seselelãmewo nu o ene. Yoshiko gblɔ le alesi wòwɔ nɔ te ɖe srɔ̃aŋutsu ƒe amenyenye ƒe tɔtrɔ kple dzibibi kabakaba le gbagbãdɔa dzedze megbe nu ŋu be: “Ɣeaɖewoɣi ewɔna nam be mado aƒa sesĩe. Medoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi le ɣeyiɣi mawo me, eye eƒe gbɔgbɔ naa mekpɔa ŋutifafa.” Menaa naneke xea mɔ na eƒe Kristotɔgbenɔnɔ o tsɔ ɖea ŋudzedze si wòkpɔ ɖe Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ nɛ ŋu fiana. Edea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo, wɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa, eye wòsrɔ̃a Biblia le eɖokui si ɣesiaɣi. Yoshiko gblɔ be: “Menya be ne mewɔ nye akpa dzi la, Yehowa magblẽm ɖi akpɔ o.”

Ne míeva tsi dzodzodzoe la, Yehowa li ase míaƒe nyawo na mí. Midori, amesi srɔ̃ŋutsu gbagbãdɔ ka ɖe eme na la kpɔa akɔfafa le esi Yehowa tsɔ eƒe aɖatsifafawo katã de eƒe “goe” me le kpɔɖeŋumɔ nu ta. (Psalmo 56:9) Eɖoa ŋku Yesu ƒe nyawo dzi be: “Migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o.” Egblɔ be: “Meɖoe be magbɔ dzi ɖi vaseɖe esime xexeme yeyea nava.”—Mateo 6:31-34.

Tenɔnɔ ɖe Lãmegbegblẽa ƒe Sesẽ Nu

Nyateƒee wònye be dɔa kana ɖe eme na ame aɖewo yia ŋgɔe nyuie, gake le ame bubuwo ya gome la, ŋutete si nɔ wo si do ŋgɔ na gbagbãdɔa dzedze ƒe akpa sue aɖe koe gaɖoa wo si. Nukae ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woadze ŋgɔ kuxia, axɔ woƒe mɔxenuawo, togbɔ be wo nu sẽ eye woanɔ anyi eteƒe nadidi hã?

Bernie, amesi bebli hafi wòte ŋu zɔna le gbagbãdɔa ta la, ɖo eŋu be: “Agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi paradiso si gbɔna me ƒe mɔkpɔkpɔ si le asinye kple gbedodoɖa na Yehowa, Fofonye si le dziƒo, kpe ɖe ŋunye be metsɔa nye nuwɔamea kpoo.”

Mɔkpɔkpɔ ma kpe ɖe Erikka kple srɔ̃a Georg ŋu woxɔ nyɔnua ƒe dɔléle eye dzi gadzɔa wo. Georg ɖe nu me be: “Mawu ƒe ŋugbedodo si nye be dɔdada deblibo li gbɔna gbeɖeka la le mía si. Eyata míedaa míaƒe susu ɖe lãmegbegblẽa dzi o. Míewɔa nusianu si míate ŋui na Erikka be eƒe lãme nasẽ ya. Gake àte ŋu asrɔ̃ alesi nànɔ anyi kple ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔ madebliboa eye wò susu nanɔ nusiwo tua ame ɖo wu la dzi.”—Yesaya 33:24; 35:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:4.

Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu hiã vevie, na amesiwo ƒe lãme meka ɖe eme na wo yi ŋgɔ boo o koŋ. Woate ŋu akpe ɖe dɔnɔa ŋu wòado dzi vaseɖe esime Mawu ƒe game nade be wòaɖe lãmegbegblẽwo katã ɖa.

Enyanya be etsɔme wɔnuku aɖe li na gbagbãdɔlélawo kple woƒe ƒomewo si me woagaɖo lãmesẽ me kpena ɖe wo ŋu be wodzea ŋgɔ agbemekuxiwo ŋkeke ɖesiaɖe kple etɔ. Esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woagbɔ dzi ɖi anɔ mɔ kpɔm na gbɔdzɔe kpɔkpɔ le Mawu ƒe xexe yeye si gbɔna kpuie la me. (Yeremya 29:11; Petro II, 3:13) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, amesiwo katã trɔna ɖe Yehowa ŋu ate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu eye wòalé yewo ɖe te fifia gɔ̃ hã le tenɔnɔ ɖe gbagbãdɔ ƒe nugbegblẽleameŋuwo nu me.—Psalmo 33:22; 55:23.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ate ŋu akpe ɖe dɔnɔa ŋu wòado dzi vaseɖe esime Mawu ƒe game nade be wòaɖe lãmegbegblẽwo katã ɖa

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mɔxexe Ðe Gbagbãdɔ Nu

NYA si Ðk. David Levine gblɔe nye be: “Mɔ nyuitɔ kekeake si nu woakpɔ gbagbãdɔ gbɔ le ye nye be woaxe mɔ ɖe enu.” Eye nusi koŋ hea gbagbãdɔ akpa gãtɔ vɛ ye nye ʋusɔgbɔdɔ.

Le ame geɖe gome la, woate ŋu axe mɔ ɖe ʋusɔgbɔdɔ nu ne woɖua nuɖuɖu siwo me nunyiame si nye potassium sɔ gbɔ ɖo gake dze, ami toto, kple ʋumemi (cholesterol) mesɔ gbɔ ɖe wo me o. Ahasesẽnono dzi tsotso hã ate ŋu aɖe vi. Kamedede edziedzi ƒe ɖoɖo si sɔ ɖe ƒe si woxɔ kple ame ƒe lãmesẽ nu ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be womalolo akpa o, eye esia hã awɔe be manɔ bɔbɔe be woadze ʋusɔgbɔdɔ o. Ahiã be woazã atike—le ɖɔkta ƒe mɔfiafia te, elabena atike vovovowo li.

Ʋukagã si to ame ƒe kɔ me yi ame ƒe ahɔhɔ̃ me ƒe dɔxɔxɔ naa afisi ʋu sina tona yi ahɔhɔ̃ gbɔ la me miana eye esia nye nu vevi siwo hea gbagbãdɔ vɛ dometɔ ɖeka. Le alesi eme xee nu la, wote ŋu kafunɛ be woako kɔmeʋukagã sia be woaɖe nusiwo xe ʋuka siwo me ʋu sina tona yia ahɔhɔ̃ gbɔ la me, eye woyɔa amekoko sia be ʋukameɖeɖe. Numekukuwo fia be amekoko si ŋu atikezazã kpe ɖo la ɖe vi na amesiwo ŋu dzesi dze le be woƒe ʋuka me xe eye ʋukaawo me mia ŋutɔ la. Gake kuxi aɖewo ate ŋu anɔ amekokoa ŋu, eyata ele be woabu eŋu nyuie.

Dzidɔ ate ŋu ana woaxɔ gbagbãdɔ bɔbɔe. Woate ŋu azã atike siwo naa ʋu meblana kabakaba o ne ame ƒe dzi metsona ɖe ɖoɖo nu o, esi ate ŋu ana ʋukɔ nanɔ ame ƒe ʋuka me si ayi ɖe ame ƒe ahɔhɔ̃ me. Dzidɔ bubuwo ate ŋu abia be woako ame eye woawɔ atike na ame be womegaxɔ gbagbãdɔ bɔbɔe o. Gbagbãdɔ geɖe tsoa suklidɔ gbɔ, eyata mɔxexe ɖe dɔ sia nu akpe ɖe ŋuwò be nàxe mɔ ɖe gbagbãdɔ hã nu.

Ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe ʋumeya masuame nye nyanyananadzesi si dze kɔte be àte ŋu adze gbagbãdɔ. Kpɔ egbɔ be yemefe le eŋu o. Yi wò ɖɔkta gbɔ, eye nàwɔ dɔ le nusiwo henɛ vɛ ŋu, elabena ʋumeya masuame naa wònɔa bɔbɔe ŋutɔ be woadze gbagbãdɔ.

Agbe si da sɔ nɔnɔ si dea ame ƒe lãmesẽ dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ le mɔxexe na gbagbãdɔ me. Nuɖuɖu si da sɔ kple kamedede edziedzi kpakple aha fũ manomano tsɔ kpe ɖe atamamazãmazã ŋu ate ŋu ana wò ʋukawo me maxe o eye wòana ʋuka siwo ŋu nu gblẽ le xoxo gɔ̃ hã nate ŋu aɖɔ ɖo kaba. Wogblɔ le numekuku vovovo me be atikutsetse kple amagbe siwo le yeye kpakple nukuwo ɖuɖu kpe ɖe amewo ŋu womedze gbagbãdɔ o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe