INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 2/8 axa 4-8
  • Gbagbãdɔ Nusi Henɛ Vɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbagbãdɔ Nusi Henɛ Vɛ
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Wògblẽna
  • Dzeɖoɖokuxiwo
  • Seselelãme Kple Amenyenye ƒe Tɔtrɔwo
  • Egblẽa Nu le Ƒometɔwo Hã Ŋu
  • Tenɔnɔ ɖe Eƒe Fuɖenamewo Nu
    Nyɔ!—1998
  • Gbagbãdɔ!
    Nyɔ!—1998
  • ‘Ŋutinu Siwo Wɔa Dɔ Ðekae ɖe Game dzi Pɛpɛpɛ’
    Nyɔ!—1997
Nyɔ!—1998
g98 2/8 axa 4-8

Gbagbãdɔ Nusi Henɛ Vɛ

AHƆHƆ̃ŊUTINUNYALA Ðk. Vladimir Hachinski si le Ontario Ɣetoɖoƒenutome Yunivɛsiti le London, Canada, gblɔ be: “Ahɔhɔ̃e nye ŋutinu si ŋu nu te ŋu gblẽna le bɔbɔe wu.” Togbɔ be ame ƒe kpekpeme ƒe alafa memamã 2 koe ahɔhɔ̃ nye hã la, lãmeka suesue siwo wu biliɔn ewo ye le eme, eye kadodo nɔa wo dome ɣesiaɣi be woafia mɔ míaƒe tamebubu, ʋaʋã, kple seselelãme ɖesiaɖe. Ahɔhɔ̃ la xɔa ya si míegbɔna si nye oxygen kpakple sukli si woyɔna be glucose siwo wòhiã be woado ŋusẽe ɣesiaɣi tsoa ʋuka gbogbo aɖewo me.

Gake ne le sɛkɛnd ʋee aɖewo ko me ahɔhɔ̃ ƒe akpa sue aɖe mekpɔ oxygen o hã la, egblẽa nu le ahɔhɔ̃meka siwo ŋu nu te ŋu gblẽna le bɔbɔe wu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Ne nusia yi edzi wu aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo la, egblẽa nu le ame ƒe ahɔhɔ̃ ŋu, elabena ahɔhɔ̃menugbagbeviwo va nɔa kukum tsɔ kpe ɖe ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ siwo dzi wokpɔ ŋusẽ ɖo ŋu. Woyɔa nɔnɔme sia be ʋumeya masuame, si nye oxygen makpɔmakpɔ le esi ʋukawo me xe ta. Nu gagblẽna le ahɔhɔ̃ ŋu ɖe edzi elabena ya masuamea gblẽa nu vovovo le eŋu. Nusiae hea gbagbãdɔ vɛ. Wote ŋu xɔa gbagbãdɔ hã ne ʋukawo gbã ale be ʋu ɖuɖu ɖe ame ƒe ahɔhɔ̃ me, esi xea mɔ na ahɔhɔ̃ me kadodowo. Esia tɔtɔa lãmetsi kple nyatakaka siwo ahɔhɔ̃ la aɖo ɖe ŋutilã la ƒe akpa vovovowo eye wògblẽa nu le ahɔhɔ̃ la ŋutɔ hã ŋu.

Nusiwo Wògblẽna

Gbagbãdɔ ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔme eye gbagbãdɔ ƒomevi vovovoawo ate ŋu agblẽ nu hamehame le ame vovovo ŋu. Togbɔ be gbagbãdɔ me tsonuwo katã medzɔna ɖe ame aɖeke dzi o hã la, eƒe nugblẽƒe ate ŋu anye nusi nu mesẽ boo o eye ƒã hafi nàde dzesii alo enu ate ŋu asẽ woase veve vevie eye wòadze gaglãa. Ahɔhɔ̃ ƒe afisi ŋu nu gblẽ le ye fiaa ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ siwo ŋu nu gblẽ le.

Nusi dɔ sia te ŋu gblẽna le ame ŋu vevie ye nye be enaa abɔ kple afɔ kuna alo tuna ɖe ame ŋu. Zi geɖe la, etoa akpa ɖeka na ame, etoa ŋutilã ƒe akpa evelia na ahɔhɔ̃a ƒe akpa si ŋu nu gblẽ le. Eyata ne wò ahɔhɔ̃ ƒe ɖusikpa dzi ŋue nu gblẽ le la, wò miakpa dzie atu, eye ne wò ahɔhɔ̃ ƒe miakpa dzi ŋue nu gblẽ le la, wò ɖusikpa dzie atu. Ɣeaɖewoɣi ame aɖewo te ŋu wɔa woƒe abɔ kple afɔ ŋudɔ, gake wova kpɔna be yewoƒe lãme nɔa ƒoƒom ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe yewoƒe abɔ kple afɔ megate ŋu ʋãna ɖe ɖoɖo aɖeke nu o ene. Amesi dzi wòdze la wɔna nu abe amesi le fefewɔwɔ le sno dzi srɔ̃m eye wòle agbagba dzem be yemagadze anyi o ene. Ðk. David Levine si le New York ƒe Yunivɛsiti Dɔdaƒe gblɔ be: “Seselelãme si naa wonyana ne ɖe woƒe abɔ alo afɔ le ʋaʋãm alo mele ʋaʋãm o kple afisi wòle le yame la megawɔa dɔ na wo o.”

Amesiwo wòka ɖe eme na la dometɔ siwo wu 15 le alafa me xɔa anyidzedɔ, si wɔnɛ be woƒe lãme ƒona kpakpakpa, eye wokua ƒenyi ɣeaɖewoɣi hã. Ebɔ be wosea veve eye wosenɛ le wo ɖokui me be yewoƒe lãmenusesewo hã trɔ. Ame aɖe si gbagbãdɔ ka ɖe eme na si ŋu eƒe asi kple afɔ kuna ɖo ɣesiaɣi gblɔ be: “Zã aɖewo ne nane ka nye afɔ ŋu la, menyɔna elabena ewɔna nam abe elektrik ye ƒom ene.”

Dɔ siwo gbagbãdɔ hena ƒua ame dometɔ aɖewo ate ŋu anye nu ɖeka kpɔkpɔ nu evee kple numimi ƒe sesẽ na ame. Ne nu gblẽ le nume kple veme ƒe afisiwo xɔa lãmenusese tso lãmeka suesuewo me ŋu la, ate ŋu ana gbagbãdɔlélawo nagawɔ ŋukpedoameɖokuinu bubuwo, abe adeɖeɖe ɖe akɔta ene. Dɔ sia ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesidzenu atɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe ŋu, esi awɔe be amea ƒe nukpɔkpɔ, nusese, nuʋeʋẽse, nuɖɔɖɔkpɔ, kple asikakanuŋu naɖe fu.

Dzeɖoɖokuxiwo

Tsɔe be ame sesẽ eve siwo mènya o kplɔ ye ɖo le mɔdodo si dzi kaɖiwo mele bibim nyuie o dzi. Esi nètrɔ kpɔ megbe la, èkpɔ be wonyã ye ɖe nu kple du. Èdi be yeado ɣli be woaxɔ na ye, gake mète ŋu le ɣlia dom o! Èkpɔ alesi gbegbe nàxaxae le nɔnɔme ma me ɖa le susu mea? Nenemae wòdzɔna ɖe gbagbãdɔléla geɖe dzii ne zi ɖeka ko kpata womegate ŋu le nu ƒom o.

Nusiwo gbagbãdɔ gblẽna le ame ŋu vevie wu dometɔ aɖee nye alesi màte ŋu agblɔ wò susuwo, seselelãmewo, kple vɔvɔ̃wo o—le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, esɔ ko kple alesi nàɖe ɖe aga tso xɔ̃wòwo kple ƒowòmetɔwo gbɔ. Ale ame aɖe si wòka ɖe eme na ɖɔe enye esi: “Ɣesiaɣi ne medi be magblɔ nya aɖe la, nya aɖeke medona o. Ezinɛ ɖe dzinye be mazi ɖoɖoe eye ne wogblɔ nya aɖe alo ŋlɔ nane la, nyemete ŋu wɔna ɖe edzi o. Ðeko nyawo nɔa ɖiɖim le tome nam . . . abe fiafiam amesiwo le gbɔnye le ene. Nyemete ŋu sea amewo ƒe nuƒoƒo gɔme o eye nyemete ŋu ƒoa nu hã o.”

Gake Charles ya sea nya sia nya si wogblɔ nɛ me. Gake le nyaŋuɖoɖo gome la, eŋlɔ be: “Megblɔa nya si medi be magblɔ la ɖe susu me gbã, gake ne wodo le nunye la, wotɔtɔna eye gɔmesesea trona kura. Ne edzɔ nenema la, mesena le ɖokuinye me be mexaxa.” Arthur Josephs ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye Stroke: An Owner’s Manual me be: “Ŋutinu vovovo siwo wu alafa ɖeka ƒe mɔfiafia tee lãmenu siwo naa nuwo ʋãna alafa ɖeka kple edzivɔ le mamã dedie nu zɔna ɖo hewɔa dɔ ɖekae le nuƒoƒo me. . . . Lãmeka siwo kpɔa ŋusẽ ɖe lãmenuwo ƒe ʋaʋã ƒe dɔwɔwɔ gbogbo aɖe si nye 140,000 dzi ye hiã hafi woate ŋu aƒo nu le sɛkɛnd ɖesiaɖe me. Ðe wòwɔ nuku be ne nane gblẽ le ahɔhɔ̃ ƒe akpa si kpɔ ŋusẽ ɖe lãmenu siawo dzi ŋu la, ana woagblɔ nya si ƒe gɔmesese troa?”

Nu manyatalenu geɖe siwo dzɔna le afisi kpɔ ŋusẽ ɖe nuƒoƒo dzi la tsoa gbagbãdɔ gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe si mete ŋu ƒoa nu o te ŋu dzia ha ya. Ame bubu ate ŋu anɔ anyi ko anɔ nu ƒom gake ne eya ŋutɔ di be yeagblɔ nya aɖe ya la, magate ŋu aƒo nu o alo anɔ nuƒoƒo dzi matɔmatɔe. Ame aɖewo nɔa nya ɖeka gbɔgblɔ dzi alo wozãa nyawo madzemadzee, eye ne wodi be yewoagblɔ be ao la, woagblɔ be ẽ, eye woagblɔ ao ne ẽ ye wodi be yewoagblɔ. Ame aɖewo nyaa nya si wodi be yewoagblɔ, gake ahɔhɔ̃ la mate ŋu agblɔ na nu, nuyiwo, kple aɖe be woagblɔe o. Alo ɖewohĩ wohea nya me ale gbegbe be woƒe nya me menya sena o le esi ŋutinu siwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nyagbɔgblɔ dzi gbɔdzɔ ta. Ame aɖewo gblɔa dzikunyawo zi ɖeka esime wole nu ƒom.

Nu bubu si gbagbãdɔ ate ŋu agblẽe nye ahɔhɔ̃ ƒe akpa si kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe gbe ƒe ɖiɖime si ɖea eƒe seselelãme fiana dzi. Ate ŋu awɔe be seselelãme aɖeke madze le ame ƒe nuƒoƒo me o. Alo ɖewohĩ asesẽ na amea be wòanya ne gbea ƒe ɖiɖime fia be amesi le nu ƒom nɛ la ƒo nu kple seselelãme. Dzeɖoɖokuxi siawo tɔgbe siwo ŋu míeƒo nu le va yi ate ŋu ahe mamã ava ƒomea me, abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome ene. Georg ɖe nu me be: “Esi gbagbãdɔ gblẽa nu le alesi woɖea ame ƒe seselelãme fiana to moɖoɖo me kple ame ƒe ŋutinuwo zazã le nuƒoƒo me ŋu, le nyateƒe me, le ame ƒe amenyenye bliboa katã ŋu ta la, ewɔe zi ɖeka be mía dome megavivina abe tsã ene o. Ðeko wòwɔ nam abe srɔ̃ bubu kura, amesi wòle be maganya yeyee, meɖe ene.

Seselelãme Kple Amenyenye ƒe Tɔtrɔwo

Nusiwo tɔtɔa ame, siwo amesiwo ƒe gbagbãdɔ ka ɖe eme na kple woƒe ƒomewo akpe akɔ kple la dometɔ ʋee aɖewoe nye seselelãme ƒe tɔtrɔ siwo mesɔ o, avifafa blobloblo zi ɖeka alo nukokoe me léle enumake, dzikukpɔkpɔ helĩhelĩ, nazãbubu si menɔ amea ŋu tsã o, blanuiléle vevie, seselelãme kple amenyenye ƒe fuɖenamewo.

Ame aɖe si dzi gbagbãdɔ dze si ŋkɔe nye Gilbert gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi nye seselelãme kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye, eye nu suetɔ kekeake nana malé avi me loo alo malé nukokoe me. Ɣeaɖewoɣi ne meko nu la, ame aɖe abiam be, ‘Nuka kom nèle?’ eye le nyateƒe me, nyemate ŋu agblɔe na wo o.” Esia, tsɔ kpe ɖe alesi wòwɔna abe ɖe wòle anyi dzem ene ne ele zɔzɔm kpakple alesi wòtɔna ɖe ata ɖeka dzi, na Gilbert gblɔ be: “Ðeko wòwɔna nam abe ŋutilã bubu mee mele ene, abe ame bubue mezu ene, menye amesi ke menye hafi gbagbãdɔa dze dzinye o.”

Esi wònye nusiwo gblẽa nu le ame ƒe tamesusu kple ŋutilã ŋu ɖea fu na wo ta la, ƒã hafi ɖewohĩ ame ʋee aɖewo ƒe nuwɔna matɔtɔ vevie o. Hiroyuki, amesi ƒe gbagbãdɔ gblẽ nu le eƒe nuƒoƒo ŋu eye eƒe akpa aɖe tu la, ɖe nu me be: “Togbɔ be ɣeyiɣi didi aɖe va yi hã la, meka ɖe eme nam o. Esi mekpɔe be nyemagate ŋu awɔ dɔ si mewɔna abe alesi mewɔnɛ tsã ene o la, ɖeko wòna mebu mɔkpɔkpɔ. Meva nɔ fɔbubu dam ɖe nuwo kple amewo dzi eye mesena le ɖokuinye me abe ɖe nyemegate ŋu le nye seselelãmewo nu nɔ ge o ene. Nyemegawɔa nu abe ŋutsu ene o.”

Vɔvɔ̃ kple dzodzodzoetsitsi ɖea fu na gbagbãdɔlélawo. Ellen ɖe nu me be: “Mesena le ɖokuinye me be nyemele dedie o ne mese nane le nye tame si nye dzesi be gbagbãdɔ agate ŋu aɖe fu nam emegbe. Mevɔ̃na ŋutɔ ne meɖe mɔ na ɖokuinye be mabu tame le vɔvɔ̃ sia ŋu.” Ron gblɔ le dzodzodzoetsitsi si ɖea fu nɛ ŋu be: “Ɣeaɖewoɣi la, bebli hafi mete ŋu ƒoa nya ta si sɔ. Agbagbadzedze be makpɔ kuxi sue eve alo etɔ̃ gbɔ nyea nu sesẽ nam. Meŋlɔa nu be kabakaba ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi meŋlɔa nyametsotso aɖe si mewɔ fifi laa be. Eyata mewɔa vodada dziŋɔ aɖewo wòkpea ŋu na mía kple ame bubuwo. Aleke wòava nɔ nam le ƒe ʋee siwo ava me? Ðe wòava dzɔ be nyemagate ŋu agblɔ nya gɔmesese nanɔ eŋu o alo nyemagate ŋu aku ʋu oa? Ðe mazu agba ɖe srɔ̃nye dzia?

Egblẽa Nu le Ƒometɔwo Hã Ŋu

Eyata míate ŋu akpɔe be menye amesiwo dzi gbagbãdɔa dze koe wòle be woawɔ avu kple nusiwo wògblẽna o. Woƒe ƒomewo hã wɔa avu kplii. Le go aɖewo me la, ele be woakpe akɔ kple alesi wòwɔ nublanui be woakpɔ amesi te ŋu ƒoa nu nyuie eye wòwɔa nusianu pɛpɛpɛ tsã la wɔna navɔ le eŋu, wòazu amesimeme. Ate ŋu atɔtɔ wo dome ƒomedodowo elabena ɖewohĩ ahiã be ƒomea me tɔwo nawɔ dɔdasi siwo memã wo o.

Ale Haruko gblɔ alesi wòwɔ nublanuie nye si: “Srɔ̃nyeŋutsu ŋlɔ nu vevi ɖesiaɖe kloe be. Ehiã be míaɖe asi le dɔwɔƒe si dzi kpɔm wònɔ la ŋu kpata tsɔ kpe ɖe míaƒe aƒe kple nunɔamesiwo ŋu. Nusi tena ɖe dzinye wue nye be nyemegate ŋu ƒoa nu faa kple srɔ̃nye alo abia eƒe aɖaŋuɖoɖo o. Esi meganya ne zã mee alo ŋkeke mee o ta la, zi geɖe eɖea abadzivɔ siwo hiã le zã me le abaa dzi. Togbɔ be míenya be ava zu alea gbeɖeka hã la, eganye nu sesẽ na mí kokoko be míaxɔ nɔnɔme si me wòɖo. Nusianu trɔ na mí, elabena mía kple vinyenyɔnue zu srɔ̃nyedzikpɔlawo fifia.”

Elaine Fantle Shimberg gblɔ ɖe Strokes: What Families Should Know (Gbagbãdɔwo: Nusi Wòle Be Ƒomewo Nanya) me be: “Gbagbãdɔléla dzi kpɔkpɔ—aleke gbegbe nèlɔ̃ woe o—tia kɔ na ame ɣeaɖewoɣi. Nusiwo gbɔ wòhiãna be woakpɔ kple agbanɔamedzi si wònye la dzi meɖena kpɔtɔna o.” Le go aɖewo me la, agbagba gbogbo si ƒomea me tɔ aɖewo dzena ate ŋu agblẽ nu le dzikpɔla la ƒe lãmesẽ, seselelãmewo, kple gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Maria ɖe nu me be ye dada ƒe gbagbãdɔ bia nu gbogbo aɖe tso ye si: “Mesrãnɛ kpɔ gbesiagbe eye medzea agbagba be maxlẽ nu nɛ eye mado gbe ɖa kplii atsɔ atu eƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖoe, eye meɖea lɔlɔ̃ fianɛ, kplaa asi kɔ nɛ hegbugbɔa nu nɛ. Ne megbɔ va aƒeme la, nu tia kɔ nam—ŋkeke aɖewo nu tia kɔ nam ale gbegbe be ɖeko menaa ta.”

Nusi sesẽna wu na dɔnɔdzikpɔla aɖewoe nye alesi woanɔ te ɖe alesi amea ƒe nɔnɔme trɔe nu. Ðk. Ronald Calvanio si srɔ̃ nu tso alesi ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ kple tamesusu dzii gblɔ na Nyɔ! be: “Ne èdze dɔ aɖe si agblẽ nu le ahɔhɔ̃ ƒe akpa si gogo taƒua ŋu ƒe akpa siwo kpɔa dɔ siwo klitsu wu wɔwɔ gbɔ—esiwo nye, alesi amea bua tamee, nɔa agbee, eƒe seselelãmewo—ƒe dɔwɔwɔ ŋu la, ke ameti bliboa gbɔ kpɔm míele, eyata le mɔ aɖewo nu la, nusiwo gblẽ le amea ƒe ahɔhɔ̃ ŋu la trɔa ƒomea ƒe agbenɔnɔ kura.” Yoshiko gblɔ be: “Ðeko wòwɔ abe ɖe srɔ̃nye trɔ kura le eƒe dɔdzedzea megbe ene, eye nu suetɔ kekeake kua dzi nɛ. Meléa blanui ŋutɔŋutɔ le ɣeyiɣi mawo me.”

Zi geɖe la, amesiwo mele ƒomea me o manya nu le amenyenye ƒe tɔtrɔ mawo ŋu o. Eyata dɔnɔdzikpɔla aɖewo sena le wo ɖokui me be yewotsi akogo eye woawo ɖeɖe tsɔa agba siwo le wo dzi la. Midori ɖe nu me be: “Gbagbãdɔa gblẽ nu le srɔ̃nyeŋutsu ƒe tamebubu kple seselelãme ŋu. Togbɔ be ehiã dzideƒo ale gbegbe hã la, megblɔnɛ na ame aɖeke o eye eya ɖeɖe nɔa fu kpem. Eyata ekpɔ ŋkunyeme be makpɔ eƒe seselelãmewo gbɔ. Nɔnɔme si me srɔ̃nye le gbesiagbe naa metsia dzi eye mevɔ̃na gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi.”

Aleke amesiwo dzi gbagbãdɔ dze kple woƒe ƒomewo wɔ dze ŋgɔ tɔtrɔ siwo gbagbãdɔ he va woƒe agbenɔnɔ me? Mɔ kawo nue mía dometɔ ɖesiaɖe míate ŋu akpe ɖe amesiwo gbagbãdɔ wɔna nuwɔametɔwoe ŋu le? Woɖe eme le míaƒe nyati si kplɔe ɖo me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nyanyanadzesiwo

• Gbɔdzɔgbɔdzɔ zi ɖeka, ame ƒe lãme ƒe gadede, alo ame ƒe ŋkume, abɔ, alo afɔ ƒe kuku ɖe ame ŋu, vevietɔ ame ƒe akpa ɖeka

• Nukpɔkpɔ flufluflu alo litii kpata, vevietɔ ne ŋku ɖekae kpɔnɛ nenema; nu ɖeka kpɔkpɔ nu evee ɣeaɖewoɣi

• Nuƒoƒo ƒe sesẽ na ame alo nyagbɔgblɔ bɔbɔetɔ kekeake gɔmemasemase

• Ŋkumetrɔame alo zɔzɔ sagasaga alo ŋutinu vovovoawo ƒe dɔmawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu kple wo nɔewo, vevietɔ ne dɔléle ƒe dzesi bubu gakpe ɖe eŋu

Dzesi Bubu Siwo Medzena Enuenu O

• Taɖuame sesĩe zi ɖeka si mànya nusitae o—zi geɖe la, amea gblɔna be “ta meɖum le nye agbe me kpɔ nenema o”

• Didi be woatru si ŋu asrã kpena ɖo—vovototo si le wo domee nye be esia ya dzea ame dzi kpata (le aɖabaƒoƒo alo gaƒoƒo ʋee aɖewo ko me ke menye le ŋkeke geɖe me o)

• Amememanɔmanɔ ɣeyiɣi kpui aɖe alo ame ƒe ŋutenɔnɔ si dzi aɖe akpɔtɔ ɣeyiɣi kpui aɖe (ƒenyikuku, tɔtɔ, hehedɔ, ɖimeyiyi)

Mègafe le Eƒe Dzesiwo ŋu O

Ðk. David Levine xlɔ̃ nu vevie be ne dzesiawo dze la, amesi dzi wòdze la “nayi kɔdzi ƒe xɔ si me wokpɔa nya kpatawo gbɔ le enumake. Kpeɖodziwo li be ne wotso ɖe gbagbãdɔ ŋu le gaƒoƒo ʋee gbãtɔwo me la, eƒe nugbegblẽ dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ.”

Ɣeaɖewoɣi dzesiawo adze le ame ŋu sẽ ko agabu. Ne edze ame dzi alea la, woyɔnɛ be ahɔhɔ̃ la ƒe ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe ya masuame (TIAs, alo transient ischemic attacks le Eŋlisigbe me). Mègafe le wo ŋu, elabena woate ŋu afia be gbagbãdɔ sesẽ aɖe di be yeadze dziwò, eye gbagbãdɔ bliboa ate ŋu adze dziwò. Ðɔkta ate ŋu ada gbe le nusiwo di be yewoahee vɛ ŋu eye wòana be manɔ bɔbɔe be wòagadze dziwò o.

Woɖe nya siawo tso mɔfiamenya siwo Englewood, Colorado, U.S.A., Dukɔa ƒe Gbagbãdɔ ƒe Amedzidzedzegbɔkpɔha na la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe