Nuteɖeamedzi Nu Anya Nɔ!
“Nu anɔ tetem ɖe mía dzi ɖaa le agbe me, eye nusi ŋu wòle be míalé ŋku ɖo koŋue nye alesi míewɔa nu ɖe eŋu tsɔ wu be míadze agbagba be míaɖe nuteɖeamedzia ɖa.”—Leon Chaitow, lãmesẽŋutinuŋlɔla nyanyɛ aɖe.
BIBLIA gblɔe ɖi be le ‘ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ sesẽ la ava.’ Kpeɖodziwo fia kɔte be míele ɣeyiɣi ma me, elabena—le nyagblɔɖia me vava nu la—amewo nye “adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.”—Timoteo II, 3:1-5.
Eyata mewɔ nuku o be tomefafa sue aɖe gɔ̃ hã menya kpɔna o! Ete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo dia ŋutifafa gɔ̃ hã dzi. Hakpala Dawid ŋlɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ.” (Psalmo 34:20; tsɔe sɔ kple Timoteo II, 3:12.) Ke hã nu geɖe li nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ bene nu nagaglo wò o. De ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ.
Lé Be na Ðokuiwò
Kpɔ wò nuɖuɖu dzi. Nuɖuɖu siwo naa lãmesẽ dometɔ aɖewoe nye proteins, atikutsetsewo, amagbewo, nukuwo kpakple nyinotsinuwo. Kpɔ nyuie le nuku siwo wopu wofu ɣie ƒe wɔ kpakple ami totowo ŋu. Kpɔ wò dzeɖuɖu, sukliɖuɖu, ahanono, kple nusiwo me caffein nɔna abe kɔfi kple bisi ene zazã dzi nyuie. Trɔ asi le wò nuɖuɖu ŋu, eye ɖewohĩ nu maganɔ tetem ɖe dziwò kabakaba o.
Kamedede. Biblia ɖo aɖaŋu be, ‘Ŋutilã ƒe kamedede nyo.’ (Timoteo I, 4:8) Nyateƒee, kamedede si megbɔ eme o gake wowɔnɛ enuenu—ame aɖewo be ate ŋu anye zi etɔ̃ le kwasiɖa me—doa ŋusẽ dzi, enaa ʋu te ŋu sina nyuie, eɖea lãmemi dzi kpɔtɔna, eye wònaa dzidɔ megate ŋu dzea ame dzi kabakaba o. Gawu la, kamedede na wosenɛ le ame ɖokui me be woli nyuie, ɖewohĩ lãmetsi si nye endorphin ƒe gbagba ɖe lãme na ame ne wole dɔ sesẽ wɔm tae.
Dɔ alɔ̃ wòasu wò. Alɔ̃madɔmadɔ na ɖeɖi tea ame ŋu eye ana màgate ŋu anɔ nuteɖeamedzi nu nyuie o. Ne èkpea fu hafi dɔa alɔ̃ la, ke ɖo ɣeyiɣi na anyimɔmlɔ kple fɔfɔ eye nàwɔ ɖe edzi ɣesiaɣi. Ame aɖewo ɖo aɖaŋu be ŋdɔmelɔ̃dɔdɔ nagawu aɖabaƒoƒo 30 o bene wòagaɖe fu na alɔ̃ si nàdɔ le zã me aɖi ɖe eme o.
Wɔ nu ɖe ɖoɖo nu. Nuteɖeamedzi nu nya nɔna na amesiwo wɔa woƒe ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie wu. Be ɖoɖo nanɔ wò nuwɔwɔ ŋu la, ke gbã la, ele be nànya dɔ siwo le vevie wu. Emegbe nàwɔ ɖoɖowɔɖi bene nàgagblẽ nusiawo wɔwɔ ɖi o.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 14:33, 40; Filipitɔwo 1:10.
Na Mia Kple Amewo Dome Nanɔ Nyuie
Na woakpe ɖe ŋuwò. Ne nu te ɖe ame dzi la, amesiwo ŋu ame le la xɔa dzideƒo ya teti tso wo gbɔ ale be nu megloa wo o. Ekpena ɖe ame ŋu ŋutɔ ne eganye xɔlɔ̃ ɖekae wogblɔ kuxia na gɔ̃ hã. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.
Ðɔ masɔmasɔwo ɖo. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Viɖe si le masɔmasɔwo ɖɔɖɔɖo me tsɔ wu be woalé dziku ɖe dɔme la dze le numekuku si wowɔ le ame 929 siwo ƒe dzidɔ ka ɖe eme la me. Le ƒe ewo me tso dzidɔ gbãtɔ ƒe amedzidzedze megbe la, ate ŋu adzɔ zi gbɔ zi etɔ̃ be dzidɔ nawu amesiwo doa adã kabakaba la le wo tɔ bubu siwo fa tu gbɔ. Numekula mawo gblɔ be togbɔ be edze abe dziku gbɔ koŋue wòte ŋu tsona ene hã la, nu sesẽ ɖesiaɖe si wɔa dɔ ɖe ame dzi vevie si naa nuteɖeamedzi ƒe lãmetsi gbogbo aɖe gbagbana ɖe lãme na ame la ate ŋu awɔ dɔ ma ke. Lododowo 14:30 gblɔ be: “Ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.”
Kpɔ vovo ɖe wò ƒomea ŋu. Wode se na dzilawo le Israel be woakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu, aƒã dzidzenu dzɔdzɔewo ɖe woƒe dzi me. (Mose V, 6:6, 7) Kadodo sia wɔnɛ be ƒomea wɔa ɖeka—ewɔ nublanui be nusia bu egbea. Edze le numekuku aɖe me be aɖabaƒoƒo 3.5 koe dzila siwo dea dɔme zãna gbesiagbe le mamã dedie nu tsɔ fena kple wo viwo. Ke hã wò ƒomea ate ŋu anye dzidzemetsoƒe gã aɖe ne nu te ɖe dziwò. Agbalẽ aɖe si woŋlɔ tso nuteɖeamedzi ŋu gblɔ be: “Ƒomea le abe kpekpeɖeŋunahabɔbɔ si axɔ wò faa ade dzi ƒo na wò, eye wonya amesi ƒomevi nènye eye aleke nèɖale o wòalɔ̃ wò ene. Alesi amesiame kpea asi ɖe ehavi ŋu le ƒomea me nye nuteɖeamedzi nu nɔnɔ ƒe mɔnu nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖeka.”
Da Sɔ le Wò Agbenɔnɔ Me
Ðɔ ŋu ɖo. Nutikɔname kple blanuiléle ate ŋu aɖe fu na amesi tsoa hloloe eye nu ɖea fu nɛ akpa. Dadasɔe nye egbɔkpɔnua. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔe be, ‘Nunya, si tso dziƒo dana sɔna.’ (Yakobo 3:17; tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:16, 17 kple Filipitɔwo 4:5.) Nya alesi nàgbe dɔ si wu wò tsɔtsɔ.
Mègatsɔ ɖokuiwò sɔ kple ame bubu o. Galatiatɔwo 6:4 gblɔ be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.” Ẽ, le subɔsubɔnyawo gɔ̃ hã me la, Mawu metsɔa amewo sɔna kple wo nɔewo madzemadzee, adi be míawɔ nusi wu míaƒe ŋutete o. Exɔa míaƒe nunanawo kple vɔsawo ‘le nusi le mía si nu, ke menye le nusi mele mía si o nu o.’—Korintotɔwo II, 8:12.
Di ɣeyiɣi nàɖi ɖe eme. Togbɔ be Yesu nye dɔsesẽwɔla hã la, edi ɣeyiɣi woa kple eyomedzelawo woɖi ɖe eme. (Marko 6:30-32) Amesi gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Nyagblɔla ƒe agbalẽa kpɔe be ɖiɖiɖeme si nyo la ɖea vi. Eŋlɔ be: “Mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyui aɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ano nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe ato eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea te la ƒe agbagbadzedzewo me.” (Nyagblɔla 8:15) Dzidzɔnuwɔna siwo da sɔ ate ŋu ana míaƒe ŋutilã naɖi ɖe eme eye míaŋlɔ nusi te ɖe mía dzi be.
Tsɔ Susu Nyui Kpɔ Nuteɖeamedzii
Ne nuwo le tetem ɖe dziwò la:
Mègatsɔe be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o. Biblia gblɔ na mí be Xana, nyɔnu nuteƒewɔla la ‘xa nu vevie’ ƒe geɖe. (Samuel I, 1:4-11) Esime Paulo nɔ Makedonia la, ‘ekpea fu le nusianu me.’ (Korintotɔwo II, 7:5) Hafi Yesu naku la, ‘ese veve geɖe,’ eye nu te ɖe edzi ale gbegbe be “eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.”a (Luka 22:44) Mawu subɔla wɔnuteƒewoe amesiawo nye. Eyata ne nu te ɖe dziwò la, menye nusita nàsusu be Mawu gblẽ ye ɖi o.
Srɔ̃ nu tso nusiwo te ɖe dziwò me. Paulo ŋlɔ be ‘ŋù nɔ yeƒe ŋutilã me’ wòhiã be yeado dzi atsɔ, eye ɖikeke mele eme o be anye dɔléle aɖe si na wòléa blanui ye. (Korintotɔwo II, 12:7) Gake anɔ abe ƒe atɔ̃ megbe la, egblɔ be: “Le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:12, 13) ‘Ŋù si nɔ Paulo ƒe ŋutilã me’ la mevivi enu o, gake esi wòdo dzi tsɔe la, esrɔ̃ alesi wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe bene wòado ŋusẽ ye.—Psalmo 55:23.
Tu Gbɔgbɔmemenyenye Ðo
Xlẽ Mawu ƒe Nya la eye nàde ŋugble le eŋu. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.” (Mateo 5:3, NW) Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu le vevie. Zi geɖe la, Ŋɔŋlɔawo me dzodzro veviedodotɔe wɔnɛ be míekena ɖe dzideƒonya nyui si tututu míehiã si akplɔ mí ato ŋkekea me ŋu. (Lododowo 2:1-6) Hakpala la ŋlɔe be: “Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò [Mawu ƒe] akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.”—Psalmo 94:19.
Do gbe ɖa edziedzi. Paulo ŋlɔ be, ‘Na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dzi kple tamesusuwo ŋu adzrae ɖo le Kristo Yesu me.’ (Filipitɔwo 4:6, 7) Ẽ, ne ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ ye hiã gɔ̃ hã la, “Mawu ƒe ŋutifafa” ate ŋu aɖu dzimaɖitsitsiwo dzi ana wo nu nafa.—Korintotɔwo II, 4:7.
De Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Kristo-hamea nye kpekpeɖeŋutsoƒe xɔasi aɖe, elabena wode dzi ƒo na emetɔwo be ‘woalé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu, ade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.’ Susu nyui aɖe tae Paulo gblɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Hebri Kristotɔwo be ‘woagagblẽ woƒe ƒuƒoƒewo ɖi o.’—Hebritɔwo 10:24, 25.
Mɔkpɔkpɔ si Ava Eme Godoo
Nyateƒe wònye be nuteɖeamedzi dzi ɖuɖu bia nu geɖe wu ɖoɖo bɔbɔe aɖe dzi wɔwɔ ko. Zi geɖe la, ebia ame ƒe nukpɔsusu tɔtrɔ kura. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be amea nasrɔ̃ mɔ yeye siwo dzi woato awɔ nu ɖe eƒe nɔnɔmewo nu bene nu nagagloe o. Le go aɖewo me la, alesi nu tena ɖe ame dzi kabakaba alo alesi enu sẽnae la na wòava hiã be wòakpɔ ɖɔkta bibi aɖe.
Ele eme baa be ame aɖeke meli egbea si ŋu vo keŋkeŋ ale be nu mate ɖe edzi wòagbɔ eme o. Gake Biblia na kakaɖedzi mí be madidi o Mawu atrɔ eƒe susu ɖe amegbetɔwo ŋu eye wòaɖe nɔnɔme siwo naa nu tena ɖe wo dzi vevie la ɖa. Míexlẽ le Nyaɖeɖefia 21:4 be Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Le ema megbe la, amegbetɔƒomea me tɔ siwo wɔ nuteƒe la anɔ anyi le dedienɔnɔ me. Nyagblɔɖila Mixa gblɔe ɖi be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”—Mixa 4:4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wogblɔ be edzɔ kpɔ be fifia si le abe ʋu ene do le amewo ŋu ɣeaɖeɣi esi wotɔtɔ vevie le susu me. Le kpɔɖeŋu me le ʋudodoɖefifiame me la, fifia si biã abe ʋu ene alo wòtsaka kple ʋukɔewo alo lãmetsi si tsaka kple ʋu dona. Gake míate ŋu agblɔ nusi tututu dzɔ le Yesu gome o.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Gbɔgbɔmemenyenye tutuɖo ana nàɖe dzi ɖi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]
Beléle na wò lãmesẽ ɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna
Gbɔɖeme
Nu nyui ɖuɖu
Kamedede