Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
“Esi nuteɖeamedzi nye ametia ƒe nuwɔna si dzi womate ŋu atɔ asii tẽ o ɖe nuhiahiã ɖesiaɖe ŋu ta la, nu tena ɖe amesiame dzi ɣesiaɣi vaseɖe afi aɖe.”—Ðk. Hans Selye.
HAFI kasaŋkuƒola nàte ŋu aƒo ha la, ele be ka siwo le eƒe kasaŋkua dzi me nahe—gake vaseɖe afi aɖe ko. Ne wo me he akpa la, woatso. Gake ne kaawo me gblo akpa la, maɖi nàse kura o. Ele be wòanɔ vedomesi hafi wòanyo.
Nenema ke nuteɖeamedzi hã le. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, nuteɖeamedzi fũ ate ŋu agblẽ nu. Gake ne nu metena ɖe ame dzi kura o ya ɖe? Togbɔ be adze nudzroamee hã la, nya lae nye be nuteɖeamedzi hiã—vaseɖe afi aɖe ya teti. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be esi nèle ʋumɔ me tsom ko kasia èkpɔ be ʋu aɖe le du dzi gbɔna gbɔwò. Dzitsitsie akpe ɖe ŋuwò be nàsi le dzɔgbevɔ̃e nu—kpata!
Gake menye nya kpatawo me koe nuteɖeamedzi alo dzitsitsi hiã le o. Ehiã be nàtsi dzi hafi awɔ gbesiagbedɔwo. Nu tena ɖe amesiame dzi le mɔ aɖe nu ɣesiaɣi. Ðk. Hans Selye gblɔ be, ‘Ðeko nàku hafi nu magate ɖe dziwò o.’ Egblɔ kpee be gɔmesese mele nyagbɔgblɔ “nu te ɖe edzi” ŋu o abe alesi nyagbɔgblɔ “eƒe lãme dze dzo” gɔme menya se o ene. Selye gblɔ be: “Nusi nyagbɔgblɔ mawo fia koe nye be amea ƒe dzitsitsia alo eƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ gbɔ eme.” Le gɔmesese sia nu la, wotsia dzi le modzakaɖeɖe hã me, kple le alɔ̃ me hã, elabena ele be wò dzi kple wò dzitodzito nakpɔtɔ anɔ dɔ wɔm.
Nuteɖeamedzi Ƒomevi Etɔ̃
Abe alesi nuteɖeamedzi ƒe sesẽme le vovovo ene la, eƒomevi vovovowo hã li.
Agbemehloloetsotsowo gbɔe nuteɖeamedzi sesẽwo tsona. Zi geɖe la, nɔnɔme madeamedzi aɖewoe doa mo ɖa wòhiãna be woakpɔ wo gbɔ. Esi wonyea nuɖiɖeamewo eye womenɔa anyi didina o ta la, nuteɖeamedzia nu nya nɔna zi geɖe. Ele eme ya be ame aɖewo ƒe kuxiwo trena ɖe enu—le nyateƒe me la, edze abe fuɖenamenuwo bɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ me ene. Woate ŋu aɖu nuteɖeamedzi sesẽ sia gɔ̃ hã dzi. Gake ɖewohĩ amea malɔ̃ be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ o, vaseɖe esime wòkpɔe be yeƒe agbenɔnɔ matomɔɖeka la le nu gblẽm le ye kple ye ŋuti mewo ŋu hafi.
Togbɔ be nuteɖeamedzi si nu sẽ menɔa anyi didina o hã la, nuteɖeamedzi atraɖii ya nɔa anyi eteƒe didina. Amea mekpɔa ta na nɔnɔme si te ɖe edzi la o, eɖanye hiãkame alo dɔwɔɖui si medze eŋu o—alo dɔmakpɔwɔe ye o. Nuteɖeamedzi atraɖii ate ŋu atso ƒomekuxi siwo gbea vɔvɔ hã gbɔ. Ƒometɔ si nye dɔnɔ dzi kpɔkpɔ hã ate ŋu ana nu nate ɖe ame dzi. Nuka ke gbɔe nuteɖeamedzi atraɖii tso o, etea ɖeɖi amesi dzi wòle ŋu gbesiagbe, kwasiɖa sia kwasiɖa, ɣleti sia ɣleti. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso nya la ŋu gblɔ be: “Nusi vloe le nuteɖeamedzi atraɖii ŋue nye be eva zua numãme. Amewo te ŋu kpɔa nuteɖeamedzi sesẽ dzea sii enumake elabena enye nu yeye na wo; gake wova ŋea aɖaba ƒua nuteɖeamedzi atraɖii dzi elabena etsi ɖe wo ŋu, eva mã wo, eye ɣeaɖewoɣi la, megaɖea fu na wo boo o.”
Nuteɖeamedzi gbãdziname tsoa nya vɔ̃ si wu tsɔtsɔ na ame abe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, lɔrifɔku, alo dzɔdzɔmefɔku ene gbɔ. Nuteɖeamedzi sia tɔgbee ɖea fu na asrafo siwo de aʋa kpɔ kple amesiwo nɔ fuwɔamegakpɔ me kpɔ dometɔ geɖewo. Nuteɖeamedzi gbãdziname ƒe dzesiwo ate ŋu anye ŋkuɖoɖo dzigbãnya la dzi nyuie kpakple veve helĩhelĩ sese ɖe nya suesuewo ta, ne edzɔ ƒe gbogbo aɖewo va yi gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, wokpɔa dɔ aɖe le amea ŋu si woyɔna be nuteɖeamedzi gbãdziname ƒe fuɖename emegbe (post-traumatic stress disorder [PTSD]).—Kpɔ aɖaka si le etame.
Nuteɖeamedzi Sese Kabakaba
Ame aɖewo gblɔna be alesi míesea nuteɖeamedzi fifiae la ƒe akpa gãtɔ tso alesi gbegbe nu te ɖe mía dzi va yi kple nuteɖeamedzi si ƒomevi wònye gbɔ. Wogblɔna be dzigbãnyawo ate ŋu atrɔ ame ƒe ahɔhɔ̃ ƒe “dɔwɔwɔ,” ale be amea va nɔa nuteɖeamedzi sem kabakaba emegbe. Le kpɔɖeŋu me, Ðk. Lawrence Brass kpɔe le numekuku si wòwɔ tso asrafo xoxo 556 siwo de Xexemeʋa II ŋu me be ate ŋu adzɔ zi gbɔ zi enyi be amesiwo nye asrafo aboyomewo kpɔ la nadze gbagbãdɔ bɔbɔe wu amesiwo menyee kpɔ o—togbɔ be dzigbãnya ma dzɔ ƒe 50 va yi hã. “Asrafo aboyomenyenye te ɖe amesiawo dzi ale gbegbe be etrɔ alesi wosea nuteɖeamedzii emegbe kura—ena wosenɛ kabakaba.”
Eŋutinunyalawo gblɔ be mele be woabu ɖevimenɔɣi ƒe nuteɖeamedziwo nu tsɛwoe o, elabena woate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ame dzi. Ðk. Jean King gblɔ be: “Womekplɔa ɖevi akpa gãtɔ siwo ƒe dzi gbã la vaa ɖɔkta gbɔ o. Wotoa kuxia me dona, wogayia woƒe agbenɔnɔ dzi, eye mlɔeba le ƒe aɖewo megbe la, blanuiléle alo dzidɔ ɖea fu na wo wotsɔ vaa míaƒe dɔwɔƒee.” Le kpɔɖeŋu me, bu alesi ame dzila ƒe ku gbãa dzi na amee ŋu kpɔ. Ðk. King gblɔ be: “Ne nu ma gbegbe te ɖe dziwò le ɖevime la, ate ŋu agbugbɔ atrɔ ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ, ava wɔe be magate ŋu anɔ te ɖe nusiwo tena ɖe amesiame dzi gbesiagbe la nu o.”
Gake alesi woawɔ nu ne nu te ɖe ame dzi la ate ŋu anɔ te ɖe nu bubuwo hã dzi, abe amea ƒe lãme ƒe ŋutete kple afisiwo wòate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu atsɔ akpe akɔ kple nuteɖeamedziawoe. Nuka kee na nu te ɖe ame dzi o, woate ŋu akpe akɔ kplii. Mele bɔbɔe ya o. Ðk. Rachel Yehuda kpɔe gblɔ be: “Gbɔgblɔ na amesi sea nuteɖeamedzi kabakaba be wòagbɔ dzi ɖi la sɔ kple gbɔgblɔ na amesi mete ŋu dɔa alɔ̃ o be wòadɔ alɔ̃ ko.” Gake kokoko la, nu geɖe li woate ŋu awɔ be woatsɔ aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ, abe alesi nyati si kplɔe ɖo afiae ene.
[Aɖaka si le axa 23]
Nuteɖeamedzi le Dɔwɔƒe—‘Ebɔ ɖe Xexeame Katã’
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Nuteɖeamedzi va zu lãmesẽkuxi sesẽtɔwo kekeake dometɔ ɖeka le ƒe alafa 20 lia sia me.” Ebɔ ŋutɔ ɖe dɔwɔƒewo.
• Ga si Australia ƒe dziɖuɖudɔwɔlawo xɔ ɖe nuteɖeamedzidɔwo ta la dzi ɖe edzi zi 90 le alafa me le ƒe etɔ̃ ko me.
• Numekuku aɖe si wowɔ le France fia be dɔnɔdzikpɔla 64 le alafa me kple nufiala 61 le alafa me gblɔ be nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔme si me yewowɔa dɔ le la le fu ɖem na yewo.
• Dɔ siwo amewo léna le nuteɖeamedzi ta la wɔe be United States zãa ga si wobu be ade dɔlar biliɔn 200 ƒe sia ƒe. Wobui be afɔku siwo dzɔna le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ƒe alafa memamã 75 va ɖo 85 la do ƒome kple nuteɖeamedzi.
• Wova kpɔe le dukɔ geɖe me be nu tena ɖe nyɔnuwo dzi wu ŋutsuwo, eye anye le alesi wowɔa dɔ geɖe le aƒeme gava wɔnɛ le dɔme tae.
Abe alesi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka la gblɔe ene la, enye nyateƒe be nuteɖeamedzi le dɔwɔƒe nye nusi “bɔ ɖe xexeame katã.”
[Aɖaka si le axa 24]
Nuteɖeamedzi Gbãdziname ƒe Fuɖename Emegbe—Tɔtrɔ si Sɔ Ðe Nuteƒekpɔkpɔ Tramawo Ŋu
‘Ɣleti etɔ̃ va yi tso esime míekpɔ lɔrifɔku, gake nyemete ŋu dzudzɔ avifafa, alo te ŋu dɔa alɔ̃ zã blibo o. Gododo le aƒea me ɖeɖe dzaa na vɔvɔ̃ ɖoam.’—Louise.
NUTEÐEAMEDZI gbãdziname ƒe fuɖename emegbe (post-traumatic stress disorder [PTSD]), si nye lãmegbegblẽ si gbãa lãme na ame wòna woɖoa ŋku nuwo dzi nyamanyama enuenu alo wokua drɔ̃e le dzigbãnya aɖe si dzɔ va yi ŋu ye le fu ɖem na Louise. Nanewo ate ŋu ana amesi ŋu PTSD le la naɖi vo wu alesi dze. Le kpɔɖeŋu me, tagbɔdɔŋutinunyala Michael Davis gblɔ be Vietnam-ʋa dela xoxo aɖe ƒu du ɖo gbe le eƒe srɔ̃kpegbe esi wòse ʋu aɖe ƒe dzudzɔgo me ɖi abe tue woda ene. Davis gblɔ be: “Nu geɖe ƒo xlãe wòakpɔ anya be nya vɔ̃ aɖeke menɔ dzɔdzɔm o hafi. Ƒe 25 sɔŋ va yi; United States ye wòle, ke menye Vietnam o; . . . srɔ̃ɖewu ɣi mee wòle, ke menye aʋawɔwu me o. Gake esi wòse ɣli ma si ɖi esi wònya xoxoxo la, esi va be.”
Aʋagbedzi ƒe dzikatsoƒonyawo nye nusiwo gbɔ PTSD tsona la dometɔ ɖeka ko. The Harvard Mental Health Letter gblɔ be dɔ sia ate ŋu atso “nudzɔdzɔ [ɖesiaɖe] alo nudzɔdzɔ siwo tre ɖe enu siwo me ku ate ŋu atso na ame alo esiwo me woade kuku ge le kloe alo nuveviwɔame sesẽ aɖe alo nusi ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu la gbɔ. Ate ŋu anye dzɔdzɔmefɔku, afɔku, alo nusi tso amegbetɔ ƒe nuwɔna gbɔ: tsiɖɔɖɔ, dzobibi, anyigbaʋuʋu, lɔrifɔku, bɔmbdada, tudada, funyafunyawɔame, ame léle sesẽe, amedzidzedze, ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, alo ŋlɔmiwɔwɔ le ɖevi ŋu.” Nudzɔdzɔ gbãdziname aɖe teƒe kpɔkpɔ alo eŋu nya sese—ɖewohĩ to nyatakaka wɔdɔɖeamedzi aɖe sese alo fotowo kpɔkpɔ me—ate ŋu ana PTSD ƒe dzesiwo nadze le ame ŋu, vevietɔ ne ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ veviwo ŋue wòku ɖo.
eme be alesi amewo wɔa nu ɖe dzigbãnyawo ŋu le vovovo. The Harvard Mental Health Letter ɖe nu me be: “Dzesi siwo nye ŋkubiãnya medzena le ame akpa gãtɔ siwo dzi dzigbãnyawo dzɔna ɖo ƒe nuwɔna me o, eye ne dzesiwo dze hã la, womenɔa abe PTSD tɔwo ene kokoko o.” Ke amesiwo dzi nu tena ɖo ale be wòva zua PTSD ya ɖe? Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wo dometɔ aɖewo te ŋu va nɔa te ɖe dzigbãnya la ƒe vevesesewo nu eye wokpɔa gbɔdzɔe. Dzigbãnya si dzɔ ƒe gbogbo aɖewo va yi la gakpɔtɔ ɖea fu na ame bubuwo ne woɖo ŋku edzi.
Aleke wòɖale o, ele be amesiwo PTSD le fu ɖem na—kple amesiwo di be yewoakpe ɖe wo ŋu—naɖo ŋku edzi be hayahaya bia dzigbɔɖi. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ eye be ‘woagbɔ dzi ɖi na amewo katã.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Le Louise, amesi ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ gome la, ɣleti atɔ̃ va yi hafi wògalɔ̃ be yeaku ʋu. Ƒe ene tso esime afɔkua dzɔ megbe la, eva gblɔ be: “Togbɔ be mewɔ ŋgɔyiyiwo hã la, ʋukuku magavivi nunye abe tsã ene o. Ðeko wòle be maku ʋu tae mekunɛ ɖo. Gake mewɔ ŋgɔyiyi geɖe tso esime wɔna vɔ le ŋunye le afɔkua megbe.”
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Nu tena ɖe ɔfisdɔwɔla geɖe dzi wu gbɔgblɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Menye nuteɖeamedziwo katãe menyo na wò o