Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Enyo Wu Esi Amegbetɔ Wɔ
The Daily Telegraph ka nya ta be esi ƒe ewo va yi tso esime ahomya mu ati miliɔn 15 le England le ƒe 1987 megbe la, atiwo gatsi ɖe ave siwo me amewo meva tso ati le o me ale gbegbe. Keklẽ te ŋu ɖo anyigba le afisiwo ya ƒo atiwo womu le. Ewɔe be ati fẽwo kple ati dodoewo tsi kɔkɔ afɔ 20, eye nudzodzoewo, xewo, kple numiemiewo dzi ɖe edzi. Odum kple yew-ti geɖe siwo mu la mevo abe alesi wokpɔ mɔ ene o, eye fifia esi woƒe atiwo ƒu nyuie ta la, woƒe asixɔxɔ yi dzi zi gbɔ zi etɔ̃. Peter Raine si nye nutakpɔla gblɔ be: “Esi [amegbetɔ] tsɔ susu nyui be yeadzra nuwo ɖo la, egblẽ nu geɖe wu nusi ahom la ŋutɔ gblẽ. Dzitsitsie wotsɔ do ati siwo wodo le kele ma me la dometɔ geɖe, eye womedo wo nyuie o, ale be woku.”
Dɔwɔwɔ, Dagbadagba, Kple Dzidɔ
Frankfurter Rundschau ka nya ta be le atamanono megbe la, dagbadagba le susu me le dɔme ye nye nu vevi evelia si naa dzi kple ʋusisi dɔwo. Esi nyatakaka la nɔ nya ta ƒom le numekuku si Dukɔ ƒe Dɔwɔwɔ me Dedienɔnɔ Kple Lãmesẽ Gbɔkpɔha, si le Berlin, Germany, wɔ ŋu la, egblɔ be: “Dɔwɔla siwo ate ŋu adze dɔ bɔbɔe nye esiwo si mɔnukpɔkpɔ mele boo be woawɔ nyametsotsowo o, eye wowɔa dɔ ɖeka ŋugbe ko ɣesiaɣi. Ne wogatsia dzi le vovoɣi, abe le kpɔɖeŋu me, ne wole woawo ŋutɔ ƒe xɔ tum alo wole ƒometɔ si nye dɔnɔ dzi kpɔm la, ekema dzidɔléle ƒe mɔnukpɔkpɔ ate ŋu adzi ɖe edzi zi gbɔ zi asieke.” Eŋutinunyala aɖe ɖo aɖaŋu be woana mɔnukpɔkpɔ geɖe wu dɔwɔlawo be woatso nya me. “Dɔwɔlawo katã ƒe numedzodzro le dɔwɔƒe zi ɖeka ɣleti ɖesiaɖe ana nuwo naka ɖe eme.”
‘Xexeame ƒe Mɔzɔmɔnu Nyuitɔ Kekeake’
Colombo, Sri Lanka, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Island gblɔ be ne àzɔ mɔ si medidi ɖo kilometa 8 o le dugãnutome la, ke ɖewohĩ gasɔ atsɔ wu ʋu. Dukɔwo dome habɔbɔ si tsi dzi ɖe nutoa me ŋu si woyɔna be Anyigba Xɔlɔ̃wo yɔ gasɔ be enye “mɔzɔmɔnu nyuitɔ kekeake le Anyigba dzi.” Nyatakaka la gblɔ be wobe woate ŋu ado gasɔ azɔ mɔ kilometa 2,400 eye yame maƒo ɖi o eye woazã nuɖuɖumeŋusẽ si sɔ kple petrol galɔn ɖeka ko. Wogagblɔ be gasɔdodo dea lãmesẽ dzi hã.
Anyrawɔlawo Bɔ
Numekuku aɖe si Rome ƒe La Sapienza Yunivɛsiti wɔ fia be sukuvi geɖe doa go anyrawɔwɔ ƒomevi vovovo si ƒe ɖewoe nye dzudzu, ŋlɔmiwɔwɔ, woƒe nu suesuewo fifi, wo dzi dzedze, kple ŋɔdzidodo. Rome koŋue wode dzesi nu tovo sia wɔwɔ le, afisi wowɔ anyra geɖe le ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ƒe alafa memamã 50 kple edzivɔ ŋu le le ɣleti etɔ̃ pɛ ko me. Italytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica ka nya ta be numekula Anna Costanza Baldry gblɔ be: “Esi wobia gbe nyɔnuvi geɖe yi ŋgɔe la, wogblɔ nudzɔdzɔ aɖewo siwo me wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na wo le menye fefe o gake womekɔ nu le edzi o, le vɔvɔ̃ kple . . . le esi wobu nuwɔna aɖewo be womedze vɔ̃ o ta.”
Menye ɖeviwo ŋu koe wowɔa anyra le o. The Irish Times ka nya ta be wowɔa anyra le ame tsitsi geɖe ŋu le afisi wowɔa dɔ le, eye woƒe amegãwo koŋue wɔnɛ. Egblɔ be: “Dzugbewo zazã, ɖeklemiɖeɖe le amewo ƒe dɔ ŋu kple wobewobe kaka ye nye mɔnu siwo dɔwɔƒe ƒe anyrawɔlawo zãna. Ŋukpedodoame kple dɔ siwo nu manya wu o ɖoɖo hã bɔ.” Times gblɔ be seselelãme siwo anyrawɔwɔ dea ame me dometɔ aɖewoe nye “dzimaɖitsitsi, dzikudodo kabakaba, blanuiléle, amegbetɔvɔvɔ̃, nuteɖeamedzi, dziɖeleameƒo, bubumadeameɖokuiŋu kple ɖokuiɖeɖeɖeaga.” Ne anyrawɔwɔ sia tɔgbe gbɔ eme la, ete ŋu hea “ŋutemanɔmanɔ alo ameɖokuiwuwu gɔ̃ hã” vɛ.
Amekoko loo alo Vidzidzi Dzɔdzɔmetɔ?
Zi geɖe la, Brazil ƒe ɖɔktawo kple vinɔwo lɔ̃a amekoko tsɔ wu be woasi adzi vi. Veja magazine gblɔ be ɖɔktawo kpɔe be “yewoate ŋu akpɔ vidzidzi geɖe wu gbɔ, awɔ ga geɖe le yewoƒe dɔwɔƒe, eye mahiã be yewoƒe kwasiɖanuwuwu nato yewo ŋu o.” Vinɔwo “tiae be yewomasi adzi vi o, kple susu be yewoaƒo asa na vevesese (gake ne woko ame ɖe vi le eŋu vɔ eye abiawo le kukum la, wosea veve geɖe wu), eye woxɔ se be dɔwɔwɔ na yewo ade ŋutilã dzi ŋutɔ (evɔ mele nenema o).” Ne womã vi siwo katã wodzina le dziɖuɖu kɔwo dzi ɖe akpa etɔ̃ la, memamã ɖeka nye esi woko vinɔa hafi ɖe via le eŋu, eye le kɔ siwo amewo ŋutɔ ɖo dzi la, memamã la ɖo 80 le alafa me. Ðk. João Luiz Carvalho Pinto e Silva si nye tatɔ le Campinas Yunivɛsiti ƒe vixexeŋutinusrɔ̃ƒe gblɔ be: “Vidzidzi va zu asitsatsa. Ame geɖe ŋlɔna be be amekokoe viɖeɖeleameŋu nye, eye eto vovo be woasi adzi vi. Ʋu dona le ame ŋu sɔ gbɔ, ɖimenɔɣi teƒe didina, eye enɔa bɔbɔe be woaxɔ dɔ bubuwo.” Veja ka nya ta be ɖɔkta la gblɔ be “nɔnɔme etɔ̃ me koe wòle be woako ame aɖe vi le eŋu le: ne vinɔa alo vidzĩa ƒe agbe ɖo afɔku me, ne womekpɔ fuɖuame ƒe dzesi aɖeke o, alo ne dɔ aɖe dze eme kpata.”
Mawusubɔsubɔ ƒe Dzonɔameme Nu le Tsitsim le Greece
Nyitsɔ laa la, Athens nyadzɔdzɔgbalẽ Ta Nea ta numekuku aɖe si wòwɔ tso mawusubɔsubɔ le Greece ŋu si ɖi esi wòwɔ le ƒe 1963 me tɔ. Nusiwo ŋu wòke ɖo fia be mawusubɔsubɔ ƒe dzonɔameme yi to le dukɔ ma me. Le dzidzime ɖeka si va yi me la, ame 66 le alafa me gblɔ be yewodea sɔleme zi eve alo zi etɔ̃ ya teti le ɣleti ɖeka me, gake ame 30 le alafa mee gblɔ be yewodenɛ le nyitsɔ laa ƒe numekukua me. Reuters ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe ka nya ta be ne womã ame tsitsi 965 siwo wobia gbee le Athens kple eƒe golɔgoewo me ɖe akpa etɔ̃ la, memamã eve gblɔ be sɔleme meɖe vi ‘na amewo boo o’ alo meɖe vi aɖeke “kura o.” Greecetɔ numekula bubume Elias Nikolakopoulos gblɔ le nusi wòŋlɔ ɖe Ta Nea me be “xexemenuwɔwɔ le gegem ɖe Greecetɔwo dome vivivi,” eye wògagblɔ be fifia la, amewo ‘ɖɔa ŋu ɖo eye wobi dzi ɖe’ Greece sɔlemeha la ŋu.
Tsɔ Wò Agbalẽ Dɔdɔwo Do Tomatos
Nukae posudɔwɔƒe atsɔ agbalẽ dɔdɔ tɔn 500 siwo tsiaa anyi ɣleti sia ɣleti, si ƒe ɖewoe nye adzɔnugbalẽwo kple boblodogbalẽ bubuwo awɔe? Posudɔwɔƒe si le Dallas-Fort Worth, Texas, dze etɔ ƒe akpa gãtɔ ɖoɖoɖa gɔme be woatsɔe awɔ aɖu. The New York Times ka nya ta be wotsɔa aɖua doa tomatos kple seƒoƒo si woyɔna be marigold, eye wokpɔe be nuwo gbɔna nyonyo ge. Biya yaya kple ahavivi, kpakple nunonowɔlawo ƒe gbeɖuɖɔ ye wonaa nugbagbevi suesue siwo trɔa agbalẽ dɔdɔ siwo wovuvu wòzua aɖu la woɖuna. Sukli, si ŋu nugbagbevi suesueawo nɔa agbe ɖo la le biya kple ahavivi me. Joel Simpson si nye aɖuwɔƒe si le numekukua wɔm ƒe tatɔ teƒenɔla gblɔ be: “Nusiwo naa míelolona kee naa nugbagbevi suesue mawo hã lolona eye dzi dzɔa wo.”
Kpekpeɖeŋu na Amesiwo Ŋu Dɔ Dona Ðo
The Irish Times ka nya ta be: “Le ŋukpe ta la, ame geɖe siwo ŋu dɔ do ɖo la meyia kɔdzi o eye ‘anɔ fu wɔm wo woazi kpi ɖe edzi’ ƒe geɖe.” Ðk. Gillian Murphy ƒo nu tso woƒe kuxia ŋu gblɔ be: “Dɔnɔ aɖewo le asinye siwo ŋu agbla le, eye woƒe ŋui fona ne wole awu ɖem, eye wosenɛ le wo ɖokui me be yewo ŋu mekɔ o eye ŋu kpea wo ale gbegbe be womelɔ̃na nɔa amedzrodzeƒe alo yia ɖawɔƒe o.” Bill Cunliffe si nye ŋutigbalẽŋutinunyafiala le Leeds Yunivɛsiti gblɔ be: “Nyatsu ɖea fu na ame ƒe ŋutigbalẽ kple eƒe susu. Ewɔna na wo be enye dɔ ƒoɖi kple dɔxɔleameŋu. Ne ame eve yi dɔdidi ƒe gbebiamewɔƒe eye woƒe ŋutetewo sɔ la, amesi ŋu nyatsu mele o ye akpɔ dɔa.” Cunliffe gblɔ be nu tena ɖe dɔnɔ aɖewo dzi le woƒe nyatsua ta ale gbegbe be wodina be yewoawu yewo ɖokui. Ðɔkta siwo de Europa ƒe Ŋutigbalẽŋutinunya Kple Nulɔdɔŋutinunya Srɔ̃ƒe ƒe Takpekpe nyitsɔ laa le Dublin, Ireland, te gbe ɖe tsotso ɖe dɔdada ŋu kaba dzi. Ðɔktaawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Enye kuxi gã na ame aɖewo, gake ele vevie be woaɖo ŋku edzi be edada mɔnu nyuiwo li.”
Dzila ƒe Nuƒoƒo—Menye Gbeɖiɖi Vivi Ko Oa?
Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔ be dzila siwo tsɔa fefe doa vidzĩgbe na woƒe vidzĩwo anɔ nu nam wo wu numalɔ̃leamegbɔ ko. Patricia Kuhl si le Washington ƒe Yunivɛsiti, kple eƒe dɔwɔhatiwo ku nu me le alesi woƒoa nu na vidzĩwo le gbe vovovo etɔ̃ me ŋu—Russiagbe, Swedengbe, kple Eŋlisigbe. Edze abe alesi dzilaawo trɔa asi le nuƒoƒoa ŋu la mehea wo viawo ƒe susu ko o ke enyea nusi dzi vidzĩa nɔa te ɖo srɔ̃a gbea hã. Science magazine gblɔ be: “Kaka vidzĩwo naxɔ ɣleti 6 la, wonyaa ablɔɖegbeɖiɖiwo ƒe hatsotsowo, eye woléa to ɖe gbetɔtrɔ siwo fiaa nu vovovowo le wo degbe me ŋu, siwo ƒe ɖewoe nye ‘ee’ kple ‘a,’ eye woŋea aɖaba ƒua gbetɔtrɔ siwo ŋu gɔmesese mele o dzi.”