Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Atsiaƒuwo Ðo Afɔku Me
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Journal of Commerce ka nya ta be ƒuŋutinunyala siwo wu 1,600 kple nugbagbewo takpɔkpɔ ŋuti nunyala siwo tso dukɔ 65 me da asi ɖe “yɔyɔ be woatso kpla” akpɔ atsiaƒuwo ta be womagayi edzi agblẽ o dzi. Atsiaƒu me nugbagbewo ŋutinunyala Elliot Norse gblɔ be: “Atsiaƒua ɖo afɔku ŋutɔŋutɔ me wu alesi míesusui tsã.” Kpɔɖeŋu ɖekae nye Mexico Ƒukɔme ƒe akpa aɖe si ƒe lolome nye kilometa 18,000 si woyɔ be teƒe kuku. Abe alesi eƒe ŋkɔa fia ene la, tɔmelã, bɔlu, kple ƒumelã bubuwo ƒe akpa gãtɔ mele teƒe kukua o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be tsimegbe (algae) siwo xɔa nunyiame si tsoa Mississippi Tɔsisia me yia ƒua me gbɔe kuxia tso. Ne gbeawo ku la, wogena ɖe ƒua gɔme. Ne nugbagbevi suesue siwo ɖua gbe kukuawo na wòte vovo la, oxygen-ya vɔna le ƒua gɔme Ƒuŋutinunyala Ðk. Nancy Rabalais gblɔ be: “Nusianu si mate ŋu ado ɖe gota o va kuna godoo mlɔeba.”
Ameŋutinuwo Nalawo
Èdi be ame bubuwo naxɔ wò ŋutinuwo ne èkua? Nya siae dze ŋgɔ Braziltɔ geɖe esi se yeye si wode dze dɔwɔwɔ gɔme le January 1, 1998, dzi. Sea gblɔ be woaɖe Braziltɔ siwo katã xɔ wu ƒe 18 la ƒe ŋutinuwo godoo negbe ɖe wode asi agbalẽ te be woaɖe yewo le eme ko hafi. Gake nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Miami Herald ka nya ta be: “Dzesi geɖe li si fia be Braziltɔ akpa gãtɔ adi be yewoƒe ŋutinuwo nanɔ yewo ŋu pɛpɛpɛ ne yewoku. Le ɣleti ade siwo va yi me la, ame etɔ̃ le ame ene ɖesiaɖe siwo va ʋukulawo ƒe ɖaseɖigbalẽ xɔ ge dome gbe be yewomanye ameŋutinuwo nalawo o.” Nukatae? Ame aɖewo vɔ̃ be ava zi ɖɔktawo dzi be woagblɔ be dɔnɔawo ƒe susu dzudzɔ dɔwɔwɔ do ŋgɔ na woƒe ku kple susu be yewoaɖe woƒe ŋutinuwo.
Ƒe si Mede Afakalawo Dzi O
Frankfurt nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Nassauische Neue Presse ka nya ta be afakala siwo katã le Germany ƒe “ŋku gbã” vɔ keŋkeŋ kloe le ƒe 1997 me. Le nya siwo ade 70 si wogblɔ ɖi si me Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ si Kua Nusiwo Gbɔ Dzɔdzɔmeŋutinunya Ŋu Me, ku me la, ɖeka pɛ hã meva eme o. Ƒe 1997 me nudzɔdzɔ siwo nye nukunyawo ŋutɔŋutɔ la nɔ ɣaɣla ɖe nukpɔlaawo. Le kpɔɖeŋu me, nukpɔlawo dometɔ ɖeka teti megblɔ Fiavinyɔnu Diana ƒe ku kpata la ɖi o. Afakala geɖe ɖɔa ŋu ɖo ale gbegbe be nusiwo le dzɔdzɔm, abe ganyawo kple dunyahehe me kuxiwo ene ŋu nya koe wotena kpɔ be yewoagblɔ ɖi. Edgar Wunder si le Numekuha la me gblɔ be “nyadzɔdzɔgbalẽxlẽla ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ nusiawo agblɔ.”
Gbɔdɔdɔ si Ŋu Afɔku Le Ŋutɔ
Tso ƒe 1994 va ɖo ƒe 1996 me la, numekula siwo le Rhode Island Dɔdaƒe kple Boston City Dɔdaƒe le United States, bia gbe dɔnɔ 203 siwo ŋu HIV dɔlékuia le tso woƒe gbɔdɔdɔnuwɔnawo ŋu. Nukae numekukua ɖe fia? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times ka nya ta be: “Amesiwo ŋu H.I.V. dɔlékuia le dometɔ ene le ewo ɖesiaɖe me gbe nɔnɔme si me wole la gbɔgblɔ na amesiwo wo kple wo dɔna, eye ame mawo dometɔ eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me mezãa kɔndɔm ɣesiaɣi o.” Numekulawo gblɔ be HIV dɔlékuia xɔlawo ƒe gbegbe be yewomana amewo nanya nu tso eŋu o la nye nuwɔna si bɔ. Ðk. Michael Stein si tso Brown Yunivɛsiti Tikesrɔ̃suku, le Providence, Rhode Island, gblɔ be: “Menye ɖe ameawo menya o tae o. Amewo nya be yewoate ŋu akaka H.I.V. dɔlékuia. Nya siawo mele ɣaɣla ɖe wo o. Ame ŋutɔ ƒe agbae nya sia nye.”
Lolo Akpa Kple Dzidɔ
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Journal of the American Medical Association, ka nya ta be: “Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato axe mɔ na dziŋuʋukamedɔ le ame ƒe tsitsime ate ŋu anye mɔxexe na lolo akpa le ɖevime.” Ɣeyiɣi aɖee nye sia si lãmesẽdɔwɔlawo kpɔe dze sii be lolo akpa kaba dzia ʋusɔgbɔdɔ, suklidɔ, ami ƒe agbɔsɔsɔ akpa ɖe ʋu me, dziŋuʋukamedɔ kple dɔ bubuwo dzedze ɖe edzi. Gake togbɔ be ɖɔktawo xlɔ̃ nu be woaɖe ami ɖuɖu dzi akpɔtɔ eye woade kame edziedzi hã la, wogblɔ be Dziehe Amerikatɔwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kpena akpa alo lolo akpa. Linda Van Horn si le Northwestern Yunivɛsiti Tikesrɔ̃suku si le Chicago bia be: “Nyatakaka nenie míegahiã abe dukɔmeviwo ene hafi afia nu nyui ɖuɖu kple kamedede mía viwo atsɔ axe mɔ ɖe woƒe lolo akpa nu? Vi siwo wòaɖe la wu gbɔgblɔ. Ne womewɔ naneke le eŋu o la, míenya be agblẽ nu le mía ŋu godoo, eye agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu, esiwo dada manɔ bɔbɔe o.” Gake numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa sia si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New England Journal of Medicine me gblɔ be nusi lolo akpa gblẽna le ame ƒe lãmesẽ ŋu medzi ŋɔ boo o. The New York Times ka nya ta be, wokpɔe dze sii be lolo akpa “ate ŋu ana woaku kaba, gake mebɔ abe alesi atikenyala geɖe bui ene o.”
Avewo le Vɔvɔm
Xexeame Katã ƒe Ga Hena Dzɔdzɔmenuwo Takpɔkpɔ ƒe Habɔbɔ gblɔ be woƒo ave siwo nɔ anyigba dzi hafi amegbetɔwo ƒe ŋkuʋuʋu dze wo dome gbegblẽ gɔme ƒe akpa eve kloe le etɔ̃ me vɔ fifia. Togbɔ be amegbetɔwo le agbagba geɖe dzem be woana amewo nanya nu tso kuxia ŋu hã la, avewo ƒoƒo le ƒe ewo siawo me dzi ɖe edzi va ɖo afisi madidi o ave ŋutɔŋutɔwo dometɔ aɖeke maganɔ dukɔ geɖe me o. Avewo ƒoƒo be woakpɔ ati kple agbledeƒe tsrɔ̃a numiemiewo kple lãwo ale gbegbe. Gawu la, dzotɔtɔ atiwo naa carbon dioxide ya si menyo na amewo kple lãwo o kakana ɖe yamenutowo me, esi ŋu ame geɖe le vɔvɔ̃m ɖo be ana be xexeame katã naxɔ dzo. Guardian nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London ka nya ta be Habɔbɔ sia xlɔ̃ nu be woakpɔ ave ƒomevi ɖesiaɖe ƒe alafa memamã ewo ya teti ta le xexeame katã hafi ƒe 2000 naɖo.
Wode Dzesii be Nuɖuɖu Ava Ve le Xexeame Katã
Associated Press ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be numekuku aɖe si Johns Hopkins Yunivɛsiti wɔ fia be “ne amewo ƒe dzidziɖedzi dzi meɖe kpɔtɔ o eye agblemenukuwo medzi ɖe edzi nukutɔe o la, va ɖo ƒe 2025 me la, nuɖuɖu made ame biliɔn 8 si wosusu be woanɔ anyi siwo dɔ anɔ wuwum la nu o.” Numekulaawo gblɔ ɖi be “ne vidzidzi dzi meɖe kpɔtɔ, nyɔnu ɖeka dzi abe vi eve ene o la, ke ele be woadzi agbledede ɖe edzi zi gbɔ zi eve hafi ƒe 2025 naɖo be “woate ŋu akpɔ nuɖuɖu nyui si me nunyiame le si asu” be amewo nanɔ lãmesẽ me. Kuxi bubuwoe ganye tsi ƒe veve, ɖiƒoƒo anyigba la, tsi ƒe ke kpɔkplɔ le agbledenyigbawo dzi, kple yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ. Egbea kura gɔ̃ hã la, amesiwo ade miliɔn 18 kuna ƒe sia ƒe le dɔwuame ta togbɔ be wodea nuɖuɖugble si akpɔ amesiwo de biliɔn 6 kloe siwo le anyigba dzi fifia dzi hafi.
Bamelowo ƒe Vɔvɔ le Orinoco Tɔsisi Me
Caracas ƒe magazine si nye Estampas gblɔ be bamelo siwo le Orinoco Tɔsisi si le Venezuela me la ɖo afɔku me. Wowua lã mawo ɖe woƒe agbalẽ ta tso ƒe 1930 me ke. Magazinea gblɔ be “ɣemaɣi la, bamelowo sɔ gbɔ wu amewo le Venezuela.” Gake le ƒe 1931 kple 1934 dome la, bamelogbalẽ siwo woɖo ɖe duta la ade kilogram miliɔn 1.5, si ade bamelo miliɔn 4.5 ya teti. Va ɖo ƒe 1950 me “le bamelowo wuwu madzudzɔmadzudzɔe ƒe geɖe megbe la,” bamelowo va vɔ ale gbegbe be kilogram 30,000 “koe” wote ŋu ɖona ɖe duta. Orinoco me bamelo siwo susɔ egbea la mede 3,000 o, eye eŋutinunyalawo gblɔ be amegbetɔwo na be lã mawo kple lã 312 bubu siwo le Venezuela la ƒe vɔvɔ keŋkeŋ ɖo vɔ.
Ɣletivi aɖe si ƒe Ŋusẽ Wɔ Nuku
Wogakpɔ kpeɖodzi bubu le Hubble ƒe didiƒekpɔmɔ̃ me nyitsɔ laa sia be ɣletivi ƒomevi aɖe si mebɔ o le míaƒe ɣletivihatsotsoa me si woyɔ be “ɣletivi si le blɔ si ƒe keklẽ trɔna ɣesiaɣi.” Ɣletiviŋununyalawo gblɔ be ɣletivi keklẽa kple nukeklẽ siwo ƒo xlãe la ƒe nɔnɔme le abe tu ene, eyata woyɔe be Pistol. Wobui be Pistol la ƒe lolome anɔ abe míaƒe ɣea ƒe teƒe 60 ya teti, eye eƒe ŋusẽ ade Ɣea tɔ teƒe miliɔn 10. Magazine si nye Science News gblɔ be anye “ɣletivi si ƒe ŋusẽ kpe bubuawo katã dzi le dziƒoawo.” Gake esi ʋuʋudedi xe eŋkume ta la, mɔ̃ siwo nu sẽ ŋutɔ koe woate ŋu azã atsɔ akpɔe. Esia na míese nusitae womekpɔ Pistol si didi tso Anyigba la gbɔ keklẽƒe 25,000 la o vaseɖe ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze me ko hafi la me. Ɣletivi siawo tɔgbe ade bubu koe wokpɔ le míaƒe ɣletivihatsotsoa me.
Ʋukuku Kple Kaƒoƒo—Dɔ Eve Ƒokpli si Wɔwɔ Nye Afɔku
Ʋukula siwo nɔa ʋu kum ganɔa ka ƒom ate ŋu awɔ vodada dziŋɔwo le manyamanya me. Esiae nye nusi dzi woɖo kpee le dodokpɔ si Germany Ʋukulawo ƒe Habɔbɔ wɔ la me. Wobia tso ʋukulawo si be woawɔ dodokpɔ zi etɔ̃. Womezã telefon le gbãtɔ me o. Wozã lɔri me telefon si womeléna ɖe asi o le evelia me; eye wozã esi woléna ɖe asi le etɔ̃lia me. Aleke ʋukula siwo wɔ dodokpɔa ku ʋuae? Le mamã dedie nu la, ʋukula siwo mezã telefon o wɔ vodada 0.5 le tetɔtɔ kple woƒe fli me nɔnɔ me, esiwo zã telefon si womeléna ɖe asi o wɔ vodada 5.9, eye ʋukula siwo zã telefon si woléna ɖe asi la wɔ vodada 14.6. Eyata nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ƒo nya ta be numekukua ɖee fia be “afɔku le eme ŋutɔ” ne wole ʋu kum galé telefon ɖe asi.