INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 6/8 axa 28-29
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Alɔ̃ be Yeaxɔ Ðeviawo?
  • Katolikotɔ Gbɔgbɔyɔlawo
  • Ðevi Siwo Lolo Akpa—Nukatae?
  • Taɖui Sesẽ Le Fu Ðem na Wo
  • Anyidɔ Dada
  • Sigaretdzudzɔ
  • Wodo Kpo Nu le Anukwareɖiɖi ƒe Dodokpɔa Me
  • Dɔlékui Siwo Wua Ame ƒe Tɔtrɔgbɔ
  • Television ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
  • Ga Kple Sɔlemeha La
  • Aʋahoho Ðe Ʋufifi Ŋu
  • Fuɖeɖe Wua Vidadawo Hã
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1995
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1993
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—1996
  • Ame Miliɔn Geɖe ƒe Agbe Le Dzudzɔ me Tsim
    Nyɔ!—1995
Nyɔ!—1993
g93 6/8 axa 28-29

Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu

Amekae Alɔ̃ be Yeaxɔ Ðeviawo?

“Xɔ Ðeviawo ne Nye Maxɔ Ga La.” Tanya sia si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Mainichi Daily News me la ɖo Japan-nyɔnu geɖe ƒe nya si wobiana le nusi woadi be yewoaxɔ ne wova gbe wo gbaɖegbe la ŋu kpuie. Le numekuku aɖe si Hakuhodo si nye dɔwɔha si doa boblo adzɔnuwo wɔ nyitsɔ laa nu la, nu vevi etɔ̃ siwo wodi gbã enye ga si le gadzraɖoƒe, ga si le wo si le aƒeme, kple aƒe dzeaniwo. Nu eneliae nye viŋutsuviwo. Eye vinyɔnuviwo, aƒewo, television, nutatawo kple nyɔnuwo ƒe akplo kplɔe ɖo. Vifofowo hã mekpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu tututu o. Numekuku bubu si Tokai ƒe Gadzraɖoƒea wɔ hã ɖee fia be vifofowo dometɔ 69 le alafa ɖesiaɖe me le Japan gblɔna be yewoƒe ŋku biã ɖe yewoƒe dɔwɔɖui ŋu ale gbegbe be yewomate ŋu akpɔ vovo aɖo dze kple yewo viwo o. Wo dometɔ 22 le alafa ɖesiaɖe me gblɔ gɔ̃ hã be nu vevi aɖeke meli si ŋu yewoaɖo dze le kple yewo viwo o.

Katolikotɔ Gbɔgbɔyɔlawo

Ewɔ abe ɖe Katolikotɔ geɖewo va le vivi dom ɖe vivimeŋusẽ triakɔwo yɔyɔ ŋu ene. Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana kwasiɖa ɖesiaɖe si nye Il Sabato gblɔ be Katoliko-ha ƒe nunɔlawo le biabiam be woaɖe “se si ha la de ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo nu la ɖa.” Woyɔa Katolikotɔwo ƒe ŋgɔnɔla aɖewo kple wo yomedzelawo be “Katolikotɔ gbɔgbɔyɔlawo” le esi wolɔ̃a gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo ta. Woxɔe se be yewoate ŋu aƒo nu kpli wo, atsɔ videoɖemɔ̃ aɖe wo ahalé woƒe gbe ɖe mɔ̃ dzi. Wofiaa nu le vivimegbɔgbɔ triakɔwo ŋu le nunɔlawo ƒe yunivɛsiti aɖe. Gake menye amesiamee da asi ɖe edzi o. Yesutɔ aɖe si fiaa nu le papa ƒe yunivɛsiti bubu gblɔ be: “Mɔ bubu aɖe si me afɔku mele o si me susu hã le li si dzi woato aƒo nu kple kukuawo: eyae nye gbedodoɖa.” Gake Biblia la ɖe eme be kukuawo menya naneke o eye be womate ŋu aƒo nu kple kukuawo le mɔ aɖeke nu o—Nyagblɔla 9:5.

Ðevi Siwo Lolo Akpa—Nukatae?

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Toronto Star ka nya ta be: “Egbeviwo lolona henɔa teƒe ɖeka ɣeyiɣi didi wu.” Ðɔkta Oded Bar-Or si nye ɖeviwo ƒe nunyiame ƒe dɔdzikpɔla le Chedoke-McMaster, Mamilton-dɔnɔkɔdzi si le Canada gblɔ be: “Ðeviwo ƒe lolo dzi ɖe edzi kabakaba le ƒe 20 siwo va yi me ŋutɔ.” Numekuku si wowɔ ɖee fia be kamemademade kple nu nyui ɖuɖu fũ ɣesiaɣi gbɔe wòtso. Ðɔktawo le vɔvɔ̃m be ne nɔnɔmea ayi edzi nenema la, ɖeviwo ƒe lãmesẽ dzi aɖe kpɔtɔ kaba. Star gblɔ be ɖɔktawo “de dzesii xoxo gɔ̃ hã be kamemademade nye afɔkunu si hea . . . dzidɔ, ʋusɔgbɔdɔ, suklidɔ, kple dɔlelé si nana ame ƒe ƒuwo gbɔdzɔna vɛ.” Ðɔkta Bar-Or ƒo nya ta be “ɖevi si mewɔa dɔ aɖeke o la alolo akpa le eƒe tsitsime.” Ede dzi ƒo be woanɔ dɔ wɔm.

Taɖui Sesẽ Le Fu Ðem na Wo

Dɔléle sia ŋu nunyalawo bu akɔnta be taɖuame sesẽ vovovowo le fu ɖem na ame miliɔn 15 le Germania. Esi bɔ wue nye ta ƒe akpa ɖeka si ɖua ame si nana woɖea xe eye vevietɔ eléa nyɔnuwo enuenu zi ene wua ŋutsuwo. Taɖui sia ƒomevi nɔa anyi gaƒoƒo 18 eye woxɔe se be womekpɔ atike aɖeke nɛ o. Hekpe ɖe eŋu la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be, “Atike siwo tsiaa vevesese nu nana ta ɖua Germaniatɔ miliɔn 1.5 ya teti atraɖii.” Dɔa dzea egɔme ne wono atike si tsia vevesese nu edziedzi ƒe geɖe be woatsɔ atsi taɖuame nui. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be nu ɖeka si atsi taɖui sia tɔgbe nu koe nye be woadzudzɔ atikeawo nono.

Anyidɔ Dada

Ðe wòle be woatsri alo agbe anyidzelawo xɔxɔ ɖe dɔ mea? Nyati si le Dziehe Afrika ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Farmer’s Weekly me gblɔ be ao. Okkie Kruger si le Anyidɔdaƒe gblɔ be: “Ne wodze gbedada le wo ŋu gɔme le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, woƒe dɔa megakakana o eye woate ŋu anɔ anyi kple woƒe ƒomeawo. Esi “wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le ƒe siwo va yi me le dɔleléa dada me” kple atike geɖewo ta la, nu megblẽna le dɔnɔawo ŋu ɖaa ne wona woyɔ dɔ wo kaba o. Farmer’s Weekly ka nya ta be le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe nya nu la, anyidɔ le ame miliɔn 10 vaseɖe miliɔn 15 ŋu le xexeame katã.

Sigaretdzudzɔ

Ðe sigaretnono nana ame ƒe susu ɖana wua? Sigaretnola geɖewo gblɔ be enana wòɖana ɖe edzi. Gake numekuku si wowɔ le United States nyitsɔ laa la ɖe nusi to vovo na esia fia. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Guardian Weekly ka nya ta le numekuku aɖe si wowɔ le Washington ƒe Suku le Maryland ŋu be sigaretnono menana ame ƒe susu nɔa nu ŋu ɖaa o eye menana nu tsia susu me na ame ɣeyiɣi didi o. Wokpɔe hã be sigaretnono gblẽa dɔwɔɣi me na ame. Le ʋukuku nyuie ƒe numekuku aɖe si wowɔ me la, wokpɔe be sigaretnolawo te ŋu kpɔa lɔrifɔku zi gbɔ zi 3 kple afã wu amesiwo menonɛ o. Nukatae? Ðɔktawo susu be sigaretnono ɣeyiɣi didi ate ŋu awɔe be ʋu mate ŋu asi aɖo susua ƒe akpa siwo léa nya ɖi la gbɔ nyuie o.

Wodo Kpo Nu le Anukwareɖiɖi ƒe Dodokpɔa Me

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Newsday ka nya ta be ga kotoku eve ge le aʋawɔʋu aɖe si lɔ ga tso New York Dugã ƒe gadzraɖoƒea me ɖe mɔdodo gãwo dometɔ ɖeka si dzi ʋuwo tona vevie le dua me. Ʋuwo katã tɔ enumake. Kotokuawo “nu ʋu eye gawo kaka ʋukulawo fɔ aɖaƒoƒo geɖewo.” Dɔlar 3,500 koe wokpɔ fɔ le dɔlar 300,000 si nɔ kotokuawo me la dome. Mele se nu le New York be woazi ga si wofɔ dzi ne ewu dɔlar 20 o. Dumegã aɖe ƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu be: “Ele abe alesi wofɔa lã kakɛwo ƒua gbe na bosowo ene. Ðeko amewo le ga ʋlim le wo nɔewo si.” Ame aɖe ɖo aɖaŋu na kpovitɔwo ƒe nyanuɖela aɖe be woaɖo telefon xexlẽdzesi tɔxɛ aɖe ɖi koŋ na amesiwo di be yewoatrɔ ga vɛ la. Wogblɔ be ɖeko nyanuɖela “ƒe nu ku sẽe eye wòko nu.”

Dɔlékui Siwo Wua Ame ƒe Tɔtrɔgbɔ

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo metsɔ alesi ŋusẽ gaɖoa dɔlékui aɖewo ŋue la be enye nusi le vevie o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye U.S.News & World Report ka nya ta be togbɔ be wogblɔ le ƒe geɖewo me be yewokpɔ atike na dɔlékui vɔ̃ɖiwo hã la, “ɖɔktawo le gbɔgblɔm be atike kpɔkpɔ na dɔléle aɖewo le sesẽm ŋutɔ.” Magazine la gblɔ be dɔlékui aɖewo “trɔ ɖe nɔnɔme bubuwo me ayetɔe ale gbegbe be atike yeyewo megale wo wum o.” Dɔnɔkɔdziwo, abɔdzokposukuwo, kple aƒemanɔsitɔwo ƒe nɔƒewo va zu afisi dɔlélewo abe susumetetedɔ kple yɔmekpe ene le bɔbɔm ɖo. Nu bubu si hã gbɔ wotsoe nye alesi amegbetɔwo le kakam ɖe afisi amewo menɔ kpɔ o. U.S.News & World Report gblɔ be: “Esi amegbetɔwo kaka eye wova xɔ ɖe lãwo teƒe ta la, wozu nusiwo me dɔlékuiawo dina be yewoage ɖo.” Nɔnɔmea ŋu nyalawo gblɔ be, “amegbetɔwoe nye nusiwo me nugbagbeviwo kple dɔlékuiwo lɔ̃a gege ɖo fifia wu.”

Television ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Ne wotsɔ dɔlar miliɔn ɖeka na wò be màgakpɔ television azɔ o ɖe, àlɔ̃a? Nukutɔe la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye International Herald Tribune gblɔ be Amerikatɔ 1 le wo ame 4 ɖesiaɖe dome malɔ̃ ɖe edzi o. Le numekuku si TV Guide magazine wɔ ƒe nya nu la, amesiwo wobia nyae ƒe afã gblɔ be yewomalɔ̃ ne gaa mede dɔlar miliɔn ɖeka o. Gake le nusi to vovo na esia me la, ame 1 le ame 4 ɖesiaɖe me gblɔ be yewoalɔ̃ axɔ dɔlar 25,000 be yewomagakpɔ television le yewoƒe agbe me azɔ o. Ame akpa gãtɔ gblɔ be yewoƒe television kpɔkpɔ fifia megade ƒe eve siwo va yi me tɔ nu o, gake ame 1 le ame 8 ɖesiaɖe me koe kpɔ be yewoƒe television kpɔkpɔ fũ menyo o.

Ga Kple Sɔlemeha La

Argentina ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Maga gblɔ be Katolikotɔ 3 le alafa ɖesiaɖe me koe dea misa le afima. Gake Argentina ɖeka koe ganye xexemedukɔ si ƒe Dukplɔse ƒe akpa aɖe bia tso dziɖuɖua si be wòana gakpekpeɖeŋu Katoliko-ha la. Wode se be woaxe fetu sɔgbɔ na Argentina ƒe bisiɔpwo kple Katoliko-ha ƒe ŋgɔnɔlawo. Esi wobu woƒe fetu, adzɔ si wotsɔna kea wo, alɔdoga si wonaa wo kple viɖe bubuwo ƒo ƒu la, dziɖuɖua gblẽa peso miliɔn 246 (Amerikatɔwo ƒe dɔlar miliɔn 245, U.S.) ɖe wo ŋu ƒe sia ƒe. Afikae wokpɔ ga sia tsoe? Etso dziɖuɖua gbɔ. Gake La Maga gblɔ be “Argentinatɔwo katã gbɔe dziɖuɖua xɔnɛ le—metsɔ le eme subɔsubɔha si me wole o.”

Aʋahoho Ðe Ʋufifi Ŋu

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye International Herald Tribune gblɔ be nyatakakanamɔ̃ si wodea ʋu ƒe ɣaɣlaƒe si nàte ŋu alé ɖe asi la le kpekpem ɖe kpovitɔwo ŋu be woake ɖe ʋu siwo wofi ŋu. Dɔwɔha aɖe si tsɔ mɔ̃ sia si nana wokena ɖe ʋu siwo wofi ŋu si ƒe home nye dɔlar 600 de ʋu 150,000 kloe ŋu le United States gblɔ be le ʋu 3,500 siwo ŋu mɔ̃ sia le siwo wofi tso 1986 dome la, woke ɖe wo ame 95 le alafa me ŋu. Be woagalé ʋufilaawo o la, wokua ʋua sina abe kilometa ʋee aɖewo ko ene hetɔna. Ne womeke ɖe ʋua ŋu le ŋkeke aɖewo megbe o la, fiafiawo tsɔnɛ be ɖe womede nyatakakanamɔ̃ eŋu o.

Fuɖeɖe Wua Vidadawo Hã

Choices magazine ka nya ta be wobu akɔnta be: “Nyɔnuwo kuna le fufɔfɔ kple vidzidzi me le aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe me.” Magazine la gblɔ kpee be, “nyɔnu akpe alafa atɔ̃ kple edzivɔ kuna ƒe sia ƒe le fufɔfɔ me dɔlélewo ta. Eye ne nyɔnuwo dometɔ ɖeka ku la, wo ame 100 bubuwo zua dɔnɔwo alo nu gblẽna le wo ŋu.” Nyɔnu 1 le nyɔnu 73 dome kuna le Latin Amerika le fufɔfɔ me dɔlélewo ta. Wobu akɔnta be le Asia la, nyɔnu 1 le nyɔnu 54 dome kuna; eye nyɔnu 1 le nyɔnu 21 dome kuna le Afrika. Ne wotsɔ xexlẽme sia sɔ kple Ɣetoɖoƒe Europa, afisi nyɔnu 1 le nyɔnu 10,000 dome kuna le la, wosɔ gbɔ ŋutɔ. Choices de dzesii be nusiwo wua nyɔnuwo le fufɔfɔ me dometɔ ɖekae nye “fuɖeɖe, si wua nyɔnu 200,000 le wo dometɔ 500,000 dome.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe