INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/07 axa 7
  • Dɔdamɔnu Nyuitɔ Kekeake—Eyae Nye Ka?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔdamɔnu Nyuitɔ Kekeake—Eyae Nye Ka?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènya Dɔdamɔnu Siwo Nàtia La Nyuiea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ènya Dɔdamɔnu Siwo Nàtia La Nyuiea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Ele Be Nàkpɔ Video si Nye No Blood—Medicine Meets the Challenge
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Na Video si Nye No Blood—Medicine Meets the Challenge Naɖe Vi na Wò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 1/07 axa 7

Dɔdamɔnu Nyuitɔ Kekeake—Eyae Nye Ka?

“Ne woda dɔ na dɔnɔ aɖe ʋumazãmazãe la, efia be mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woate ŋu ato ada dɔ na amee nye ema wozã nɛ.” Nenemae Ðɔkta Michael Rose, si nye atikewɔlawo ƒe amegã kple ame si dea ame alɔ̃ me la gblɔ. Atikewɔmɔnu bubu kawoe woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe le “atikewɔwɔ na ame ʋumazamazãe” me? Ele be nànya wo, ale be nàte ŋu awɔ nyametsotso siwo gɔme nèse nyuie, le dɔdada kple amekoko ŋu nyawo me. Kpɔ video si nye No Blood—Medicine Meets the Challenge. Emegbe nàtsɔ nyabiase siwo gbɔna la ado nu siwo gɔme nèva se la akpɔ.—De Dzesii: Esi wònye be woɖe amekoko ƒe akpa aɖewo fia kpuie le video sia me ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo akpɔe ɖa be wo vi suewo ate ŋu akpɔ video sia hã.

(1) Susu vevi ka tae Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o? (2) Nu kae nye Yehowa Ðasefowo ƒe didi le atikewɔnyawo me? (3) Gomenɔamesi vevi kae le dɔnɔwo si? (4) Nu ka tae wònye nu si me nunya le, eye wòsɔ hã, be ame nagbe be woagado ʋu na ye o? (5) Ne ʋu gbogbo aɖe ɖuɖu le dɔnɔ ŋu la, nu vevi eve kawoe li, siwo ŋudɔ ɖɔktawo ate ŋu awɔ gbã? (6) Atike bubuwo zazã na ame ɖe ʋu teƒe ŋuti gɔmeɖose vevi ene kawoe li? (7) Nu kae ɖɔktawo ate ŋu awɔ be (a) ʋu nagaɖuɖu le dɔnɔa ŋu wòasɔ gbɔ o, (b) ʋumenu dzĩwo nagavɔ le ʋua me o, (d) ʋu si le lãme na dɔnɔa la ŋutɔ nadzi ɖe edzi kabakaba, eye (ɖ ) ʋu si ɖuɖu le dɔnɔa ŋu la nagaɖo eteƒe? (8) Ƒo nu tso atikewɔmɔnu siwo gbɔna ŋu: (a) ʋua dzodzro; (b) ʋumenuwo xexe. (9) Nu kae nàdi be yeanya tso atike si woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe ŋu? (10) Ðe woate ŋu ako ame aɖe si le nɔnɔme sesẽ aɖe me ne womedo ʋu nɛ oa? (11) Nu deamedzi kawo dzie atikewɔla geɖewo le lɔlɔ̃m ɖo azɔ?

Lɔlɔ̃ be woazã atikewɔmɔnu siwo woɖe fia le video sia me la dometɔ aɖewo na ame, alo wo gbegbe, nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòanɔ te ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee dzi awɔ. Èwɔ nyametsotso le atike siwo nàdi be woazã na ye ɖe ʋu teƒe la ŋu na ɖokuiwò kple viwòwo xoxoa? Ele be nàgblɔ wò nyametsotsowo kple susu siwo tae nèwɔ wo ɖo la eme nakɔ nyuie na wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” le June 15, 2004 kple October 15, 2000 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe