Ðe Aƒewòme Le Dediea? Nu 20 Siwo Ŋu Wòle Be Nàlé Ŋku Ðo
“MEÐO aƒeme mlɔeba!” Ðewohĩ ègbɔna fuu dzidzemetɔe ne ègbɔ tso dɔ sesẽ aɖe wɔƒe, eye dzi dzɔ wò be yeva ɖo aƒeme dedie. Gake ɖe nèle dedie nyateƒea? Ewɔ mo yaa be afɔku gãwo dzea ŋgɔ ame aɖewo le aƒeme le woƒe manyamanya me. Vevietɔ ele be amesiwo si ɖevi suewo le nabu tame aɖe afɔ siwo ana aƒemefɔkuwo dzi naɖe akpɔtɔ. Nukata màzã nu vovovo siwo woyɔ le aɖaka sia me atsɔ alé ŋku ɖe aƒewòme ŋu keŋ akpɔ nusiwo ŋu wòle be nàtrɔ asi le o?
✔ Numiemiewo. Ne ɖevi suewo le asiwò la, kpɔ egbɔ be numiemie siwo le aƒewòme dometɔ aɖeke menye aɖi o. Ðo ŋku edzi be, ɖevi siwo dze azɔli adi be yewoade nusianu si ŋu woke ɖo la nu me.
✔ Fesrenuvɔwo. Mègana fesrenuvɔ me kawo natsɔ anyigba o. Woate ŋu abla—alo aku ve na—ɖevi suewo.
✔ Kplɔ̃ŋuɖakawo kple tsitrenuɖakawo. Anyo be nàde gavi siwo woatsɔ atu woe be woanye ametakpɔnu. Esia ana ɖeviwo manɔ asi kam nuzazã siwo nu ɖana kple nuklɔtike siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu la ŋu o.
✔ Atrakpuiwo. Ðe nède akaɖiwo eye afɔklinu aɖeke menɔa atrakpuimɔa dzi oa? Ðe nède ʋɔtru atrakpuiawo nu be ɖevi siwo dze azɔli nagage oa?
✔ Gamle. Trɔ nuɖagbawo kple nutɔgbawo ƒe asiléƒewo do ɖe gamlea megbe lɔƒo, vevietɔ ne èle nu ɖam.
✔ Lãyiga. Tutu eŋu edziedzi. Lãyiga si ƒo ami blibaa ate ŋu ana dzodoƒe nalé dzo.
✔ Dzotsinu. Ðeka teti nenɔ aƒea me, eye nàkpɔ egbɔ be ame tsitsi ɖesiaɖe si le aƒea me nya ezazã.
✔ Vidzĩ ƒe abatiwo. Ele be ati siwo le abatia ƒe axawo dzi dome mɔ namia. Mɔ si anɔ belia ƒe axawo dzi megakeke akpa be ɖevi ƒe ta naxaxa ɖe eme o.
✔ Fesrewo. Ametakpɔnu siwo wowɔna dea fesrewo nu akpɔ ɖeviwo ta be womage o eye ame tsitsi ate ŋu aɖee ɖa bɔbɔe ne dzo dze aƒe.
✔ Amenyitikewo kple atikewo. Mida nusiawo ɖe aɖaka si miatu me alo teƒe aɖe si manɔ asitsɔƒe na ɖeviwo o.
✔ Tsilegba. Mègagblẽ ɖevi sue ɖe tsilegba me egbɔ manɔmanɔe gbeɖe o. Ɣeyiɣi kpui aɖe—kple tsi sue aɖe ko—ate ŋu ana tsi nalé ɖevi.
✔ Numekpo. Ðo ŋku edzi be nuɖuɖu xɔa dzo kaba le numekpo me. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be kaka nugoe si me wodea vidzĩwo ƒe nuɖuɖui nadze dzoxɔxɔ gɔme le kpoa me la, nuɖuɖua ŋutɔ ya dze fiefie gɔme xoxo.
✔ Mɔ̃ si dea dzoxɔxɔ xɔme. Na woanɔ wò dzoxɔmɔ dom kpɔ edziedzi be teƒe aɖe ŋɔ eye carbon monoxide (si nye aɖiya aɖe si léa dzo) le dodom hã.
✔ Agbadodzigawo. Kpɔ egbɔ be ɖeviwo nagate ɖe agbadodzigawo ŋu ne woxɔ dzo o.
✔ Ʋutɔɖoƒegbo. Gbe na ɖeviwo be woagaƒu du to ʋutɔɖoƒegbo siwo woʋuna yia dzi la gɔme ne wole eʋum alo le etum gbeɖe o, vevietɔ ne elektrikŋusẽe ʋunɛ.
✔ Dzudzɔlénuwo. (Nusi naa nyanya le dzo ƒe dzudzɔ ŋu) Na woanɔ dzadzɛ, eye nɔ ŋku lém ɖe wo ŋu edziedzi be wole nɔnɔme nyui me hã. Ðɔ li batri (si nye kpe) siwo wodea wo me la ƒe sia ƒe.
✔ Elektrik-kawo kple elektrikŋusẽtoƒewo. Tsɔ elektrik-ka siwo ŋu abi ɖo la ƒu gbe. Anyo be nàtsyɔ nu elektrikŋusẽtoƒe siwo zãm womegale o la dzi.
✔ Elektriknuzazãwo. Nuzazã siawo nanɔ adzɔge tso pɔmpi alo tsilegba gbɔ. Nusiwo xea mɔ ɖe elektrik-ka siwo wohe to tome siwo ŋu abi ɖo ƒe nugbegblẽ nu la zazã ate ŋu axe mɔ ɖe elektrikŋusẽ ƒe ameléle nu.
✔ Nugo siwo me wodaa fefenuwo ɖo. Do ɖeka alo esi wu nenema si anye yatoƒe nanɔ nugo sia ŋu eye nàde gameti nusi wotsɔ tunɛ la ŋu be mage le eɖokui si o.
✔ Elektriknudziɖoga. Wò nudziɖoga—kple eŋu ka siaa—neganɔ asitsɔƒe na ɖeviwo o.