INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 16-20
  • Dzodoƒe Ate Ŋu Avivi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzodoƒe Ate Ŋu Avivi
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusɔsrɔ̃ le Dzodoƒe “Sukuxɔ Me”
  • Nuɖaɖa Vivina Ŋutɔ!
  • Ƒomea ƒe Ðekawɔwɔ
  • 2. Na Wòanɔ Dzadzɛ
    Nyɔ!—2012
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 16-20

Dzodoƒe Ate Ŋu Avivi

“DO GO le dzodoƒea!” Wogbe nya na ɖevi siwo dɔ le wuwum dometɔ geɖe nenema esi wodi be yewoaɖɔ nuɖuɖua kpɔ hafi woaɖo kplɔ̃. Gake le esi teƒe be dzilawo nanyã wo viwo le dzodoƒe la, susu nyui geɖewo li siwo ta woadi be woava boŋ. Nukata? Elabena dzodoƒe nye nusrɔ̃ƒe nyui aɖe.

Dzodoƒe nye teƒe si ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ nuwɔwɔ kple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ le, afisi woasrɔ̃ dɔwɔwɔ na ame bubuwo le ahawɔ dɔ ɖe du, afisi woate ŋu aɖo dze viviwo le woawɔ dɔ ɖe ame dzi, afisi woate ŋu aƒã dzidzenu vavãwo ɖe ame me le. Ẽ, nufiame vevi geɖe le tsitrenuɖakawo kple kplɔ̃wo kpakple agba siwo dzi nu geɖe le me le dzodoƒe ɖesiaɖe—woate ŋu axɔ wo ne ègale nu ɖam.

Le mɔ̃ɖaŋununya kple sidzedze ƒe ɣeyiɣi sia me la, nukata nàna hehe viwòwo le dzodoƒe? Ɣeyiɣi tae. Dzila geɖe de dzesii be naneke meli woatsɔ aɖo ɣeyiɣi si yewoanɔ yewo viwo gbɔ teƒe o—ɣeyiɣi geɖe!a Gake nya lae nye afisi woakpɔe le. Eŋutinunyala aɖewo ƒoe ɖe dzilawo nu be woabu dɔ siwo wowɔna le aƒeme ɣesiaɣi be enye mɔnukpɔkpɔ si woatsɔ awɔ nu kple wo viwo ahana hehe wo. Esia sɔ kple se aɖe si Mawu de na dzilawo le blemadukɔ Israel me be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:6, 7.

Esi wòle be míanɔ dzodoƒe edziedzi ta la, adze be eyae nye teƒe si ƒomea me tɔwo nawɔ dɔ le ɖekae. Dɔwuame kaɖikaɖi mele abe tsaɖiɖi tɔxɛwo, siwo míeɖona ne míekpɔ ɣeyiɣi, ŋusẽ, alo ga hafi la ene o, wometutua eya dona ɖe ŋgɔ o. Azɔ hã dzodoƒe nɔnɔ vivia ɖeviwo nu tso dzɔdzɔme ke. Ne èbu eŋu kpɔ la, afikae gali wofiaa alesi woazã hɛ nyuie ahawɔ dzodoƒenuzazã bubuwo ŋudɔ le? Ne ɖeviwo le fefem gɔ̃ hã la, woate ŋu atɔtɔ nuwo ɣeaɖewoɣi! Ke nufiame kawoe woaxɔ le dzodoƒe?

Nusɔsrɔ̃ le Dzodoƒe “Sukuxɔ Me”

Louise Smith—si eƒe sukuvi siwo xɔ ƒe ene yɔna be Davi Agumetakubolomèla la—nɔ te ɖe nuteƒekpɔkpɔ dzi le ƒe 17 siwo wòtsɔ fia nuɖaɖa ɖeviwo me gblɔ be: “Nuɖuɖu nye nufiafia ƒe mɔnu vevi aɖe elabena ɖeviwo katã sea egɔme. Woƒe sidzenu siwo nye nuʋeʋẽse, nuɖɔɖɔkpɔ, kple nulélekpɔ nu sẽna le ɖevi me ale gbegbe be woƒe susu katã nɔa eŋu. Eye àte ŋu afia ŋɔŋlɔdzesiwo ƒe ɖiɖime, akɔnta, kple kuxi gbɔ kpɔkpɔ ƒe aɖaŋu wo to nuɖuɖu dzi.” Nukɔkɔ ɖe agba me, nutoto, nukpakpa, nusasra, nu me bublu, kple nututu na ɖeviwo ƒe asi zãna eye wowɔa ŋku kple asi ŋudɔ nyuie. Numetiatia (nukekle) kple nuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu (nudzidzekpluwo fɔfɔ de wo nɔewo me) fiaa susu ŋudɔwɔwɔ ame si dzi wodzea akɔnta sɔsrɔ̃ gɔme tsoe. Nuɖaɖa ŋuti mɔfiame dzi zɔzɔ fiaa xexlẽdzesiwo, nudzidzedzidze, gamedziwɔwɔ, susu ŋudɔwɔwɔ, kple gbegbɔgblɔ ame. Eye madzro wò be nàɖo afɔ dzodoƒe, afisi nuwo sɔ gbɔ ɖo eye afɔku le evɔ màsrɔ̃ dedienɔnɔ, agbanɔamedzi, ɖoɖowɔwɔ, kple hamenuwɔwɔ o.

Nu vevi bubue nye nuɖaɖa sɔsrɔ̃. Zi geɖe la, kaka ɖevi siwo kpea asi ɖe dɔ ŋu le dzodoƒe nage ɖe ƒewuiwo me la, wote ŋu ɖaa nu. Dzila si mekpɔa vovo o dometɔ kae madi be woakpe ɖe ye ŋu alea ɣeaɖewoɣi o? Hekpe ɖe eŋu la, nuɖaɖa na kakaɖedzi nɔa sɔhɛwo si eye wote ŋu nɔa wo ɖokui si—nɔnɔme siwo ava ɖe vi na wo ne wova tsɔ ame tsitsiwo ƒe agbanɔamedziwo emegbe, ne woɖe srɔ̃ alo le tre.—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 6:6.

Lee si nɔ tre ʋuu ge ɖe ƒe 30-awo me la gblɔ be: “Danye dze dzodoƒedɔ suesuewo fiafiam gɔme esime mexɔ ƒe ade. Gbã la, akpɔnɔ, akpɔnɔ vivi, kple numeɖenu vivi bubuwo wɔwɔe dzɔa dzi nam. Gake kaka maxɔ ƒe asieke la, mete ŋu wɔa ɖoɖo ɖaa nu ƒomea katã ɖuna, eye mewɔnɛ edziedzi. Emegbe esi metsi henye tre la, mekpɔe be aƒemedɔ vovovowo, kple nuɖaɖa hã nyanya na nu metena ɖe dzinye tututu le agbe me o. Eye magblɔ kakaɖedzitɔe be esia na srɔ̃ɖeɖe le edzi dzem nam fifia.”

Nuɖaɖa Vivina Ŋutɔ!

Aleke dzila awɔ akpɔ ɣeyiɣi ahe ɖeviwo le dzodoƒe? Dzila aɖe doe ɖa be woaɖo ɣeyiɣi si me nu bubuwo mahe susu fũ o. Ne vi geɖe le asiwò la, ɖewohĩ anyo be nàwɔ dɔ kple wo ɖekaɖeka ne azɔe wole egɔme dzem. Be nàwɔ esia la, di ɣeyiɣi si me ɖevi bubuwo le ŋdɔlɔ̃ dɔm alo le suku. Wɔ ɖoɖo be nàzã ɣeyiɣi geɖe ɖe esia ŋu wu ne wò ɖekae le nu ɖam. Eye nɔ klalo be nàfe le dzodoƒea!

Àte ŋu ana viwòa natia nuɖuɖu si vivia enu le nufiafia gbãtɔ me. Tia nuɖuɖu si ɖaɖa le bɔbɔe si atsɔ kaba. Kpɔ egbɔ be dɔ siwo wòate ŋu awɔ nyuie hã le eme. Be ɖevia matsi dzodzodzoe eye nu nati kɔ nɛ o la, na wòafɔ nuɖanu kple dzodoƒenuzazã aɖewo siwo hiã la da ɖi. Àte ŋu aɖa nanewo afã kple afã do ŋgɔ ale be nua ɖaɖa maxɔ ɣeyiɣi ahasesẽ o.

Mia kple viwòa mixlẽ nuɖagbalẽa, eye nàfiae alesi wòawɔ dɔ ɖesiaɖe. Ðo nɔƒe na viwòa ŋutɔ koŋ le dzodoƒea—ate ŋu anye kplɔ̃ kple nuɖugba ɖeka eve aɖewo kpakple dzodoƒenuzazã ʋee aɖewo—eye nàna wòado dzodoƒenɔwu. Mègana ŋutsuvi nado nyɔnu ƒe dzodoƒenɔwu o, ke na wòado ŋutsu tɔ. Te gbe ɖe dedienɔnɔ ƒe vevienyenye dzi tso gɔmedzedzea ke eye nàde se nyui aɖewo le dzodoƒea.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Nufiame Gbãtɔ—Dedienɔnɔ,” le axa 18.

Gawu la, dze agbagba afimanɔnɔ navivi. Mègana ɖevia nanɔ nusi wɔm nèle kpɔm ko o; na wòaklɔ asi eye eya hã nanɔ eme miaɖa nua. Ðe mɔ nɛ wòado nu gɔme, ado nu kpɔ, eye wòabia nyawo. Eye ne nuɖuɖua mevivi alesi dze o hã la, mègatsi dzi o. Ne ɖevia ŋutɔe ɖae la, ɖewohĩ aɖui godoo!

Ƒomea ƒe Ðekawɔwɔ

Ðikekemanɔmee la, viɖe gãtɔ kekeake si atso dzodoƒe nɔnɔ me enye ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ kple dzidzenuwo. Ðewohĩ èkpɔe be egbea le ƒome aɖewo me la, ƒomea me tɔwo biã ŋku ɖe woƒe dɔwɔna vovovowo ŋu eye wometena ɖe wo nɔewo ŋu tututu o. Le nɔnɔme siawo me la, ɖewohĩ aƒea me azu afisi woanɔ vie aɖu nu le ko agadzo. Gake anɔ eme be ƒome si ɖaa nu ɖekae la aɖu nu ɖekae ahaklɔ agbawo hã ɖekae. Dɔwɔna siawo naa mɔnukpɔkpɔ wo edziedzi be woaɖo dze, afe eye kadodo akpɔtɔ anɔ wo dome. Vidada aɖe gblɔ be: “Numeklɔɣi le dzodoƒe ye meɖoa dze nyuitɔwo le kple vinyewo.” Eye Hermann si nye vifofo Kristotɔ hã gblɔ be: “Míeɖoe koŋ dzudzɔ agbaklɔmɔ̃ zazã ƒe geɖe ale be míatsɔ asi aklɔ agbawo ahatutu wo ŋu. Mía viawo ƒe dɔdasi enye be woanɔ agbawo ŋu tutum ɖe wo nɔewo yome. Emae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si míeɖoa dze faa.”

Ẽ, ɣeyiɣi si nètsɔ nɔa viwòwo gbɔ le dzodoƒe—kwasiɖawo kple ƒewo—nyea gɔmeɖoanyi si dzi woatu gbɔgbɔ me dzidzenuwo kple mawumenɔnɔmewo ɖo. Teƒe ɖeka nɔnɔ le dziɖeɖi me ƒe ɣeyiɣi siawo mee dzila kple via ate ŋu akɔ dzime aɖo dze faa eye kpɔɖeŋu si dzila aɖo awɔ dɔ ɖe ɖevia ƒe dzi dzi bɔbɔe. Ðevi ate ŋu akpɔ viɖe tso hehenana sia me le eƒe agbe me katã, elabena Lododowo 22:6 gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”

Eyata ne wò dzila èle mɔnu dim be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe viwòwo ŋu la, nukata màyɔ wo be woava yewoamè akpɔnɔ vivi aɖe alo aɖa nu o? Àkpɔe be dɔwɔwɔ kple wo le dzodoƒe nye mɔ si dzi nàto ana nuɖuɖu wò ƒomea ahalé be na wo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “‘Ɣeyiɣi Vevi’ si Woƒle Vivivi” si le Eŋlisigbe me Nyɔ!, May 22, 1993, axa 16-17, afisi wodzro nya sia me le.

[Aɖaka si le axa 18]

Nufiame Gbãtɔ—Dedienɔnɔ.

Dedienɔnɔ Nenɔ Vevie na Wò:

• Ðo mo vevie nàgblɔ afɔku si le dzodoƒe nɔnɔ me, abe alesi nàɖe afɔku si le mɔgã dzi toto me ene, evɔ mègado ŋɔdzi na wo o. Wò ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui.

• Na ame tsitsi aɖe nanɔ ɖeviwo ŋu ɣesiaɣi ne wole dɔ wɔm le dzodoƒe. Mègaɖe mɔ ɖevia nazã dɔwɔnu alo mɔ̃, vevietɔ elektrikmɔ̃ aɖeke o vaseɖe esime wòate ŋu azãe nyuie hafi.

• Ðo nuwo ɖe ɖoɖo nu le dzodoƒea. Ne tsi kɔ ɖi la, tutui eye nakplɔ gbeɖuɖɔwo enumake. Ne èle nu ɖam la, aƒelãwo alo susuhenu aɖeke meganɔ dzodoƒea o.

Kpɔ Wò Asibidɛwo Ta:

• Ne ame tsitsi aɖe li ko hafi miazã nublumɔ̃, nutumɔ̃, kple aboloblumɔ̃. Kpɔ egbɔ be yetsi mɔ̃a heɖe kaa le edeƒe hafi viwò natsɔ dɔwɔnu aɖe ade eme.

• Nyre hɛawo woaɖa nyuie, elabena ne hɛa tsi la, ahiã be woate asi ɖe edzi sesĩe si ana wòate ŋu aɖiɖi bɔbɔe.

• Ne viwò le hɛ léle srɔ̃m la, na wòazɔ ɖe afɔɖoƒe siawo dzi: (1) lé hɛa ƒe asiléƒe, (2) tsɔe ɖo nuɖuɖua dzi, (3) tsɔ asi kemɛa ɖo hɛa megbe, eye (4) nàtee ɖe nuɖuɖua dzi wòalã.

• Zã nufliʋuƒo. Be detsiƒonuwo maganɔ ɖiɖim ne viwòa le woflim o la, fe wo me ɖe eve gbã eye nàtsɔ eƒe gbabame ɖo nufliʋuƒoa dzi.

Nɔ Ŋudzɔ be Màgafiã O:

• Ne mèle gamlea kple abolomèmɔ̃a zãm o ko la, tsi wo keŋkeŋ ɣesiaɣi. Mègatsɔ nututuvɔ, nuɖagbalẽwo, kple zelovɔwo ɖo mlea dzi gbeɖe o.

• Na nuɖazewo ƒe asiléƒe nanɔ mlekpuia titina lɔƒo, afisi womalɔ wo le bɔbɔe eye nuwo nakɔ ɖi o.

• Ne àna viwò naɖa nu le gamlea dzi la, kpɔ egbɔ be afisi wòtɔ ɖo la sɔ hele ƒuƒui.

• Mègalo nu dzodzo aɖeke o dzaa nèkpɔ afisi nàloe ada ɖo hafi. Ne èlo nu dzodzo aɖe la, na amesiwo katã le dzodoƒea nanya, vevietɔ nenye be àto wo megbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe