INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/15 axa 16
  • Xeviwo Ƒe Aʋala Nugbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xeviwo Ƒe Aʋala Nugbɔ
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nudzodzoe Wɔnukuwo Do Ŋukpe Amegbetɔ ƒe Yameʋuwo
    Nyɔ!—1992
  • Favieʋuto Ƒe Aʋala
    Ðe Wowɔea?
  • Ale Si Albatross Saa Agba Ŋusẽ Boo Mazamazãe
    Nyɔ!—2013
Nyɔ!—2015
g 2/15 axa 16
Hɔ̃ aɖe si le dzodzom la ƒe aʋalawo nugbɔ bi ɖe dzi

ÐE WOWƆEA?

Xeviwo Ƒe Aʋala Nugbɔ

YAMEƲU si le yame la ƒe aʋala nugbɔ nana ya trona abe yali ene. Ne ya le totrom alea la, edoa kplamatsɛ yameʋua ƒe duƒuƒu si wɔnɛ be wònoa ami geɖe. Eye ne yameʋu bubu aɖe kplɔ yameʋu si le ŋgɔa ɖo tututu la, ya si le totrom le gbãtɔa megbe la doa kplamatsɛ eya hã vevie. Eya ta ne ehiã be yameʋu eve nato yameʋudzeƒea ƒe mɔ gbadza ɖeka dzi aho eye gbãtɔ ho la, woɖea mɔ ɣeyiɣi aɖe va yina ale be ya si le totrom le gbãtɔa megbe la nu natsi hafi evelia naho.

Yameʋuwɔlawo va ke ɖe nu si woawɔ atsɔ aɖe kuxiawo dzi akpɔtɔ la ŋu. Nu ka nue woke ɖo? Yameʋu ƒe aʋala ƒe nugbɔ. Wosrɔ̃ esia tso ale si fu siwo le xeviwo, abe hɔ̃ kple damixe ene, ƒe aʋalawo ƒe nugbɔ fɔna ɖe dzi la me.

Yameʋu ƒe aʋala ƒe nugbɔ

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ne xevi gã siawo le agba sam le yame la, fu siwo le woƒe aʋalawo nugbɔ nɔa fɔfɔm ɖe dzi kaka va dzɔna kã. Esia wɔnɛ be xevi siawo tea ŋu yia yame nyuie togbɔ be woƒe aʋalawo medidi o hã. Enana hã be wodzona nyuie. Yameʋuwɔlawo wɔ yameʋu siwo ƒe aʋalawo nugbɔ dzɔ kã abe xevi siawo tɔ tea ŋu dzɔna ene. Esi woku nu me tso ŋusẽ si ya kpɔna ɖe yameʋu dzi le yame ŋu la, wokpɔe be ne wotrɔ asi le yameʋu ƒe aʋala nugbɔwo ŋu hebi wo ɖe dzidze aɖe koŋ nu eye wosɔ ɖe ale si ya le ƒoƒom nu la, ana yameʋuawo nadzo nyuie wu. Eye egbea la, asitɔtrɔ sia na be ale si yameʋuwo dzona la ganyo ɖe edzi teƒe 10 le alafa me alo wu nenema gɔ̃ hã. Nu ka tae? Aʋalawo ƒe nugbɔwo ɖea ale si ya doa kplamatsɛ yameʋuwo ƒe duƒuƒu la dzi kpɔtɔna. Gawu la, wonana be ŋutete tɔxɛ aɖe ɖoa yameʋuwo ŋu “wotsɔ nɔa te ɖe ya ƒe kplamatsɛdonu bubuwo hã nu.”​—Encyclopedia of Flight.

Yameʋu ƒe aʋala nugbɔ siwo dzɔ kã nana be yameʋuwo tea ŋu dzona yia didiƒe, wotsɔa agba geɖe wu tsã, woƒe aʋalawo va le kpuie wu, esia nana be wotea ŋu kpɔa dzeƒe na yameʋu geɖe le yameʋudzeƒea, eye womegazãa ami geɖe hã o. NASA dɔwɔƒea ka nya ta be le ƒe 2010 me la, ami siwo yameʋuwo zã la “dzi ɖe kpɔtɔ lita miliɔn 7,600 sɔŋ” eye esia na hã be ya ƒoɖi siwo yameʋuwo tuna ɖe yame la dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe.

Nu kae nèsusu? Ðe ale si xevi ƒe aʋala nugbɔ tea ŋu dzɔna kã la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe