INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/15 axa 6-7
  • Nɔnɔme Nyui Siwo Ðea Vi Ɣesiaɣi—Lɔlɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔme Nyui Siwo Ðea Vi Ɣesiaɣi—Lɔlɔ̃
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ Ŋuti Se Matrɔmatrɔwo Lé Wo Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2015
  • Alesi Woatu Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðoe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nyui Kple Vɔ̃: Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 2/15 axa 6-7

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE BIBLIA SƆ NA MÍ EGBEA?

Nɔnɔme Nyui Siwo Ðea Vi Ɣesiaɣi—Lɔlɔ̃

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—Kolosetɔwo 3:14.

VIÐEAWO: Menye lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome ŋue Biblia ƒoa nu tsoe zi geɖe o. Ke boŋ enye lɔlɔ̃ si wotu ɖe nɔnɔme nyuiwo abe veveseseɖeamenu, tsɔtsɔke, ɖokuibɔbɔ, nuteƒewɔwɔ, dɔmenyonyo, tufafa kple dzigbɔɖi ene la dzi. (Mika 6:8; Kolosetɔwo 3:12, 13) Lɔlɔ̃ sia menye esi nu va yina kaba o, ke boŋ enye esi nɔa tsitsim ɖe edzi ɖaa.

Brenda, si ɖe srɔ̃ anɔ abe ƒe 30 ene la, gblɔ be: “Ne srɔ̃ɖeɖea nɔ anyi eteƒe didi la, lɔlɔ̃ si nɔa srɔ̃tɔwo dome la dea to sãsãsã wu esi nɔ wo dome esime woɖe wo nɔewo teti.”

Sam, si nye ŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 12 ye nye esia la, gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míekpɔa dzidzɔ eye míaƒe nu kuna ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã ɖe ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi kple ale si wo me kɔ la ŋu! Ne míewɔ ɖe wo dzi la, nuwo zɔna nyuie. Medina be mawɔ ɖe wo dzi ɣesiaɣi, gake ɣeaɖewoɣi la wòtoa miame nam. Esia dzɔna ne metsɔ nyawo vevie akpa, di ɖokuinye tɔ alo ɖeɖi te ŋunye. Ne edzɔ alea la, medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maɖu seselelãme ma dzi. Eyome mekplaa asi kɔ na srɔ̃nye, eye kaka nàkpɔ la, ɖeko wònɔna abe ɖe naneke medzɔ o ene!”

“Nunya ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le”

Yesu Kristo gblɔ be “nunya ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le.” (Mateo 11:19) Nya siawo ɖee fia kɔtɛe be nunya vavã bɔ ɖe Biblia me. Eƒe nufiamewo kple nɔnɔme nyui siwo wòdea dzi ƒo be míaɖe afia la ɖea vi. Woɖea vi ɣesiaɣi. Emenyawo sɔ na amegbetɔ ɖe sia ɖe. Eƒo nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu wòde pɛpɛpɛ ale gbegbe eye wòɖo kpe edzi be Nunyala Kɔkɔtɔ, si nye mía Wɔla Yehowa Mawu, gbɔe wotso. Gake ne míetsɔ emenyawo wɔ dɔ hafi ko wòɖea vi na mí. Eya ta Biblia de dzi ƒo na mí be “miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.” (Psalmo 34:9) Àdi be yeaɖɔe kpɔa?

BIBLIA NA NYE AGBENƆNƆ NYO ÐE EDZI

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Linh, si le Asia ƒe anyieheɣedzeƒe gblɔ ale si Biblia na eƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzi la na Nyɔ! talawo.

Subɔsubɔha ka me nènɔ tsi?

Buddhatɔ akuakuawoe míaƒe ƒomea me tɔwo nye. Nyemenya naneke tso Mawu vavã la ŋu o.

Ðe nèkpɔ dzidzeme le agbe mea?

Kura o! Kuxi gbogbo aɖewo ɖe kpe nam. Nyemetea ŋu léa be na ga o, nyemenya ale si mawɔ xɔlɔ̃ nyuiwo nanɔ asinye o, eye nyemetea ŋu kpena ɖe dzinyelawo ŋu le woƒe xaxawo me o.

Gake wò agbenɔnɔ va nyo wu sãsãsã. Aleke wòdzɔe?

Ðetugbui Yehowa Ðasefo aɖewo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Ne kuxi aɖe dze ŋgɔm la, mebiaa aɖaŋuɖoɖo tso wo gbɔ. Togbɔ be metsi wu wo hã la, woɖoa aɖaŋu nyuiwo nam, gake menye woawo ŋutɔwo ƒe susuwoe wogblɔna nam o. Biblia lae wotsɔ ɖoa aɖaŋua nam.

Esi Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ le vi ɖem nam fifia ta la, meka ɖe edzi bliboe be Mawu gbɔe agbalẽ sia tso, eye ate ŋu akpe ɖe ame sia ame si dzea agbagba wɔna ɖe emenyawo dzi la ŋu. Togbɔ be sukudede ɖea vi le go geɖe me hã la, sukudede mate ŋu awɔ esia ya o.

Àte ŋu aɖe nya ma me na mí viea?

Dzinyelawo de suku kɔkɔ eye wonye ame ŋkutawo hã. Ke hã, womete ŋu kpɔ ta na woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo o. Wogbe wo nɔewo gɔ̃ hã, eye womele dzidzɔ kpɔm o. Esi menɔ suku kɔkɔ dem la, wogblɔ na mí be ahiã ɣeaɖewoɣi be woawɔ ʋunyaʋunya hafi nuwo nanyo. Gake Biblia ya gblɔ be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze aɖeke maɖe vi na amewo ɖaa o, elabena Mawu mena ŋutete kple ŋusẽ mí be míaɖu mía ɖokuiwo dzi o. Ema tae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã do kpo nu eye nu fitifiti wɔwɔ bɔ ɖe xexea me.a Gake ne míebɔbɔ ɖe Mawu te la, ana míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, eye wòaɖe vi na ame bubuwo.

Aleke Biblia kpe ɖe ŋuwòe?

Ekpe ɖe ŋunye le go geɖe me. Nyemegatsia dzi fũu o, eye xɔlɔ̃ nyuiwo va le asinye. Fifia meva nya ale si malé be na ga, eye metea ŋu zɔa mɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Gake vevietɔ wu la, metea ŋu kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu.

a Kpɔ Nyagblɔla 8:9; Yeremiya 10:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe