INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 10 axa 87-95
  • Woɖo Alakpafiaɖuƒe Aɖe Anyi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Alakpafiaɖuƒe Aɖe Anyi
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • XƆSEGBEGBE GÃ LA
  • KATOLIKOTƆNYENYE DZƆTSOƑE
  • AFIKAE PROTESTANTTƆNYENYE HÃ DZƆ TSO?
  • “BABYLON GÃ LA”
  • Konstantino Gãtɔ Kristotɔnyenye Taʋlilae Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Konstantino
    Nyɔ!—2014
  • Xɔsegbegbe la—Exe Mawu Didi ƒe Mɔ La
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 10 axa 87-95

Ta 10

Woɖo Alakpafiaɖuƒe Aɖe Anyi

1. Afikae “nyanyui” la keke ta se ɖo le blemaɣeyiɣiwo me?

TOGBƆ be yometiti sesẽtɔ kekeakewo nɔ Kristo-hame si woɖo yeyee la dzi hã la, edzi ɖe edzi eye wòkeke ta. Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ato Mesia dzi ava ŋuti nyanyui ƒe nyateƒea yi edzi ‘nɔ ku tsem eye wòtsi le xexe blibo la katã me.’ Esi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ge ɖe anyigbamamã yeyewo me la, tsitretsiɖeŋulawo fa konyi be “amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã.”—Kolosetɔwo 1:5, 6; Dɔwɔwɔwo 17:6.

2. Agbagba kawoe Abosam dze be yeana nyateƒea nagakaka o, gake nukatae wòdo kpo nu?

2 Gake nukae amegbetɔ tsɛwo ate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ na nyateƒea ƒe takekee? Ŋutinya ɖee fia be le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa etɔ̃ gbãtɔawo me la, Roma-fiaɖuƒea ƒe Dziɖulawo he yometiti vovovo 10 va Kristotɔ gbãtɔwo dzi, gake esiawo katã medze edzi o. Amesiwo dze Yesu ƒe afɔɖoƒe yome siwo ‘tsi tre sesĩe le xɔse me’ la gbe tanana togbɔ be Abosam si nye “dzata, si le gbe ɖem” la na woda wo dometɔ geɖe ɖo ɖe dzata ŋutɔŋutɔwo gbɔ alo wɔ fu wo woku hã.—Petro I, 5:8, 9; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:32; Timoteo II, 4:17.

3. Nukata wòle be nado “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la”?

3 Esi wo yome titi tẽ do kpo nu zi geɖe ta la, Abosam dze agbagba tre mɔ̃ na Yesu yomedzelawo to ayemɔwo dzi. Wonɔ xexe si me dada, agbegbegblẽnɔnɔ, kple vivisese ƒe tsukuku nɔ la me, eye Satana wɔ nusiawo ŋudɔ bliboe be yeatsɔ aɖe wo ɖa tso Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ŋui. Ehiã be ‘woanɔ te sesĩe,’ abe alesi apostolo Paulo gblɔe zi etɔ̃ sɔŋ le Efesotɔwo 6:11-18 ene esime wònɔ nu ƒom tso ‘Mawu ƒe gbɔgbɔmeʋawɔnu’ siwo wòle be woazã ŋu. Ðe wò ŋutɔ nèkpla “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã”? Ele be nàkplae ale be nàte ŋu anɔ te ɖe ‘ŋkeke mamle’ siawo me dodokpɔwo nu. (Timoteo II, 3:1-5) Eye ehiã na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã. Nukae na wòhiã vevie nenema?

4. Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe vevi kawo gɔmee Kristotɔwo va se le ƒe alafa gbãtɔ me?

4 Xɔse vavãtɔ si gɔme woate ŋu ase bɔbɔe nɔ wo si. Le ɣemaɣi me la, wo katã wonye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo nɔ mɔ kpɔm na etsɔme tsitretsitsi ayi “ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.” (Petro II, 1:11; Korintotɔwo I, 15:50) Ne mede ɖeke o hã la, le ƒe 96 M.Ŋ. me lɔƒo esime amegãɖeɖi Yohanes xɔ Nyaɖeɖefia si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, wokpɔe be yewo amesiwo nye “ha sue” la ƒe xexlẽme anye 144,000. Woanye ‘fiawo kple nunɔlawo’ kple Kristo le dziƒo eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi ƒe 1,000. Woɖee fia Yohanes be ne woƒo ame 144,000 si nye gbɔgbɔ me Israel nu ƒu vɔ “megbe” la, ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo ƒe “ameha gã” si ŋu xexlẽme mele o siwo “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” la hã anɔ anyi. Hatsotso sia me tɔwo atsi agbe le “xaxa gã” mamletɔ si ava anyigba dzi me ava nye ameƒomea me tɔ gbãtɔ siwo akpɔ ƒe akpe ɖeka dziɖuɖu ƒe yayrawo le Fiaɖuƒedziɖuɖua te.—Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 7:4, 9-17; 20:1-6; 21:1-5.

XƆSEGBEGBE GÃ LA

5, 6. (a) Ŋɔŋlɔ kawoe fia be Abosam nɔ amedzidzedze ƒe ayemɔ siwo menya kpɔna dzea sii o ŋudɔ wɔm ɣemaɣi? (b) Ne míagblɔe la, nukae wònye?

5 Ekema nukae nye Abosam ƒe amedzidzedze ƒe ayemɔa? Esime apostolo Petro nɔ nu ƒom tso Israel si si xɔse menɔ o ŋu la, exlɔ̃ nu be: “Aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava miawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, . . . eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo adi viɖe le mia ŋu.” (Petro II, 2:1, 3) Kɔmamãfiala siawo siwo nye alakpatɔwo kple woƒe mawusubɔsubɔnufiafia dadawo dze egɔme nɔ dzedzem xoxo le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu, elabena ƒe 98 M.Ŋ. me lɔƒoe apostolo Yohanes ŋlɔe bena: “Abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ; . . . Mía dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o.”—Yohanes I, 2:18, 19.

6 Le keke ƒe 51 M.Ŋ. me ke la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu le eƒe agbalẽ si dze abe eyae nye eƒe agbalẽ evelia si dzi woda asi ɖo ene me ku ɖe alakpanufiafiawo le “Yehowa ƒe ŋkeke” la dzi ŋuti. Eŋlɔe be: “Migana ame aɖeke nable mi le mɔ aɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go.” Amekae “nuvɔ̃me” sia nye? Ele be wòanye subɔsubɔhakplɔla xɔsegbela siwo mewɔa se dzi o le gɔmesese sia nu be, togbɔ be wogblɔna be Kristotɔwoe yewonye hã la, ‘womenya Mawu o eye womeɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.’ (Tesalonikatɔwo II, 1:6-8; 2:1-3) Aleke xɔsegbeha sia tɔgbe ate ŋu atsi tre le Kristo-hamea mee?

7. Aleke mɔ̃ ɖe Yesu yomedzela aɖewoe, eye nukae do tso eme?

7 Esime Yesu Kristo ƒe apostolowo ganɔ agbe la, womeɖe mɔ alakpanufiafia ge ɖe wo dome o, gake “sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la” nɔ dɔ wɔm xoxo “le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu” eye eva dze gaglã le ƒe alafa evelia me. Togbɔ be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be “mi katã la nɔviwo mienye” hã la, ameŋkutanyenye ƒe dzodzro na Abosam ƒe mɔ̃ ɖe ame aɖewo. Fifia wode vovototo osɔfowo kple hameviwo dome. Ʋeʋeʋe la, nɔnɔme si apostolo Paulo gblɔ ɖi la do mo ɖa: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti.”—Timoteo II, 4:3, 4; Tesalonikatɔwo II 2:6-10; Mateo 23:8.

8. (a) Teƒe eve ka koŋ alakpanufiafia tso? (b) Aleke numekugbalẽwo ƒo nu tso Kristotɔnyenye ƒe gbegblẽ ŋui?

8 Afikae wotrɔ woƒe towo ɖo? Wotrɔ ɖe nufiafia siwo dzɔ tso alakpasubɔsubɔ ƒe gɔmedzeɣi le blema Babilon, kple Helatɔwo ƒe xexemenunya siwo bɔ ŋutɔ le Roma-nyigbawo dzi ɣemaɣi la ŋu. M’Clintock and Strong’s Cyclopaedia gblɔ be: “Wogblẽ Nyanyuiawo ƒe gɔmesese bɔbɔe la me; woto ɖokuidodoɖedzi ƒe kɔnuwɔwɔ kple azãɖuɖuwo vɛ; wode xexeame ƒe bubu Kristotɔnyenye ƒe nufialawo ŋu hekafu wo, eye wotrɔ Kristo ƒe fiaɖuƒea wòzu xexe sia me fiaɖuƒe le go geɖe me.” Eye Encyclopaedia Britannica gblɔ nya siwo gbɔna la kpee be: “Ðewohĩ naneke megblẽ Kristotɔnyenye me keŋkeŋ wu alakpadzixɔse siwo ŋutɔ dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me, alo wonye trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo ge ɖe eme o. Togbɔ be trɔ̃subɔsubɔ mete ŋu ɖu Kristotɔnyenye dzi dzidzedzetɔe o hã la, ete ŋu gblẽe ŋutɔ eye wògblẽ eƒe dzadzɛnyenye me le mɔ geɖe nu.”

9. (a) Dzixɔse nyanyɛ kawoe do tso nufiafia si nye be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o me? (b) Aleke Biblia ɖee fia be nufiafia siawo nye aʋatso?

9 Nukae nye alakpadzixɔse kple trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siawo dometɔ aɖewo? Esi ɖe dzesi wue nye Hela-xexemenunyala Plato ƒe nufiafia be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o. Dzixɔse sia fia be ele be luʋɔa nayi teƒe aɖe le ku megbe, le dziƒo ƒe dzidzɔ deblibo me, ŋutiklɔdzo me be woaklɔ eŋuti alo ayi ɖe dzo mavɔ me be woawɔ funyafunya mavɔe. Nufiafia sia tɔgbe mete ŋu nɔa te ɖe ŋɔŋlɔ siwo le Biblia me abe Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10; Mateo 10:28 kple Romatɔwo 6:23 ene nu o.

KATOLIKOTƆNYENYE DZƆTSOƑE

10, 11. (a) Nuka dzie Papatenɔla Newman lɔ̃ ɖo le eƒe Sɔlemeha la ƒe nufiafia geɖe ŋu? (b) Le esi wògblɔ be Sɔlemeha la ƒe nuwɔnawo kple nufiafiawo “tso trɔ̃subɔsubɔ me” ta la, ɖe woate ŋu abu wo be wole kɔkɔe nyateƒea?

10 Ƒe alafa 19 lia me Roma Katolikotɔ papatenɔla John Henry Newman ɖe eƒe Sɔlemeha la ƒe nufiafia geɖe ƒe dzɔtsoƒe fia le eƒe agbalẽ si nye Essays and Sketches me gblɔ be: “Nya si dzi amesiame lɔ̃ ɖo lae nye si:—Nusi dzi woda asi ɖo be enye Kristotɔwo ƒe nyateƒe la ƒe akpa gãtɔ, eɖanye eƒe gɔmeɖoanyi bliboa alo eƒe akpa aɖe o, tso trɔ̃subɔsubɔ ƒe xexemenunya kple subɔsubɔhawo me. Le kpɔɖeŋu me, Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe siaa ye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la bɔ ɖo; nenema kee nye ŋutikɔklɔkɔnu hã; nenema kee nye vɔsasakɔnuwo hã. Plato ye to Mawu ƒe Nya ƒe nufiafia la vɛ; Gbugbɔgadzi nufiafia la tso India.” Esime papatenɔla la nɔ nya ŋu ɖom na ɖeklemiɖela aɖe si he nya be, “Trɔ̃subɔsubɔ mee nusiawo le, eyata womenye Kristotɔwo tɔ o” la, egblɔ be: “Gake edze míawo ya ŋu be míagblɔ be ‘Kristotɔnyenye mee nusiawo le, eyata womenye trɔ̃subɔsubɔ o.’” Gake Babilonia kple Hela nufiafia siwo nɔ anyi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Roma Katoliko-ha la dzɔɣi mee wodzɔ tso. Gawu la, womedze le Mawu ƒe Nya, Biblia la me o.

11 Nya si Papatenɔla Newman gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Development of Christian Doctrine me la gaɖo kpe edzi be trɔ̃subɔsubɔ mee xɔsegbegbe gã la ƒe nufiafiawo kple azãɖuɖuwo tso, esi me wògblɔ le be: “Esi Konstantino di be trɔ̃subɔlawo nakpɔ ŋudzedze ɖe [Roma Katoliko] subɔsubɔha yeyea ŋu ta la, etsɔ gota gome atsyɔ̃ɖonu siwo woa ŋutɔwo wɔna xoxo la va de eme.” Azɔ esi papatenɔla la yɔ eƒe sɔlemea ƒe nuwɔna geɖe vɔ megbe la, elɔ̃ ɖe edzi be nusiawo katã “dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me, eye wokɔ wo ŋu to wo xɔxɔ de Sɔlemeha la me.” Gake ɖe woate ŋu “akɔ” alakpanufiafia ŋu alo awɔe kɔkɔea?

12, 13. (a) Nɔnɔme kawo mee Konstantino va tsɔ ɖe le Roma Katoliko-ha la me, eye le susu ka ta? (b) Nukae ɖee fia ne Konstantino va zu Kristotɔ le eƒe dzi me alo mezui o?

12 Konstantino Gãtɔ si nye Roma-fiagã le ƒe alafa enelia me lae papatenɔla la wɔnɛ. Nukatae Konstantino tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me? Esime Konstantino va dze Roma dzi le ƒe 312 M.Ŋ. me ƒe geɖe megbe la, egblɔ be le zã si do ŋgɔ na yeƒe aʋadziɖuɖu la, yekpɔ atitsoga aɖe si nɔ bibim le ŋutega me, eye woŋlɔ nya siawo ɖe edzi be “Tsɔ Esia Ðu Aʋa Dzii.” Eŋlɔ esia ɖe eƒe aflaga dzi. Edze ƒã be eɖo Roma Katoliko-subɔsubɔha la gɔme anyi be yeatsɔ ana amewo nade ye dzi le yeƒe dunyahesusuwo dodo ɖe ŋgɔ me, eye wòtsɔ trɔ̃subɔsubɔdzixɔse si ganɔ dzime nɛ kokoko la va de “Kristo” subɔsubɔha me.

13 Encyclopaedia Britannica gblɔ le Konstantino ŋu be: “Trɔ̃subɔsubɔ anye dzixɔse si ganɔ ŋutsu si xɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe alakpadzixɔse geɖe dzi se le eƒe agbenɔnɔ katã kloe me la me kokoko. . . . Woyɔ Konstantino be Gã le nusi wòwɔ ta ke menye le nusi wònye ta o. Gake le agbenɔnɔ gome la, eyae nye suetɔ wu le amesiwo woyɔ be [“Gã”] la dome.” Esia dze le alesi wòɖi gbɔ eɖokui hewu eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ geɖe la me. Emegbe la, wova tsɔ eƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe dzesideŋkɔ “Pontifex Maximus” la na Roma Katoliko-ha la ƒe papawo.

14. Ðe Roma-papawo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe vavãa, eye nukata nèɖo eŋu nenema?

14 Tso Titinaɣeyiɣiwo me vaseɖe fifia la, Roma-papawo ɖu dzi abe anyigba dzi fiawo ke ene. Womelala be Kristo naɖo eƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖu anyi tso dziƒo o. Wodi “fiaɖuƒe” ɣemaɣi hena woa ŋutɔwo ɖokui tɔ didi. Encyclopaedia Britannica ƒo nu tso ŋu ale: “Nusiwo wowɔ tsɔ gblẽ Kristotɔnyenye me le gɔmedzedzea me la dometɔ ɖekae nye agbagba si wodze be woatrɔ Kristotɔwo ƒe mawufiaɖuƒea wòazu fiagãdziɖuɖu si wokpɔna si me ame kɔkɔewo le ŋutɔŋutɔ le anyigba dzi.” Mewɔ nuku o be anukwaretɔwo di be yewoatsɔ nya ɖe “Kristotɔnyenye dome gbegblẽ” sia ŋu! Gake Ŋutasẽʋɔnu si me ɖeɖe wowu amesiwo sɔ gbɔ wu 30,000 to dzo tɔtɔ wo le ati dzi me la na amesiwo melɔ̃ ɖe edzi o la mete ŋu gblɔe o ɣeyiɣi didi aɖe. Gake menye nenemae wònɔ ɣesiaɣi o!

AFIKAE PROTESTANTTƆNYENYE HÃ DZƆ TSO?

15. (a) Nuka koŋue Protestant ƒe Ðɔɖɔɖoa va zu? (b) Mɔ ka nue Protestanttɔnyenye le kluvinyenye me vaseɖe míaƒe ŋkekea me?

15 Le October 31, 1517 ƒe ŋdɔ me la, Roma Katoliko-nunɔla Martin Luther klã tsitretsiɖeŋunya 95 ɖe sɔlemexɔ si le Wittenberg, Germania, la ƒe ʋɔtru ŋu. Emae nye Protestant Sɔleme Ðɔɖɔɖoha ƒe gɔmedzedze. Gake esi teƒe be Ðɔɖɔɖoa natrɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafia vavãtɔ kple subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu ŋu la, eva nye dunyahehe koŋ. Wodi be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba geɖe dzi to mawusubɔsubɔʋawo, abe Ƒe 30 ƒe Aʋa si wowɔ tso ƒe 1618-1648 me le Europa si me ame miliɔn geɖe ku le la ene me. Dukɔ geɖe ɖo woƒe sɔlemehawo eye esiawo yi edzi fia Katolikotɔwo ƒe nufiafia veviwo, abe luʋɔ makumaku, dzomavɔ ƒe funyafunyawɔwɔ, Mawuɖekaetɔ̃, tsidedeta na ɖeviwo ene kple bubu geɖe. Wo kpɔtɔ le xɔsegbegbe gã la ƒe nufiafia siawo ƒe aboyo me vaseɖe egbeŋkekewo me.

“BABYLON GÃ LA”

16, 17. (a) Nukae Yeremya 51:6 fia na mí egbea? (b) Aleke Babilon ƒe subɔsubɔha wɔ va xɔ xexeame katã kpe ɖo?

16 Menye amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye koe le alakpasubɔsubɔ me o. Nyagblɔɖila Yeremya xlɔ̃ nu mí be:

“Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe.” (Yeremya 51:6)

Gɔmesese le esia ŋu na mí egbea. Le Yeremya ƒe ŋkekea me gɔ̃ hã la, mawusubɔsubɔnuwɔna gbegblẽwo kple mawu vovovo geɖe ŋutɔ nɔ Babilon. Gake egbeŋkekea me Babilon la le xexeame katã. Aleke esia va emee?

17 Le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa megbe la, Babilon ye nye afisi ame vɔ̃ɖi Nimrod si nye “adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me” la dze du aɖe si nye fiaɖuƒe la tsotso gɔme le, eye anɔ eme be enye mawusubɔsubɔxɔ si kɔ ɖatɔ dziƒo. Yehowa gblẽ ɖoɖo mawo me to alesi wòtɔtɔ gbe na ameƒomea hekaka wo ɖe “anyigba blibo la katã dzi” me. Gake wotsɔ woƒe alakpasubɔsubɔ hã yii. Enye afisi xexeamesubɔsubɔhawo ƒe akpa gãtɔ dzɔ tso.—Mose I, 10:8-10; 11:1-9.

18. Alakpafiaɖuƒe ka mee wòle be míasi le, eye afikae míayi?

18 Abe alesi míede dzesii ene la, Konstantino tsɔ alakpasubɔsubɔ sia tsaka kple Kristotɔwo ƒe nufiafiawo esime wòɖo Roma Katoliko-ha la gɔme anyi. Esia va nye Protestanttɔwo ƒe nufiafia geɖe dzɔtsoƒe. Subɔsubɔha siwo menye “Kristotɔwo” o siwo le anyigba dzi katã hã dzɔ tso blema Babilon. Yeaɖi Kristotɔwo kple subɔsubɔha siwo menye “Kristotɔwo” o katã ƒo ƒu nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe. Enye alakpafiaɖuƒe si apostolo Yohanes yɔ be “Bibilon gã . . . du gã, si le [mawusubɔsubɔ ƒe] fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.” (Nyaɖeɖefia 17:5, 18) Eyata be “amesiame naɖe eƒe luʋɔ” la, woxlɔ̃ nu mí wòsɔ be míasi le Babilon ‘alakpafiaɖuƒe’ la me, ẽ, míasi ayi Mawu ƒe Fiaɖuƒea me!

[Aɖaka si le axa 95]

SATANA DZEA MAWU ƑE FIAÐUƑEA ƑE SUBƆLAWO DZI TO—

● Wo yome titi tẽ me—to ƒometɔwo, dziɖuɖuwo, kple subɔsubɔnyahela siwo womegblɔ wo ŋuti nyateƒe na o dzi

● Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe beble le egbexexe si ɖea mɔ ɖe nusianu ŋu me

● Dada le ɖoƒe, kesinɔnuwo, ŋutigbalẽ, kple dukɔ si me ame tso ta dodo ɖe ŋgɔ me

● Agbagbadzedze be yeana woanye viviseselɔ̃lawo wu be woalɔ̃ Mawu—woaƒo wo ɖokui ɖe modzakaɖeɖe fũ me

● Mawudzimaxɔse kple nɔnɔmetɔtrɔnufiafia dodo ɖe ŋgɔ me

● Kristotɔnyenye ŋudɔ mawɔmawɔ nyuie to Kristodukɔa ƒe alakpafiaɖuƒe si gbe xɔse la dzi

● Alakpanufialawo ɖoɖo ɖa be woade ɖikeke Kristotɔ vavãtɔwo dome ahaɖe dzi le wo ƒo ayetɔe me

MÍATE ŊU ATSƆ MÍAƑE XƆSE AÐU SATANA ƑE XEXEAME DZI

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe