Ta 17
Fia La Awɔ Aʋa Le Harmagedon
1, 2. Nya kae xexeametɔwo le gbɔgblɔm tso Harmagedon ŋu?
ESIME Xexemeʋa II nɔ kekem la, United States ƒe Aʋafia Douglas MacArthur gblɔ be: “Amewo di ŋutifafa tso keke blema ke. . . . Asrafowo ƒe nubablawo, dziɖuŋusẽ sɔsɔewo, dukɔwo ƒe nubablawo, wo katã do kpo nu, eye tɔtrɔ siwo aʋawɔwɔ he vɛ koe gakpɔtɔ. Aʋawɔwɔ ƒe nugblẽƒe xe mɔ ɖe tɔtrɔ sia nu fifia. Míaƒe mɔnukpɔkpɔ mamletɔe nye sia. Ne míeto ɖoɖo si de ŋgɔ henyo wu vɛ o la, ke míaƒe Harmagedon alili mí.”
2 Anye ƒe 35 megbe enye sia la, aleke dukɔwo nɔ “mɔnukpɔkpɔ mamletɔ” sia ŋudɔ wɔmee? Times nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London, England, la gblɔ le tanya si nye “Ɣetoɖoƒe Germaniatɔwo Le Vɔvɔ̃m na Harmagedon” te be: “Aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi galé Ɣetoɖoƒe Germania le esi wòdze abe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe le xexeame katã ene ta.” Eye Miami Herald-ŋlɔla si le United States bia exlẽlawo le nyati si ƒe tanyae nye “Xexeame Le Gegem ɖe Viviti Me” la me be wokpɔe “be Harmagedon menye nyakpakpa aɖe si ŋu woxlẽa nu tsonɛ le Biblia me ko o, ke boŋ enye nu ŋutɔŋutɔ” hã, eye wògblɔ kpee be: “Amesi medea ŋugble le nu ŋu boo o gɔ̃ hã ate ŋu alé ŋku ɖe nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo do mo ɖa le ƒe ʋee siwo va yi me la ŋuti ahaƒo nya ta be xexeame ɖo nudzɔdzɔ gã aɖe ƒe agbo nu. . . . Atrɔ amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ tegbee.”
3, 4. Aleke Biblia ƒe nukpɔsusu le Harmagedon ŋu to vovoe?
3 Nyateƒee, ameƒomea ɖo tɔtrɔ gãwo ƒe agbo nu. Gake ɖe Harmagedon dze ŋgɔ mí fifia? Nukae Harmagedon fia?
4 Dzidzɔtɔe la, Harmagedon to vovo na nusi ame akpa gãtɔ susuna. Elabena Biblia meƒo nu tso Harmagedon-ʋa ŋu be enye aʋa si anɔ dukɔwo alo dukɔ ƒe ƒuƒoƒowo dome o, ke boŋ be enye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” Enye Mawu ƒe aʋawɔwɔ kple “xexeame katã ƒe fiawo”—si fia dziɖula siwo gbe be yewomabɔbɔ yewo ɖokui ne Mawu ƒe Fiaɖuƒe ‘va’ be wòana woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi o la. (Psalmo 2:6-12; Daniel 2:44) Enye tsɔtsrɔ̃ gã si Mawu atsɔ aɖe dukɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ɖae atsɔ adzra mɔ dzi ɖo na Mesia ƒe ŋutifafa ƒe ƒe 1,000 dziɖuɖua.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; Psalmo 46:9, 10; 145:20; Yoel 4:9-17; Naxum 1:7-9.
NUSIWO ADZƆ DO ŊGƆ NA AƲA LA
5. Aleke míawɔ anya “gbolo gã” si ŋu Nyaɖeɖefia ta 17 lia ƒo nu tsoe?
5 Nyaɖeɖefia ta 16 vaseɖe 18 gblɔ nusiwo adzɔ le anyigba dzi do ŋgɔ teti na Harmagedon la ŋu nya geɖe na mí. Wogblɔ amekpenya aɖe le nyagblɔɖia me be: “Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ nɔ tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò.” Emegbe wova ɖee fia mí be “gbolo gã” siae nye “Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo dada.” Abe alesi blema Babilon si bɔbɔ nɔ Frat-tɔsisia dzi va zu vivimemawusubɔsubɔ nuɖoanyi si kaka tso Babilon yi ɖe anyigba katã dzi “dada” ene la, nenema ke egbegbe “Babilon gã la” nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe si kpɔ gbɔgbɔmeŋusẽ ɖe “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo” dzi hekplɔ wo yina afɔku mee. (Nyaɖeɖefia 17:1, 5, 15) Mawusubɔsubɔ ƒe kɔmamã akpe geɖewo, gã kple suewo, “Kristotɔwo” kple amesiwo menye Kristotɔwo o siwo mexɔ Mawu vavã, Yehowa, hesubɔnɛ o la le eme.
6. Nudzɔdzɔ ka ŋue Nyaɖeɖefia ta 16 ƒo nu tsoe si ɖo ŋku blema Babilon dzi na mí?
6 Woɖe mawudɔla aɖe si le “Mawu ƒe domedzoekpluawo” dometɔ aɖe kɔm ɖi fia mí be anɔ nusiwo adzɔ do ŋgɔ na Harmagedon me. Afikae wòkɔ wo ɖo? “[Ekɔe] ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.” (Nyaɖeɖefia 16:1, 12) Ƒe 600 kple edzivɔ hafi apostolo Yohanes naŋlɔ nyagblɔɖi ma la, Media-fia Dario kple Persia-fia Kores tso ɣedzeƒe va dze Babilon-nyigba dzi. Le zã me la, Kores trɔ Frat-tɔsisi me tsiwo ɖe tsimɔ bubuwo me, eye esi tsiawo mie la, eɖo eƒe asrafowo ɖe dua me to tɔʋu si mie la me. Woɖu du ma dzi le zã ɖeka me esime Bibilon-dziɖulawo kple eƒe amegãwo nɔ ŋunyɔ dom Yehowa le ahatsunono me.—Daniel 5:1-4, 30; 6:1.
7. Nusi sɔ kplii egbea kae míekpɔna fifia?
7 Ðe míekpɔ nusi sɔ kple esia le egbeŋkekea mea? Ẽ, míekpɔe! Ɣeyiɣia de be Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu “Bibilon gã la” kple vevietɔ “vianyɔnu” si nye Kristodukɔa ƒe habɔbɔwo. Kristodukɔa ƒe xɔsegbegbe kple ʋukɔkɔɖi sɔ gbɔ fifia! (Nyaɖeɖefia 18:24; Yeremya 51:12, 13) Nyitsɔ laa la, “tsi” alo “dukɔ” geɖe siwo kpe asi ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu la le kakam le eŋu. Amewo megale ɖeke tsɔm le eme na mawusubɔsubɔ o, eye ame geɖe le tɔtrɔm ɖe Darwin, Marx, Lenin, kple Mao ƒe nufiafiawo ŋu. Abe alesi wogblɔe ɖi le “ŋkeke mamleawo” ŋu ene la, amewo “lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.”—Timoteo II, 3:1, 4.
8. (a) Yɔyɔ ka dzie dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo wɔ ɖo? (b) Aleke nɔnɔme si me alakpasubɔsubɔ le to vovo na subɔsubɔ vavãtɔ fifiae?
8 Nusiwo ta “tsi” mawo le vɔvɔm la dometɔ ɖekae nye alesi dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo ɖo to nuxlɔ̃amenya si wogblɔ tso dziƒo le “Babilon gã la” ŋu be:
“Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.” (Nyaɖeɖefia 18:4)
Alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea, vevietɔ Kristodukɔa, le konyi fam le sɔlemexɔ siwo womegale zazãm o, sɔlemedela siwo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, kple nunɔla kple nyɔnusaɖagaxɔmenɔla siwo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la ŋu. Gake amesiwo le Dario Gãtɔ, Yehowa Mawu, kple Kores Gãtɔ, Kristo Yesu, ƒe akpa dzi la le gbɔgbɔmedzidzedze wɔnuku aɖe kpɔm. Amesiawo dometɔ ɖekae nènyea?
EƑE GBOLOWƆWƆ
9, 10. (a) “Lã” dziŋɔ kae do le ‘ŋkeke mamle’ siawo me? (b) Aleke woɖe nusi wònye kple eƒe nuwɔna me le dutoƒonuƒo aɖe mee le ƒe 1942 me?
9 Togbɔ be “Babilon gã la” gblɔna be Mawu tɔe yenye hã la, ekpɔ gome le dunyahehe me ɣesiaɣi, eye le esia ta la, ‘anyigba dzi fiawo wɔ ahasi’ kplii. Gake mɔnukpɔkpɔ gã aɖe le esi le ‘ŋkeke mamle’ siawo me! Eyae nye ka? ‘Lã wɔadã dzẽ aɖee’ nye ma gbɔna. Nukae “lã” sia anye? Ðikeke mele eme o be ehe míaƒe susu yi dunyahedukɔ siwo le anyigba dzi la dzi, elabena wotsɔ ‘lãwo’ wɔ woƒe kpɔɖeŋui zi geɖe le Biblia me. (Nyaɖeɖefia 13:1-4, 11-15; Daniel 7:3-8, 17-25; 8:5-8, 20-22) Gake “lã” geɖe ƒe ƒuƒoƒo ŋue woƒo nu tsoe le afisia, elabena “ta adre kple dzo ewo” li na lã dziŋɔ sia.—Nyaɖeɖefia 17:3.
10 “Lã” ƒokpli kae do le ‘ŋkeke mamle’ siawo me, eye dɔ kae wòwɔ le xexeame ƒe nyawo me? Le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1942 me la, dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋutifafa—Ðe Wòate Ŋu Anɔ Anyi Adidia?” he susu yi nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia 17:7, 8 dzi. Nuƒola la, N. H. Knorr si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi gblɔ be ‘lã si nɔ anyi kpɔ’ lae nye Dukɔwo ƒe Nubabla—si woɖo anyi le ƒe 1920 me. Gake egblɔ le ƒe 1942 si me wonɔ aʋa wɔm le la me be: “Nubabla la yi ɖi me, eye ele be woagbɔ agbee hafi wòate ŋu aganɔ anyi ake. Eyi ɖe dɔmawɔmawɔ kple ŋusẽmanɔŋui ƒe aʋli me. ‘Megali o.’” Zimenɔla Knorr yi edzi ɖee fia be “lã si . . . nɔ anyi, gake megali o, . . . le dodo ge tso aʋli me kpuie, eye ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ me.” Wogbɔ agbe “lã” ma vavã le ƒe 1945 me wòva zu Dukɔ Ƒoƒuawo abe alesi Biblia ƒe nyagblɔɖia gblɔe ene.
11. (a) Nukatae wogblɔ be “busuŋkɔwo” le “lã” sia ŋu “fũ”? (b) Ʋɔnudɔdrɔ̃ kae le “lã” la lalam?
11 “Busuŋkɔwo” le xexeame katã ƒe “lã” sia si woɖo be wòahe “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” va dukɔwo dome la ŋu “fũ,” elabena egblɔ be yeate ŋu awɔ nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖeɖeko ate ŋu awɔ to Kristo Yesu dzi la. (Nyaɖeɖefia 17:3) Apostolo Paulo gblɔ ɣeyiɣi si me Satana ƒe xexeamedziɖula dadalawo agblɔ be yewonye ŋutifafawɔlawo la ŋu nya ɖi. Egblɔ be:
“Aƒetɔ [Yehowa] ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene. Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.” (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3)
Mawu ƒe Nya la gblɔ be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ matrɔmatrɔ aɖi kpe ‘ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe lã’ la kpata!
“BABA” DODO NA GBOLO LA!
12. Nya kae wogblɔ le “gbolo” la ŋu si na Yohanes ƒe mo wɔ yaa?
12 Togbɔ be Mawu bu fɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe lã si gblɔa busunya la hã la, “Babilon gã la” dina be yeadze ahiãe. Ẽ, woɖee fia be ebɔbɔ nɔ “lã” la dzi abe fianyɔnu ene: “Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzĩ, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo, eye sikakplu, si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye la, le esi.” Mewɔ nuku o be Yohanes ŋlɔ le nɔnɔme sia ŋu be: “Esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ”!—Nyaɖeɖefia 17:4, 6.
13, 14. (a) Aleke alakpasubɔsubɔ ƒe nuwuwu awɔ nublanui? (b) Aleke wòadzɔe? (d) Amekawoe afa na Babilon Gã la, gake nukatae woatsi tre ɖe adzɔge?
13 Ðekawɔwɔ sia si le Babilon ƒe alakpasubɔsubɔ xexemefiaɖuƒea kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ‘ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe lã’ la dome va wu nu ɖe gbegblẽ me. Togbɔ be “Babilon” si wɔa nu abe gbolo ene la abu be yele nyuie kple xexemeƒuƒoƒo ma hã la, Mawu ƒe Nya la gblɔ nya bubu ɖi ɖe eŋu:
“Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” (Nyaɖeɖefia 17:16)
Nuwuwu wɔnublanui wònye na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea vavã!
14 “Babilon gã la” ƒe aƒedozuzu adzɔ kpata.
“Le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ; elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.” (Nyaɖeɖefia 18:8)
Gake ame aɖewo afa nɛ. Amesiawo manye asrafodziɖuɖu ƒe “dzo ewo” siwo gbugbɔ le eyome hetrɔ ɖe eŋu la o, ke boŋ dunyahedziɖulaawo dometɔ aɖewo siwo do ka kplikplikpli kple osɔfoawo tsã be woadze le amewo ƒe ŋku me ta, eye be woakpe ɖe yewo ŋu atsyɔ nu yewoƒe nuwɔna gbegblẽwo dzi lae. Amesiawo anɔ adzɔge afa nɛ le esi wole vɔvɔ̃m be woava tsrɔ̃ yewo hã ta, eye woagblɔ bena:
“Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.”—Nyaɖeɖefia 18:9, 10.
15. Amekawo hãe afa nɛ, eye nukatae?
15 Asigãtsalawo, hlɔ̃nuwɔhawo kple adzoha bubu siwo zã woƒe kadodo kple mawusubɔsubɔ abe “kɔkɔenyenye” ƒe nutsyɔnu ene tsɔ ɣla woƒe nuwɔna gbegblẽwoe hetsɔnɛ faa akɔ na wo ɖokui le woƒe dzitsinya ƒe fɔbubu wo ta la hã anɔ eme. Amesiawo hã axa nu agblɔ be:
“Baba, baba . . . Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo gblẽ petepete.” (Nyaɖeɖefia 18:11-19)
Xexemesubɔsubɔhawo ƒe gbedoxɔgã xɔasiwo, anyigba geɖe kple kesinɔnu siwo woli kɔ ɖi, woƒe gadzraɖoƒega gbogbowo kple ga si wode asitsadɔwo me—woagblẽ nusiawo katã dome.
16. Ƒuƒoƒo etɔ̃ kawo dzie ʋɔnudɔdrɔ̃ ava?
16 Xexeame ƒe subɔsubɔ alakpanuwɔlawo, ŋukeklẽ ƒe asitsatsa, dunyahehe gbegblẽwo—Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa etɔ̃ siawo siwo le anyigba dzi la katã dzi. Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ vɔ la, nukae akplɔe ɖo?
FIA LA DZE AƲAWƆWƆ GƆME!
17, 18. (a) Nukae akplɔ “Babilon gã la” ƒe aƒedozuzu ɖo, eye nukatae? (b) Amekae aɖu dzi mlɔeba? (d) Amekawo tae woakpɔ be woatsi agbe? (ɖ) Aleke nàwɔ anɔ amesiawo dome?
17 Gbɔgbɔmeŋku si wotsɔ sea nu gɔme mele dunyaheŋusẽ vovovo siwo tsrɔ̃ xexemesubɔsubɔhawo si o. Womelɔ̃ ɖe Mesia Fiaɖuƒe si woɖo anyi le ƒe 1914 me la dzi o. Ke boŋ wotia amesiwo ɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ma eye woɖea woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade le ‘xexemefiaɖuƒewo’ ƒe dunyahehe kple aʋawɔwɔwo me fiana la yome vevie.—Nyaɖeɖefia 12:17; Yohanes 17:14, 16.
18 Ne lã ƒe “dzo” siawo tsrɔ̃ “Babilon gã la” vɔ la, míate ŋu akpɔ mɔ be woadze Kristotɔ Yehowa Ðasefo siwo nye Alẽvi la yomedzela siwo le anyigba dzi siwo edze ƒã be woɖe dzi ɖi la dzi. (Xezekiel 38:14-16; Yeremya 1:19) Aleke wòanɔ na futɔ siawo le aʋa ma me? Nyagblɔɖia ɖo eŋu be:
“Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.” (Nyaɖeɖefia 17:14)
Togbɔ be Yesu yomedzela siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi makpɔ gome le aʋawɔwɔ ma me o hã la, woakpɔ wo kple woƒe zɔhɛ siwo hã wɔ ɖe ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ ƒe yɔyɔa dzi la ta be woatsi agbe. Ðe nènye amesiawo siwo le gbe dom ɖa fifia gɔ̃ hã be Mawu ƒe Fiaɖuƒea “nava” le Harmagedon me la dometɔ ɖekaa?—Romatɔwo 12:1, 2; tsɔe sɔ kple Kronika II, 20:5, 6, 12-17.
19. (a) Nuka teƒee nàte ŋu akpɔ ahatsi agbe le eme? (b) Kesinɔnu kawoe azu nu dzodzro ɣemaɣi?
19 Ẽ, àte ŋu anye aʋa dziŋɔ ma si woawɔ le Harmagedon la teƒekpɔla ahatsi agbe le eme. Àte ŋu anye eteƒekpɔla ne ‘fiawo dzi Fia’ si ŋu mawudɔlawo ƒe dziƒoʋakɔ kpe ɖo la le aʋa wɔm le Yehowa ƒe Fianyenye taʋiʋli me. Àkpɔ aʋa mamletɔ si woawɔ kple ame vɔ̃ɖiwo, dukɔ siwo dana kple woƒe aʋakɔ sesẽwo kpakple “asitsala” kesinɔtɔ siwo nɔa megbe na wo le afima la teƒe! Woƒe nukliaʋawɔnu siwo ŋu wogblẽ ga biliɔn gbogbowo ɖo la maɖe wo le aʋa ma me o! Asitsala ŋuklẽla siwo dzraa ami kple nuɖuɖuwo to mɔ fitifitiwo nu la akpɔ be viɖe aɖeke mele viɖe si woto mɔ gbegblẽ dzi kpɔ la ŋu o le esi xexeame ƒe adzɔnuwo dzadzra dome agblẽ eye sika ƒe asixɔxɔ mate ŋu aɖe wo o ta. Elabena “ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e kplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo gbɔna! Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye woabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o; . . . ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Xezekiel 7:5, 19, 27.
20. Afikae nàte ŋu akpɔ dedienɔnɔ ŋutɔŋutɔ le?
20 Le Harmagedon-ŋkeke ma dzi la, àkpɔ dedienɔnɔ, menye le ŋutilãmenunɔamesiwo me o, ke boŋ le tsitrenɔnɔ sesĩe ɖe Yehowa kple eƒe ‘fiawo dzi Fia’ la ƒe akpa dzi me. Esia anɔ te ɖe wò toɖoɖo nyagblɔɖila la ƒe nya sia dzi be:
“Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!” (Zefanya 2:3; kpɔ Yesaya 26:20, 21; Daniel 12:1 hã.)
Elabena le Harmagedon la, Fia si bɔbɔ nɔ kpɔɖeŋusɔ ɣia dzi la ‘adrɔ̃ ʋɔnu ahawɔ aʋa le dzɔdzɔenyenye me.’ Ne etsɔ ‘gatikplɔ kplɔ dukɔwo’ yi ɖe tsɔtsrɔ̃ me la, akplɔ “ameha gã” siwo do awu ɣi la ado go tso “xaxa gã” la me eye wòakplɔ wo le lɔlɔ̃ me ‘ahafia mɔ wo ayi agbetsidzidziwo gbɔ.’ Neva eme be nànɔ amesiawo dome!—Nyaɖeɖefia 19:11-16; 7:9, 14, 17.
21. Amekawoe aƒo takpli ɖe Harmagedon, gake nukata wòanye dzodzro?
21 Baba na Dukɔ Ƒoƒuawo, dziɖuɖu siwo da megbe nɛ, kple woƒe asrafoŋusẽ gã la! Mina woaƒo wo ɖokui nu ƒu le Harmagedon ne “[woawɔ] aʋa kple amesi le sɔ [ɣi] dzi la kple eƒe [dziƒoʋakɔ] la”! Wo katã anye dzodzro! “Fiawo dzi Fia” la atsɔ wo aƒu gbe ɖe “dzota” si le bibim me le kpɔɖeŋumɔ nu woatsrɔ̃. Nenema ke woaɖe Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa susɔeawo hã ɖae, elabena ŋusẽ le Fia la ƒe yi legbea ŋu vavã be wòadi futɔ ɖesiaɖe ahatsrɔ̃e.—Nyaɖeɖefia 19:17-21.
22. Aleke Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒo nu tso Harmagedon ŋui?
22 ‘Yehowa ahe hiãkame ava dukɔwo katã dzi’ to kpewo kple fuwɔame siwo atso dziƒo siwo ava amesiwo le aʋa wɔm kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu la dzi, eye ɖikeke mele eme o be alesi woatɔtɔe la ana woatrɔ woƒe aʋawɔnuawo ɖe wo nɔewo ŋu, elabena “amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.” Gake ne amesiwo le Yehowa ƒe ŋkɔ yɔm la dometɔ ɖekae nènye la, ‘àkpɔ ɖeɖe.’—Yoel 3:4, 5; Zaxarya 14:3, 12, 13; Xezekiel 38:21-23; Yeremya 25:31-33.
23. (a) Nuka ƒe taƒoƒo gãe wòanye? (b) Yesu ƒe nya kawoe wòle be woana míakpɔ dzidzɔ?
23 Emae aƒo “dzesi” si Yesu gblɔ ɖi—si nye “xaxa gã . . . esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o” la ta. Aleke míakpɔ dzidzɔe nye si be ‘woaɖe’ ŋkeke mawo ‘dzi’ le “ame tiatiawo” ta! Wò hã àte ŋu atsi agbe anye “alẽ” siwo Yesu kpe be woava ‘nyi Fiaɖuƒea dome’ la dometɔ ɖeka!—Mateo 24:21, 22; 25:33, 34.
24. (a) Nukae woawɔ na Satana emegbe, eye nukatae? (b) Nukae akplɔe ɖo?
24 Ne Harmagedon-ʋa la wu enu la, woalé Satana, ŋutasẽla si na amegbetɔ le anyigba la dzi ɖum le mɔ gbegblẽ nu la, ŋutɔ eye woablae atsɔ aƒu gbe ɖe aʋli me “ƒe akpe ɖeka.” Nukatae? Bena “wòagable dukɔwo o.” (Nyaɖeɖefia 20:2, 3) Ekema ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi si ƒo ɖesiaɖe ta le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ava ɖe eyome. Eye nukae ƒe 1,000 afia na nuteƒewɔla siwo wɔ dɔ hedo gbe ɖa na Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ la? Ðikeke mele eme o be àdi be yeanya.
[Aɖaka si le axa 169]
“GBOLO” LA KPLE “LÔ LA
Ƒomedodo kae le alakpsubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea kple ‘ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe lã’ la dome? Ðe “Babilon gã la” di be yeaɖu Dukɔwo ƒe Nubabla kple, emegbe, Dukɔ Ƒoƒuawo dzia? Mina nudzɔdzɔwo naɖo eŋu na mí:
Esi woɖo tame le ƒe 1918 me be woaɖo Dukɔwo ƒe Nubabla anyi megbe la, Kristo Sɔlemeha Siwo Le Amerika ƒe Aɖaŋuɖoha ƒe “Bulletin” kpɔ gome le nya sia me ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ be: “Mí Kristotɔwo míede dzi ƒo be woaɖo Ablɔɖedukɔwo ƒe Nubabla le Ŋutifafawɔwɔ ƒe Takpekpe si gbɔna me. Menye dunyahehe ƒe dɔwɔnu dzro aɖe koe Nubabla sia nye o; ke Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ɖeɖefia le dunyahemɔ nu le anyigba dzi boŋue wònye. . . . Kalẽtɔ siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔ ƒe ku azu dzodzro negbe ɖe anyigba yeye si dzi dzɔdzɔenyenye anɔ va to aʋadziɖuɖu me hafi.”
Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒe 20 lia xɔxɔ ƒe azãɖuɖu me le ƒe 1965 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Associated Press gblɔ le San Francisco be: “Subɔsubɔha adre kplɔla siwo tso xexeame ƒe akpa vovovowo kple woƒe hametɔ siwo wu miliɔn 2,000 siwo tso xexeame katã do gbe ɖa kpe ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu le eƒe xexeame ƒe ŋutifafa didi me. Papa Paul VI ɖo eƒe yayragbedasiwo ɖa tso Roma . . . ɖe Katolikotɔwo, Protestanttɔwo, Yudatɔwo, Hindutɔwo, Buddhatɔwo, Moslemtɔwo, kple Ɣedzeƒe (Hela) Orthodoks Kristotɔwo katã. . . . Rabbi Louis Jacobs . . . gblɔ be ‘Dukɔ Ƒoƒuawo nye ŋutifafa si anɔ anyi didi le xexe si ƒe anyinɔnɔ ɖaa nɔ te ɖe edzi la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.’”
Le October 1965 me la, Papa Paul VI yɔ Dukɔ Ƒoƒuawo be enye “xexeamehabɔbɔwo katã ƒe gãtɔ kekeake,” eye wògblɔ kpee be: “Anyigba dzi tɔwo trɔ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu be eyae nye ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ƒe mɔkpɔkpɔ mamletɔ.”
Esi Papa John Paul II, nɔ nu ƒom le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe Gã me le October 2, 1979 dzi la, egblɔ be: “Susu si ta koŋ mekpɔ gome le wɔna sia me egbea enye be, ɖikeke mele eme o be ɖekawɔwɔ tɔxɛ si le apostolowo dome la tɔgbe ye le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa me. . . . Mele mɔ kpɔm be Dukɔ Ƒoƒuawo akpɔtɔ anye ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye ƒe nyamedzroƒe vevitɔ, eye wòanye dukɔwo kple amewo ƒe ablɔɖe tsoƒe le woƒe etsɔme nyui didi me.” Gake le papa la ƒe aɖaƒoƒo 62 ƒe nuƒoa me la, meyɔ Yesu Kristo alo Fiaɖuƒea zi ɖeka pɛ hã o.
Alakpasubɔsubɔ ƒe mɔkpɔkpɔ azu dzodzro le esi wòlé ɖe amegbetɔwo ƒe habɔbɔ siwo wotsɔ ɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe ŋu ta. Esi Psalmo 146:3-6 xlɔ̃ nu mí le ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔ siwo nye dziɖulawo ŋu megbe la, egblɔ na mí be: “Woayra amesi . . . ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi; eya amesi wɔ dzi kple anyi.” Eye Luka 2:10-14 gblɔ be “Kristo Aƒetɔ la” enye ameƒomea Ðela.
[Aɖaka si le axa 173]
NUSIWO ADZƆ ÐE WO NƆEWO YOME VASEÐE HARMAGEDON ME
● Xexeamedziɖuɖu ƒe nya afɔ ɖe te, dukɔwo adzi woƒe aʋawɔnuwo ɖe edzi
● Xexeamesubɔsubɔwo dzidelawo anɔ vɔvɔm
● Dukɔwo ƒe ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ ƒe ɣlidodo ɖedzesi aɖe aɖi
● Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafowo ƒe “dzo ewo” la atsrɔ̃ xexeamesubɔsubɔwo
● Lã la ƒe ‘dzowo’ adze “Alẽvi” la yomedzelawo dzi zi mamletɔ
● ‘Fiawo dzi Fia’ atsrɔ̃ dukɔwo kple woƒe aʋakɔwo le Harmagedon me
KRISTO ƑE ŊUTIKƆKƆE ƑE ƑE AKPE ÐEKA DZIÐUÐUA ADZE EGƆME NE WOTSƆ SATANA KPLE EƑE GBƆGBƆ VƆ̃WO ƑU GBE ÐE AƲLI ME