Ta 52
Yesu Nyi Ame Akpe Geɖewo to Nukumɔ Dzi
APOSTOLO 12 la se vivi le gbeƒãɖeɖemɔzɔzɔ tɔxɛ aɖe me to Galilea-nutoa katã me. Azɔ ɣeyiɣi kpui aɖe le Yohanes wuwu megbe la, wotrɔ va Yesu gbɔ eye wogblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ wɔnukuawo nɛ. Esi Yesu kpɔ be ɖeɖi te wo ŋu eye ame gbogbo aɖewo le vavam gale dzodzom eye vovo menɔ wo ŋu ne woaɖu nu gɔ̃ hã o la, Yesu gblɔ be: ‘Mina míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ɖe ɖe aga afisi míate ŋu agbɔ ɖe eme le.’
Esi woɖo woƒe tɔdziʋua si anye le teƒe si te ɖe Kapernaum ŋu gbɔ lɔƒo la, woɖo ta teƒe aɖe si amewo melɔ̃a yiyi o, si dze ƒã be anye Yordan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Betsaida godoe. Gake ame geɖe kpɔ wo esime wonɔ dzodzom eye ame bubuwo hã see. Amesiawo katã ƒu du dze ŋgɔ na wo to ƒua ta, eye esi tɔdziʋua ɖi go la, ameawo le afima be yewoado go wo.
Esi Yesu do le tɔdziʋua me eye wòkpɔ ameha gã la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ elabena ameawo le abe alẽ siwo nu kplɔla mele o ene. Eyata eda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu eye wodze nu geɖe fiafia wo gɔme.
Ɣeyiɣia va nɔ yiyim kabakaba, eye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ be: “Teƒe la enye gbedzi, eye zã hã le dodom; do mɔ wo, bena ne woayi ɖe agbleta kple kɔƒe, siwo ƒo xlã mí la me, ne woaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui.”
Gake Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Miawo la mina nu wo, ne woaɖu.” Azɔ esi Yesu nya nusi wòle wɔwɔ ge ta la, edo Filipo kpɔ gblɔ be: “Afika míaƒle abolo le, bena amesiawo naɖu mahã?”
Le Filipo ƒe nukpɔsusu nu la, esia nye nusi womate ŋu awɔ o. Kpɔ ɖa, ŋutsu siwo li ade 5,000, eye anɔ eme be ameawo sɔ gbɔ wu 10,000 ne woxlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpee! Filipo ɖo eŋu be: “Abolo denario alafa eve [denario ɖeka nye ŋkeke ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe fetu] hã mele wo nu de ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxɔ vi aɖe o.”
Ðewohĩ esi Andrea di be yeaɖee afia be manya wɔ be yeawoana nuɖuɖu ame gbogbo mawo gbegbe o la, elɔ̃ faa gblɔ be: “Ðekakpui aɖe le afii, eye lubolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le esi, gake nuka wònye na ame geɖe siawo mahã?”
Esi wònye adamee, do ŋgɔ na ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea ta la, gbe mumu geɖe nɔ anyi. Eyata Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na ameawo be woabɔbɔ nɔ gbea dzi le ƒuƒoƒo siwo nye ame 50 kple ame 100 me. Etsɔ abolo atɔ̃a kple tɔmelã evea eye wòwu mo dzi heyra ɖe wo dzi. Eye edze aboloawo ŋeŋe kple tɔmelãwo mamã gɔme. Etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye woawo hã mã wo na ameawo. Nukutɔe la, ameawo katã ɖu nu vaseɖe esime amesiame ɖi ƒo!
Emegbe Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ, siwo susɔ la, nu ƒu, be naneke nagagblẽ o.” Esi woƒo wo nu ƒu la, esi woɖu susɔ la yɔ kusi 12 sɔŋ! Mateo 14:13-21; Marko 6:30-44; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-13.
▪ Nukatae Yesu le teƒe si ɖe ɖe aga dim na eƒe apostoloawo?
▪ Afikae Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yii, eye nukatae womete ŋu kpɔ gbɔɖeme si hiã wo la o?
▪ Esi zã nɔ dodom la, nukae nusrɔ̃lawo gblɔ be woawɔ, gake aleke Yesu kpɔ ameawo ƒe nuhiahiãwo gbɔe?