Ta 53
Fia si Wodi, si De Ŋgɔ Wu Amegbetɔ
ESI Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe la, ewɔ nuku na ameawo. Wogblɔ be: “Vavã, amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.” Woƒo nya ta be manye ɖeko Yesu anye nyagblɔɖila ma si nye gã wu Mose la ko o ke boŋ anye dziɖula nyui ŋutɔ hã. Eyata woɖo tame be yewoalée aɖo fiae.
Gake Yesu nya nusi ɖom ameawo le la. Eyata ewɔ nu kaba be woagalé ye sesẽe o. Edo mɔ amehawo, eye wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be woage ɖe woƒe tɔdziʋua me ahatrɔ aɖo ta Kapernaum. Azɔ eyi ɖe toa dzi be yeado gbe ɖa. Le zã ma me la, Yesu ɖeka koe nɔ afima.
Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na agu ƒe dzedze la, Yesu nɔ eƒe nɔƒe kɔkɔ la eye wòkpɔ be ya sesẽ aɖe na ƒutsotsoewo nɔ mimlim kple ŋusẽ. Esi wònye esusɔ vie Ŋutitotŋkekenyuiea naɖo eye dzinu si le ɖiɖim la sɔ tegblẽe kloe ta la, Yesu kpɔ tɔdziʋu si me eƒe nusrɔ̃lawo le agbagba dzem le be yewoato ƒutsotsoeawo me la. Ŋutsuawo le ʋua kum kple ŋusẽ katã.
Esi Yesu kpɔ esia la, eɖi tso toa dzi eye wòzɔ ƒutsotsoeawo dzi ɖo ta ʋu la gbɔ. Tɔdziʋua zɔ anɔ abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene [kilometa 5 alo 6] ene hafi Yesu ɖo egbɔ. Gake ezɔ abe ɖe wòle wo ŋu to ge ene. Esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, wodo ɣli gblɔ be: ‘Nukpekpee!’
Yesu fa dzi na wo gblɔ bena: “Nyee . . . migavɔ̃ o.”
Gake Petro gblɔ bena: “Aƒetɔ, nenye wòe la, na bena, mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”
Yesu ɖo eŋu be: “Va!”
Petro ɖi le ʋua me hezɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Gake esi Petro kpɔ ahomya si le ƒoƒom la, evɔ̃ eye esi wòde asi to yiyi me la, edo ɣli gblɔ bena: “Aƒetɔ, ɖem!”
Enumake Yesu do abɔ ɖa helée, eye wògblɔ be: “Wò xɔseʋeetɔ, nukaŋuti nèke ɖi mahã?”
Esi Petro kple Yesu ge ɖe ʋua me la, ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye wòwɔ nuku na nusrɔ̃lawo. Gake ɖe wòle be wòawɔ nuku na woa? Ne ɖe wonya “ta le aboloawo nu” to nukunu gã si Yesu wɔ gaƒoƒo ʋee aɖewo do ŋgɔ esime wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve pɛ ko nyi ame akpe geɖe la gɔme sese dzi la, anye ne mawɔ nuku na wo fũ be ete ŋu zɔ tsi dzi hena ya la dzudzɔ ƒoƒo o. Gake azɔ la nusrɔ̃lawo dze klo na Yesu hegblɔ be: “Mawu [ƒe Vi] nènye vavã.”
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woɖo Genezaret si nye gbadzaƒe wɔnu dzeani aɖe si le Kapernaum gbɔ. Wode seke ʋu la le afima. Gake esi wodo go la, amewo kpɔ Yesu dze sii eye woyi ɖe afima nutoawo me hedi amesiwo ƒe lãme gblẽ. Esi wokɔ amesiawo vɛ le woƒe abawo dzi eye woka asi Yesu ƒe awu toga ko la, woƒe lãme sẽ keŋkeŋ.
Le ɣeyiɣi ma me la, ameha si kpɔ be Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe la kpɔe be edzo. Eyata esi tɔdziʋu suewo tso Tiberia va la, woɖo wo heyi ɖe Yesu di ge le Kapernaum. Esi wokpɔe la, wobia be: “Rabi, ɣekaɣi nèva afisia?” Yesu ka mo na wo, abe alesi míakpɔe fifi laa ene. Yohanes 6:14-25; Mateo 14:22-36; Marko 6:45-56.
▪ Esi Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe vɔ la, nukae ameawo di be yewoawɔ eyama?
▪ Nukae Yesu kpɔ esime wònɔ to si dzi wòɖe ɖe aga yi la dzi, eye nukae wòwɔ azɔ?
▪ Nukatae mele be nusiawo nawɔ nuku na nusrɔ̃lawo nenema gbegbe o?
▪ Esi wova dze ɖe gota la, nukae dzɔ?