Ta 54
‘Abolo Vavãtɔ si Tso Dziƒo’
NYA geɖe dzɔ le ŋkeke si do ŋgɔ la dzi. Yesu na nuɖuɖu ame akpe geɖe nukutɔe eye emegbe wòsi le amesiwo di be yewoalée aɖo fia la gbɔ. Le zã ma me la, ezɔ Galilea-ƒu si dze agbo la dzi; eɖe Petro si nɔ to yim esime wòzɔ tsia si dzi ahom nɔ tutum le dzi la; eye wòna ƒutsotsoeawo dze akɔ anyi be eƒe nusrɔ̃lawo ƒe tɔdziʋua naganyrɔ̃ o.
Azɔ amesiwo Yesu nyi nukutɔe le Galilea-ƒua ƒe anyieheɣedzeƒe gome la va kpɔe le Kapernaum gbɔ eye wobiae be: “Ɣekaɣi nèva afisia?” Yesu ka ŋkume na wo gblɔ bena esi wole mɔ kpɔm be yewoagakpɔ nu aɖu femaxee ta koe wole ye dim ɖo. Ede dzi ƒo na wo be woadze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ŋu o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si nɔa anyi hena agbe mavɔ la ta. Eyata ameawo bia be: “Nuka míawɔ, bena míawɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔwo mahã?”
Dɔ ɖeka si ŋu asixɔxɔ gãtɔ le koe Yesu yɔ. Eɖe eme be: “Esiae nye Mawu ƒe dɔwɔwɔ la bena, miaxɔ amesi wòdɔ ɖa la, dzi ase.”
Gake ameawo mexɔ Yesu dzi se o, togbɔ be ewɔ nukunu geɖe gake. Enye nya si sesẽ be woaxɔ dzi ase be le nukunu siwo katã wòwɔ megbe la, wobia be: “Ekema dzesi ka nèwɔ, bena míakpɔ, eye míaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna? Mía fofowo ɖu mana le gbeadzi, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Ena abolo wo tso dziƒo, be woaɖu.’ ”
Le woƒe biabia be wòawɔ dzesi aɖe la ŋuɖoɖo me la, Yesu na nukunuwo Tsoƒe la dze ƒã esime wògblɔ be: “Menye Mose ye na abolo, si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavã mi tso dziƒo. Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.”
Ameawo gblɔ be: “Aƒetɔ, na abolo sia mí ɖaa.”
Yesu ɖe eme be: “Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o. Gake megblɔe na mi bena, miekpɔm, eye miexɔm se o. Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye; eye amesi vaa gbɔnye la, nyemele eƒu ge gbe akpɔ o. Elabena meɖi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko. Ke esia enye amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, bena nusianu, si wòtsɔ nam la, ne magabu ɖeke o, ke boŋ bena mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ.”
Yudatɔwo te liʋiliʋilili le Yesu ŋu le esi wògblɔ be, “Nyee nye abolo, si ɖi tso dziƒo va” la ta. Womebui be enye ame bubu aɖeke wu dzila siwo nye amegbetɔwo ƒe vi o, eyata abe alesi tututu Nazaretetɔwo gblɔe ene la, wogblɔ bena: “Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi fofo kple dada míawo míenya lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?”
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Migali liʋiliʋi le mia nɔewo dome o. Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo me bena: ‘Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.’ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye. Menye bena, ame aɖee kpɔ Fofo la kpɔ o, negbe amesi tso Mawu gbɔ la, eyae kpɔ Fofo la. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.”
Esi Yesu nɔ edzi yim la, egagblɔ ake be: “Nyee nye agbebolo la. Mia fofowo ɖu mana le gbeadzi, [gake] woku. Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, bena ame naɖu eƒe ɖe, eye maku o. Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne ame aɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe.” Ẽ, to Yesu, amesi Mawu dɔ ɖa la dzixɔxɔse ɖeɖe fia dzi la, agbe mavɔ ate ŋu asu amewo si. Mana alo abolo bubu aɖeke mate ŋu awɔ ema o!
Edze ƒã be abolo si tso dziƒo ŋuti numedzodzroa dze egɔme ɣeyiɣi kpui aɖe le esime ameawo va kpɔ Yesu le Kapernaum gbɔ la megbe. Gake eyi edzi, eye wòɖo eƒe sesẽaƒe emegbe esime Yesu nɔ nu fiam le ƒuƒoƒe aɖe le Kapernaum. Yohanes 6:25-51, 59; Psalmo 78:24; Yesaya 54:13; Mateo 13:55-57.
▪ Nukawoe dzɔ do ŋgɔ na nya si Yesu gblɔ ku ɖe dziƒobolo ŋu la?
▪ Le nusi Yesu wɔ fifi laa ta la, nukatae mesɔ be wobia be wòana dzesi yewo o?
▪ Nukatae Yudatɔwo li liʋiliʋi esime Yesu gblɔ be ye nye abolo vavãtɔ si tso dziƒo?
▪ Afikae wowɔ numedzodzro ku ɖe abolo si tso dziƒo ŋu la le?