Ta 55
Nusrɔ̃la Geɖewo Trɔ le Yesu Yome
YESU le nu fiam le Kapernaum-ƒuƒoƒe aɖe ku ɖe gome si le esi abe abolo vavã si ɖi tso dziƒo ene la ŋu. Edze ƒã be esia nye eƒe nuƒo si gɔme wòdze kple ameawo esime wokpɔe le woƒe tɔtrɔgbɔ tso Galilea-ƒua ƒe ɣedzeƒe gome, afisi woɖu abolo kple tɔmelã siwo wòna wo nukutɔe le la, ƒe dziyiyi.
Yesu yi edzi kple eƒe nyawo hegblɔ be: “Abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.” Ƒe eve pɛ ko do ŋgɔ, le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe adame la, Yesu gblɔ na Nikodemo be Mawu lɔ̃ xexeame ale gbegbe be wòtsɔ Via na be wòanye Ðela. Eyata Yesu le fiafiam azɔ be ameƒomea ƒe xexea me nɔla ɖesiaɖe si ɖu yeƒe ŋutilã le kpɔɖeŋumɔ nu to vɔ si yeasa le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la dzixɔxɔse ɖeɖe fia dzi ate ŋu akpɔ agbe mavɔ.
Gake Yesu ƒe nyawo zu nukikli na ameawo. Wobia be: “Aleke amesia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí, be míaɖu mahã?” Yesu di be yeƒe nyaselawo nase egɔme be yeƒe ŋutilã ɖuɖu la anye le kpɔɖeŋumɔ nu. Eyata be wòate gbe ɖe nusia dzi la, egblɔ nya aɖe si ganyɔ ŋu wu, ne woase egɔme ɖe nyagbeawo nu.
Yesu gblɔ be: “Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbe aɖeke manɔ mia me o. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye ŋutilã enye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu enye nunono vavã. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, enɔa menye, eye nye hã menɔa eme.”
Nyateƒee, Yesu ƒe nufiafia ave dɔme na ame ŋutɔ nenye amelãɖuɖu gblɔm wòle. Gake menye amelãɖuɖu alo ʋunono ŋutɔŋutɔ dzi dem Yesu le o. Ðeko wòle gbe tem ɖe edzi be ele be amesiwo katã akpɔ agbe mavɔ la naɖe xɔse afia ɖe yeƒe vɔsa si yeasa ne yetsɔ yeƒe amegbetɔ ƒe ŋutilã deblibo la na eye yekɔ yeƒe ʋu ɖi la ŋu. Gake eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã medze agbagba be yewoase eƒe nufiafia la gɔme o eyata wotsi tre ɖe eŋu be: “Esia nye nya sesẽ, ameka ate ŋu asee mahã?”
Esi Yesu nya be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe le liʋiliʋi lim ta la, egblɔ be: “Ðe esia le nu ɖiam na mi mahã? Azɔ ne miakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo, afisi wòtso la, yim ɖe? . . . Nya, siwo megblɔ na mi la, gbɔgbɔ kple agbe wonye. Ke ame aɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o.”
Yesu yi edzi gblɔ be: “Esia ta megblɔ na mi bena, ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye ɖe wonae tso Fofonye gbɔ o.” Esi wògblɔ nya siawo la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe dzo, eye womegadzea eyome o. Eyata Yesu trɔ ɖe eƒe apostolo 12 la ŋu eye wòbia wo be: “Alo miawo hã ɖe miele didim be, miadzo mahã?”
Petro ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Eye míexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.” Nuteƒewɔwɔ ƒe nyagbɔgblɔ nyui ka gbegbee nye sia, togbɔ be ɖewohĩ Petro kple apostolo bubuawo mese nusi fiam Yesu le le nya sia me la gɔme bliboe o gake!
Togbɔ be Petro ƒe nyaŋuɖoɖoa dze Yesu ŋu hã la, egblɔ be: “Menye nyee tia mi ame wuieve oa? [Gake] mia dometɔ ɖeka nye [amegɔmezɔla].” Yuda Iskariot ŋue wònɔ nu ƒom le. Anye be le ɣeyiɣi sia me la, Yesu de dzesi nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe “gɔmedzedze” le Yuda me.
Ðeko Yesu gbe ameawo ƒe nuɖoɖo teti enye ma esi wòtsi tre ɖe woƒe agbagbadzedze be yewoaɖoe fiae la ŋu, eye woanɔ esusum be, ‘Aleke amesia ate ŋu anye Mesia lae, esi wògbe nɔƒe si dze na Mesia la xɔxɔ?’ Esia hã anye nya bubu si le yeye le ameawo ƒe susu me. Yohanes 6:51-71; 3:16.
▪ Amekawo tae Yesu tsɔ eƒe ŋutilã na ɖo, eye aleke amesiawo ‘ɖua eƒe ŋutilãe’?
▪ Yesu ƒe nya bubu kawoe nyɔ ŋu na ameawo, gake nuka dzie wòle gbe tem ɖo?
▪ Esi ame geɖewo trɔ le Yesu yome la, nukae Petro gblɔ?