INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 56
  • Nukae Ƒoa Ði Ame?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Ƒoa Ði Ame?
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Ƒoa Ði Ame Ŋutɔŋutɔ?
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Da Dɔ Na Ame Aɖe Le Sabat Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Alesi Farisitɔwo Ðo Koŋ Gbe Edzi Xɔxɔ Se
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 56

Ta 56

Nukae Ƒoa Ði Ame?

TSITRETSITSI ɖe Yesu ŋu nu le sesẽm ɖe edzi. Menye ɖeko eƒe nusrɔ̃la geɖewo gblẽe ɖi o, ke boŋ Yudatɔ siwo le Yudea hã le didim be yewoawui, abe alesi wowɔ le Yerusalem le ƒe 31 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoɖuɣi ene.

Azɔ ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoɖuɣi ɖo. Anye be esi Mawu ƒe se bia be woayi tae Yesu yi Ŋutitotoa ɖuƒe le Yerusalem. Gake ewɔ esia aɖaŋutɔe ale gbegbe elabena eƒe agbe le afɔku me. Emegbe la egatrɔ yi Galilea.

Anye Kapernaum ye Yesu nɔ esime Farisitɔ kple agbalẽfiala siwo tso Yerusalem la va egbɔ. Wole nya dim le Yesu ŋu be yewoabu fɔe be eda le mawusubɔsubɔ ƒe se dzi. Wobia be: “Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo daa blematɔwo ƒe kɔawo dzi mahã? Elabena womeklɔa asi hafi ɖua abolo o.” Nusia menye nusi Mawu bia be woawɔ o, gake Farisitɔwo bui agɔdzedze gãe be womawɔ blemakɔnyinyi sia si lɔ asikɔklɔ vaseɖe keke abɔklugui ke ɖe eme la o.

Le esi teƒe be Yesu naɖo woƒe fɔbubua ŋu na wo la, etɔ asi woƒe Mawu ƒe Se la dzi dada vɔ̃ɖi si wobua wɔna la dzi. Edi be yeanya ‘nusitae woawo hã daa Mawu ƒe se la dzi le woƒe kɔawo ŋuti.’ “Elabena Mawu de se bena: Bu fofowò kple dawò! Eye amesi ke gblɔa nya vɔ̃ ɖe fofoa alo dadaa ŋuti la, ku ke wòaku. Ke miawo la miegblɔ bena: Amesi ke lagblɔ na fofoa alo dadaa bena: Nusi ke nate ŋu akpɔ tso gbɔnye la, nanye nunana na Mawu la, eya magabu fofoa alo dadaa o!”

Vavãe, Farisitɔwo fia nu be ga, nunɔamesi alo nusianu si wotsɔ ɖe adzɔgbee be enye nunana na Mawu la nye gbedoxɔa tɔ eye womagate ŋu azãe na nu bubu aɖeke wɔwɔ o. Gake le nyateƒe me la, nusi wotsɔ ɖe adzɔgbee la tsia amesi tsɔe ɖe adzɔgbee la gbɔ. Eyata ne ame aɖe ƒe vi nya gblɔ be yeƒe ga alo nunɔamesi nye “korban”—si nye nunana si wotsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu alo gbedoxɔa—ko la, esina le eƒe agbanɔamedzi be wòakpe ɖe edzila tsitsi siwo ɖewohĩ woxaxa vevie ŋu la nu.

Yesu tɔ dzɔ be wòbi dzi ɖe alesi Farisitɔwo tro Mawu ƒe Sea ŋutasesẽtɔe la ŋu eye wògblɔ be: “Miegabua Mawu ƒe sea o le miaƒe kɔa ŋuti. Alakpatɔwo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena: ‘Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.’ ”

Ðewohĩ amehawo he yi megbe be yewoana mɔ Farisitɔwo woabia nya Yesu. Ke azɔ esi Farisitɔwo mekpɔ ŋuɖoɖo aɖeke na Yesu ƒe mokaname vevie la o la, eyɔ ameha la vɛ, hegblɔ be: “Miɖo to, eye miase nu gɔme. Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa kɔ ɖo na ame.”

Emegbe esi woyi aƒe aɖe me la, eƒe nusrɔ̃lawo bia be: “Ènyae bena, esi farisitɔwo se nyaa la, eɖia wo nu mahã?”

Yesu ɖo eŋu be: “Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe. Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mɔ fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.”

Ewɔ abe ɖe wòwɔ mo yaa na Yesu ene esime Petro bia ɖe nusrɔ̃lawo ta be Yesu naɖe nusi ƒoa ɖi ame la me. Yesu gblɔ be: “Alo miawo hã ame masenugɔmewo mieganye mahã? Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si yia nu me la, eyina ɖe dɔ me, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe kpɔxa o mahã? Ke nusiwo doa go tso nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame. Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo, kple ɖiŋudodowo doa go tsona. Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.”

Yesu mele dzadzɛnyenye si dze la ƒe dzi ɖem le ame ƒo le afisia o. Mele gbɔgblɔm be mele be woaklɔ asi hafi aɖa nu alo aɖu no o. Ke boŋ Yesu le fɔ bum subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔla siwo to gbetete ɖe kɔnyinyi siwo metso Ŋɔŋlɔlawo me o dzi ƒo asa na Mawu ƒe se dzɔdzɔewo ayetɔe la. Ẽ, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwoe ƒoa ɖi ame, eye Yesu fia be nusiawo tsoa ame ƒe dzi me. Yohanes 7:1; Mose V, 16:16; Mateo 15:1-20; Marko 7:1-23; Mose II, 20:12; 21:17; Yesaya 29:13.

▪ Tsitretsiɖeŋu kae Yesu dze ŋgɔe azɔ?

▪ Nutsotso kae Farisitɔwo wɔ, gake aleke Yesu ɖee fia be Farisitɔwo ɖona koŋ dana le Mawu ƒe Sea dzie?

▪ Nukawoe Yesu ɖe fia be woawoe ƒoa ɖi ame?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe