Ne Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee La Àtiaea?
Àte ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi vavã abe alesi agbalẽ gbadza sia ɖee fia kɔte ene. Kakaɖedzi li be tame si Mawu ɖo ɖe nɔnɔme mawo ŋu la ava eme! Gake ele be nàwɔ wò ŋutɔ wò tiatia be nànɔ agbe tegbee.
Yesu fia nu be ele be tiatia ma nanɔ te ɖe Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be wòakpe ɖe ŋuwò be sidzedze ma nasu asiwò. Àte ŋu axɔ kpekpeɖeŋu bubu tso Yehowa Ðasefowo gbɔ. Adzɔ dzi na wo be yewoava gbɔwò le ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ na wò. Eye ne èdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ekema àte ŋu ana woanya ne èzã adrɛs si sɔ le ete tsɔ ŋlɔ agbalẽ na Jehovah’s Witnesses.