INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • pr akpa 8 axa 29-31
  • Nɔ Agbe Tegbee Le Paradisonyigba Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Agbe Tegbee Le Paradisonyigba Dzi
  • Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ameƒomea le Ŋutifafa Blibo Me
  • Amegbetɔwo Kple Lãwo le Ŋutifafa Me
  • Lãmesẽ Deblibo, Agbe Mavɔ
  • Wogbɔ Agbe Ame Kukuwo
  • Anyigba la Zu Paradiso si me Nuɖuɖu Bɔ Ðo
  • Aƒe Nyui Asu Amesiame Si
  • Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso Me
  • Mawu Ƒe Xexeme Yeye Wɔnuku La
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Nu Siwo Adzɔ Le Etsɔme Kpuie La Gbɔgblɔ Ði
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
    Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Etsɔme!
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
pr akpa 8 axa 29-31

Akpa 8

Nɔ Agbe Tegbee Le Paradisonyigba Dzi

1, 2. Aleke agbenɔnɔ anɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?

1 Aleke agbenɔnɔ anɔ ne Mawu ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ɖa le anyigba dzi eye wòhe xexe yeye si dzi ɖum eƒe Dziƒofiaɖuƒea le lɔlɔ̃tɔe vɛ? Mawu do ŋugbe be ‘yeaʋu yeƒe asi me atsɔ nugbagbewo katã ƒe nudidiwo aɖi ƒo na woe.’—Psalmo 145:16.

2 Nukawoe nye wò didi siwo sɔ? Ðe menye agbenɔnɔ si me dzidzɔ le, dɔwɔna ɖevi, ŋutilãmenuwo ƒe bɔbɔ, nuto dzeaniwo, ŋutifafa si le amewo katã dome, kple ablɔɖe tso madzɔmadzɔnyenye, dɔléle, fukpekpe, kple ku si me oa? Ke gbɔgbɔmenu dodzidzɔnamewo ya ɖe? Eteƒe madidi o woakpɔ nusiawo katã le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. De dzesi nusi Biblia me nyagblɔɖiwo gblɔ tso yayra wɔnuku siwo ava le xexe yeye ma me ŋuti.

Ameƒomea le Ŋutifafa Blibo Me

3-6. Kakaɖedzi kae le mía si be amegbetɔwo anɔ ŋutifafa me le xexe yeyea me?

3 “[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo [aʋatasiaɖamwo]!”—Psalmo 46:10.

4 “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:4.

5 “[Ame fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

6 “Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me.”—Yesaya 14:7.

Amegbetɔwo Kple Lãwo le Ŋutifafa Me

7, 8. Ŋutifafa kae anɔ amewo kple lãwo dome?

7 “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. Nyinɔ kple sisiblisinɔ woaɖu gbe, eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe afi ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene. Ðevi nono afe le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi, si ɖi no la, aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ [vɛ] o.”—Yesaya 11:6-9.

8 “Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi . . . eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.”—Hosea 2:18.

Lãmesẽ Deblibo, Agbe Mavɔ

9-14. Ƒo nu tso lãmesẽ ƒe nɔnɔme siwo anɔ xexe yeyea me ŋuti.

9 “[Ɣemaɣi la] ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

10 “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

11 “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

12 “Dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.”—Hiob 33:25.

13 “Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.”—Romatɔwo 6:23.

14 “Amesiame, si xɔa edzi sena la . . . [akpɔ] agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Wogbɔ Agbe Ame Kukuwo

15-17. Mɔkpɔkpɔ kae li na amesiwo ku xoxo?

15 “Tsitretsitsi [anɔ anyi] na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

16 “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me [le ŋku dzi na Mawu] la, woase eƒe gbe [ahado go].”—Yohanes 5:28, 29.

17 “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.”—Nyaɖeɖefia 20:13.

Anyigba la Zu Paradiso si me Nuɖuɖu Bɔ Ðo

18-22. Nukae woatrɔ anyigba bliboa katã wòatrɔ azu?

18 “Mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye. Gbemeti atse ku, anyigba awɔ nu, eye woanɔ woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi.”—Xezekiel 34:26, 27.

19 “Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.”—Psalmo 67:7.

20 “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

21 “Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe. Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe.”—Yesaya 55:12, 13.

22 “[Ànɔ] Paradiso la me kplim.”—Luka 23:43.

Aƒe Nyui Asu Amesiame Si

23, 24. Kakaɖedzi kae le mía si be aƒe nyuiwo ade amesiame nu?

23 “Woatu xɔ anɔ eme, . . . Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; . . . Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o.”—Yesaya 65:21-23.

24 “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Mixa 4:4.

Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso Me

25. Etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae le mía si?

25 Etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si! Tameɖoɖo vavã kae nye si anɔ agbe ŋu azɔ ne wotui ɖe mɔkpɔkpɔ like si nye be le Mawu ƒe xexe yeyea me la, egbekuxiwo nu ayi tegbee, la dzi! “Womagaɖo ŋku [nu gbãtɔwo] dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” (Yesaya 65:17) Eye aleke gbegbe wòhefaa akɔ na amee nye si be woanya be woanɔ agbe tegbee ɣemaɣi: “[Mawu] ami ku saɖagatsi tegbee.”—Yesaya 25:8.

26. Nukae ana woanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me?

26 Èdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso ƒe xexe yeye ma si tu aƒe ŋutɔ azɔ la mea? Àbia be, ‘Nukae hiã be mawɔ be Mawu nave nunye le xexe sia ƒe nuwuwu eye mayi edzi anɔ agbe le eƒe xexe yeyea me?’ Ele be nàwɔ nusi dzi Yesu tɔ asii le gbedodoɖa na Mawu me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

27. Nukae wòle be nàwɔ be nàkpɔ gome le Mawu ƒe tameɖoɖoa me?

27 Eyata di Biblia eye nàɖo kpe nusiwo nèxlẽ le agbalẽ gbadza sia me la dzi. Di amesiwo srɔ̃a Biblia me nyateƒe siawo hefianɛ la. Do le alakpasubɔsubɔha siwo fiaa nusiwo tsi tre ɖe Biblia la ŋu hewɔa wo la me. Srɔ̃ alesi mia kple ame bubu miliɔn geɖe siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm xoxo la miate ŋu akpɔ gome le tame si Mawu ɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la me. Eye wɔ ɖe nusi Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ tso ɣeyiɣi si gbɔna kpuie ŋu la dzi be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Tame si Mawu ɖo be yeagbugbɔ paradisonyigba aɖo anyi la ava eme kpuie

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe