Subɔsubɔhawo ƒe Vovototo ƒe Kuxi La
Esi nènye nufiala la, kuxi aɖe si ƒã hafi nufiala siwo nɔ anyi le ƒe alafa siwo va yi me do goe la dze ŋgɔ wò—subɔsubɔhawo ƒe vovototo.
LE TITINAƔEYIƔIWO katã me la, ha ɖeka me koe dukɔ ɖeka me tɔwo nɔna zi geɖe. Nyitsɔ laa le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu la, subɔsubɔha gã ʋee aɖewo koe wonya le Europa: Katoliko kple Protestant hawo le ɣetoɖoƒekpa dzi, Orthodoks kple Islam le ɣedzeƒe gome, kpakple Yuda-subɔsubɔ. Gake ɖikekemanɔmee la, subɔsubɔhawo va bɔ ɖe Europa kple xexeame katã egbea. Wova ɖo subɔsubɔha yeyewo, anye dua me tɔ aɖewoe ɖoe loo alo amedzrowo kple sitsoƒedilawoe tsɔ wo vɛ.
Eyata Moslemtɔwo, Buddhatɔwo, kple Hindutɔwo bɔ ɖe dukɔwo abe Australia, Britania, France, Germania, kple United States ene me egbea. Azɔ hã esi Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔwo ta la, wole subɔsubɔdɔ wɔm vevie le dukɔ 239 me. Woƒe hamevi veviedonulawo ƒe xexlẽme wu 150,000 le dukɔ 14 aɖewo dometɔ ɖesiaɖe me.—Kpɔ aɖaka si nye “Yehowa Ðasefowo—Subɔsubɔha si Le Xexeame Katã.”
Ðewohĩ mia gbɔ mawusubɔsubɔnuwɔna vovovoawo azu kuxi na nufialawo. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu abia nya vevi aɖewo le ŋkekenyui siwo ame geɖe ɖuna ŋu: Ðe wòle be woazi azãɖuɖuwo katã ɖe sukuvi ɖesiaɖe dzi—eɖanye ha ka mee wòle oa? Ðewohĩ ame akpa gãtɔ mabui be naneke gblẽ le azãɖuɖu siawo ŋu o. Gake ɖe mele be woade bubu ƒome siwo le habɔbɔ si me tɔwo mesɔ gbɔ o me hã ƒe nukpɔsusuwo ŋu oa? Eye nya vevi bubu hã li si ŋu wòle be woabu: Le dukɔ siwo me se ɖe mawusubɔsubɔ ɖe vovo tso Dziɖuɖunyawo gbɔ, eye mɔ ɖeɖe meli be woatsɔ mawunya fiafia ade sukunufiafiawo me o la, ɖe ame aɖewo makpɔe be masɔ be woazi ŋkekenyui mawo ɖuɖu ɖe ame dzi le suku oa?
Dzigbezãwo
Masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa le azãɖuɖu siwo dze abe ɖe womede nu mawusubɔsubɔ me vie o ene gɔ̃ hã ŋu. Aleae wòdzɔna le dzigbezã siwo woɖuna le suku geɖe me la me. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo dea bubu gome si le amewo si be woaɖu dzigbezãwo ŋu hã la, ɖikeke mele eme o be ènya nyuie be wotiae be yewomaɖu azã siawo o. Gake ɖewohĩ mènya susu siwo tae woa kple wo viwo tso nya me be yewomaɖu azã siawo o la o.
Le livre des religions (Subɔsubɔhawo ƒe Agbalẽ) si nye numekugbalẽ si bɔ ɖe France la yɔ azã sia be enye kɔnuwɔwɔ, eye wòyɔe kpe ɖe “xexemekɔnuwo” ŋu. Togbɔ be wobua dzigbezãɖuɖu egbea be enye xexemekɔnu si megblẽ o hã la, le nyateƒe me la, trɔ̃subɔsubɔ mee wòdzɔ tso.
The Encyclopedia Americana (ƒe 1991 tɔ) gblɔ be: “Blemadukɔ siwo nye Egipte, Hela, Roma, kple Persia ɖua mawuwo, fiawo, kple ame ŋkutawo ƒe dzigbezã.” Nuŋlɔla siwo nye Ralph kple Adelin Linton ɖe nusita woɖua azã sia ɖo la me. Woŋlɔ ɖe woƒe agbalẽ si nye The Lore of Birthdays me be: “Mesopotamia kple Egipte, afisiwo ŋkuʋuʋu dzɔ tso, ganye du gbãtɔ siwo me amewo ɖo ŋku woƒe dzigbe dzi hede bubu eŋu le. Dzigbeŋkeke ŋɔŋlɔɖi nɔ vevie le blema elabena dzigbeŋkeke hiã vevie le ɣletivimefakaɖoɖowo wɔwɔ me.” Alesi woa kple ɣletivimefakaka do ka tẽ alea nye nusi ŋu amesiame si tsri ɣletivimefakaka tsia dzi ɖo vevie le nya si Biblia gblɔ le eŋu ta.—Yesaya 47:13-15.
Eyata mewɔ nuku o be míexlẽ le The World Book Encyclopedia me be: “Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Eƒe [Kristo ƒe] dzigbezã o elabena wobu amesiame ƒe dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔsubɔkɔnu.”—Babla 3, axa 416.
Ðasefowo lɔ̃a dzidzɔdonuwo wɔwɔ ɖekae
Esi nya sia le susu me na Yehowa Ðasefowo ta la, wotiae be yewomakpɔ gome le dzigbezãwo ɖuɖu me o. Le nyateƒe me la, vidzidzi nyea nudzɔdzɔ dodzidzɔname wɔnuku aɖe. Dzilawo katã kpɔa dzidzɔ ne wo viwo le tsitsim ɖe edzi ƒe sia ƒe. Enyea dzidzɔ gã aɖe na Yehowa Ðasefowo hã be woana nu wo nɔewo ahakpɔ dzidzɔ ɖekae atsɔ aɖe woƒe lɔlɔ̃ na woƒe ƒomewo kple xɔlɔ̃wo afia. Gake le afisi dzigbezãɖuɖu dzɔ tso ta la, wodina be yewoawɔe ɣebubuɣiwo le ƒea me katã tsɔ wu le dzigbezãɖuɖu me.—Luka 15:22-25; Dɔwɔwɔwo 20:35.
Kristmas
Woɖua Kristmas le xexeame katã, le dukɔ siwo menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã dometɔ geɖe me. Esi Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha akpa gãtɔ da asi ɖe ŋkekenyuiɖuɖu sia dzi ta la, ɖewohĩ awɔ mo yaa ŋutɔ be Yehowa Ðasefowo gbea eɖuɖu. Nukatae?
Abe alesi numekugbalẽ geɖe gblɔe eme kɔ ene la, amewo ŋutɔ koe tso da Yesu ƒe dzigbe ɖe December 25 lia dzi be wòadze Roma-trɔ̃subɔlawo ƒe azãɖuɖu aɖe dzi. De dzesi nya siwo gbɔna siwo woɖe tso numekugbalẽ vovovowo me:
“Kristo ƒe dzigbe mele nyanya o. Nyanyuiawo meyɔ ŋkekea alo ɣletia o.”—New Catholic Encyclopedia, Babla III, axa 656.
“Roma ƒe Saturnalia la dzie wotu Kristmas ƒe azã la ƒe dzidzɔkpɔkɔnuawo akpa gãtɔ ɖo.”—, Encyclopædia of Religion and Ethics
“Kristmas ƒe kɔnu siwo xɔ aƒe ɖe Europa fifia alo woŋlɔ wo ɖi tso blema ɣeyiɣiwo me la dometɔ akpa gãtɔ menye Kristotɔwo ƒe kɔnuwo ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ wonye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu siwo Sɔlemeha la xɔ alo ɖe mɔ na. . . . Roma ƒe Saturnalia la dzie wotu Kristmas ƒe azã la ƒe dzidzɔkpɔkɔnuawo akpa gãtɔ ɖo.”—Encyclopædia of Religion and Ethics (Edinburgh, ƒe 1910), si me James Hastings to, Babla III, axa 608-9.
“Woɖua Kristmas le December 25 lia dzi le Kristo-sɔlemehawo katã me tso ƒe alafa enelia me ke. Ɣemaɣi la, enye trɔ̃subɔlawo ƒe vuvɔŋɔli me ŋkeke si dzi ɣe la ɖoa anyigba ƒe anyiehe ke ƒe azãɖugbe si woyɔna be ‘Ɣe ƒe Dzɔgbe (Latingbe, natale)’ elabena edzena abe ɖe ɣea gadzɔ ene esime ŋkekeawo gadidina ɖe edzi. Sɔlemeha la da asi ɖe kɔnuwɔwɔ sia si bɔ la dzi le Roma . . . to egɔmeɖeɖe bubui me.”—Encyclopædia Universalis, 1968, (Fransegbe) Babla 19, axa 1375.
“Kristmas ƒe dzidzedzekpɔkpɔ tso vovototo si le woa kple trɔ̃subɔlawo ƒe azã si nye Sol Invictus (Mithra) me la gbɔ. Le go bubu me la, wogblɔ be December 25 lia si nye vuvɔŋɔli me ŋkeke si dzi ɣe la ɖoa anyigba ƒe anyiehe ke la sɔ kple kekeli gã si to Kristo dzi va xexeame, eyata wotrɔ nusi Sol Invictus tsi tre ɖi na la wòzu Kristo tɔ.”—Brockhaus Enzyklopädie (Germaniagbe) Babla 20, axa 125.
Aleke ame aɖewo wɔ nu esi wose nyateƒe siwo ku ɖe Kristmas ŋu? The Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Le ƒe 1644 me la, Eŋlisi Puritatɔwo tsɔ Sewɔtakpekpe ƒe se de ɖe dzidzɔkpɔkpɔ alo sɔlemewɔwɔ ɖesiaɖe nu be trɔ̃subɔlawo ƒe azãe [Kristmas] nye, eye wode se be wòanye nutsitsidɔŋkeke. Charles II gaɖo azãɖuɖu sia te, gake Scotlandtɔwo lé Puritatɔwo ƒe nukpɔsusu me ɖe asi.” Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Kristmas o, nenema ke Yehowa Ðasefowo hã meɖunɛ alo kpɔa gome le nuwɔna siwo do ƒome kple Kristmas me egbea o.
Gake Biblia ƒo nu nyuie tso nunana ame alo ƒomewo kple xɔlɔ̃wo kpekpe va kplɔ̃ ŋu dzidzɔtɔe ɣebubuɣiwo ŋu. Ede dzi ƒo na dzilawo be woafia wo viwo be woanyo dɔme anukwaretɔe tsɔ wu be woana nu amewo ne hadomewɔna aɖe bia tso wo si be woanae hafi. (Mateo 6:2, 3) Wofia Yehowa Ðasefowo ƒe viwo be woaɖe mɔ ɖe nu ŋu eye woade bubu ame ŋu, eye esia bia be woalɔ̃ ɖe gome si le ame bubuwo si be woaɖu Kristmas dzi. Nenema ke edzea woawo hã ŋu ne wode bubu woƒe nyametsotso be yewomaɖu Kristmas o ŋu.
Azã Bubuwo
Alea ke Yehowa Ðasefowo wɔa nu ɖe mawusubɔsubɔzãwo alo esiwo de eɖi ge siwo woɖuna le sukudeɣiwo le dukɔ vovovowo me ŋu, abe Braziltɔwo ƒe azã si woɖuna le June me, Epiphany le France, Carnival le Germania, Setsubun le Japan, kple Halloween le United States ene. Adzɔ dzi na dzila Ðasefowo alo wo viwo godoo be yewoaɖo biabia ɖesiaɖe si nàbia le azãɖuɖu siawo alo bubu ɖesiaɖe si womeyɔ le afisia o ŋu na wò.