INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-24 axa 2-5
  • Yesu Kristo—Amekae Wònye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Kristo—Amekae Wònye?
  • Yesu Kristo—Amekae Wònye?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lɔlɔ̃—Eƒe Mɔfiame
  • Eɖe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia
  • Aleke Yesu Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbee?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nukatae Wòle Be Nàxɔ Yesu Kristo Dzi Ase?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nu Kae Yesu Wɔ Esime Wònɔ Anyigba Dzi?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Yesu Ƒe Nukunuwo​—Nukae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Wo Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Yesu Kristo—Amekae Wònye?
T-24 axa 2-5

Yesu Kristo—Amekae Wònye?

“AMESIWO menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã dometɔ geɖe xɔe se be Ame ma nye nufiala gã nyanu aɖe. Amesiwo nɔ agbe kpɔ eye wokpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu dometɔ ɖekae wònye nyateƒe.” (The World Book Encyclopedia) Amekae nye “Ame” ma? Yesu Kristo, amesi ɖo Kristotɔnyenye anyi ye. Ènya amesi wònyea? Ðe wòkpɔ ŋusẽ ɖe dziwò le go aɖe mea?

Woŋlɔ Yesu ƒe subɔsubɔdɔ me nudzɔdzɔwo ɖe Biblia me le agbalẽ ene siwo woyɔna be Nyanyuiawo me. Nyateƒee nuŋlɔɖi siawo nyea? Esi ŋutinyaŋlɔla nyanyɛ si nye Will Durant to wo me vɔ la, eŋlɔ be: “Be ame tsɛ ʋee aɖewo ko natso akpa ame aɖe si ƒe amenyenye kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi henyoa ame ŋu nenema gbegbe ŋuti nya, akpa agbenɔnɔ ŋuti se si de ŋgɔ nenema gbegbe, kple amegbetɔwo ƒe nɔviwɔwɔ ŋuti nukpɔsusu si ʋãa ame nenema gbegbe ŋu nya le dzidzime ɖeka me la, ke anye nukunu si dzi xɔxɔ se asesẽ kura wu esiwo woŋlɔ ɖe Nyanyuiawo me.”

Gake ame tutɔ aɖe koe Yesu Kristo nye na ame miliɔn geɖe siwo le Ɣedzeƒenyigbawo dzi kple teƒe bubuwo. Woaxɔe ase be enɔ anyi kpɔ, gake womesusunɛ be ekpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbenɔnɔ dzi le mɔ aɖeke nu o. Ame bubuwo gbe Yesu be medze be woade eƒe nya susu me o le nusiwo amesiwo be yewonye eyomedzelawo wɔ ta. Amesiawo dometɔ siwo le Japan gblɔna be, ‘Woawoe da atɔm bɔmb ɖe Nagasaki-dugã si me Kristotɔwo le wu Japan-dugã akpa gãtɔ me.’

Ke hã ɖe nàbu fɔ atikewɔla ɖe dɔnɔ ƒe dɔléle ta ne dɔnɔa gbe zɔzɔ ɖe alesi ɖɔktaa fiae be wòazã atikeae dzia? Edze ƒã be màbu fɔe o. Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si amesiwo le Kristodukɔa me ŋe aɖaba ƒu mɔfiame siwo Yesu na be woatsɔ akpɔ woƒe gbesiagbekuxiwo gbɔe la dzi. Eyata le esi teƒe be nàgbe Yesu le yeaɖi Kristotɔ siwo mewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi o ta la, nukata wò ŋutɔ màsrɔ̃ nu tso eŋu o? Dzro Biblia me, ne nànya amesi tututu Yesu nye kple alesi wòate ŋu atrɔ wò agbenɔnɔ gɔ̃ hãe.

Lɔlɔ̃—Eƒe Mɔfiame

Yesu Kristo nye nufiala gã aɖe si nɔ Palestina ƒe 2,000 kloe enye si va yi. Míenya nu boo tso eƒe ɖevimenɔɣi ŋu o. (Mateo, ta 1 kple 2; Luka, ta 1 kple 2) Esi Yesu xɔ ƒe 30 la, edze eƒe subɔsubɔdɔ si nye ‘ɖaseɖiɖi le nyateƒea ŋu’ gɔme. (Yohanes 18:37; Luka 3:21-23) Yesu ƒe gaglãgbe subɔsubɔdɔ, si nye eƒe anyigbadzinɔɣi ƒe ƒe etɔ̃ mamlɛawo koŋ ŋue ame ene siwo ŋlɔ eƒe agbemeŋutinya la ŋlɔ nu tsoe.

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, egblɔ nusi eƒe nusrɔ̃lawo atsɔ akpɔ kuxi vovovo gbɔe le woƒe agbe me la na wo. Nukae nye nu ma? Eyae nye lɔlɔ̃. Le mawunya siwo wonya nyuie wu le ŋutinya me dometɔ ɖeka si woyɔna be Todzimawunya la me la, Yesu fia alesi woaɖe lɔlɔ̃ afia ame haviwoe la eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Gɔmeɖose siae woyɔna be Sikasedede la. Ame ƒe futɔwo hã le amesiwo Yesu wɔnɛ le afisia be “amewo” la dome. Egblɔ le mawunya sia ke me be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe ketɔwo eye miado gbe ɖa ɖe amesiwo tia mia yome la ta.” (Mateo 5:44, New World Translation of the Holy Scriptures) Ðe lɔlɔ̃ sia tɔgbe makpɔ kuxi siwo dze ŋgɔ mí egbea dometɔ geɖe gbɔ oa? Hindutɔwo ƒe kplɔla Mohandas Gandhi kpɔe nenema. Wobe egblɔ be: “Ne [míawɔ] ɖeka awɔ ɖe Kristo ƒe nufiafia siwo le Todzimawunya sia me dzi la, anye ne . . . míakpɔ xexeame katã [ƒe kuxiwo] gbɔ.” Ne míetsɔ nusiwo Yesu fia le lɔlɔ̃ ŋu wɔ dɔe la, ate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ.

Eɖe Eƒe Lɔlɔ̃ Fia

Yesu nɔ agbe ɖe nusi wòfia nu. Etsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ɖo ŋgɔ na etɔ eye wòɖe alesi wòle be woalɔ̃ amee fia le eƒe nuwɔna me. Gbeɖeka Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ nu fiam ame gbogbo aɖewo, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖu nu o. Yesu kpɔe be ehiã be yeƒe nusrɔ̃lawo ‘nadzudzɔ vie,’ eyata woɖo ta afisi woaɖe vovo le. Gake ameha aɖe do ŋgɔ na wo nɔ woƒe vava lalam. Nenye wòe nye Yesu ɖe, aleke nàwɔ nui? Yesu “[ƒe] dɔme trɔ ɖe wo ŋuti” eye “wòde asi nu geɖe fiafia me wo.” (Marko 6:30-34) Veveseseɖeamenu vevie sia ʋãe wòkpe ɖe amewo ŋu.

Nu nyui siwo Yesu wɔ na amewo mese ɖe gbɔgbɔmenuwo fifia wo ko dzi o. Ena kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ hã wo. Gbeɖeka ena nuɖuɖu ŋutsu 5,000 (tsɔ kpe ɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu) siwo nɔ eƒe nyawo sem vaseɖe fiẽ. Egana nuɖuɖu ame 4,000 bubu ɣebubuɣi. Le nudzɔdzɔ gbãtɔ me la, ezã abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve eye, le evelia me la, ezã abolo adre kple tɔmelã sue ʋee aɖewo. (Mateo 14:14-21; 15:32-38; Marko 6:35-44; 8:1-9) Nukunuwoe wonyea? Ẽ, nukunuwɔlae wònye.

Yesu da dɔ na dɔnɔ geɖe hã. Eda gbe le ŋkunɔwo, tekunɔwo, anyidɔlélawo, kple tokunɔwo ŋu. Nyateƒee, efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre! (Luka 7:22; Yohanes 11:30-45) Gbeɖeka anyidɔléla aɖe ɖe kuku nɛ be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.” Aleke Yesu wɔ nui? “Edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!” (Marko 1:40, 41) Didi vevie be yeakpe ɖe ameawo ŋue ʋã Yesu. Eɖe lɔlɔ̃ si le esi na fukpelawo fia to nukunu siawo wɔwɔ me.

Ðe wòsesẽ be nàxɔe asea? Evɔ gaglãgbee Yesu wɔ eƒe nukunuawo dometɔ akpa gãtɔ le. Eƒe futɔ siwo dzea agbagba ɣesiaɣi be yewoakpɔ vodada le eŋu gɔ̃ hã mete ŋu sẽ nu le eƒe nukunuwɔwɔwo ŋu o. (Yohanes 9:1-34) Gakpe ɖe eŋu la, tameɖoɖo aɖe nɔ eƒe nukunuwo wɔwɔ ŋu. Ekpe ɖe amewo ŋu wodze sii be Yesue nye amesi Mawu dɔ ɖo ɖa.—Yohanes 6:14.

Yesu ƒe nufiafiawo kple eƒe agbemenyawo me dzodzro kpuie alea teti gɔ̃ hã na eƒe nu lé dzi na mí eye míedi be míasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃. Gake menye mɔ sia nu koe Yesu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzi le o. Menye alesi woalɔ̃ amewo koe nufiala gã la fia o. Eɖee fia be yenɔ agbe kpɔ henye Mawu ƒe Tenuvi hafi va zu amegbetɔ. (Yohanes 1:14; 3:16; 8:58; 17:5; Yohanes I, 4:9) Egale agbe le eƒe amegbetɔgbenɔnɔ vɔ megbe hã, eye esia tae wònye ame vevi na wò wu ɖo. Biblia gblɔ be wofɔ Yesu ɖe tsitre eye woɖoe zi dzi wònye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Nyaɖeɖefia 11:15) Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3; 20:31) Le nyateƒe me la, àte ŋu anɔ agbe mavɔ le Paradiso me ne èsrɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋu! Aleke wòanya wɔe? Nukata màgasrɔ̃ nu geɖe tso Yesu ŋu ne nàkpɔ alesi ‘Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒoa nya ɖe mía nui’ be míasrɔ̃e o? (Korintotɔwo II, 5:14) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.—Yohanes 13:34, 35.

Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe