Hehexɔxɔ si Ana Nàde Ŋgɔ Azu Nuƒola Kple Nufiala Bibi
ÈÐANYE ɖevi alo ame tsitsi si xɔ ƒe geɖe o, èɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, nusɔsrɔ̃ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò nuƒo me nakɔ geɖe wu eye nàzu Mawu ƒe Nya fiala si gabi ɖe edzi.
Sukudzikpɔla lae ade dɔ asi na amesiwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Àkpɔ wò aɖaŋuɖogbalẽ le axa etɔ̃ siwo kplɔe ɖo. Àkpɔ be xexlẽdzesi si woŋlɔ ɖe nudidi ɖesiaɖe ƒe miame la, eya kee woŋlɔ ɖe nusɔsrɔ̃ si sɔ kplii la nu, le axa siwo kplɔe ɖo. Àkpɔ nusi hiã bene woaɖu tu na nuƒoƒo kple nufiafia ƒe nu vevi siawo la ƒe numeɖeɖe kple nusita ɖesiaɖe le vevie la le nusɔsrɔ̃ mawo me. Àkpɔ mɔfiame si aɖe vi hã le alesi nàwɔ aɖo nusi wodi tso asiwò la gbɔ.
Amadede si le aɖaŋuɖogbalẽa dzi la fia asi dɔdasiawo ƒe nudidi siwo ku ɖe nusiawo ŋu: (1) nuxexlẽ na nyaselawo, (2) wɔwɔfia si ame eve alo agbɔsɔsɔ si wu ema nawɔ kpli wò, alo (3) nuƒoƒo na hamea. Sukudzikpɔlae ana wò nudidi si ŋu nàwɔ dɔ le. Mɔ nyuitɔe nye be nàwɔ dɔ le nudidi ɖeka ko ŋu le dɔdasia me. Aɖe vi na wò be nàwɔ dɔdasi siwo le nusɔsrɔ̃ si wode asi na wò la ƒe nuwuwu. Ne edze ƒã be ètsɔ aɖaŋu si woɖo le nusɔsrɔ̃ si wofia asii me la wɔ dɔe alesi dze la, aɖaŋuɖolaa ana wò nudidi bubu si ŋu nàwɔ dɔ le.
Ne wò dɔdasia nye wɔwɔfia la, ekema ele be woabu wɔwɔfia si ƒomevi wòanye la ŋu. Ðaseɖiɖimɔnu vovovo siwo woazã atsɔ awɔ wɔwɔfiawo la dze le axa 82, gake àte ŋu awɔ bubuwo akpee faa. Ðewohĩ aɖaŋuɖolaa ado susu ɖa be nàte wɔwɔfia aɖe akpɔ ale be nuteƒekpɔkpɔ nasu asiwò, alo ɖewohĩ agblẽe ɖe asiwò me be wò ŋutɔ nàwɔ tiatia la.
Agbalẽ sia xexlẽ kple dɔdasiawo wɔwɔ togbɔ be womade sukudɔ aɖeke asi na wò o gɔ̃ hã akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ be nàyi ŋgɔ. Le kwasiɖa ɖesiaɖe me la, ate ŋu anɔ eme be nàkpe nusɔsrɔ̃ ɖeka ɖo gɔ̃ hã.
Ɣeyiɣi didi ka kee nèɖale gome kpɔm le sukua alo gbeadzisubɔsubɔdɔa me o, àgate ŋu ayi ŋgɔ kokoko. Neva eme be Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe hehe naɖe vi na wò bliboe.