Ta Wuiatɔ̃lia
Se Aɖaŋuɖoɖo, Nàxɔ Amehehe
1. (a) Nukatae mí katã míehiã na aɖaŋuɖoɖo kple amehehe? (b) Biabia ka ŋue wòhiã be míade ŋugble le?
BIBLIA gblɔ le Yakobo 3:2 be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me.” Mesesẽ be míaɖo ŋku nuwɔna geɖe siwo me míedo kpo amesi ƒomevi Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míanye la nyenye dzi o. Eyata míelɔ̃na ɖe edzi be nyateƒee Biblia to esi wògblɔ be: “Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.” (Lododowo 19:20) Ðikeke mele eme o be míewɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me be wòasɔ kple Biblia ƒe nufiafiawo xoxo. Gake aleke míewɔa nui ne hati Kristotɔ aɖe ɖo aɖaŋu na mí le nane ŋu?
2. Aleke wòle be míawɔ nui ne woxlɔ̃ nu mí?
2 Nusi ame aɖewo wɔnae nye be woaɖe wo ɖokui nu, woabu woƒe nuwɔna la nu tsɛe, alo woada vodadaa ɖe ame bubu dzi. Gake anyo wu be míase aɖaŋuɖoɖo eye míatsɔe awɔ dɔe. (Hebritɔwo 12:11) Nyateƒee, mele be ame aɖeke nakpɔ mɔ na blibodede tso ame bubuwo gbɔ, alo woanɔ aɖaŋu ɖom le nya suesue siwo ƒe tiatia Biblia gblẽ ɖe ame ŋutɔ si me la ŋu o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ amesi le aɖaŋua ɖom la mebu nya la ƒe akpa sia akpa ŋu o, eye woate ŋu ahe eƒe susu ayi edzi bubutɔe. Gake le numedzodzro si gbɔna me la, mina míatsɔe be aɖaŋuɖoɖoa alo amehehea sɔ eye be Biblia dzie wotui ɖo. Aleke wòle be míawɔ nui?
Kpɔɖeŋuwo Hena Míaƒe Nuxɔxlɔ̃
3, 4. (a) Nukae le Biblia me si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe aɖaŋuɖoɖo kple amehehe ŋu? (b) Aleke Fia Saul wɔ nui esi woxlɔ̃ nui, eye nukae do tso eme nɛ?
3 Amesiwo woɖo aɖaŋu siwo wohiã na la ƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo le Mawu ƒe Nya la me. Ɣeaɖewoɣi la, tohehe kpena ɖe aɖaŋuɖoɖoa ŋu. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Israel-fia Saul. Meɖo to Yehowa le Amalekitɔwo ƒe nya me o. Amalekitɔwo tsi tre ɖe Mawu subɔlawo ŋu eye Yehowa gblɔ be womegakpɔ Amalekitɔwo loo alo woƒe lãwo ta o. Gake Fia Saul do dzi kpɔ woƒe fia kple woƒe lã nyuitɔwo ta.—Samuel I, 15:1-11.
4 Yehowa dɔ nyagblɔɖila Samuel ɖa be wòaka mo na Saul. Aleke Saul wɔ nui? Eɖe eɖokui nu be yetsrɔ̃ Amalekitɔwo negbe woƒe fia ta koe yeɖo be yeakpɔ. Gake menye nenemae Yehowa de se nɛ o. (Samuel I, 15:20) Saul dze agbagba be yeada fɔbubua ɖe dukɔa dzi be woawoe kpɔ lãhawo ta, esi wògblɔ be: “Ðe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.” (Samuel I, 15:24) Edze abe ɖe wòtsi dzi ɖe bubu si le eya ŋutɔ ŋu wu ene, eye wòbia Samuel be woade bubu ye ŋu gɔ̃ hã le dukɔa ŋkume. (Samuel I, 15:30) Mlɔeba Yehowa gbe Saul be megaɖu fia o.—Samuel I, 16:1.
5. Nukae dzɔ ɖe Fia Uziya dzi esi wògbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ?
5 Yuda-fia Uziya “meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ.” (Kronika II, 26:16) Gake nunɔlawo koe se ɖe mɔ na be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Esi nunɔlagã di be yeaxe mɔ na Uziya la, fia la do dɔmedzoe. Ke nukae dzɔ? Biblia gblɔe be: “Anyi ƒo ɖe eƒe ŋgonu . . . le esi Yehowa ƒoe ta. Ale fia Uziya dze anyi vaseɖe eƒe kugbe.”—Kronika II, 26:19-21.
6. (a) Nukatae Saul kpakple Uziya gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ? (b) Nukatae gbegbe be womaxɔ aɖaŋuɖoɖo o nye kuxi gã aɖe egbea?
6 Nukatae wòsesẽ na Saul kpakple Uziya be woalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo? Kuxia koŋ ye nye dada, wo dometɔ ɖesiaɖe nɔ eɖokui bum gãe fũ akpa. Ame geɖe hea nuxaxa vaa wo ɖokui dzi le nɔnɔme sia ta. Ewɔna abe wobuna be ne yewolɔ̃ xɔ aɖaŋuɖoɖo ko la, ke efia be nane gblẽ le yewo ŋu alo eklo bubu le yewo ŋu ene. Evɔ gbɔdzɔgbɔdzɔe dada nye. Dada naa ame ƒe tamebubu doa viviti ale be wòtua afɔkpo kpekpeɖeŋu si Yehowa nana lɔlɔ̃tɔe to eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzi. Eyata Yehowa xlɔ̃ nu be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.”—Lododowo 16:18; Romatɔwo 12:3.
Aɖaŋuɖoɖo Xɔxɔ
7. Nu nyui kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Mose xɔ aɖaŋuɖoɖoe me?
7 Amesiwo xɔ aɖaŋuɖoɖo hã ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo le Ŋɔŋlɔawo me, eye míate ŋu asrɔ̃ nu tso wo me. Bu Mose, amesi toa ɖo aɖaŋu na le alesi wòakpɔ eƒe dɔ gã si nɔ edzi gbɔe la ŋu kpɔ. Mose ɖo toe eye wòwɔ eŋudɔ enumake. (Mose II, 18:13-24) Togbɔ be ŋusẽ gã aɖe nɔ Mose si hã la, nukatae wòxɔ aɖaŋuɖoɖoa? Esi wòbɔbɔa eɖokui tae. “Mose fa wu amesiwo katã le anyigba dzi.” (Mose IV, 12:3) Aleke gbegbe ɖokuibɔbɔ tufafatɔe le vevie? Zefanya 2:3 fia be míaƒe agbekpɔkpɔ ate ŋu ado tso eme.
8. (a) Nuvɔ̃ kawoe Dawid wɔ? (b) Aleke Dawid wɔ nui esi Natan ka ŋkume nɛ? (d) Nukawoe nye nuvɔ̃ siwo Dawid wɔ la me tsonuwo?
8 Fia Dawid wɔ ahasi kple Bat-Seba eye wòwɔ ɖoɖo be woawu nyɔnua srɔ̃ Uriya bene yeatsɔ atsyɔ nu yewoƒe ahasiwɔwɔa dzii. Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan be wòaka ŋkume na Dawid. Etrɔ dzime eye wòlɔ̃ ɖe edzi enumake be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” (Samuel II, 12:13) Togbɔ be Mawu xɔ Dawid ƒe dzimetɔtrɔa hã la, ekpe eƒe nugbegblẽwɔwɔa me tsonuwo ƒe fu. Yehowa gblɔ nɛ be yi ‘madzo le eƒeme o’ eye be yeaxɔ srɔ̃awo ana ‘exɔlɔ̃vi,’ kple be vi si woadzi atso ahasiwɔwɔa me la ‘aku godoo.’—Samuel II, 12:10, 11, 14.
9. Nukae mele be míaŋlɔ be o ne woɖo aɖaŋu na mí alo wohe to na mí?
9 Fia Dawid nya viɖe si le aɖaŋuɖoɖo nyui xɔxɔ me. Ɣeaɖeɣi la, eda akpe na Mawu ɖe amesi dzi wòto nuxlɔ̃ame ɖo egbɔ la ta. (Samuel I, 25:32-35) Ðe míawo hã míele nenema? Ne míele nenema la, akpɔ mía ta tso nyagbɔgblɔ kple nuwɔna geɖe siwo ate ŋu ahe nuxaxa vɛ me. Gake ne míeɖo nɔnɔme siwo me wòahiã be woaɖo aɖaŋu na mí alo be woahe to gɔ̃ hã na mí me ɖe? Migana míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia hena míaƒe nyui mavɔe wònye.—Lododowo 3:11, 12; 4:13.
Nɔnɔme Xɔasi Siwo Wòle Be Míasrɔ̃
10. Nɔnɔme kae Yesu fia be ele be wòanɔ amesiwo ayi ɖe Fiaɖuƒea me si?
10 Be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa kpakple mía nɔvi Kristotɔwo dome la, ele be míasrɔ̃ nɔnɔme aɖewo be woatsi mía si. Yesu tɔ asi nɔnɔme siawo dometɔ ɖeka dzi esime wòtsɔ ɖevi sue aɖe ɖo eƒe nusrɔ̃lawo titina eye wògblɔ be: “Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.” (Mateo 18:3, 4) Ehiã be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ, elabena wohea nya le amesi nye gãtɔ le wo dome ŋu.—Luka 22:24-27.
11. (a) Amekawoe wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokui na, eye nukatae? (b) Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, aleke míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ŋu?
11 Apostolo Petro ŋlɔ be: “Mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Míenya be ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le Mawu ŋkume, gake ŋɔŋlɔ sia le gbɔgblɔm be ele be míabɔbɔ mía ɖokui na mía nɔvi xɔsetɔwo hã. Ne míebɔbɔa mía ɖokui na wo la, mave mí ne woɖo aɖaŋu siwo sɔ na mí o ke boŋ míasrɔ̃ nu tso wo gbɔ.—Lododowo 12:15.
12. (a) Nɔnɔme vevi kae do ƒome kplikplikpli kple ɖokuibɔbɔ? (b) Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le ŋusẽ si míaƒe agbenɔnɔ kpɔna ɖe amewo dzi me?
12 Nɔnɔme bubu si do ƒome kplikplikpli kple ɖokuibɔbɔ enye ɖetsɔleme vavãtɔ na ame bubuwo ƒe nyonyo. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ. . . . Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu. Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o.” (Korintotɔwo I, 10:24-33) Menye ɖe Paulo le gbɔgblɔm be míaɖe asi le nusiwo adzɔ dzi na mía ŋutɔwo ŋu o, ɖe wòle nu xlɔ̃m mí boŋ be míagawɔ naneke si ana dzi naɖo ame aɖe ƒo be wòawɔ nusi eƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo o.
13. Kpɔɖeŋu kae ate ŋu afia ne míelɔ̃na faa be míatsɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo awɔ dɔe?
13 Ðe nètsɔa ame bubuwo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔgbe na wò ŋutɔ wò didiwoa? Ele be mí katã míasrɔ̃ ewɔwɔ alea. Míate ŋu awɔ esia le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, bu awudodo kple dzadzraɖo ŋu kpɔ. Nusiawo nye ame ŋutɔ ƒe nya, zi alesi míekpɔ egbɔ wònya sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo nu le ʋuɖɔɖɔ me be megatɔ ŋku o, be wòanɔ ɖoɖo nu, ahanɔ dzadzɛ ko. Gake ne èva se be le amesiwo le miaƒe nutoa me ƒe nɔnɔmewo ta wò awudodo alo dzadzraɖo le mɔ xem na amewo be womele Fiaɖuƒegbedasia sem o la, àwɔ asitɔtrɔa? Ðikekemanɔmee la, kpekpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ agbe mavɔ le vevie wu ame ɖokui ŋu dzedze.
14. Nukatae wòle vevie be míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ kple ɖetsɔtsɔ le eme na amewo?
14 Yesu ɖo kpɔɖeŋu na mí le ɖokuibɔbɔ kple ɖetsɔtsɔ le eme na amewo me; eklɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã. (Yohanes 13:12-15) Mawu ƒe Nya la gblɔ le eŋu be: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui nuhahae bena, eya kple Mawu sɔ o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.”—Filipitɔwo 2:5-8; Romatɔwo 15:2, 3.
Mègagbe Yehowa ƒe Amehehe O
15. (a) Tɔtrɔ kawoe wòhiã be míawɔ be nɔnɔme si dzea Mawu ŋu la nanɔ mía si? (b) Mɔ kawo nue Yehowa to na aɖaŋuɖoɖo kple amehehe mí katã?
15 Esi mí katã míenye nuvɔ̃wɔlawo ta la, asitɔtrɔ le míaƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ ŋuti hiã hafi míate ŋu aɖe mía Mawu la ƒe amenyenye afia. Ehiã be míado ‘amenyenye yeye’ la. (Kolosetɔwo 3:5-14) Aɖaŋuɖoɖo kple amehehe kpena ɖe mía ŋuti be míade dzesi afisiwo asitɔtrɔ hiã le eye be míakpɔ alesi míawɔ woe. Mɔfiafia si míehiã la tsoƒe koŋ ye nye Biblia ŋutɔ. (Timoteo II, 3:16, 17) Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple kpekpe siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔna na mí kpena ɖe mía ŋu be míanya alesi míazã Mawu ƒe Nya lae. Ne míese aɖaŋuɖoɖoa kpɔ gɔ̃ hã la, ɖe míakpɔe adze sii be míehiã nɛ eye míadze agbagba awɔ ŋgɔyiyia?
16. Kpekpeɖeŋu kae Yehowa naa mía dometɔ ɖesiaɖe?
16 Esi Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe ta la, ekpena ɖe mía ŋu le míaƒe kuxiwo me. Wokpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ dzi. Dzilawo xlɔ̃a nu wo viwo eye wohea wo be wòanye takpɔkpɔ na wo tso nuwɔna siwo ahe dzigbagbã vɛ la me. (Lododowo 6:20-23) Le hamea me zi geɖe la, ame aɖewo biaa nuxlɔ̃ame kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe wo ŋu be woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa natse ku geɖe tso subɔla kpɔnuteƒewo gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, hamemegãwo ate ŋu abia aɖaŋuɖoɖo wo nɔewo alo tso ame bubu siwo kpɔ nuteƒe le subɔsubɔdɔa me gbɔ. Amesiwo dze le gbɔgbɔ me zãa Biblia tsɔ kpena ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu ŋu, gake wowɔnɛ le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ me. Ne èle aɖaŋu ɖom la, ɖo ŋku edzi be nànɔ “ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.” (Galatiatɔwo 6:1, 2) Ẽ, mí katã míehiã aɖaŋuɖoɖo kple amehehe bene míasubɔ Mawu vavã ɖeka kolia la le ɖekawɔwɔ me.
Numetoto
• Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe be míakpɔ afisi mía ŋutɔwo míehiã na asitɔtrɔ le?
• Nukatae wòsesẽna na ame geɖe be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo, eye aleke gbegbe nya sia nye ŋkubiãnyae?
• Nɔnɔme xɔasi kawoe akpe ɖe mía ŋu be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo, eye aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi le nusiawo mee?
[Nɔnɔmetata si le axa 142]
Uziya gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ eye anyi ƒo ɖe eŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 142]
Eɖe vi na Mose esi wòxɔ Yetro ƒe aɖaŋuɖoɖo