INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 19 axa 167-174
  • Yi Edzi Nàgblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nàgblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mele Be Míanɔ Ŋu Ðom Ðe Mía Ŋutɔwo Míaƒe Ŋusẽ Ŋu O
  • Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Ŋuti Nuŋlɔɖi
  • Yi Edzi Nagblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Fiaɖuƒedomenyilawo Wɔa Nuteƒe
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • ‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 19 axa 167-174

Ta Wuiasiekelia

Yi Edzi Nàgblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo

1. (a) Nyanyui ka ƒe gbeƒãe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe, gake aleke Yudatɔ aɖewo wɔ nui? (b) Nya kawoe míate ŋu abia?

ANYE ƒe 2,000 enye sia la, wosi ami na Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, be wòanye Fia si ava ɖu anyigba la katã dzi. Futɔ siwo nye subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nyaƒoɖeamenu na wowu Yesu, gake Yehowa fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. To Yesu dzi la, fifia míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Gake esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã nyanyui sia le gaglãgbe la, woti wo yome. Wode wo dometɔ aɖewo gaxɔ me, woƒo wo kura gɔ̃ hã eye wode se na wo be woadzudzɔ nuƒoƒo le Yesu ŋu. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3, 17; 5:17, 18, 40) Aleke woawɔ? Nenye wòe ɖe, nukae nàwɔ? Àyi edzi aɖe gbeƒã dzideƒotɔea?

2. (a) Nya si wɔ nuku ale gbegbe kae wòle be woaɖe gbeƒãe le míaƒe ŋkekea me? (b) Amekawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woaɖe gbeƒã nyanyuia?

2 Le ƒe 1914 me la, woɖo Yesu Kristo, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia, zi dzi be wòaɖu dzi ‘le eƒe futɔwo titina.’ (Psalmo 110:2) Emegbe wotsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:1-5, 7-12) Fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo dze egɔme. Ne ɣeyiɣi sia ɖo eƒe nuwuwu la, Mawu agbã Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã gudugudu. (Daniel 2:44; Mateo 24:21) Agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba si azu paradiso dzi ƒe mɔkpɔkpɔ asu agbetsilawo si. Ne èxɔ nyanyui sia la, anye wò didi be yeagblɔe na ame bubuwo hã. (Mateo 24:14) Gake aleke nàkpɔ mɔ be woaxɔ wòe?

3. (a) Aleke amewo wɔa nu ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋui? (b) Biabia kae wòle be míadze ŋgɔe?

3 Ne èɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia la, ame aɖewo axɔe, gake ame akpa gãtɔ matsɔ ɖeke le eme o. (Mateo 24:37-39) Ame aɖewo aɖu fewu le ŋuwò alo atsi tre ɖe ŋuwò. Yesu na míenya be tsitretsiɖeŋu ate ŋu atso wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gbɔ. (Luka 21:16-19) Ate ŋu ava dziwò le wò dɔwɔƒe alo le suku. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi gɔ̃ hã. Ne èdo go nɔnɔme siawo la, àyi edzi agblɔ Mawu ƒe nya la dzideƒotɔe, ‘anɔ tsitre sesĩe le xɔse la mea’?—Korintotɔwo I, 16:13.

Mele Be Míanɔ Ŋu Ðom Ðe Mía Ŋutɔwo Míaƒe Ŋusẽ Ŋu O

4. (a) Nukae nye nudidi vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míanye Mawu subɔla wɔnuteƒewo? (b) Nukatae Kristotɔwo ƒe kpekpewo le vevie ale gbegbe?

4 Nu vevi aɖe si míehiã bene míanye Yehowa subɔla wɔnuteƒewoe nye ŋuɖoɖo ɖe eƒe nunanawo ŋu. Nunana siawo dometɔ ɖekae nye hamea ƒe kpekpewo. Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míagagblẽ wo dede ɖi o. (Hebritɔwo 10:23-25) Amesiwo yi edzi nye Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒewo la dzea agbagba vevie dea kpekpeawo ɣesiaɣi kple wo nɔvi tadeagula bubuwo. Míaƒe sidzedze Ŋɔŋlɔawo dzina ɖe edzi le kpekpe siawo me. Nyateƒe siwo míenya nyuie la hã me gakɔna ɖe edzi wu na mí, eye míegakpɔa mɔ siwo nu míazã wo le nyuie wu. Wotea mí ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu kplikplikpli wu le tadedeagu si wɔ ɖeka me eye wodoa ŋusẽ mí le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Yehowa ƒe gbɔgbɔ naa mɔfiame to hamea dzi, eye Yesu nɔa mía dome to gbɔgbɔ ma dzi.—Mateo 18:20; Nyaɖeɖefia 3:6.

5. Ne woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi la, nukae wowɔna tsoa kpekpewo ŋu?

5 Èdea kpekpewo katã edziedzia, eye ètsɔa nusiwo me wodzro nèse la wɔa dɔe le wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ mea? Ɣeaɖewoɣi ne woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu la, eva hiãna be woawɔ kpekpewo le ƒuƒoƒo suewo me le amewo ƒe aƒewo me. Woate ŋu atrɔ teƒeawo kple ɣeyiɣiawo eye manye ɣesiaɣie woasɔ na mí o, elabena wowɔa kpekpe aɖewo le zãtiƒe. Gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒewo dzea agbagba vevie dea kpekpeawo dometɔ ɖesiaɖe togbɔ be masɔ na wo o alo ate ŋu anye afɔku na wo hã.

6. Aleke míeɖea míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fianae, eye aleke esia akpe ɖe mía ŋui be míayi edzi anɔ nu ƒom dzideƒotɔe?

6 Míetua ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ɖo to tete ɖe eŋu edziedzi le gbedodoɖa me me, elabena míenyae be míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Èwɔnɛ nenema? Yesu do gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me. (Luka 3:21; 6:12, 13; 22:39-44) Eye le zã si do ŋgɔ na ehehe ɖe ati ŋu me la, ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!” (Marko 14:38) Ne amewo metsɔ ɖeke le Fiaɖuƒegbedasia me o la, awɔ na mí be míagatsɔ dzo ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu o. Ne amewo ɖu fewu le mía ŋu alo woti mía yome la, awɔ na mí be míazi ɖoɖoe be míagadi nya na mía ɖokui o. Gake ne míedo gbe ɖa vevie bia Mawu ƒe gbɔgbɔ be wòakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi aƒo nu dzideƒotɔe la, akpɔ mía ta be míana ta le tetekpɔ mawo me o.—Luka 11:13; Efesotɔwo 6:18-20.

Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Ŋuti Nuŋlɔɖi

7. (a) Nukatae nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la ka mí vevie? (b) Ðo nyabiabia siwo kplɔ memama sia ɖo ŋu, eye nàte gbe ɖe alesi nyatakaka sia ate ŋu aɖe vi na míi dzi.

7 Nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nye nusi me mí katã míetsɔ ɖe le vevie. Egblɔ alesi apostoloawo kple nusrɔ̃la gbãtɔ bubuwo—amegbetɔ siwo ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔ—ɖu mɔxenuwo dzii eye woɖo kpe edzi be yewonye Yehowa ƒe ɖasefo nuteƒewɔla siwo ƒo dzi nɔ. Mina míatsɔ nyabiabia siwo gbɔna kple ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la adzro nuŋlɔɖi ma ƒe akpa aɖe mee kpɔ. Ne míele wo xlẽm la, bu alesi nusi xlẽm nèle ate ŋu aɖe vi na wò ŋutɔe ŋu.

Ðe apostoloawo nye agbalẽnyalagãwoa? Ðe wonye amesiwo mevɔ̃na o tso dzɔdzɔme, eɖanye nuka kee dzɔ oa? (Yohanes 18:17, 25-27; 20:19; Dɔwɔwɔwo 4:13)

Nukae kpe ɖe Petro ŋu be wòƒo nu kple dzideƒo le Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe si bu fɔ Mawu ŋutɔ ƒe Vi? (Mateo 10:19, 20; Dɔwɔwɔwo 4:8)

Nukae apostoloawo nɔ wɔwɔm le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na wo kpɔkplɔ va Sanhedrin la ŋkumee me? (Dɔwɔwɔwo 1:14; 2:1, 42)

Esi dziɖulawo de se na apostoloawo be womegafia nu le Yesu ƒe ŋkɔa me o la, aleke Petro kple Yohanes ɖo eŋui na wo? (Dɔwɔwɔwo 4:19, 20)

Esi woɖe asi le apostoloawo ŋu vɔ la, ameka ƒe kpekpeɖeŋue wogadi? Ðe wodo gbe ɖa nɛ be wòaxe mɔ ɖe yometitia nua, alo nukae wobia? (Dɔwɔwɔwo 4:24-31)

Mɔ ka nue Yehowa to na kpekpeɖeŋu wo esime tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoaxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu? (Dɔwɔwɔwo 5:17-20)

Aleke apostoloawo ɖee fiae be yewose nusita woɖe yewo la gɔme? (Dɔwɔwɔwo 5:21, 41, 42)

Esi nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe kaka le yometitia ta hã la, nukae woyi edzi wɔ? (Dɔwɔwɔwo 8:3, 4; 11:19-21)

8. Nu dodzidzɔname kawoe do tso nusrɔ̃la gbãtɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, eye aleke wòva ka míawo hãe?

8 Nyanyui gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ la mezu dzodzro o. Wonyrɔ nusrɔ̃la siwo anɔ 3,000 ɖe tsi me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi. “Ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo fũ ŋutɔ.” (Dɔwɔwɔwo 2:41; 4:4; 5:14) Emegbe Mawu ƒe amewo yometila vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe si nye Saul si tso Tarso kura gɔ̃ hã va zu Kristotɔ eye eya ŋutɔ hã le gbeƒã ɖem nyateƒea dzideƒotɔe. Ŋkɔ si wova nya nɛe nye apostolo Paulo. (Galatiatɔwo 1:22-24) Dɔ si gɔme wodze le ƒe alafa gbãtɔ me la metɔ te o. Eva kpɔ ŋusẽ le ŋkeke mamlɛ siawo me eye wòɖo anyigba ƒe akpa sia akpa. Mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míakpɔ gome le eme, eye ne míele gome kpɔm le eme la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si ɖasefo wɔnuteƒe siwo subɔ do ŋgɔ na mí ɖo ɖi la me.

9. (a) Mɔnukpɔkpɔ kawoe Paulo zãna tsɔ ɖia ɖasee? (b) Mɔ kawo dzie nètona gblɔa Fiaɖuƒegbedasia na amewo?

9 Esi Paulo srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yesu Kristo ŋu la, nukae wòwɔ? ‘Enumake eɖe gbeƒã le Yesu ŋuti bena eyae nye Mawu ƒe Vi la.’ (Dɔwɔwɔwo 9:20) Ekpɔ ŋudzedze ɖe alesi Mawu ve enui ŋu eye wòkpɔe dze sii be amesiame hiã nyanyui si yexɔ la. Yudatɔe Paulo nye, eye le ɣemaɣi ƒe kɔa nu la, edea ƒuƒoƒewo va ɖia ɖase. Eɖea gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme hã eye wòdzroa nya me kple amewo le asime. Eye elɔ̃ faa hã be yeaʋu ayi anyigbamama yeyewo me be yeaɖe gbeƒã nyanyuia.—Dɔwɔwɔwo 17:17; 20:20; Romatɔwo 15:23, 24.

10. (a) Aleke Paulo ɖee fiae be togbɔ be dzi nɔ eƒo hã la, egazã aɖaŋudzedze hã le mɔ si nu wòɖi ɖase le la me? (b) Aleke míate ŋu aɖe Paulo ƒe nɔnɔme sia afiae ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwo?

10 Dzi nɔ Paulo ƒo gake edze aɖaŋu hã, eye ele be míawo hã míanɔ nenema. Ezã ŋugbe siwo Mawu do na Yudatɔwo fofowo la abe gɔmeɖoanyi ene tsɔ ƒo nu na Yudatɔwo. Ezã nusiwo Helatɔwo nya nyuie tsɔ ƒo nu na woawo hã. Ɣeaɖewoɣi la, ezã eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le nyateƒea sɔsrɔ̃ me tsɔ ɖia ɖasee. Egblɔ be: “Nyanyui la ta mewɔ wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.”—Korintotɔwo I, 9:20-23; Dɔwɔwɔwo 22:3-21.

11. (a) Nukae Paulo wɔ be magakpe akɔ kple tsitretsiɖeŋulawo edziedzi o? (b) Ɣekaɣie nunya anɔ eme be míasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu sia, eye aleke míasrɔ̃e? (d) Afikae míekpɔa ŋusẽ tsonɛ tsɔ yia edzi ƒoa nu kple dzideƒo?

11 Ne tsitretsiɖeŋu wɔe be wòanyo wu be Paulo naɖe gbeƒã sẽ le nuto bubu me la, ewɔa esia bene maganɔ akɔ kpem kple tsitretsiɖeŋulawo ɣesiaɣi o. (Dɔwɔwɔwo 14:5-7; 18:5-7; Romatɔwo 12:18) Gake nyanyuia mekpe ŋu nɛ gbeɖe o. (Romatɔwo 1:16) Togbɔ be alesi tsitretsiɖeŋulawo ɖia gbɔ Pauloe—alo wosẽa ŋuta le eŋui gɔ̃ hã—medzɔa dzi nɛ o hã la, ‘ekpɔ dzideƒo le mía Mawu me’ be wòyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Egblɔ be: “Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu.” (Tesalonikatɔwo I, 2:2; Timoteo II, 4:17) Yesu, amesi nye Kristo-hamea ƒe Ta, yi edzi gale ŋusẽ si míehiã la dom mí hena dɔ si wògblɔ ɖi ɖe míaƒe ŋkekeawo ŋu la wɔwɔ.—Marko 13:10.

12. Kpeɖodzi kae li be dzi le Kristotɔwo ƒo, eye nuka gbɔe wòtso?

12 Esɔ le go sia go me be míayi edzi agblɔ Mawu ƒe nya la dzideƒotɔe abe alesi Yesu kple ƒe alafa gbãtɔ me Mawu subɔla nuteƒewɔla bubuwo wɔe ene. Gake esia mefia be míawɔ nu ameŋumabumabutɔe alo be míazi nya la ɖe amesiwo medi be yewoasee o la dzi o. Ke hã míenaa ta le esi amewo metsɔa ɖeke le eme o ta o; eye míezia ɖoɖoe le tsitretsiɖeŋu ta hã o. Abe Yesu ene la, míefiaa asi Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eyae nye dziɖuɖu si dze na anyigba katã. Míeƒoa nu kple kakaɖedzi elabena Yehowa, Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la, teƒee míele eye nya si míeɖea gbeƒãe la, menye mía gbɔe wòtso o, ke boŋ egbɔe wòtso. Eye lɔlɔ̃ na Yehowae nye ŋusẽ gãtɔ kekeake si wòle be wòaʋã mí míakafu eyama.—Filipitɔwo 1:27, 28; Tesalonikatɔwo I, 2:13.

Numetoto

• Nukatae wòle vevie be míagblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amesiame si míate ŋui, gake aleke míakpɔ mɔ be woawɔ nu ɖe mía ŋui?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be míeɖoa dzi ɖe mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ ŋu tsɔ subɔa Yehowae o?

• Nufiame vevi kawoe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me na mí?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 173]

Egbea Yehowa subɔlawo gblɔa Mawu ƒe nya la kple dzideƒo abe alesi wònɔ le blema ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe