INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kp axa 22-23
  • ‘Wometsɔ Ðeke Le Eme O’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Wometsɔ Ðeke Le Eme O’
  • Minɔ Ŋudzɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nèwɔa Nu Ðe Nuxlɔ̃ame Siwo Tso Mawu Ŋutɔ Gbɔe Ŋu?
  • Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • “Minɔ Ŋudzɔ”—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo La Ðo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Esime Woaɖe Amegbetɔvi la Afia
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Minɔ Ŋudzɔ!
kp axa 22-23

‘Wometsɔ Ðeke Le Eme O’

ÐEKEMATSƆMATSƆ le nuxlɔ̃ame me ate ŋu ahe afɔku vɛ.

Amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na ŋkekenyuiwo ɖuɖu le Darwin, Australia, le ƒe 1974 me esime kpẽwo ƒe ɖiɖi na wonya be ahomya sesẽ aɖe ƒo gbɔna. Gake anye ƒe 30 kloe enye ema si ahomya siwo ƒo kpɔ megblẽ nu le Darwin-dua ŋu o. Nukatae wòagblẽ nu fifia ya? Dua me nɔla geɖe mebu afɔkua ŋkubiãnyae o vaseɖe esime ahomya sesẽ aɖe dze xɔwo tame koklo, eye xɔ siwo me amewo ƒu du va be ɖo la ƒe gliwo nɔ mumum. Kaka ŋufɔke ƒe ŋdi naɖo la, dugã ma zu aƒedo keŋkeŋ.

Le November 1985 me la, dzoto aɖe wó le Colombia. Dzoxɔxɔ na sno kple tsikpe siwo nɔ nyinyim la kplɔ ba si nɔ sisim va tsyɔ amesiwo wu 20,000, siwo nɔ du si nye Armero me, la dzi. Ðe womexlɔ̃ nu wo do ŋgɔ oa? Toa nɔ ʋuʋum ɣleti geɖe do ŋgɔ. Gake esi nuto si me dzoto le me nɔnɔ ma Armero-dua me nɔlawo ta la, ame akpa gãtɔ metsɔ ɖeke le eme boo o. Woxlɔ̃ nu dziɖuɖumegãwo be afɔku adzɔ kpuie, gake womexlɔ̃ nu boo aɖeke dua me nɔlawo o. Woɖe gbeƒã le radio dzi tsɔ de dzi ƒo na dua me nɔlawo be woagatsi dzi o. Wozã nuƒomɔ̃ si le sɔlemexɔ me tsɔ fa akɔ na amewo be womegavɔ̃ o. Le fiẽ me la, toa wó sesĩe zi eve. Ðe nàgblẽ wò nunɔamesiwo ɖi ahasi ne ɖe nènɔ dua mea? Ame ʋɛ aɖewo koe dze agbagba wɔ esia vaseɖe esime wòtsi megbe akpa, maganya wɔ o.

Zi geɖe la, anyigbaŋutinunyalawo gblɔa afisiwo anyigba aʋuʋu le eye akpa gãtɔ sɔna ɖe edzi. Gake zi geɖe la, womete ŋu gblɔa ɣeyiɣi si tututu wòadzɔ ya ɖi o. Le ƒe 1999 me la, anyigbaʋuʋu siwo dzɔ le xexeame godoo wu amesiwo ade 20,000. Amesiwo ku la dometɔ geɖe susui be nusia mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi gbeɖe o.

Aleke Nèwɔa Nu Ðe Nuxlɔ̃ame Siwo Tso Mawu Ŋutɔ Gbɔe Ŋu?

Biblia ƒo nu tso nusiwo ade dzesi ŋkeke mamlɛawo ŋu eme kɔ nyuie ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Le esia gome la, exlɔ̃ nu mí be míade ŋugble le “Noa ƒe ŋkekewo” ŋu. “Le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me” la, amewo ƒe ŋku biã ɖe agbemedɔ siwo wowɔna ɣesiaɣi ŋu, togbɔ be ɖikekemanɔmee la, ŋutasesẽ si bɔ ɣemaɣi ɖea fu na wo hã. Le nuxlɔ̃ame si Mawu na wo to eƒe subɔla Noa dzi ya gome la, “[wometsɔ ɖeke le eme o, NW] vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.” (Mateo 24:37-39) Ne wòe la, anye ne àɖo to nuxlɔ̃amea? Èle to ɖomee fifia?

Ke ne ɖe nènɔ Sodom, si gogo Ƒukukua, le Abraham ƒe tɔgãyɔvi Lot ƒe ŋkekewo me ya ɖe? Nuto siwo ƒo xlã afima nɔ abe paradiso ene. Kesinɔnuwo bɔ ɖe dua me. Naneke menɔ fu ɖem na ameawo o. Le Lot ƒe ŋkekeawo me la, ‘wonɔ nuɖuɖu dzi, wonɔ nunono dzi, wonɔ nuƒeƒle dzi, wonɔ nudzadzra dzi, wonɔ nukuwo dodo dzi, wonɔ xɔtutu dzi.’ Ameawo nɔa agbegbegblẽ wògbɔa eme hã. Ne ɖe nènɔ afima la, ɖe nàwɔ ɖe nuxlɔ̃ame si Lot na esime wòƒo nu tsi tre ɖe nuwɔna gbegblẽawo ŋu la dzia? Anye ne àɖo to esime wògblɔ na wò be Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ Sodom dua? Alo anye ne èsusui be fefenya gblɔmee wònɔ, abe alesi ŋutsu siwo ava nye Lot ƒe toyɔviwo hafi la susui enea? Ðe wòate ŋu adzɔ be nàsi gbã evɔ emegbe nàgagbugbɔ atrɔ, abe alesi Lot srɔ̃ wɔe enea? Togbɔ be ameawo metsɔ nuxlɔ̃amea nu vevii o hã, le ŋkeke si dzi Lot do go tso Sodom la, “dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wòtsrɔ̃ wo katã.”—Luka 17:28, 29.

Ame akpa gãtɔ siwo li le míaƒe ŋkekea me metsɔa ɖeke le eme o. Gake wodzra kpɔɖeŋu siawo ɖo ɖe Mawu ƒe Nya la me be woanye nuxlɔ̃ame na mí, be woade dzi ƒo na mí be MÍANƆ ŊUDZƆ!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ðe Xexeame Katã ƒe Tsiɖɔɖɔ aɖe Va Ŋutɔŋutɔa?

Ðeklemiɖelawo ɖoa eŋu be Ao. Gake Biblia ya ɖo eŋu be Ẽ.

Yesu Kristo ŋutɔ ƒo nu tso eŋu, eye enɔ agbe le dziƒo nɔ eteƒe kpɔm esime wòdzɔ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe Wotsrɔ̃ Sodom Kple Gomora Nyateƒea?

Blematomenukuku ɖee fia be nusia dzɔ ŋutɔŋutɔ.

Blemaŋutinyawo ƒo nu tso eŋu.

Yesu Kristo va ɖo kpe edzi be edzɔ ŋutɔŋutɔ, eye woƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu le Biblia-gbalẽ vovovo 14 me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe