“Yehowa Ƒe Asi” Le Ŋunye Le Nye Agbe Me
ABE ALESI LAWRENCE THOMPSON GBLƆE ENE
LE ƑE 1946 ƒe zã aɖe me la, mía kple fofonye míenɔ anyi ɖe ʋu me nɔ ɣletiviwo ƒe keklẽ kpɔm. Míeƒo nu le Yehowa ƒe gãnyenye kple alesi míeɖi naneke o la ŋuti. Míebu tame tso nusiwo dzɔ le ƒe siwo me woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ dzi le Canada ŋu. Fofonye gblɔ alesi Yehowa lé Eƒe amewo ɖe te hefia mɔ wo le ƒe siawo mee nam.
TOGBƆ be ƒe 13 ko mexɔ ɣemaɣi hã la, mekpɔe be nya siwo gblɔm Papa le la nye nyateƒe. Egagblɔ alesi gbeƒãɖeɖedɔ si li be woawɔ la hiã kpatae kple alesi wòkeke tae la nam. Papa yɔ nya tso Mose IV, 11:23 me, eye wòte gbe ɖe edzi nam be le nyateƒe me la, Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o. Ne xɔse kple ŋuɖoɖeŋu mele mía si ɖe eyama me o koe wòaɖe nusi wòawɔ na mí la dzi akpɔtɔ. Enye tɔ kple vi dome dzeɖoɖo vevi aɖe si nyemaŋlɔ be akpɔ o.
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃, vevietɔ Salvation-gbalẽ si wota le ƒe 1939 me la, hã kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye le nye ɖevime ŋutɔ. Nyemaŋlɔ kpɔɖeŋu nyui si wotsɔ ʋu agbalẽa nui la be akpɔ o: “Amewo yɔ keteke si zɔna sesĩe la fũ, enɔ du dzi kilometa 160 le gaƒoƒo ɖeka me. Ele be wòato agba aɖe si xa zi ɖeka ale be amesiwo le megbea la ate ŋu akpɔ ketekea ƒe dzoxɔ le ŋgɔgbea la dzi atso tɔsisi aɖe . . . Ŋutsu eve aɖe siwo le ketekea megbe le egodo la . . . kpɔ be agba la ƒe anyinɔ si le eƒe yɔyrɔenu le bibim, eye wòmu yina tsia me dze ge. Wokpɔe dze sii be yewoɖo ta afɔku gã aɖe me. Ele be woawɔ nane le eŋu kpata. Ðe woate ŋu atɔ ketekea kaba be woakpɔ ame gbogbo siwo le eme la ƒe agbe taa?”
Esi agbalẽa nɔ nu ƒom tso nusi kpɔɖeŋu sia fia ŋu la, eƒo nya ta be: “Nenema ke egbea hã la, dukɔwo kple anyigba dzi tɔwo katã dze ŋgɔ afɔku gãtɔ kekeake. Wole nyanya nam wo abe alesi Yehowa de see ene be Harmagedon ƒe afɔku le mía ŋgɔ gbɔna kpuie. . . . Ne wona wonya vɔ la, ele na amesiame si see la be wòatia mɔ si wòato.”
Keteke si le du dzi, agba si le bibim, kple alesi gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae la tsi susu me nam.
Ðaseɖiɖidɔa Wɔwɔ le Nye Ðevime
Medze ɖaseɖiɖidɔa gɔme le ƒe 1938 me, esime mexɔ ƒe atɔ̃ ko. Mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla) eve, Henry kple Alice Tweed kplɔam ɖe asi, eye míeƒoa nu na amewo gaƒoƒo 10 vaseɖe 12 gbeɖeka. Mekpɔ dzidzɔ le ŋkeke blibo mawo siwo míezã le Yehowa subɔsubɔ me la me ŋutɔ. Eyata le ƒe si kplɔe ɖo me esi Papa kple Dada ɖe mɔ nam be mazu gbeƒãɖela eye mabu akɔnta la, dzi dzɔm ale gbegbe.
Le dɔa ƒe gɔmedzedze ƒe ɣeyiɣi mawo me la, míelɔa gbɔ, míeŋlɔa nya siwo kloa nu le alakpasubɔsubɔha dzi eye woɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea la ɖe agbalẽ titriwo dzi tsɔ kua kɔ zɔna toa dua ƒe mɔdodo gãwo dzi. Míezãa mɔ̃ siwo wotsɔna ƒoa agba siwo dzi wolé nyawo ɖo la tsɔ ƒoa Biblia me gbedasiwo na amewo le woƒe aƒewo me. Míeƒoa J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla la ƒe nuƒowo dometɔ aɖewo siwo melé ɖe susu me la le mɔ̃ dzi na amewo. Megaɖoa ŋku nya si wògblɔ dzi be: “Wogblɔnɛ enuenu be Subɔsubɔha nye mɔ̃tetre kple ameblenu!”
Woɖo Asi Míaƒe Dɔa Dzi le Canada
Abe alesi wònɔ le Nazi Germania kple dukɔ bubuwo mee ene la, woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ dzi le Canada le xexemeʋa evelia me. Eyata míaƒe Bibliawo ko míezã gake esi míeɖo to Biblia ƒe sededewo ta la, míeyi dɔ si Mawu de asi na mí la wɔwɔ dzi. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 5:29) Míesrɔ̃ alesi míanɔ te ɖe kpovitɔwo ƒe amedzidzedze le míaƒe kpekpewo me kple míaƒe aƒewo me nu. Nuteƒekpɔkpɔ hã su mía si le mía ɖokui nu ɖeɖe me le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume kple le ʋɔnudrɔ̃ƒewo.
Mía kple fonye Jim míeva bi ɖe alesi míakaka agbalẽviwo tso ʋu siwo le zɔzɔm me aɖo ɖe ʋɔtruwo nu kple xɔxɔnuwo me ŋutɔ. Hekpe ɖe eŋu la, míeyina ɖaxɔa agbalẽwo tsoa wo xɔƒe eye ɣeaɖewoɣi la, míenɔa dewo dzi fiaa mɔ amesiwo yina takpekpe le United States.
Míaƒe aƒe le anyigba agbleka eve si ati kple gbewo ƒo xlã la dzi le Port Arthur (si nye Thunder Bay fifia) la ƒe gbɔto le Ontario. Nyinɔ, nyivi, hawo, kple koklowo nɔ mía si—wo katã wonye ŋkumeflunu nyui aɖe si míezã le míaƒe dɔa me tsɔ kpe ɖe hati Kristotɔ sɔhɛ siwo dim wole be woalé ade mɔ̃ le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ta la ŋu.
Le zã me la, wotsɔa ʋuviwo, ʋu gãwo, kple ʋu siwo ŋu wotsia agbatsɔkeke ɖo lɔa Kristotɔ sɔhɛwo va míaƒe aƒe si ɖe ɖe aga la me eye ʋuawo gatrɔna dzona. Míenaa xɔ sɔhɛ siawo, míeɣlaa wo, eye míenaa nuɖuɖu wo, eye emegbe míedoa mɔ wo. Papa, dada, kple dɔwɔla bubu mawo siwo tsɔ dzi blibo subɔe lae nye amesiwo trɔ nye dzi ɖe Yehowa Mawu ŋu be masubɔe eye malɔ̃e.
Le August ƒe 1941 me la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wonyrɔ̃m ɖe ta sue aɖe me le ave aɖe me. Mía dometɔ aɖewo míeƒo ƒu le zãtsiƒe ɖe wɔna sia ŋu le tɔdziʋu si me akaɖi le la me. Ðewohĩ esi kpovitɔwo se mía ŋkɔ ta la, wonɔ tsatsam, eye woklẽa akaɖi ɖe tsia dzi ɣesiaɣi si wova yi gake womekpɔ mí o.
Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Akpa Geɖewo
Mewu suku kɔkɔ nu le ƒe 1951 me, eye mezɔ mɔ si ade kilometa 1,600 yi Cobourg, Ontario, mɔɖeɖedɔa wɔ ge. Hame sue aɖe koe wònye, eye zɔhɛ mɔɖela aɖeke hã menɔ asinye o. Gake esi meɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o la, mehaya xɔ, meɖaa nu le ɖokuinye si, eye dzi dzɔam be mele Yehowa subɔm. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wokpem be mava subɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Toronto. Mesrɔ̃ nu vevi geɖe le afima siwo dzram ɖo ɖe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔ siwo mava wɔ le etsɔ me la ŋu.
Esi mesubɔ le Toronto ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe la, mía kple Lucy Trudeau míeɖe mía nɔewo, eye le ƒe 1954 ƒe vuvɔŋɔli me la, woɖo mí ɖe Levis, Quebec, be míava wɔ mɔɖeɖedɔa. Yame fa miamiamia, nuvlowɔhawo kple kpovitɔwo doa vɔvɔ̃ na mí, eye Fransegbe sɔsrɔ̃ hã zu agba. Le esiawo katã me la, Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o, eye togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽwo me le afima hã la, nenema ke míekpɔ yayra geɖe hãe.
Le kpɔɖeŋu me, wobia tso mía si be míakpɔ meli eve (Arosa Star kple Arosa Kulm) siwo ŋu Habɔbɔa wɔ ɖoɖo ɖo be woatsɔ amesiwo ayi ƒe 1955 Europa ƒe dukɔwo dome takpekpe gã la dzi. Esi melidɔwɔƒemegãwo nɔ didim vevie be Habɔbɔa natsɔ dɔ sia na yewo ta la, wowɔa amedzro na mí ɣeaɖewoɣi, eye esia na gbɔɖeme mí tso nɔnɔme sesẽ siwo me míeto le subɔsubɔdɔa me le Quebec ɣemaɣi la me.
Le ƒe 1955 ƒe kele me lɔƒo la, womia asim be masubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene, eye míeyi ɖasrã hame siwo gbɔ didi le anyiehe Ontario si fa miamiamia la kpɔ le vuvɔŋɔli ma. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, míede Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le United States, eye emegbe woɖo mí ɖe Brazil le Dziehe Amerika be míanye dutanyanyuigblɔlawo.
Míetsɔ dzonɔameme dze míaƒe dɔdasi yeyea gɔme, eye eteƒe medidi o míete ŋu ɖe gbeƒã na amewo le Portugalgbe me hefia nu wo. Wogabia tso asinye le ƒe 1957 ƒe gɔmedzedze me be mava wɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa. Fifia le vuvɔ teƒe la, ehiã be míanɔ te ɖe dzoxɔxɔ si nu sẽ la nu. Zi geɖe la, míetɔna ʋuʋua ke xɔdzo ɖa le míaƒe afɔkpawo ŋu alo míetsoa fofoŋ ɖuna be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu. Gake míexɔ yayra geɖe.
Meƒo nu na kpovitɔwo ƒe amegã le Regente Feijo-dua me, eye wòde se be woatu fiasewo katã eye wògblɔ na amewo be woava ƒo ƒu ɖe ablɔme. Meƒo Biblia me nuƒo na dua me tɔwo katã le ati gã aɖe si ƒe aŋgbawo keke si nɔ se ƒom la te. Egbea Ðasefowo ƒe hame aɖe le afima.
Mía Viwo Nyinyi le Brazil
Le ƒe 1958 me esime Lucy fɔ fu la, míeva tsi Juiz de Fora eye míesubɔ abe mɔɖela veviwo ene. Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, míedzi mía vinyɔnuvi eve siwo nye Susan kple Kim. Wonye yayra ŋutɔ na mí le subɔsubɔdɔa me, wova zu nukpɔkpɔ le dua me. Ne míele wo tutum le ɖeviwo ƒe keke me to mɔdodo siwo dzi le glidzaglidza dzi la, amewo dona va nɔa wo kpɔm. Esi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã ŋutɔ le Racife si le afisi wobu be anyigbamemãfli to ƒe dziehe gome tututu ta la, míeʋu yi teƒe ma si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la.
Le ƒe 1961 me la, menye ɖeko mete ŋu wɔ ɖoɖo na Ðasefowo be woaɖo yameʋu ayi takpekpe le São Paulo ko evɔ o, ke nye ŋutɔ hã meyi takpekpe ma si womaŋlɔ be akpɔ o la. Gake esi míenɔ yame abe aɖabaƒoƒo 20 ene ko la, yameʋua trɔ ta gbo, eye wònɔ amewo dam le wo nɔƒewo. Nuwo kaka le yameʋua me; zikpuiwo gli le wo nɔƒe, amewo xɔ abi eye ʋu nɔ ɖuɖum le wo ŋu. Dzidzɔtɔe la, yameʋukulaa dze agbagba ɖe yameʋua tso afɔkua me be míete ŋu dze ɖe anyigba dedie. Mía dometɔ aɖeke mexɔ abi boo o eyata míeɖo yameʋu bubu yi São Paulo. Míese vivi le takpekpea me ŋutɔ gake megblɔ be nyemagaɖo yameʋu azɔ o!
Gake esi metrɔ tso takpekpea va ɖo aƒe la, wogade dɔ bubu asi nam. Ele be makpɔ takpekpe aɖe wɔwɔ dzi le ave aɖe me le Teresina, Piauí. Ele be maɖo yameʋu ayi. Dzidzi ƒom gake esi meɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ŋuti ta la, melɔ̃ xɔ dɔdasia.
Le ƒe 1962 me la, míedzi mía viŋutsu Greg le Recife. Togbɔ be nyemegate ŋu nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm o esi ƒome le asinye ta hã la, mete ŋu ɖo kpɔɖeŋu nyui na hame sue si le afima. Esi míena gbeadziyiyi dzɔa dzi na ɖeviawo ta la, wodina be yewoayi kpli mí ɣesiaɣi. Ne wo dometɔ ɖesiaɖe xɔ ƒe etɔ̃ ko la, ete ŋu ɖia ɖase na amewo le aƒewo me. Míena wòzu numãme na mí be míada kpekpe alo gbeadzisubɔsubɔdɔ aɖeke ƒu gbeɖe o. Ne ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ eye wòhiã be ame aɖe nanɔ egbɔ la, ame mamleawo yia kpekpeawo alo kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.
Le ƒe geɖe siwo va yi me la, míedzroa nusiwo ɖeviawo asrɔ̃ le suku kple woƒe agbe me taɖodzinuwo me le ƒomea me henɔ wo dzram ɖo be woawɔ dɔ kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Míekpɔ egbɔ nyuie be míetsɔ nusiwo ana woagbɔdzɔ, abe television kpɔkpɔ ene, gblẽ woe o. Television menɔ mía si o vaseɖe esime ɖeviawo tsi vɔ hafi. Eye togbɔ be ŋutete nɔ mía ŋu hã la, míetsɔ ŋutilãmenuwo gblẽ woe o. Le kpɔɖeŋu me, gasɔ ɖeka ko míeƒle be wo ame etɔ̃a nazã.
Míewɔa nuwo ɖekae alesi míate ŋui, míeƒoa basketball, míeƒua tsi, eye ƒomea katã zɔa mɔ tsɔ ɖia tsae. Míaƒe mɔzɔzɔ kplɔa mí yia takpekpewo me kple Betel-ƒewo me le dukɔ vovovowo me. Mɔzɔzɔ siawo na míete ŋu ɖoa dze ɖekae faa si wɔe be mía kple Lucy míete ŋu nya nusiwo le mía viwo ƒe dzi me. Míeda akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe ƒe nyui mawo ta!
Mlɔeba la, ƒe 10 siwo míetsɔ nɔ teƒe xɔdzo ma si te ɖe afisi wobu be anyigbamemãfli to ŋu la na Lucy ƒe lãme va gblẽ. Eyata míelɔ̃ xɔ dɔdasi bubu yi dziehe le Curitiba, Paraná, afisi yame ƒe nɔnɔme nyo le wu la.
Míegbɔ Va Canada
Le ƒe 1977 me esi míesubɔ le Brazil anye ƒe 20 sɔŋ megbe la, mía kple Lucy kple mía viwo míegbɔ va Canada be míava kpe ɖe fofonye si nɔ dɔ lém la ŋu. Nɔnɔmeawo trɔ na míaƒe ƒomea ale gbegbe! Gake metrɔ le gbɔgbɔ me ya o elabena míegawɔa nu ɖekae kple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔlɔ̃ la abe alesi míewɔna ɖaa ene.
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa va zu dɔ si ƒomea wɔna le Canada esi mía vinyɔnuwo katã ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa me. Mí katã míekpe asi ɖe ƒomea ƒe dɔwɔnawo ŋu. Míetsɔa ga si míekpɔna tso dɔ vivivi siwo míewɔna me la dea gazazãwo me tsɔ kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo kple ʋu etɔ̃ siwo míezãna tsɔ wɔa dɔ le anyigbamamã siwo gbɔ didi me la gbɔe. Kwasiɖa sia Kwasiɖa ne míewɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ vɔ megbe la, míedzroa ƒomea ƒe ɖoɖowo me. Numedzodzro sia na amesiame nyaa afisi míayi kple nusi wɔm míele kple míaƒe agbe.
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nye mía viŋutsu Greg hã ƒe taɖodzinu abe edaa ke ene. Tso esime wòxɔ ƒe atɔ̃ ko la, eƒe didie nye be yeava subɔ le Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si woyɔna be Betel la dometɔ ɖeka me. Eƒe susu nɔ taɖodzinu ma ŋu eyata esi wòwu suku kɔkɔ nu ko la, ebia mía kple dadaa be: “Miesusu be anyo be mabia be mava wɔ dɔ le Betel mahã?”
Togbɔ be ete ɖe mía dzi be míana mía viŋutsua nadzo hã la, míegblɔ nɛ enumake be: “Màkpɔ alesi gbegbe Yehowa ƒe asi anɔ ŋuwòe o negbe ɖe nèyi Betel—si nye Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe agunu hafi.” Le ɣleti eve megbe la, eyi alɔdzedɔwɔƒe si le Canada. Eyi le ƒe 1980 me, eye egale afima vaseɖe fifia.
Mía kple Lucy míedo go kuxi bubuwo le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me. Míegatrɔ yi afisi míedze egɔme tsoe—mí ame evea dzaa ko. Susan ɖe srɔ̃ ɣemaɣi eye woa kple srɔ̃a wonɔ mɔɖeɖedɔa wɔm, eye Kim kple Greg hã nɔ dɔ wɔm le Betel. Nukae míawɔ? Woɖo biabia ma ŋu enumake le ƒe 1981 me esi womia asi mí be míasubɔ le Portugal-nuto sue aɖe si didi kilometa 2,000 tso Canada la me. Míegale le mɔzɔzɔdɔa wɔm kple dzidzɔ kokoko.
Kim va ɖe srɔ̃ eye wòde Gilead Sukua hele subɔsubɔm kple srɔ̃a le nutome sue dɔa me le Brazil. Susan kple srɔ̃a, kpakple wo viwo gale Canada, eye ŋutsua le mɔɖeɖedɔa wɔm. Togbɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe dɔdasiwo mã míaƒe ƒomea me le ŋutilã me le ƒe siawo me hã la, míekpɔtɔ wɔ ɖeka le gbɔgbɔ kple seselelãme gome.
Mía kple Lucy míele mɔ kpɔm na etsɔ me nyui aɖe esime míava nɔ anyi kple míaƒe ƒomea le anyigba si ŋu wokɔ la dzi. (Petro II, 3:13) Míekpɔ biabia ʋãme si le Mose IV, 11:23 ƒe ŋuɖoɖo ƒe nyateƒenyenye tẽ abe Mose ene be: “Ðe Yehowa ƒe asi to ɖe emea? Azɔ àkpɔe be nye nya la le eme loo, alo mele eme o.” Ẽ, naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa be mayra esubɔla siwo subɔnɛ kple dzi blibo la o.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Mía kple srɔ̃nye Lucy