Satana Kple Eƒe Dɔwɔwɔwo Dzi Ðuɖu
“Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.”—YAKOBO 4:7.
1. Aleke ‘vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi’ le nu gblẽm le ameƒomea ŋui egbea?
HIOB gblɔe wòsɔ nyuie be: “Wotsɔ anyigba de asi na [vɔ̃ɖitɔ la].” (Hiob 9:24) Eye ɣeyiɣi si nye sesẽtɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya mee dze ŋgɔ mí fifia. Nukatae? Nusitae nye be Satana ƒe anyigba la dzi ɖuɖu si to gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ƒe “ŋkeke mamleawo” mee míele. Eyata mewɔ nuku o be le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, ‘ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo le edzi yim vɔ̃ɖitɔe wu le amewo blem eye wole woawo hã blem.’ (Timoteo II, 3:1, 13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, yometitiwo, numadzɔmadzɔwɔwɔwo, ŋutasesẽwo, nuvlowɔwɔwo, ganyawo ƒe sesẽ, dɔlémafɔewo, tsitsime ƒe fukpekpewo, seseleãmewo ƒe nuteɖeamedziwo—nusiawo kple bubu geɖe ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo vevie.
2. Aleke míawɔ anɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo nu egbea?
2 Futɔ gãtɔ Satana Abosam ho aʋa gã aɖe ɖe ameƒomea ŋu, vevietɔ ɖe Mawu subɔla vavãtɔwo koŋ ŋu. Eƒe taɖodzinue nye be yeana amesiwo katã ate ŋu azu nuteƒewɔlawo la natsi tre ɖe Mawu ŋu bene woatsrɔ̃ kpe ɖe ye kple yeƒe dɔla gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Gake woka ɖe edzi na mí be ne míedo dzi le nuteƒewɔwɔ me la, Abosam asi dzo le mía gbɔ. Míate ŋu ‘asrɔ̃ toɖoɖo’ Mawu abe Yesu ene, le fu siwo míekpena me eye le Eƒe amenuveve si míedze na o me la, míaƒe asi ate ŋu aka agbe mavɔ la.—Hebritɔwo 5:7, 8; Yakobo 4:7; Petro I, 5:8-10.
3, 4. (a) Dodokpɔ siwo tso egodo kawoe wòhiã be Paulo nawɔ avu kple? (b) Nuka ŋue Paulo tsi dzi ɖo abe Kristotɔ hamemegã ene?
3 Wodo apostolo Paulo hã kpɔ le mɔ vovovowo nu. Esi wònɔ nusiwo ɖo kpe edzi be Kristo ƒe subɔlae wònye gblɔm la, eŋlɔ be: “Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre. Yudatɔwo si mexɔ ƒoƒo ɖeka ɖi go blane me le zi atɔ̃, zi etɔ̃ woƒom kple atiwo, zi ɖeka woƒu kpem; menɔ ʋu me wògba zi etɔ̃, zã kple keli menɔ ƒutsotsoewo nu. Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome; le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.
4 “Nu bubu, siwo gadzɔ la, wonye: Amewo ƒe ziƒoƒo ɖe ŋunye gbesiagbe, kple beléle na hamewo katã. Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa?” (Korintotɔwo II, 11:23-29) Eyata Paulo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le yometiti kple dodokpɔ siwo tso egodo la me, eye abe Kristotɔ hamemegã ene la, etsi dzi ɖe ŋusẽdodo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo gbɔdzɔ le hamea me ŋu hekpe ɖe wo ŋu be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na Kristotɔ hamemegãwo egbea!
Nuteƒewɔwɔ le Yometiti Me
5. Nukae míatsɔ anɔ te ɖe yometiti si le tẽ nui?
5 Ayemɔ kawoe Satana zãna tsɔ gblẽa nuteƒewɔwɔ me? Abe alesi wòdze le etamee ene la, Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃ɖitɔwo kekeake dometɔ ɖekae nye yometiti tẽ, gake egbɔkpɔnu li. Efesotɔwo 6:10, 11 xlɔ̃ nu mí be: “Misẽ ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me! Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo [alo, “ayemɔwo,” Reference Bible, etenuŋɔŋlɔ] nu.”
6. Aleke míate ŋu aɖee afia be Yehowa Ðasefowo ‘ɖu aʋa dzi keŋkeŋ’?
6 Ehiã zi geɖe le ŋkeke mamle siawo me be Yehowa Ðasefowo nadze ŋgɔ dodokpɔwo. Eyata míate ŋu agblɔ akpe ɖe Paulo ŋu be: “Le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mí la ŋuti.” (Romatɔwo 8:37) Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi le fuwɔamegaxɔwo me le Germania, Austria, Poland, kple Yugoslavia le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi le ƒe 1933 kple ƒe 1945 dome, le Kɔmiunisttɔwo ƒe ameteteɖeanyi me le ƒe Ɣedzeƒe Europa le ƒe 1945 kple 1989 domee kple le yometiti siwo gblẽ nu le Afrika kple Latin Amerika ƒe akpa aɖewo nyitsɔ laa sia la ɖo kpe esia dzi.
7. Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ʋãme kawo ŋu nyae míexɔ tso Ethiopia?
7 Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ʋãme aɖe dze le Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔna me le Ethiopia le ƒe 1974 kple ƒe 1991 domee. Dunyahela siwo lé wo dometɔ aɖe gblɔ na nɔviŋutsu aɖe si wode game be: “Enyo be woaʋu kpɔ na dzatawo wu esi woagaɖe asi le mia ŋu!” Yometila ŋutasẽla siawo wɔ funyafunya Yehowa subɔlawo, eye le ƒe geɖe megbe la, nyagbugbɔgadrɔ̃ƒe aɖe ɖe gbe be woawu wo. Woda nɔviŋutsu aɖe ƒe kukua ɖe dutoƒo be wòanye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na ame bubuwo. Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si ƒe nya dzi bɔbɔ wu ɖe asi le nɔvi bubu siwo bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo la ŋu, eye aʋadziɖula siawo dometɔ aɖewo ƒo nu le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Addis Ababa le ƒe 1994 ƒe gɔmedzedze me.a—Yohanes 16:33; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 4:9.
8. Aleke Satana le gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ alo wo nyanyã de gbe zãmee?
8 Satana do kpo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siawo ƒe nuteƒewɔwɔ me gbegblẽ to amedzidzedze tẽ me. Eyata ayemɔ bubu kawo hãe wògazãna? Nyaɖeɖefia 12:12 gblɔ le ŋkeke mamle siawo ŋu be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Esi yometiti tsɔtsɔ tsrɔ̃ Mawu ƒe ame siwo nye nuteƒewɔlawo gloe ta la, eɖe dziku ɖe dukɔ blibowo ŋu be yeatsrɔ̃ wo katãkatã ɖa, ɖikekemanɔmee la, ele ewɔm kple susu be ne yeatsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo akpe ɖe ame susɔeawo ŋu. Eyata wowɔ nusi wole yɔyɔm be gbegbɔgblɔ aɖewo koŋ tsɔtsrɔ̃ ɖa kura alo wo nyanyã ɖa le Yugoslavia si nɔ anyi tsã me, eye wodze agbagba be woatsrɔ̃ gbe aɖewo gblɔlawo keŋkeŋ le Liberia, Burundi, kple Rwanda.
9. Nukata Satana ƒe aɖaŋuvɔ̃wo doa kpo nu zi geɖe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.
9 Gake zi geɖe la, Satana ŋutɔ ŋue eƒe aɖaŋuvɔ̃awo ɖina, elabena Satana ƒe fufiameawo na dzianukwaretɔwo nyɔna le wo ɖokui me eye wokpɔnɛ be Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ƒe gbeƒã ɖem Yehowa Ðasefowo le dzonɔamemetɔe koe nye yewoƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. (Mateo 12:21) Le nyateƒe me, ɖetsɔlemetɔwo nyea zi vaa Fiaɖuƒea gbɔ! Le kpɔɖeŋu me, ame 1,307 ye va Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe le March 26, 1994 dzi le Bosnia kple Herzegovina, esi nye ame 291 tsɔ wu ƒe si do ŋgɔ nɛ tɔ. Wokpɔ agbɔsɔsɔ yeye siwo nye gbogbotɔwo kekeake le Sarajevo (414), Zenica (223), Tuzla (339), Banja Luka (255), kple du bubuwo me. Le Croatia si te ɖe wo ŋu me la, wokpɔ agbɔsɔsɔ yeye si nye vavala 8,326. Ŋutasesẽnuwɔwɔ siwo le edzi yim ƒo xlã Yehowa Ðasefowo kpe ɖo le anyigba mawo dzi mexe mɔ na wo be womewɔ ɖe sededea be ‘woanɔ gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la ƒe ku dzi halase esime wòava’ la dzi o.—Korintotɔwo I, 11:26.
Le Rwanda si Ŋu Aʋawɔwɔ Gblẽ Nu Le
10, 11. (a) Nukae dzɔ le Rwanda si wobe enye Kristodukɔ la me? (b) Aleke dutanyanyuigblɔla wɔnuteƒewo gblɔ woƒe seselelãmewoe?
10 Le Rwanda si Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 2,080 le le ƒe 1993 me la, ame 4,075 ye de “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea, eye ame 230 xɔ nyɔnyrɔ̃. Amesiawo dometɔ 142 bia enumake be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wɔm wonɔ la dzi ɖe edzi ɖo 7,655 le ƒe 1994 me—edze ƒã be medze Satana ŋu kura o! Togbɔ be dukɔmeviawo ƒe akpa gãtɔ gblɔna be Kristotɔwoe yewonye hã la, aʋa dzɔ ɖe gbevovovodolawo dome. Vatican ƒe L’Osservatore Romano lɔ̃ ɖe edzi be: “Esia nye gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le go sia go me, eye ewɔ nublanui be Katolikotɔwo gɔ̃ hã le eme wɔ nusia.” Ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo wosusu be woade miliɔn afã tsi eme, eye amesiwo ade miliɔn eve zu aƒemanɔsitɔwo alo ezi ɖe wo dzi be woasi. Esi Yehowa Ðasefowo lé woƒe Kristotɔwo ƒe ʋunyaʋunyamawɔmawɔ ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi ta la, wodze agbagba nɔ anyi ɖekae. Wowu mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖe. Gake le hame aɖe si me Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 65 le si me wowu nɔvi 13 le la, kpekpevalawo dzi ɖe edzi ɖo ame 170 le August 1994 me. Kpekpeɖeŋu nunana siwo tso Ðasefo siwo le anyigba bubuwo dzi gbɔ la le nunana gbãtɔ siwo va ɖo la dome. Míedoa gbe ɖa ɖe agbetsilawo ta.—Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo II, 3:1, 2; Hebritɔwo 10:23-25.
11 Togbɔ be ŋɔdzinu siawo gbegbe dzɔ hã la, dutanyanyuigblɔla etɔ̃ siwo nɔ Rwanda la dze agbagba si. Woŋlɔ be: “Míenya be mía nɔviwo le xexeame katã do go nɔnɔme siawo tɔgbe alo esiwo gavɔ̃ɖi wu kpɔ, eye míenya be nusiawo katã nye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamleawo ƒe dzesi ƒe akpa aɖe. Gake ne edzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò la, ana nàse alesi nuawo le ŋutɔŋutɔ le ɖokuiwò me eye nàkpɔ alesi gbegbe agbe nye nu xɔasii. Asixɔxɔ si le ŋɔŋlɔ aɖewo ŋu va dze na mí nyuie wu, eye míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me gbaɖegbe nuwo magava ame ƒe tame o la vevie. Gake fifia la, míedi be míaƒe ŋku nabiã le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.”
Sɔhɛ Nuteƒewɔlawo
12, 13. (a) Aleke nyɔnuvi aɖe wɔ nuteƒee? (b) Afikae sɔhɛ siwo le mía dome akpɔ dzideƒo le egbea?
12 Yesu gblɔ be amesiwo woƒe ƒomewo gbe le nyateƒea ta la axɔ teƒeɖoɖo “alafa.” (Marko 10:29, 30) Esia va eme na nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe le anyiehe Afrika si ŋkɔe nye Entellia, amesi lɔ̃ Mawu ƒe ŋkɔ—Yehowa—enumake si wòsee. Esrɔ̃ nu kple Yehowa Ðasefowo eye wòzɔna aɖabaƒoƒo 90 hafi dea kpekpewo, gbɔgbɔ hã nenema ke, togbɔ eƒe ƒomea tsi tre ɖe eŋu eye zi geɖe wotua agbo ɖe enu ne egbɔ hã. Esi wòxɔ ƒe 13 la, edze gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme gɔme, eye ƒomea ƒe tsitretsiɖeŋua nu sẽ ɖe edzi. Gbeɖeka eƒe ƒometɔwo bla eƒe asi kple afɔ eye wotsɔe sia ɖe ŋdɔ si nɔ ʋuʋum gbagbagbã gbe gaƒoƒo adre sɔŋ, eye ne woli sẽ wokɔa tsi ƒoɖi ɖe edzi. Woƒoe kutɔkutɔe, wogbã eƒe ŋku ɖeka, eye mlɔeba wonyãe le aƒea me. Gake ekpɔ dɔ le kɔdzi aɖe eye wòva zu dɔnɔdzikpɔla. Esi wòxɔ ƒe 20 la, exɔ nyɔnyrɔ̃ eye ebia enumake be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ. Eƒe nuteƒewɔwɔ la wɔ dɔ ɖe eƒe ƒomea dzi eye wona wògbɔ va woƒe aƒea me, eye ame asieke tso wo dome va lɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple yewo.
13 Psalmo 116 me nyawo de dzi ƒo na Entellia ŋutɔ, vevietɔ kpukpui 1-4 siwo wòxlẽ zi gbɔ zi geɖe: “Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo. Elabena eƒu to anyi ɖe ŋunye, eyata mayɔe le nye agbe me ŋkekewo me. Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém, eye mekpe hiã kple nuxaxa. Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!” Yehowa ɖoa gbedodoɖa siawo tɔgbe ŋu!
14. Aleke Poland Ðasefowo ɖe nuteƒewɔwɔ ɖedzesi fiae?
14 Abe alesi wònɔ le Yesu ƒe ŋkekeawo me ene la, Satana zã subɔsubɔhawo ƒe zazɛ̃nyahehe tsɔ ƒlɔ dzo ɖe yometitiwo te—gake ɖeko wòglonɛ. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye mía nɔvi Polandtɔwo tɔ, si ŋu woƒo nu le le 1994 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me. Wobia tso ɖeviwo kekeake hã si be woaɖo kpe edzi be nuteƒewɔlawoe yewonye. Wogblɔ na ɖevi siawo dometɔ ɖeka si nye nyɔnuvi ƒe 15 vi le ƒe 1946 me be: “Wɔ Katolikotɔwo ƒe atitsogadzesia ko. Ne menye nenema o àxɔ tukpe fifi laa!” Le eƒe nuteƒewɔwɔ ta wohee yi ave aɖe mee, wowɔ funyafunyae ŋɔdzitɔe, eye woda tui.—Tsɔe sɔ kple Mateo 4:9, 10.
Satana ƒe Ayemɔ Bubuwo
15, 16. (a) Nukae nye Satana ƒe taɖodzinu vɔ̃ɖi, eye aleke míawɔ atsi tre ɖe eŋu? (b) Nukatae mehiã be míaƒe sɔhɛwo nakli nu adze do me o?
15 Satana ƒe taɖodzinu vɔ̃ɖivɔ̃ɖie nye be “yeaɖu dzi loo alo yeagblẽ nu”! Aʋawɔnu vɔ̃ɖi geɖe le esi le eƒe aku me. Eyata mewɔ nuku o be apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem. Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.” (Efesotɔwo 6:12, 13) Ŋutilãmenudidiwo, modzakaɖeɖe kple boblododo ɖigbɔwo, hadzidzi siwo de satanasubɔsubɔ dzi, hatiwo ƒe nyaƒoƒoɖeamenu le suku, atikevɔ̃ɖizazã, kple ahamumu—nusiawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu agblẽ míaƒe agbe dome. Eyata apostolo la gayi edzi xlɔ̃ nu be: “Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.”—Efesotɔwo 6:16.
16 Edze kɔte be esia hiã vevie ŋutɔ egbea le hadzidzi manyatalenu siwo Satana tsɔ le xexeame xɔmee ta. Wo dometɔ aɖewo do ƒome kple satanasubɔsubɔ tẽ. Nyatakaka aɖe si tso San Diego (U.S.A) Nutome ʋɔnudrɔ̃la ƒe dɔwɔƒe la gblɔ be: “Wowɔ fefe aɖe le afisia si me haƒolawo na ɖevi 15,000 nɔ aƒa dom matɔmatɔe be ‘Natas’—egɔmee nye Satan [Satana], si woŋlɔ yi megbemegbee.” Wogblɔ be satanasubɔsubɔ le abe do ene si me ƒewuiviwo gena dzena “le esi woawo ɖeɖe dzaa le tsatsam kple dziku mɔkpɔkpɔmanɔsitɔe ta.” Mi ɖevi siwo le Kristo-hamea me, mehiã be miadze eme o! Yehowa na gbɔgbɔmeʋawɔnu si Satana ƒe aŋutrɔwo mate ŋu aŋɔ akpɔ o la mi.—Psalmo 16:8, 9.
17. Aleke míawɔ aɖu seselelãme ƒe blanuiléle dzi?
17 Satana trɔ asi le eƒe aŋutrɔ bibiawo ŋu be woawɔ dɔ ɖe ame ƒe seselelãmewo dzi. Míaƒe futɔ la ate ŋu ato agbemenuteɖeamedziwo, abe ŋutilãmedɔléle alo nuteɖeamedzi vevie ene dzi ana be míase le mía ɖokui me be míenyo na naneke o. Dzi ate ŋu aɖe le ame ƒo le esi womete ŋu zã gaƒoƒo geɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me o alo le esi hamea ƒe kpekpe aɖewo to ame ŋu ta. Hamemegãwo kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu veveseɖeametila bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu nana lɔlɔ̃tɔe ate ŋu akpe ɖe amesiwo le nɔnɔme mawo me ŋu be woaɖu nuteɖeamedzi sesẽwo dzi. Na wòanɔ susu me na wò ɣesiaɣi be Yehowa lɔ̃a esubɔla wɔnuteƒewo. (Yohanes I, 4:16, 19) Psalmo 55:23 gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; [eye mana] ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”
18. Satana ƒe aɖaŋuvɔ̃ kawoe wòle be ame aɖewo nawɔ avu kple, eye nuka dzie wòle be amesiawo naɖo ŋkui?
18 Satana ƒe ‘aɖaŋu vɔ̃’ siwo me ayedzedze le gadze nyitsɔ laa sia le nɔnɔme bubu me. Le dukɔ aɖewo me la, ame tsitsi geɖe gblɔ be susu si gbe dzodzo le yewoƒe tame si nye be satanasubɔsubɔ ƒe vivimehawo tsɔ tagbɔsesẽ si gbɔ eme dɔ yewo gbɔe le yewoƒe ɖevime la va xɔa tame na yewo. Afikae susu siawo tsona? Togbɔ be woku nu me yi ŋgɔe le nya la ŋu ale gbegbe hã la, eŋutinunyalawo ƒe nukpɔsusu to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ ŋutɔ. Ame aɖewo bua susu mawo be wonye nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi woɖo ŋkui, ame bubuwo bu wo susu gbɔlo siwo vaa tame na ame ko—siwo ɖewohĩ tagbɔdɔdada si ŋu nya ku ɖo na wova susu me na wo—eye ame bubuwo hã gabunɛ be enye nusiwo meli o kpɔkpɔ ƒomevi aɖe si tso nuteɖeamedzi aɖe si me woto le ɖevime gbɔ.
19. (a) Susu kawoe wòhiã be Hiob nawɔ avu kple? (b) Aleke hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ Elihu ƒe kpɔɖeŋui?
19 Enyo be míade dzesii be ehiã be Mawu subɔla Hiob nawɔ aʋa kple ‘susu ɖefuname’ siwo Satana to Elifaz kple Zofar dzi de tame nɛ la. (Hiob 4:13-18; 20:2, 3) Esia do “dziku” na Hiob eye wòna ‘wòƒo nu kple adã’ le “ŋɔdzidodo” siwo nɔ fu ɖem na eƒe susu ŋu. (Hiob 6:2-4; 30:15, 16) Elihu tsɔ ɖoɖoezizi ɖo to Hiob eye ekpe ɖe eŋu tso dzime be wòkpɔ alesi Yehowa tsɔa nunya si ƒo ɖesiaɖe ta kpɔa nyawo gbɔe. Nenema ke egbea la, hamemegã nugɔmeselawo ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le eme na amesiwo dzi nu te ɖo le alesi womegatsɔa “agba” bubu kpenɛ na amesiawo o me. Ke boŋ abe Elihu ene la, woɖoa to dzigbɔɖitɔe eye emegbe wotsɔa Mawu ƒe Nya si le abe ami si faa nu na ame la sina na wo. (Hiob 33:1-3, 7; Yakobo 5:13-15) Eyata amesiame si tamesusu ƒe fuɖename siwo nye nu ŋutɔŋutɔ alo nusiwo va susu me na ame ko le fu ɖem na eƒe seselelãmewo, alo amesiwo ‘drɔ̃e kple ŋutega doa ŋɔdzi na’ abe Hiob ene la ate ŋu akpɔ Ŋɔŋlɔawo me kɔfafa fadziname le hamea me.—Hiob 7:14; Yakobo 4:7.
20. Aleke woate ŋu akpe ɖe Kristotɔ siwo dzi nu te ɖo la ŋui be woaɖe dzi ɖi le gbɔgbɔ me?
20 Fifia la, Kristotɔwo ate ŋu aka aɖe edzi be le mɔ aɖe nu la, Satana ye le megbe na tamesusu dovɔvɔ̃name siawo. Ne nusiawo le fu ɖem na hamea me tɔ aɖewo la, nunya anɔ eme be woabu susu doŋɔdziname siawo be Satana ƒe agbagbadzedze tẽ be yeatɔtɔ yewoƒe gbɔgbɔ me dziɖeɖeanyie wònye. Ehiã be woana Ŋɔŋlɔawo me kpekpeɖeŋu si ŋu nugɔmesesename kpe ɖo wo dzigbɔɖitɔe. Ne amesiwo le fuɖename siawo me tom yi Yehowa gbɔ le gbedodoɖa me eye woxɔ kpekpeɖeŋu si tso gbɔgbɔ me ƒe alẽkpɔkplɔ me la, ana ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ nasu wo si. (Yesaya 32:2; Korintotɔwo II, 4:7, 8) Ana woate ŋu ado dzi nuteƒewɔwɔtɔe eye womaɖe mɔ susu siwo gena ɖe tame na wo nagblẽ hamea ƒe ŋutifafa me o. (Yakobo 3:17, 18) Ẽ, woate ŋu atsi tre ɖe Abosam ŋu, eye woaɖe gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia esime wògblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” la tɔgbe afia.—Mateo 4:10; Yakobo 4:7.
21. Aleke Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí le Satana ƒe ameflumɔwo ŋui?
21 Míenya be le mɔ aɖe nu la, Satana ƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ susu na mí, abe alesi apostolo Paulo xlɔ̃ nu míi le Korintotɔwo II, 11:3 ene be: “Mele vɔvɔ̃m bena, ame aɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?” Ŋutilãwo katã alo amegbetɔƒomea si wɔ eɖokui Mawu ƒe futɔe ƒe gbegblẽ fifia na míeɖo ŋku nugbegblẽwɔwɔ si Noa ƒe ŋkekea me dzidehlɔ̃mevi “Amemula” vɔ̃ɖi sẽŋutawo he vɛ dzi. (Mose I, 6:4, 12, 13, Reference Bible, etenuŋɔŋlɔ; Luka 17:26) Eyata mewɔ nuku o be Satana zãa aye kple amefuflu mɔwo tsɔ ɖea dzi si le ekum la ɖe ame ŋu, vevietɔ ɖe Mawu ƒe amewo ŋu.—Petro I, 5:8; Nyaɖeɖefia 12:17.
22. Yayra kawoe míakpɔ mɔ na ne woɖe Satana ɖa?
22 Womegayɔ Satana ŋkɔ ŋutɔ kura gɔ̃ hã le Biblia-gbalẽ si nye Hiob ƒe nuwuwu o. Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ɖo kpe edzi be aʋatsoe eƒe gbetɔame vɔ̃ɖi be amegbetɔwo mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu o la nye. Nenema ke, esusɔ vie ko, esime nuteƒewɔlawo ƒe “ameha gã” aɖe ‘ado go tso xaxa gã la me’ la, woade Satana aʋli me. Ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo dome Hiob hã anɔ akpe ɖe “ameha gã” ma ŋu be woaxɔ paradiso me yayra siwo awɔ nuku wu teƒeɖoɖo siwo wona Hiob gɔ̃ hã!—Nyaɖeɖefia 7:9-17; 20:1-3, 11-13; Hiob 14:13.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ 1992 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 177.
Numetotobiabiawo
◻ Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kawoe Hiob, Yesu, kple Paulo ɖo ɖi?
◻ Aleke nuteƒewɔlawo nɔ te ɖe Satana nui?
◻ Aleke sɔhɛwo awɔ atsi tre ɖe Satana ƒe aɖaŋuvɔ̃wo ŋu?
◻ Nukae míate ŋu awɔ be Satana ƒe aɖaŋuvɔ̃wo magable mí o?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Meswat kple Yoalan tsɔ ɣeyiɣiawo katã le Yehowa subɔmee le Ethiopia le wo fofo si wowu la ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Entellia, ɖetugbivi nuteƒewɔla aɖe si le Sudan