“Mide Bubu Nenem Me Siawo Ŋu”
NUWO MENƆ edzi yim nyuie le Korinto-hamea me o. Ame aɖe nɔ agbegbegblẽ nyɔŋu aɖe, eye mamã nɔ nɔviawo dome. Ame ŋutɔ ƒe kuxiwo nɔ fu ɖem na wo dometɔ aɖewo alo nyabiase aɖewo nɔ wo si siwo ŋu wòle be woaɖo. Nɔvi aɖewo nɔ wo nɔewo kplɔm yi ʋɔnui; bubuwo megaxɔ tsitretsitsia dzi se gɔ̃ hã o.
Nyabiase sesẽwo hã fɔ ɖe te. Ðe wòle be amesiwo le aƒe siwo me mã le subɔsubɔnyawo me la nakpɔtɔ anɔ wo srɔ̃wo gbɔa, alo ɖe wòle be woaklãa? Nukae nye nɔvinyɔnuwo ƒe wɔƒe le hamea me? Ðe wòsɔ be woaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃woa? Aleke wòle be woawɔ kpekpeawoe—siwo dome Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua hã le?—Korintotɔwo I, 1:12; 5:1; 6:1; 7:1-3, 12, 13; 8:1; 11:18, 23-26; 14:26-35.
Ðikekemanɔmee la, alesi Axaiko, Fortunato, kple Stefana tsi dzi ɖe wo nɔvi siwo le gbɔgbɔmenɔnɔme ɖefuname ma me ƒe nyonyo ŋu tae wozɔ mɔ yi ɖasrã apostolo Paulo kpɔ le Efeso. Tsɔ kpe ɖe nya ɖefuname mawo ŋu la, anɔ eme be wotsɔ hamea ƒe agbalẽ si me nya siawo ŋuti nyabiasewo nɔ la yi na Paulo. (Korintotɔwo I, 7:1; 16:17) Edze ƒã be menye nɔviŋutsu etɔ̃ siawo koe tsi dzi ɖe nɔnɔmea ŋu o. Le nyateƒe me la, Paulo xɔ nyatakaka tso “Xloeƒemetɔwo” gbɔ be dzre le hamea me tɔwo dome. (Korintotɔwo I, 1:11) Ðikekemanɔmee la, amedɔdɔawo ƒe nyatakaka kpe ɖe Paulo ŋu be wòase alesi nuwo le me nyuie, be wòanya aɖaŋu si wòaɖo, kple alesi wòaɖo nya siwo wobia la ŋui. Edze abe agbalẽ si míeyɔna fifia be Korintotɔwo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ la, Paulo ƒe nyaŋuɖoɖo si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wònye ene. Ðewohĩ Axaiko, Fortunato, kple Stefana ye xɔ agbalẽa vɛ na wo.
Amekawoe nye Axaiko, Fortunato, kple Stefana? Nukae míate ŋu asrɔ̃ ne míesrɔ̃ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso wo ŋu?
Stefana ƒe Aƒemetɔwo
Stefana ƒe aƒemetɔwo nye Paulo ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ le Roma nuto si nye Axaya, si le Hela ƒe Anyiehe me anɔ ƒe 50 M.Ŋ. lɔƒo ƒe “ŋgɔgbetɔ,” eye Paulo ŋutɔe nyrɔ̃ wo. Edze abe Paulo bu wo kpɔɖeŋui ene, be wonye gbɔgbɔmemetsitsi siwo akpɔ ŋusẽ ɖe Korintotɔwo dzi bene woali ke. Ekafu wo tso dzi me ɖe dɔ si wowɔna na hamea ta be: “Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo—mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo—bena miawo hã miatsɔ mia ɖokui ade nenem me siawo kpakple amesiame, si wɔa dɔ kpli mí, eye wòdzea agbagba la te.” (Korintotɔwo I, 1:16; 16:15, 16) Womegblɔ amesiwo tututu nye “Stefana ƒe aƒe la” me tɔwo o. Nyagbɔgblɔa ate ŋu afia ƒome me tɔwo ko gake kluviwo alo dɔwɔviwo hã ate ŋu anɔ eme. Esi Axaiko nye Latingbe me ŋkɔ si wolɔ̃a yɔyɔ na kluvi, eye Fortunato nye esi wolɔ̃a yɔyɔ na ablɔɖevi ta la, numeɖela aɖewo tsɔnɛ ko be ɖewohĩ ame evea anye aƒe ma me tɔwo.
Kae wòɖanye o, Paulo bu Stefana ƒe aƒea be wonye kpɔɖeŋu nyui. Eme tɔwo “[ɖo] wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo.” Ate ŋu anye be Stefana ƒe ƒomea dze sii be dɔ li woawɔ hena hamea ƒe nyonyo eye wolɔ̃ faa xɔ dɔ sia abe woƒe agbanɔamedzi ene. Wodze be woakafu wo ahade bubu wo ŋu ɖe woƒe didi be yewoawɔ dɔ ma na ame kɔkɔewo ta.
“Wona Mía Kple Miaƒe Gbɔgbɔ la Gbɔ Ðe Eme”
Togbɔ be Paulo tsi dzi ɖe nusiwo nɔ edzi yim le Korinto ŋu hã la, amedɔdɔ etɔ̃awo ƒe vava na eƒe dzi dze eme. Paulo gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le Stefano, Fortunato kple Axaiko ƒe vava la ŋuti; elabena esi mieli kplim o la, amesiawoe xɔ ɖe mia teƒe. Elabena wona mía kple miaƒe gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme.” (Korintotɔwo I, 16:17, 18) Le nɔnɔme si va li ta la, edze abe Paulo tsi dzi ɖe eƒe Korintotɔwo gbɔ manɔmanɔ le ŋutilãme ŋu ene, gake fifia la, woƒe amedɔdɔwo ƒe egbɔ nɔnɔ xɔ ɖe hame bliboa ƒe anyimanɔmanɔ teƒe. Woƒe nyatakaka la anya na Paulo nanya alesi nyawo le bliboe eye wòaɖe eƒe dzodzodzoetsitsi aɖewo ya teti dzi akpɔtɔ. Ðewohĩ nuwo megblẽ fũ abe alesi wòsusui ene o gɔ̃ hã.
Paulo gblɔ be menye ye ɖeɖeko ame etɔ̃a ƒe dɔgbededea na gbɔɖemee o, ke eɖe Korinto-hamea hã ƒe nuxaxa dzi kpɔtɔ. Ðikeke mele eme o be woƒe dzi gbɔ ɖe eme esi wonya be yewoƒe amedɔdɔawo ɖe nyawo ƒe akpa sia akpa me na Paulo nyuie eye woagbɔ kple eƒe aɖaŋuɖoɖo.
Eyata wokafu Stefana kple ehati eveawo vevie ɖe woƒe agbagbadzedze ɖe Korintotɔwo ta la ta. Paulo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋutsu siawo ŋu wɔe ale gbegbe be ele be ne wogbɔ la, woaxɔ ŋgɔ le Korinto-hame si mã la me. Apostoloa de dzi ƒo na nɔviawo be: “Miatsɔ mia ɖokui ade nenem me siawo kpakple amesiame, si wɔa dɔ kpli mí, eye wòdzea agbagba la te. . . . [Mide bubu nenem me siawo ŋu, NW].” (Korintotɔwo I, 16:16, 18) Ŋutsu siawo kafukafu vevie alea ɖee fia be togbɔ be nyaʋiʋliwo nɔ hamea me hã la, wowɔ nuteƒe bliboe. Ele be woabu ŋutsu siawo tɔgbe vevie.—Filipitɔwo 2:29.
Dɔwɔwɔ Aduadu Nuteƒewɔwɔtɔe Tsea Ku Nyuiwo
Ðikeke aɖeke mele eme o be kutsetse nyuiwo dona tsoa dɔwɔwɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa kpakple eteƒenɔlawo me. Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ si woyɔna fifia be Korintotɔwo ƒe Agbalẽ Evelia le gbãtɔa ŋɔŋlɔ megbe kpuie la, nuwo nɔ kakam ɖe eme xoxo le hamea me. Alesi Axaiko, Fortunato, kple Stefana yi edzi wɔ dɔ dzigbɔɖitɔe, kpakple Tito ƒe sasrãkpɔ tse ku nyuiwo.—Korintotɔwo II, 7:8-15; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 16:4, 5.
Ne Yehowa ƒe egbegbe hamea me tɔwo de ŋugble le ŋutsu nuteƒewɔla siwo ŋu míeƒo nu tsoe kpuie le Ŋɔŋlɔawo me ŋu la, aɖe vi na wo. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe ko be womate ŋu akpɔ nane si le edzi yim le hamea me gbɔ kaba o le susu aɖewo ta eye wòna nɔviawo tsi dzi. Nukae wòle be nàwɔ? Srɔ̃ Stefana, Fortunato, kple Axaiko, amesiwo mehe ɖe megbe le woƒe agbanɔamedzi si nye be woagblɔ nya la na Paulo ŋu o la ƒe kpɔɖeŋu eye nàgblẽ nya la ɖe Yehowa si me. Womeɖe mɔ gbeɖe be ŋuʋaʋã ɖe dzɔdzɔenyenye ŋu na wowɔ nu le wo ɖokui si alo woƒe ‘dzi nyrã ɖe Yehowa ŋu’ o.—Lododowo 19:3.
Yesu Kristo tɔe hameawo nye, eye le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi si sɔ me la, awɔ nu aɖɔ kuxi siwo ate ŋu ado ŋɔdzi na woƒe gbɔgbɔ me nyonyo kple ŋutifafa la ɖo, abe alesi wòwɔe le Korinto ene. (Efesotɔwo 1:22; Nyaɖeɖefia 1:12, 13, 20; 2:1-4) Ne míesrɔ̃ Stefana, Fortunato, kple Axaiko ƒe kpɔɖeŋu nyui si woɖo ɖi la fifia eye míeyi edzi dze agbagba le mía nɔviwo subɔsubɔ me la, míawo hã míanɔ asi kpem ɖe hamea ƒe ɖoɖowo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe, anɔ nɔviawo tum ɖo, eye ‘mianɔ dzi dem ƒo na wo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ me.’—Hebritɔwo 10:24, 25.