“Ðaseɖilawo Ƒe Kpo” Le ‘Mawu Ƒe Tonyigba’ dzi
NE ÈLÉ ŋku ɖe Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe ƒuta ŋu le anyigbagã ma ƒe nɔnɔmetata dzi eye nèkpɔ ɣedzeƒe gome le Guinea ƒe Ƒukɔmea to la, àkpɔ Cameroon le afisi ƒutanyigba la bi va anyiehe gome le. Ne ègayi ŋgɔ ɖo ta anyiehe gome la, ava ke ɖe ƒuta gã gbadza si dzi ke yibɔɔ le la ŋu. Cameroon-to ƒe wowoe na ke la le yibɔɔ.
To kotoe sia si kɔkɔ meta 4,070 la dzena le nutoa katã me. Ne ɣe ƒe amigogbagbã klẽ ɖe Cameroon-toa ŋu la, amadede dzeani siwo nya kpɔna la dzena—hɛ̃, aŋutiɖiɖi, sika ƒe amadede, kple dzẽ. Amadede siawo dzena le atsiaƒu kple ta siwo le nutoa me la me abe ahuhɔ̃e ene ale gbegbe be màganya vovototo le yame kple anyigba dome o. Nusita trɔ̃subɔla siwo le nutoa me tsɔ ŋkɔ na toa be Mongo Ma Loba, si gɔme woɖe be “Mawuwo ƒe tasiaɖam,” alo esi wolɔ̃a yɔyɔ wu be “Mawu ƒe To,” la me kɔ.
Ƒuta si dzi ke ɣiwo sɔŋ le eye netiwo le agbaka me la le ŋgɔ ɖaa le anyiehe gome. Le ƒutanyigba dzeania megbe la, anyigba xɔdzo dzi ƒe avetsuwo xɔ dukɔa ƒe akpa gãtɔ, eye wòkeke ɖo liƒo si le wo kple Congo kpakple Central African Republic dome dzi eye eɖo dziehe gome le liƒo si le wo kple Nigeria kpakple Chad si le Sahara ƒe anyigbe dome dzi. Dukɔa ƒe ɣetoɖoƒe gome nye tonyigba, si naa mɔzɔla ɖoa ŋku Europa ƒe akpa aɖewo dzi. Gake nutoa me ƒe dzoxɔxɔ mana nàŋlɔ be be yete ɖe anyigbamemãflia ŋu tututu o. Alesi nutoawo me le vovovoe la na modzakaɖetsaɖilawo ƒe mɔfialawo ɖɔa Cameroon be enye Afrika-nyigba bliboa ƒe kpɔɖeŋu sue. Nutometɔ vovovoawo kple gbegbɔgblɔ kpakple degbe siwo sɔ gbɔ wu 220 la gaɖo kpe nukpɔsusu sia dzi.
Ne èɖi tsa yi Cameroon la, ɖewohĩ ànɔ amedzrodzeƒe gãwo dometɔ ɖeka le Douala si nye tɔdziʋudzeƒe-du alo Yaoundé, si nye fiadu la me. Gake mɔnukpɔkpɔ si asu asiwò be nànya nane le ameawo ƒe agbenɔnɔ ŋu, vevietɔ le Yehowa ƒe Ðasefo siwo sɔ gbɔ wu 24,000, siwo ƒe ŋku biã ɖe “ɖaseɖilawo ƒe kpo” nu ƒoƒo ƒu ŋu le “Mawu ƒe To” ƒe anyigba sia dzi ŋu la ate ŋu ato ŋuwò.a Nukata màɖi tsa ato dukɔa me ado go wo dometɔ aɖewo o? Ne èɖi tsa le Ɣetoɖoƒe Afrika nyigba sia dzi la, aɖe vi geɖe na wò godoo.
Àɖo Akro alo Ʋua, alo Àdo Gasɔa?
Sanaga, si nye tɔsisi diditɔ kekeake le Cameroon la wɔ ɖeɖego gã aɖe le afisi wòde nu atsiaƒugã la me le. Zi geɖe hafi Yehowa Ðasefowo nate ŋu aɖo nuto gã sia me tɔwo gbɔ la, ele be woaɖo akro. Nusiae Fiaɖuƒe gbeƒãɖela asieke siwo le ƒuƒoƒo sue si le Mbiako me la wɔna. Wo dometɔ eve le kɔƒe si nye Yoyo, si gbɔ didi kilometa 25 la me. Hafi woate ŋu ade Mbiako la, ele be woaku akro sesĩe, gake wodea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ɣesiaɣi. Esime dzikpɔla mɔzɔla aɖe va srã ƒuƒoƒo sia kpɔ la, egblɔ be yeaɖe video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name afia wo. Gake egbɔgblɔ mesesẽ o, ewɔwɔ gbɔe nya la le. Afikae wòakpɔ videokasɛtɖemɔ̃, television, kple elektrikŋusẽ si woatsɔ aɖee la le le kɔƒe sia si sa ɖe aga me?
Gbeƒãɖela aɖewo yi afima ƒe sɔlemeha aɖe ƒe osɔfo gbɔ le wo sasrãkpɔ ƒe kwasiɖa la me. Ewɔ nuku na wo be osɔfoa xɔ wo kple dzidzɔ, eye woɖo dze vivi aɖe tso Biblia me. Esi nɔviawo kpɔ be menye videokasɛtɖemɔ̃ koe le osɔfoa si o ke elektrikŋusẽnamɔ̃ hã nɔ esi la, wodo dzi biae be ate ŋu aɣee na yewo hã. Esi Biblia me dze si woɖo do ŋgɔ vivi osɔfoa nu ta la, elɔ̃ be yeakpe ɖe wo ŋu. Ame 102 siwo dome osɔfoa kple eƒe sɔlemevi akpa gãtɔ nɔ la va videoa ɖeƒe Memleɖa fiẽ. Ðasefo eve siwo tso Yoyo la tsɔ ɖetsɔlemetɔ gbogbo aɖewo ɖe akro eve me vɛ. Womebu akroa kuku akpe tsiɖɔɖɔa ƒe sisi la dɔ sesẽe o. Esi wokpɔ videoa vɔ la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi eye dzi ɖo wo ƒo, eye wòdzɔ dzi na wo be yewo nye habɔbɔ gã si ƒe taɖodzinue nye be yeade bubu Yehowa ŋu la me tɔwo.
Àte ŋu aɖo ʋu ayi afisi akro mate ŋu ayi o. Howɔwɔ yia edzi le ʋudzeƒe siwo ʋuawo va kɔa amewo lena la ɣesiaɣi. Ne èle tsi fafɛ dzralawo, akɔɖudzralawo, kple ʋukula ƒe kpeɖeŋutɔwo dome la, àte ŋu atɔtɔ bɔbɔe. Ʋukula ƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe dɔe nye be woadi amewo de ʋu siwo tɔ ɖi, siwo katã woa ŋutɔwo gblɔna be “eyɔ vɔ” la me. Gake ne wobe “eyɔ vɔ” la, mègasusu be eyɔ vɔ nyateƒe o. Ele be mɔzɔlawo nalala gaƒoƒo geɖe, ɣeaɖewoɣi la ŋkeke geɖe gɔ̃ hã. Ne wotege ʋuɖolawo katã ɖe ʋua me vɔ eye ʋukula la do agba, nuɖuɖukotokuwo, kple ɣeaɖewoɣi, koklo kple gbɔ̃ gbagbewo ɖe ʋua tame vɔ la, ekema ʋua ɖoa mɔ klitsaklitsa si dzi fufu le la dzi.
Esi ʋuɖoɖo sia tɔgbe ti subɔla mɔzɔla aɖe la, eɖoe be ye ɖeka yeazɔ yeƒe mɔ. Gasɔ wòtsɔ zɔa eƒe mɔwo katãe azɔ. Egblɔ be: “Tso esime meɖoe be mado gasɔ atsa hamewo dzi la, meva ɖoa wo gbɔ kaba ɖe game dzi na wo sasrãkpɔ. Nyateƒe, mɔzɔzɔa ate ŋu axɔ gaƒoƒo geɖe ya, gake megahiã be malala ŋkeke ɖeka alo eve anɔ ʋuawo dzɔm o. Mɔ aɖewo buna keŋkeŋ kloe le tsidzaŋɔli. Ele be nàɖe afɔkpa hafi ate ŋu ato ba kple tsi gbogbo siawo me. Nye afɔkpa ɖeka ge ɖe tsisisi aɖe me gbeɖeka eye kwasiɖa eve megbe hafi wova ke ɖe eŋu, esime Ðasefoawo dometɔ ɖeka ƒe vinyɔnu nɔ tɔmelã ɖem eye wòɖee le manyamanya me! Enye dzidzɔ nam be magate ŋu ado afɔkpa siawo ake, esi wo dometɔ ɖeka va tsi tɔmelãwo gbɔ ŋkeke aɖewo megbe. Ɣeaɖewoɣi la, meva toa teƒe siwo Yehowa Ðasefowo meɖe gbeƒã le kpɔ o. Kɔƒea me tɔwo biaam ɣesiaɣi be nukae metsɔ vɛ hã. Eyata magazinewo kple agbalẽ gbadzawo nɔa ŋunye. Ɣesiaɣi si matɔ ɖe afima la, metsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo naa wo eye meɖia ɖase kpui aɖe na wo. Meka ɖe edzi be Yehowa ana nyateƒea ƒe nuku siawo natsi.”
Keke Dukɔa ƒe Nutotroe me Ke
Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoagblɔ Fiaɖuƒe nyanyuia na amewo le keke Cameroon ƒe titina ke, le kɔƒe siwo be ɖe avewo dome gɔ̃ hã me. Esia bia agbagbadzedze geɖe, gake emetsonuawo doa dzidzɔ na ame.
Marie si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnuvi sue aɖe si ŋkɔe nye Arlette. Le nusɔsrɔ̃ gbãtɔ ƒe nuwuwu, abe alesi wowɔna le Afrika ƒe akpa sia ene la, Marie bia Arlette be ate ŋu aɖo ye ɖa ase ɖe ʋɔtru nu hã. Gake, nyɔnuvi sue la gblɔ be afɔ le ye vem eyata azɔlizɔzɔ mele ye ŋu o. Axɔ̃ aɖe tɔgbe si ƒe nɔea ɖua ŋutilã gena ɖe eme eye wònaa ƒoƒoe ƒoa ame la ɖo Arlette ƒe afɔ me. Marie do dzi ɖe axɔãwo ɖekaɖeka. Emegbe eva se hã be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖea fu na nyɔnuvi sue sia le zã me. Marie tsɔ dzigbɔɖi fia alesi woate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu lae, vevietɔ to eƒe ŋkɔ yɔyɔ sesĩe le gbedodoɖa me dzi.—Lododowo 18:10.
Arlette wɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Gbã la, alesi eƒe lãme nɔ sesẽmee eye eƒe susu me hã nɔ ʋuʋumee wɔe be eƒe ƒometɔwo mekpɔ be naneke gblẽ le nusɔsrɔ̃a ŋu o. Gake esi wokpɔ be edi be yeava zu Yehowa Ðasefo la, wogbe be megayi nusɔsrɔ̃a dzi o. Le kwasiɖa etɔ̃ megbe esi Arlette dada kpɔ alesi vianyɔnua lé blanuii la, eyi Marie gbɔ eye wòna wògava dze nusɔsrɔ̃a gɔme.
Esi ɣeyiɣi de woayi nutome sue takpekpe la, Marie xe fe na ʋukula aɖe be wòava kɔ Arlette ŋkeke eve siaa. Gake esi ʋukula la kpɔ be mɔ si tso Arlette gbɔ va ʋumɔ to menyo o la, egbe be yemayi eƒeme o. Eyata Marie dze agbagba kplɔ nyɔnuvia va ʋumɔ toe. Yehowa yra ɖe agbagbadzedze siawo dzi vavã. Egbea, Arlette dea hamea ƒe kpekpewo katã. Bene wòate ŋu anɔ dedem la, ɖeɖi metea Marie ŋu be yeava nɔ ekplɔm o. Wo kplii wozɔa afɔ aɖabaƒoƒo 75 yina, gazɔna nenema ke gbɔna. Esi Kwasiɖagbe ƒe kpekpea dzea egɔme le ŋdi ga 8:30 ta la, ele be Marie nadzo le aƒeme le ga 6:30; gake wodzea agbagba ɖona ɖe game dzi kokoko. Arlette le mɔ kpɔm be yeatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime aɖo kpe yeƒe adzɔgbeɖeɖe dzii kpuie. Marie gblɔ be: “Amesi mekpɔ alesi wònɔ esime wòdze nusɔsrɔ̃ gɔme o la, manya alesi gbegbe wòtrɔe o. Meda akpe na Yehowa ale gbegbe ɖe alesi wòyrae la ta.” Marie nye ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋuɖola nyui aɖe vavã.
Keke Dziehe Ke
Nu tovovowo kple nukunuwo bɔ ɖe Cameroon ƒe Dziehe gome. Etrɔna zua abɔ gã dama aɖe le tsidzaŋɔli. Gake ne ɣe va le bibim kplalaa la, gbeawo yrɔna. Ne ɣe la ɖo ame ƒe dzodome le ŋdɔ me eye vɔvɔli teƒe kpɔkpɔ sesẽ la, alẽwo mimia wo ɖokui ɖe xɔwo ƒe anyi dzĩ gliwo ŋu. Adidotiwo ƒe aŋgba ʋee aɖewo koe susɔna ganyea nu damawo le ke kple gbe ƒuƒuawo dome. Togbɔ be esiawo melolo de wo ƒomevi siwo le anyigba xɔdzo dzi ƒe avewo me nu o hã la, woawo hã doa dzi nenema ke. Ŋutete si le wo ŋu si wote ŋu tsɔ nɔa te ɖe yamenutoa me ƒe sesẽ nui la ɖi veviedodo kple dzideƒo si le Ðasefo ʋee siwo ʋu yi nuto sia me bene yewoate ŋu ana nyateƒea ƒe kekeli naklẽ la si.
Hame siwo le nuto sia me la dometɔ aɖewo gbɔ didi tso wo nɔewo gbɔ wòdea kilometa 500 vaseɖe 800, eye àsee ŋutɔŋutɔ le ɖokuiwò me be yesa ɖe aga. Gake ɖetsɔlemetɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ. Ðasefowo tsoa teƒe bubuwo ʋuna vaa afisia va naa kpekpeɖeŋu. Bene woakpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me la, ele be woasrɔ̃ Foufouldé, si nye afimatɔwo degbe.
Ðasefo aɖe si tso Garoua ɖoe be yeazã ŋkeke ʋee aɖewo atsɔ aɖe gbeƒã le wo de kɔƒe si gbɔ didi kilometa 160 la me. Eke ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖewo ŋu, gake ʋuɖofe ƒe asixɔxɔ na be mete ŋu gatrɔna yina edziedzi o. Le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, Ðasefoa xɔ agbalẽ tso ɖetsɔlemetɔawo dometɔ ɖeka gbɔ nɔ kuku ɖem nɛ be wòagava srã yewo akpɔ. Esi mekpɔ ʋuɖoga la o kokoko ta la, mete ŋu yi o. Bu alesi wòawɔ nuku na Ðasefoae, esi amea va eƒeme le Garoua va gblɔ nɛ be ame ewo le elalam le kɔƒea me be wòava srã yewo akpɔ ŋu kpɔ!
Le kɔƒe bubu si te ɖe Chad ƒe liƒo ŋu me la, ɖetsɔlemetɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me ame 50 le la wɔ woa ŋutɔwo ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo. Wowɔ ɖoɖo be wo dometɔ etɔ̃ nade kpekpewo le hame si te ɖe wo ŋu wu me le Chad. Ne amesiawo trɔ gbɔ la, ekema woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ƒuƒoƒo bliboa. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe nyawo va eme le afisia, be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—Mateo 9:37, 38.
Ðaseɖiɖi le Dugãwo Me
Le ƒe geɖe siwo me Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo megava bɔ o megbe la, anɔ ƒe eve enye sia wova bɔ ɖe Cameroon ŋutɔ. Esi zi gbãtɔe nye sia si ame geɖe le magazine siawo xlẽm ta la, dzodzro kple ɖetsɔleme geɖe le wo me ɖe wo ŋu. Srɔ̃tɔ sɔhɛ mɔɖela aɖewo siwo woɖo ɖe dugãawo dometɔ ɖeka me la na magazine 86 ŋdi gbãtɔ si woɖe gbeƒã le woƒe anyigbamamã yeyea me. Gbeƒãɖela aɖewo na magazine siwo ade 250 le dzinu ɖeka pɛ me! Nukae na wokpɔ dzidzedze? Wonaa magazinewo amesiame.
Ðasefo aɖe si wɔa dɔ le dɔwɔƒe aɖe si le ʋuʋu ɖi na amehawo la daa magazinewo ɖi ɣesiaɣi be amesiame nakpɔ. Nyɔnu aɖe va lé ŋku ɖe magazineawo ŋu gake metsɔ ɖeke o. Ðasefoa kpɔe dze sii be wodzɔ dzi nɛ eye wòtsɔ ɖeka nɛ, eye exɔe. Ewɔ nuku nɛ be egatrɔ va ŋkeke eveagbe. Menye ɖe wòva be yeaxe fe ɖe magazine si wòxɔ ta ko o, ke be yeaxɔ bubuwo hã akpee. Nukatae? Esi wònye amesi gbɔ wodɔ sesẽe kpɔ ta la, etia magazine si ƒo nu le nyati ma ŋu. Enɔ ŋu zã bliboa xlẽ aɖaŋu siwo woɖo la gagbugbɔ xlẽ wo. Esi wòkpɔ gbɔdzɔe ŋutɔ ta la, edi be yeanya nu bubu geɖe le Yehowa Ðasefowo ŋu.
Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu agblɔ Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ gbedasia. Esi Ðasefo nyɔnuvi ƒe ade vi aɖe ƒe nufiala bia tso esi be wòadzi Katolikotɔwo ƒe ha la, egbe, eye wòɖe eme be Yehowa Ðasefoe yenye. Emegbe nufiala la gblɔ nɛ be wòadzi woƒe subɔsubɔha ƒe ha aɖe ale be yeate ŋu anɔ te ɖe edzi ana dzesidee. Etia ha si ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Paradiso ƒe Ŋugbedodo,” eye wòdzii tso susu me. Nufiala la biae be: “Èyɔ paradiso le wò hadzidzia me. Afikae paradiso sia le?” Nyɔnuvia ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo be yeava ɖo Paradiso anyi ɖe anyigba dzi kpuie la me nɛ. Esi nyɔnuvia ƒe nyaŋuɖoɖo wɔ nuku nɛ ta la, ebia agbalẽ si srɔ̃m nyɔnuvia le la tso edzilawo si. Elɔ̃ be yeanɔ te ɖe esia dzi ana dzesidee tsɔ wu be yeanɔ te ɖe nusi fiame wole le mawunyasɔsrɔ̃wo me le suku dzi. Dzilaawo ɖo aɖaŋu na nufiala la be ne edi be yeana dzesidee nyuie la, ele be eya ŋutɔ nasrɔ̃ nu gbã. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.
Èle Tsaɖiɖi ƒe Ðoɖo Wɔma?
Amewo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒe gbedasia me le xexeame ƒe akpa geɖe egbea o. Wometsɔa ɖeke le Mawu alo Biblia gɔ̃ hã me o. Vɔvɔ̃ gbã lãme na ame bubuwo ale be womegadina kura be yewoade nu eme na amedzro si anɔ woƒe ʋɔ ƒom la o. Esiawo katã nye kuxi na Yehowa Ðasefowo le woƒe subɔsubɔdɔa me. Gake aleke nuwo to vovo le Cameroon enye si!
Dzidzɔ le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me le afisia. Le esi nàƒo ʋɔ teƒe la, nusi wolɔ̃a wɔwɔe nye be nàgblɔ be “Kong, kong, kong.” Ekema ame aɖe abia tso xɔ me be, “Wò amekae?” ema megbe míeɖea mía ɖokui fiana be Yehowa Ðasefowoe míenye. Zi geɖe la, dzilawo gblɔna na wo viwo be woatsɔ zikpui vɛ ada ɖe ati aɖe ƒe vɔvɔli te, ɖewohĩ mangoti aɖe te. Emegbe míezãa ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖe tsɔ ɖea nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye kple nusi wòava wɔ atsɔ aɖe nɔnɔme wɔnublanui si me ameƒomea le ɖa la me.
Nyɔnu aɖe gblɔ eƒe dzimenya le nusɔsrɔ̃ ma tɔgbe megbe teti be: “Ete ɖe dzinye be nyateƒe si dim mele la mele subɔsubɔha si me wodzim ɖo eye meku nyagã ɖe eme la me o. Meda akpe na Mawu be efia nyateƒe lam. Hamedadae menye le míaƒe sɔleme. Ðetugbi Nɔaƒe Maria ƒe kpetata nɔa hamedada ɖesiaɖe ƒe aƒeme kwasiɖa ɖeka ale be woate ŋu agblɔ woƒe dzimedidiwo nɛ. Nye ya la, megblɔna na Maria ɣesiaɣi be wòakpe ɖe ŋunye manya nyateƒea. Azɔ la, Mawu fiam be nyateƒea mele eya gbɔ o. Meda akpe na Yehowa.”
Eyata ne èva kpɔe gbaɖegbe be ehiã be yeakpɔ dzidzɔ gã si te ŋu tsoa gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me vana la, nukata màɖi tsa ayi Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe akpa sia o? Le “Afrika-nyigba bliboa ƒe kpɔɖeŋu sue” si ŋu nàke ɖo megbe la, ne akro alo ʋue nèɖo, alo gasɔe nèdo o, wò hã ànɔ asi kpem ɖe “ɖaseɖilawo ƒe kpo” si nu ƒom wole ƒu le ‘Mawu ƒe Tonyigba’ dzi la ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Ðaseɖilawo ƒe Kpo” nye gɔmesese si ate ŋu asɔ na Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “Gilead.” Tso ƒe 1943 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku nɔa dutanyanyuigblɔlawo ɖom ɖa be woadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le xexeame katã, kple Cameroon hã.
[Credit Line on page 22]
Map: Mountain High Maps® Copyright © 1995 Digital Wisdom, Inc.