INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 8/15 axa 21
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Mawu Atsɔ Nye Nu Vɔ̃wo Akema?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • “Gbedoxɔ Na Dukɔwo Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 8/15 axa 21

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo nyabiabia siwo gbɔna ŋu hã:

◻ Ðe nya si Yesu gblɔ be, “Amesiwo ke ƒe nuvɔ̃wo mietsɔ ke wo la, wotsɔ wo ke wo” fia be Kristotɔwo ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo akea? (Yohanes 20:23)

Kpeɖodzi aɖeke mele Ŋɔŋlɔawo me si fia be Mawu na ŋusẽ Kristotɔwo katã, alo hamemegã siwo wotia le hamea me gɔ̃ hã, be woatsɔ nuvɔ̃ ake o. Nya siwo ƒo xlã Yesu ƒe nyawo ɖee fia be wona ŋusẽ tɔxɛ apostoloawo to gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ dzi be woatsɔ nuvɔ̃ ake alo womatsɔ ake o. (Kpɔ Dɔwɔwɔwo 5:1-11; Korintotɔwo II, 12:12.)—4/15, axa 28.

◻ Nukae ɖe dzesi le J. J. Stewart Perowne ƒe Psalmowo gɔmeɖeɖe si wota zi gbãtɔ le ƒe 1864 ŋu?

Le Perowne ƒe gɔmeɖeɖea me la, edze agbagba be yeazã “Hebrigbe me nyawo alesi tututu wole, le eƒe alobalowo kple nyagbɔgblɔ ƒe gbeŋutisewo siaa me.” Le esia wɔwɔ me la ekpɔe be ehiã be yeagbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” aɖo eteƒe.—4/15, axa 31.

◻ Mɔfiame kae Yesu na eyomedzelawo le woƒe nuwɔwɔ kple xexe sia me dziɖulawo me?

Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:21) Egblɔ hã be: “Amesi ke azi dziwò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.” (Mateo 5:41) Gɔmeɖose si nye be woalɔ̃ faa abɔbɔ ame ɖokui ɖe nudidi siwo le se nu te, eɖanye le amegbetɔ ƒe kadodowo alo nusiwo dziɖuɖu bia siwo sɔ ɖe Mawu ƒe se nu me o, ƒe kpɔɖeŋu wɔmee Yesu nɔ le afisia. (Luka 6:27-31; Yohanes 17:14, 15)—5/1, axa 12.

◻ Nukae wòfia be ‘woazɔ le nyateƒe la me’? (Psalmo 36:11)

Esia fia be woawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo katã dzi eye woasubɔe le nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi me. (Psalmo 25:4, 5; Yohanes 4:23, 24)—5/15, axa 18.

◻ Nukae va dze ƒã le Yehowa ƒe Yona dɔdɔ ɖo ɖe Niniwe me?

Alesi nuwo va yii ɖee fia be Yona ƒe gbeƒãɖeɖe le Niniwe na vovototo si le Niniwetɔ dzimetrɔlawo kple Israel-vi kɔlialiatɔ siwo meɖe xɔse kple ɖokuibɔbɔ fia kura o dome la dze ƒã. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 9:6, 13; Yona 3:4-10.)—5/15, axa 28.

◻ Amekae nye Da la eye amekae nye “nyɔnu” si ŋu woƒo nu le le Mose I, 3:15?

Menye da ŋutɔ si nye lã tsɛ lae Da la nye o ke boŋ etsi tre ɖi na Satana Abosam, amesi wɔ eŋuti dɔ. (Nyaɖeɖefia 12:9) “Nyɔnu” la menye Xawa o ke boŋ enye Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si nye esubɔla siwo le anyigba dzi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la dada. (Galatiatɔwo 4:26)—6/1, axa 9.

◻ Aleke ame awɔ ado le Babilon Gã la me be wòanɔ dedie? (Nyaɖeɖefia 18:4)

Ele be wòaɖe eɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ ƒe habɔbɔwo kple woƒe kɔnuwo kpakple gbɔgbɔ si woɖena fiana la me keŋkeŋ, eye emegbe wòadi dedienɔnɔ le Yehowa ƒe teokrasihabɔbɔ si wokpɔna la me. (Efesotɔwo 5:7-11)—6/1, axa 18.

◻ Nukata woyɔ hɔ̃ ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe?

Biblia-ŋlɔlawo zã hɔ̃ wònye kpɔɖeŋu na nunya, Mawu ƒe ametakpɔkpɔ, kple ablaɖeɖe.—6/15, axa 8.

◻ Ðe Mawu ƒe gbɔgbɔ le Mawu ƒe egbegbe subɔla siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la dzi abe alesi wòle Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la dzi enea?

Nyaŋuɖoɖoa koŋ enye, ẽ. Mawu ƒe gbɔgbɔ la li na hatsotso evea siaa sɔsɔe, eye wonaa sidzedze kple nugɔmesese wo sɔsɔe.—6/15, axa 31.

◻ Nukatae wòaɖe vi na mí egbea be míadzro subɔsubɔdɔ kɔkɔe si Israel-nunɔlawo wɔ le gbedoxɔ si nɔ Yerusalem me la me?

Ema wɔwɔ ana míakpɔ ŋudzedze ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si ate ŋu ana amegbetɔ wɔnuvɔ̃wo kple Mawu dome nagava nyo la ŋu bliboe. (Hebritɔwo 10:1-7)—7/1, axa 8.

◻ Aleke ŋutikɔkɔe nɔ gbedoxɔ evelia si wotu ɖe Yerusalem ŋu wu Salomo tɔ si wòtu?

Gbedoxɔ evelia nɔ anyi didi wu gbãtɔa ƒe 164 sɔŋ. Tadeagula geɖe wu tso dukɔ geɖe wu me va eƒe xɔxɔnuwo. Gawu la, nu ɖedzesi aɖe nɔ gbedoxɔ evelia sia ŋu si nye be Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, fia nu le eƒe xɔxɔnuwo.—7/1, axa 12, 13.

◻ Ɣekaɣie Mawu ɖo eƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔa anyi?

Ƒe 29 M.Ŋ. mee, esime Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi ƒe gbedodoɖa ŋu. (Mateo 3:16, 17) Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesu ƒe vɔsaŋutilã ŋu fia be, le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, vɔsamlekpui aɖe si lolo wu Yerusalem-gbedoxɔa me tɔ la dze dɔwɔwɔ gɔme.—7/1, axa 14, 15.

◻ Nukata wòle be míatsɔ ake?

Ehiã be míatsɔ vodala si ɖe kuku ƒe nuvɔ̃ akee be míalé Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ me ɖe asi. Fuléle kple dziku léle ɖe dɔme mana míakpɔ tomefafa o. Ne míetsɔ ke o la, afɔku si nye be Yehowa hã magatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí gbaɖegbe o la li. (Mateo 6:14, 15)—7/15, axa 18.

◻ Aleke Israel-viwo awɔ anɔ kɔkɔe?

Woate ŋu anɔ kɔkɔe to ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa, Mawu kɔkɔetɔ la, kpakple woƒe tadedeagu dzadzɛtɔ tsɔtsɔ nɛ me. Wohiã na “kɔkɔetɔ” la ŋuti sidzedze vavãtɔ ale be woade ta agu nɛ le kɔkɔenyenye me, le ŋutilã kple gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye me. (Lododowo 2:1-6; 9:10)—8/1, axa 11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe