Mina Míatsri Vɔ̃
MAWU kɔkɔe ye Yehowa nye. Eyae nye “Israel ƒe kɔkɔetɔ” le blemaɣeyiɣiwo me, eye esi wòle nenema ta ebia tso Israel-viwo si be woanɔ kɔkɔe, naneke nagaƒo ɖi wo o. (Psalmo 89:19) Egblɔ na eƒe dukɔ tiatia la be: “Minɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.” (Mose III, 11:45) Ele be amesiame si di be ‘yealia Yehowa ƒe to la’ ƒe ‘asi me nadza, eye eƒe dzi me nakɔ.’ (Psalmo 24:3, 4) Esia yi ŋgɔ wu nu vɔ̃ɖiwo tsitsri ko. Efia “fuléle vɔ̃.”—Lododowo 8:13.
Yehowa de se siwo me wogblɔ nudidiwo le tsitotsito lɔlɔ̃tɔe ale be Israel-dukɔa nate ŋu ade dzesi nuvɔ̃ ahatsri ewɔwɔ. (Romatɔwo 7:7, 12) Agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiame matrɔmatrɔwo nɔ se siawo me. Wobu ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔnuwɔnawo, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple lãwo gbɔ dɔdɔ katã nu makɔmakɔ siwo ƒoa ɖi ame le gbɔgbɔ me. (Mose III, 18:23; 20:10-17) Wowua amesiwo wɔ nu ɖigbɔ siawo le Israel-dukɔa me.
Esime Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la va zu “Mawu ƒe Israel” la, woɖo agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu sia tɔgbe na wo. (Galatiatɔwo 6:16) Ele na Kristotɔwo hã be ‘woatsri nuvɔ̃.’ (Romatɔwo 12:9) Nya siwo Yehowa gblɔ na Israel-viwo la ku ɖe woawo hã ŋu be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.” (Petro I, 1:15, 16) Woɖoe be nuwɔna makɔmakɔ siawo abe matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, lã gbɔ dɔdɔ, kple ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ ene nagagblẽ Kristo-hamea o. Amesiwo gbe asiɖeɖe le nusiawo ŋu la mayi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me o. (Romatɔwo 1:26, 27; 2:22; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Hebritɔwo 13:4) Dzidzenu mawo ke ku ɖe ‘alẽ bubuawo’ ŋu le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1; Yohanes 10:16) Nusi do tso emee nye be Kristotɔ amesiaminawo kple alẽ bubuawo zu ame nyui siwo le kɔkɔe, siwo te ŋu tɔ woƒe Mawu ƒe ŋkɔ be Yehowa Ðasefowo.—Yesaya 43:10.
Nana be Hamea Nanɔ Dzadzɛ
Gake xexeame ya ŋea aɖaba ƒua agbegbegblẽnɔnɔ ɖesiaɖe ƒomevi dzi. Togbɔ be Kristotɔ vavãwo to vovo hã la, mele be woaŋlɔ be o be amesiwo le Yehowa subɔm fifia la dometɔ geɖe nɔ xexeame tsã. Hafi ame geɖe nava nya mía Mawu kɔkɔe la, womenya nusita mele be woakpɔ gome le woƒe ŋutilã wɔnuvɔ̃ la ƒe nudzodzrowo kple dzodzro vɔ̃wo ŋu bubu me o, eye womli wo ɖokui le “nu vlo wɔwɔ . . . ƒe ba me.” (Petro I, 4:4) Apostolo Paulo gblɔ nya sia esi wòƒo nu tso ŋunyɔnu siwo ame ɖigbɔ siwo le dukɔwo me wɔna ŋu vɔ megbe be: “Nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã.” Gake egblɔ yi edzi be: “Ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe [gbɔgbɔ, NW] la me.”—Korintotɔwo I, 6:11.
Nya fadziname kae nye si ema nye! Eɖanye nuka ke ame aɖe wɔ tsã le agbe me o, ewɔa tɔtrɔ ne Kristo ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzi dzi. Eɖea xɔse fiana eye wòtsɔa eɖokui ɖea adzɔgbe na Yehowa Mawu. Tso ɣemaɣi la, enɔa agbe dzadzɛ si ŋu wokɔ wòle dzadzɛ le Mawu ƒe ŋkume. (Hebritɔwo 9:14) Wotsɔ nuvɔ̃ siwo wòwɔ tsã la kee, eye ate ŋu ‘aminyã nusiwo le ŋgɔ.’a—Filipitɔwo 3:13, 14; Romatɔwo 4:7, 8.
Yehowa tsɔ ke Dawid si trɔ dzime le amewuwu kple ahasiwɔwɔ me, eye Etsɔ ke Manase si trɔ dzime le trɔ̃subɔsubɔ nyɔŋu kple ʋukɔkɔɖi atraɖii me. (Samuel II, 12:9, 13; Kronika II, 33:2-6, 10-13) Míate ŋu ada akpe vavã be elɔ̃ faa be yeatsɔ ake mí ne míawo hã míetrɔ dzime eye míetsɔ anukwareɖiɖi kple ɖokuibɔbɔ yi egbɔe. Gake togbɔ be Yehowa tsɔ ke Dawid kple Manase hã la, ŋutsu eve siawo—kpakple Israel hã—kpɔ woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me tsonuwo. (Samuel II, 12:11, 12; Yeremya 15:3-5) Nenema ke togbɔ be Yehowa tsɔ kea nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo hã la, nanewo ate ŋu ado tso nusiwo wowɔ me siwo nu womate ŋu asi le o.
Emetsonu Siwo Nu Womate Ŋu Asi Le O
Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be amesi nɔ agbe vlo tsã eye wòxɔ AIDS la nava xɔ nyateƒea eye wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ aɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Fifia ezu Kristotɔ si ŋu kɔ le gbɔgbɔ me si ƒomedodo va le wo kple Mawu dome eye etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku le esi; gake AIDS kpɔtɔ le eŋu. Ðewohĩ dɔlélea ava wui mlɔeba, si nye nublanuinya gake wònye eƒe tsãgbenɔnɔ me tsonu si nu mate ŋu asi le o. Le Kristotɔ aɖewo gome la, agbe gbegblẽ gã si wonɔ tsã la me tsonuwo ate ŋu anɔ anyi le mɔ bubuwo nu. Le ƒe siwo kplɔ woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo me, ɖewohĩ le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa susɔeawo me le nuɖoanyi sia me la, ahiã be woanɔ avu wɔm kple alesi wòadzro woƒe ŋutilã vevie be woagatrɔ ayi agbe vlo si wonɔ tsã la gbɔe. Ame geɖe te ŋu nɔa te ɖe enu dzidzedzetɔe le Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu me. Gake ele be woayi edzi anɔ avu wɔm ɖaa.—Galatiatɔwo 5:16, 17.
Amesiawo mewɔa nuvɔ̃ o zi alesi woyi edzi ɖua woƒe dzodzrowo dzi ko. Gake ne ŋutsuwoe wonye la, ɖewohĩ woatso nya me nunyatɔe be ‘yewomaminyã’ agbanɔamedzi aɖeke xɔxɔ le hamea me esime yewogale avu wɔm kple ŋutilã ƒe dzodzro sesẽwo o. (Timoteo I, 3:1) Nukatae? Elabena wonya alesi hamea kana ɖe hamemegãwo dzii. (Yesaya 32:1, 2; Hebritɔwo 13:17) Wokpɔe dze sii be wotsɔa amewo ƒe nya ɣaɣla geɖe vaa hamemegãwo gbɔe eye ele be woakpɔ nya siwo gbɔ kpɔkpɔ bia ŋuɖɔɖɔɖo hã gbɔ. Manye lɔlɔ̃ ɖeɖefia be amesi le avu wɔm kple ŋutilã ƒe dzodzro makɔmakɔwo ɣesiaɣi nati agbanɔamedzinɔƒe sia yome o, nunya manɔ eme o eye masɔ hã o.—Lododowo 14:16; Yohanes 15:12, 13; Romatɔwo 12:1.
Nu bubu ate ŋu ado tso eme na amesi nye ɖevigbɔdɔla tsã hafi va xɔ nyɔnyrɔ. Esime wòsrɔ̃ nyateƒea la, etrɔ dzime hetrɔ eƒe agbenɔnɔ, eye metsɔ nu vɔ̃ɖi ma va hamea me o. Ðewohĩ emegbe awɔ ŋgɔyiyi nyuie, aɖu eƒe dzodzro vɔ̃wo dzi keŋkeŋ, eye wòadi gɔ̃ hã be ‘yeaminyã’ agbanɔamedzinɔƒe aɖe le hamea me. Gake ne wodze sii le nutoa me be enye ɖevigbɔdɔla tsã ɖe? Ðe wòanye amesi ‘ŋu mokaka mele o, si kpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso amesiwo le egodo la gbɔ, eye nutsotso mele eŋu oa’? (Timoteo I, 3:1-7, 10; Tito 1:7) Ao, manɔ nenema o. Eyata madze axɔ mɔnukpɔkpɔwo le hamea me o.
Ne Kristotɔ Adzɔgbeɖela Wɔ Nuvɔ̃
Yehowa sea nu gɔme na mí be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe míenye eye be le nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, míate ŋu adze nuvɔ̃ me. Apostolo Yohanes ŋlɔ na eƒe ŋkekea me Kristotɔwo be: “Meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Ẽ, Yehowa anɔ te ɖe Yesu ƒe vɔsa la dzi atsɔ ake Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ siwo awɔ nuvɔ̃—ne wotrɔ dzime nyateƒe eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.
Míekpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu le ƒe alafa gbãtɔ me hame si nɔ Korinto la me. Apostolo Paulo se ƒometɔ kplikplikpliwo dome matrewɔwɔ aɖe ŋu nya le hame yeye ma me, eye ena mɔfiafia be woaɖe ŋutsu si ŋu nyaa ku ɖo la le hame. Emegbe nuvɔ̃wɔla la trɔ dzime eye Paulo xlɔ̃ nu hamea be woagbugbɔe axɔ. (Korintotɔwo I, 5:1, 13; Korintotɔwo II, 2:5-9) Eyata wokɔ ŋutsua ŋu le eƒe nuvɔ̃ la me to Yehowa ƒe dɔmenyo lɔlɔ̃tɔe ƒe dɔdaŋusẽ kple Yesu ƒe tafevɔsa ƒe asixɔxɔ gã la dzi. Nu mawo tɔgbe ate ŋu adzɔ egbea hã. Gake le esia hã me la, ne nyɔnyrɔxɔla aɖe si wɔ nuvɔ̃ gã aɖe trɔ dzime eye Yehowa tsɔ kee la, ate ŋu adzɔ be eƒe nuvɔ̃a me tsonuwo anɔ anyi.—Lododowo 10:16, 17; Galatiatɔwo 6:7.
Le kpɔɖeŋu me, ne nyɔnuvi adzɔgbeɖela aɖe wɔ matre la, ɖewohĩ eƒe nuwɔna la avee ŋutɔ eye mlɔeba hamea akpe ɖe eŋu agaɖoe te le gbɔgbɔ me. Gake ne agbe gbegblẽ si wònɔ na wòfɔ fu ɖe? Ekema eƒe agbenɔnɔ blibo trɔ le nusi wòwɔ ta eye mate ŋu awɔ naneke le eŋu o. Ðewohĩ ŋutsu si wɔ ahasi atrɔ dzime eye womaɖee le hame o. Gake srɔ̃a maɖifɔ la ate ŋu agbee wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu, eye ɖewohĩ atiae be yeagbee. (Mateo 19:9) Ne egbee la, ŋutsua ƒe nuvɔ̃ me tsonu gã sia anɔ eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa susɔea me, togbɔ be Yehowa tsɔ kee hã.—Yohanes I, 1:9.
Ke ŋutsu si gbe srɔ̃a amemalɔ̃malɔ̃tɔe va ɖe nyɔnu bubu ɖe? Ðewohĩ atrɔ dzime mlɔeba eye woagaxɔe ɖe hamea me. Ne ƒeawo va le yiyim la, ate ŋu awɔ ŋgɔyiyi ‘aɖo tsitsi gbɔ.’ (Hebritɔwo 6:1) Gake zi alesi srɔ̃a meɖe srɔ̃ o la, madze asubɔ le agbanɔamedzinɔƒe le hamea me o. Menye “nyɔnu ɖeka srɔ̃” o elabena menye Ŋɔŋlɔawo dzie wònɔ te ɖo gbe srɔ̃ gbãtɔa o.—Timoteo I, 3:2, 12.
Ðe esiawo menye susu vevi siwo ta wòle be Kristotɔ nanyɔ ŋu vɔ̃ oa?
Ke Ðevigbɔdɔla Ya Ðe?
Ke ne Kristotɔ tsitsi si xɔ nyɔnyrɔ̃ dɔ ɖevi aɖe gbɔ ya ɖe? Ðe nuvɔ̃wɔla la vɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa matsɔe akee gbeɖe oa? Menye nenema kokoko o. Yesu gblɔ be ‘busunyagbɔgblɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋue womatsɔ ake o.’ Eye Paulo gblɔ be vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali na amesi ɖonɛ koŋ yia edzi wɔa nuvɔ̃ togbɔ be enya nyateƒea hã la o. (Luka 12:10; Hebritɔwo 10:26, 27) Gake Biblia ƒe akpa aɖeke megblɔ be womate ŋu atsɔ ake Kristotɔ tsitsi si dɔ ɖevi gbɔ o—eɖanye eƒe ƒometɔ kplikplikpli alo ɖevi bubu o. Le nyateƒe me la, woate ŋu aklɔ eƒe nuvɔ̃wo ɖa eŋu nakɔ ne etrɔ dzime le anukwareɖiɖi me eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ. Gake ɖewohĩ ele be wòagayi edzi awɔ avu kple ŋutilã ƒe dzodzro vɔ̃ siwo wòtu ɖo la kokoko. (Efesotɔwo 1:7) Eye nanewo ate ŋu ado tso eme siwo mate ŋu aƒo asa na o.
Le dukɔ si me wòle ƒe se nu la, ate ŋu adzɔ be woade ɖevigbɔdɔla la mɔ ɣeyiɣi aɖe alo Dziɖuɖu nahe to nɛ le go bubuwo me. Hamea makpɔ eta tso esia me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amea ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe fia si ŋu wòle be woabu tso ekema dzi heyi. Ne eɖe dzimetɔtrɔ fia la, woade dzi ƒo nɛ be wòawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye wòawɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔkpekpea ƒe akpa siwo mebia nufiafia o me. Gake esia mefia be adze asubɔ le agbanɔamedzinɔƒe le hamea me o. Ŋɔŋlɔawo me nya kawo dzie esia nɔ te ɖo?
Susu ɖekae nye be ele be hamemegã nanye “ɖokuidziɖula.” (Tito 1:8) Nyateƒee, mía dometɔ aɖeke mete ŋu ɖua eɖokui dzi bliboe o. (Romatɔwo 7:21-25) Gake Kristotɔ tsitsi si awɔ nuvɔ̃ si nye ɖevigbɔdɔdɔ la ɖe ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ manɔdzɔdzɔmenu fia. Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ame tsitsi sia tɔgbe agate ŋu adɔ ɖevi bubuwo hã gbɔ. Enye nyateƒe be menye ɖevigbɔdɔla ɖesiaɖee gawɔa nuvɔ̃ ma ke o, gake wo dometɔ geɖe gawɔnɛ. Eye hamea mate ŋu akpɔ amewo ƒe dzime anya amesi magadɔ ɖeviwo gbɔ kple amesi agawɔe o. (Yeremya 17:9) Eyata aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo la ku ɖe ame tsitsi xɔnyɔnyrɔ siwo dɔ ɖeviwo gbɔ ŋu vevie be: “Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o.” (Timoteo II, 5:22) Le mía viwo ta kpɔkpɔ ta la, ŋutsu si wonya be enye ɖeviwo gbɔ dɔlawo tsã medze na agbanɔamedzinɔƒe nɔnɔ le hamea me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mate ŋu azu mɔɖela alo awɔ ɣeyiɣia katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ bubu aɖeke o.—Tsɔe sɔ kple gɔmeɖose si le Mose II, 21:28, 29.
Ðewohĩ ame aɖe abia be, ‘Ðe ame aɖewo mewɔ nuvɔ̃ bubuwo eye wòwɔ abe ɖe wotrɔ dzime, gake emegbe wogava wɔ nuvɔ̃ ma ke oa?’ Ẽ, edzɔna, gake nu bubu aɖewo li siwo ŋu wòle be míabu. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe le ahiã dim ame tsitsi bubu la, ele be ame tsitsi la nate ŋu agbe. Ele bɔbɔe wu sã be woable ɖeviwo, woatɔtɔ wo, alo ado ŋɔdzi na wo. Biblia ƒo nu tso ɖeviwo ƒe numanyamanya ŋu. (Lododowo 22:15; Korintotɔwo I, 13:11) Yesu tsɔ ɖeviwo wɔ ɖokuibɔbɔ ƒe numanyamanya ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 18:4; Luka 18:16, 17) Ðevi ƒe numanyamanya fia hã be nuteƒekpɔkpɔ aɖeke kura mele wo si o. Ðeviwo ƒe akpa gãtɔ ʋua wo ɖokui me, wodina be yewoadze ame ŋu, eye esia na ametsitsi si wonya heɖoa ŋu ɖe eŋu si ɖo tame vɔ̃ la te ŋu dɔa wo gbɔ bɔbɔe. Eyata agba le hamea dzi le Yehowa gbɔ be wòakpɔ ɖevi siwo le eme ta.
Ðevi siwo wona hehe nyuie srɔ̃a alesi woaɖo to wo dzilawo, hamemegãwo, kple ame tsitsi bubuwo eye wodea bubu wo ŋu. (Efesotɔwo 6:1, 2; Timoteo I, 5:1, 2; Hebritɔwo 13:7) Anye nu gbegblẽ dovoɖiname be ame tsitsi siawo dometɔ aɖe nawɔ ɖevi ƒe ŋuɖoɖeameŋu ɖekemanyatɔe ŋudɔ able enu alo azi edzi ade gbɔdɔdɔnuwɔnawo me. Amesiwo gbɔ wodɔ alea tsɔa ƒe geɖe wɔa avu be yewoaɖu seselelãmebi si wòdea ame ŋu la dzi. Eyata hamea ahe to na ɖevigbɔdɔla sia vevie ahaɖo asi edzi. Menye eƒe ŋusẽnɔƒe ŋue woatsi dzi ɖo o, ke hamea ƒe dzadzɛnyenye ɖimaƒomaƒoe boŋ ŋue woatsi dzi ɖo.—Korintotɔwo I, 5:6; Petro II, 3:14.
Ne ɖevigbɔdɔla la trɔ dzime le anukwareɖiɖi me la, akpɔ nunya si le Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me adze sii. Ne esrɔ̃ alesi wòalé fu vɔ̃ nyateƒe la, abu nusi wòwɔ la nu vloe eye adze agbagba vevie be yemagawɔ nuvɔ̃ ma ake o. (Lododowo 8:13; Romatɔwo 12:9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ada akpe na Yehowa godoo ɖe Eƒe lɔlɔ̃ gã si wɔnɛ be nuvɔ̃wɔla trɔdzime abe eya ene agate ŋu ade ta agu na mía Mawu kɔkɔe la eye wòakpɔ mɔ be yeanɔ “nuteƒewɔla” siwo anɔ anyigba dzi tegbee la dome.—Lododowo 2:21.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le May, 1, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]
Togbɔ be Yehowa tsɔ kea nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo hã la, woƒe nuwɔnawo me tsonu aɖewo anɔ anyi si nu womate ŋu asi le o