INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 7/1 axa 22-25
  • Agbe si Nɔnɔ Mevem Kpɔ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbe si Nɔnɔ Mevem Kpɔ O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dada ƒe Kpɔɖeŋu Nyui La
  • Dɔwɔwɔ Kple Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi
  • Subɔsubɔ le Betel le Xaxaɣiwo
  • Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Aʋaŋɔli
  • Mɔnukpɔkpɔ Geɖe Siwo me Dzidzɔ Le
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nudzedziname Le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Kaka Ðe Yehowa Dzie Lém Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 7/1 axa 22-25

Agbe si Nɔnɔ Mevem Kpɔ O

ABE ALESI PAUL OBRIST GBLƆE ENE

Le ƒe 1912 me, esime mexɔ ƒe ade la, Dada ku le via atɔ̃lia dziƒe. Anye ƒe eve megbe la, ɖetugbivi aƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Berta Weibel va nɔ míaƒe ƒomea dzi kpɔm. Esi Papa ɖee esi ƒe trɔ, edzɔ dzi na mí viawo be míegakpɔ amesi anye mía dada.

MÍENƆ duvi aɖe si ŋkɔe nye Brugg si le Switzerland ƒe akpa si wodoa Germanygbe le la me. Berta nye Kristotɔ si doa vevie nu, eye melɔ̃a eƒe nya ŋutɔ. Edze Biblia Nusrɔ̃viwo (Yehowa Ðasefowo) ƒe agbalẽ sɔsrɔ̃ gɔme le ƒe 1908 me, eye egblɔa nusi wòsrɔ̃ la na amewo.

Le ƒe 1915 me, esi Papa ɖe Berta vɔ ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mekplɔe ɖo míeva kpɔ “Photo-Drama of Creation” ɖeɖefia. Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃vi Dovevienuwo ƒe nɔnɔmetata kple sinima ɖeɖefia sia wɔ dɔ ɖe nye susu kple dzi dzi vevie. Ewɔ dɔ ɖe ame bubuwo hã dzi. Xɔ si me woɖee le le Brugg yɔ tititi ale gbegbe be kpovitɔwo tu ʋɔtruawo eye wona amesiwo gava ɖe eyome gbugbɔ dzo. Ame geɖe dze agbagba tsɔ aŋutsrɔe be yewoalia fesre aɖe si nɔ ʋuʋu ɖi ato eme age ɖe eme, eye wo dometɔ ʋee aɖewo te ŋu ge ɖe eme.

Dada ƒe Kpɔɖeŋu Nyui La

Xexemeʋa I nu nɔ sesẽm le Europa ɣemaɣi, eye amewo nɔ vɔvɔ̃m ɖe nusi ava adzɔ ŋu. Eyata dɔ nyui aɖee wònye be woanɔ amewo gbɔ yim tso aƒeme yi aƒeme anɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe gbedasi fakɔname la gblɔm na wo, abe alesi Dada nɔ ewɔmee ene. Ɣeaɖewoɣi enaa meyina kplii, eye mesea vivi nɛ ŋutɔ. Le ƒe 1918 me la, Dada te ŋu wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ƒe kpɔɖeŋu to nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime me mlɔeba.

Papa meɖe fu na Dada le eƒe tadedeagu ŋu vaseɖe esime wòxɔ nyɔnyrɔ o, gake le nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, eva nɔ tsitre tsim ɖe eŋu. Gbeɖeka elɔ eƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒu gbe ɖe dzo me. Biblia koe Dada te ŋu ɖe le dzoa me. Gake nusi Dada wɔ ɖe eyome la wɔ mo yaa ŋutɔ. Eyi ɖe Papa gbɔ va kpla asi kɔ nɛ. Melée ɖe dɔme o.

Ewɔ nuku na Papa ale gbegbe be eƒe dzi fa. Gake ne eli la, eƒe tsitretsiɖeŋua gava hona, eye wòhiãna be míanya alesi míanɔ eƒe dzikua nu.

Dɔwɔwɔ Kple Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi

Le ƒe 1924 me, esi mewu ɖawɔdɔ sɔsrɔ̃ ƒe etɔ̃ nu vɔ la, medzo le aƒe eye meva kpɔ dɔ le Switzerland ƒe akpa si wodoa Fransegbe le. Esia na mɔnukpɔkpɔm mesrɔ̃ Fransegbe nyuie. Togbɔ be nye ʋuʋua he nye gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖe megbe vie hã la, nye Biblia me nyateƒea lɔlɔ̃ nu metsi o. Eyata esi megbɔ va aƒe le ƒe ade megbe la, megadze Kristo-hamea ƒe kpekpewo dede gɔme le Brugg.

Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, meyi duvi aɖe si didi kilometa 40 tso mía gbɔ si woyɔna be Rheinfelden la me. Mewɔ dɔ le afima le dadanye ƒe ɖawɔƒe eye medea kpekpewo kple Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si nɔ afima tsɔ nɔ ŋgɔ yimee le gbɔgbɔ me. Esi míenɔ kpakpãm le míaƒe kwasiɖa domedome Biblia nusɔsrɔ̃ me gbeɖeka la, Nɔviŋutsu Soder, hamemegã si kpɔa ƒuƒoƒoa dzi, bia be: “Amekawoe adi be yewoayi gbeadzi Kwasiɖagbe?” Melɔ̃ be mayi kple susu be makplɔ ame aɖe ɖo ne woafia dɔa wɔwɔm.

Esi Kwasiɖagbea ɖo eye míeɖo míaƒe anyigbamamãa me la, Nɔviŋutsu Soder gblɔ be: “Aƒetɔ Obrist awɔ dɔ le afimɛ ɖaa.” Togbɔ be nye dzi metso tititi nenema kpɔ o hã la, medze amewo gbɔ yiyi gɔme le woƒe aƒewo me nɔ nu ƒom na wo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Tso ɣemaɣi dzi la, nyemegahe ɖe megbe kpɔ le gbeƒãɖeɖedɔ si Yesu gblɔ be míawɔ hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu nava la wɔwɔ ŋu o. (Mateo 24:14) March 4, 1934, esi mexɔ ƒe 28 la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ƒe kpɔɖeŋui.

Ƒe eve megbe mekpɔ ɖawɔdɔ le Lugano si nye dugã aɖe le Switzerland ƒe akpa si wodoa Italygbe le. Medze gbeƒãɖeɖe nyanyuia gɔme le afima enumake, togbɔ be nyemese Italygbe boo o hã. Gake hã le Kwasiɖagbe gbãtɔ si mede gbeadzi la, mena agbalẽvi 20 siwo metsɔ ɖe asi la katã. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mete ŋu ƒo ɖetsɔlemetɔ ʋee aɖewo nu ƒu míezu Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo. Mlɔeba la, amesiawo dometɔ aɖewo va xɔ nyɔnyrɔ, eye le February 1937 me míeɖo Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖe Lugano.

Ɣleti eve megbe le April 1937 me, mexɔ lɛta aɖe si trɔ nye agbenɔnɔ kura. Enye amekpekpe be mava subɔ le Betel, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ aɖe me. Melɔ̃ ɖe amekpekpea dzi enumake—nyametsotso si mevem kpɔ o ye wònye. Alea medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si mele wɔwɔm ƒe 60 ye nye esia la gɔme.

Subɔsubɔ le Betel le Xaxaɣiwo

Ɣemaɣi Switzerland Betel nɔ Bern, si nye dukɔa ƒe fiadu. Míetaa agbalẽwo, agbalẽviwo, kple magazinewo ɖe gbegbɔgblɔ 14 me le afima tsɔ ɖona ɖe Europa ƒe afisiafi. Ɣeaɖewoɣi melɔa agbalẽ siwo míeta dea agbatsɔkeke me yia ketekedzeƒe, elabena agbalɔʋu menɔ mía si ɣemaɣi o. Afisi wogblɔ nam be mawɔ dɔ le le Betel zi gbãtɔe nye Nyaɖoɖeɖoɖonu Dɔwɔƒe, afisi míeƒoa lead siwo dzi woŋlɔ nyawo ɖo si wotsɔna taa agbalẽe nu ƒu le. Medidi o meva nɔ dɔ wɔm le amedzroxɔƒe, eye mekpaa ɖa na Betel-ƒomea hã.

Le September 1939 me la, Xexemeʋa II dze egɔme, eye Nazitɔwo ƒe amedzidzedze na ŋɔdzi lé amewo le Europa katã. Switzerland si mede akpa aɖeke dzi le aʋa la me o la nɔ dukɔ siwo kpe aʋa la titina. Gbã la, míeyi míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔa dzi kplamatsedodo manɔmee. Ke July 5, 1940, ŋdɔ ga eve me, esi menɔ kplɔ̃ ŋu le yaxɔƒe la, ame aɖe si mele asrafowu me o va do eye asrafo aɖe si tsɔ tu si nu wode hɛe ɖe asi la nɔ eyome.

Amesi mele asrafowu me o do ɣli be: “Zürcher ɖe?” Franz Zürcher ye nye míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe alɔdze si nɔ Switzerland la dzikpɔla ɣemaɣi.

Mebiae se be: “Magblɔ nɛ be amekae le edim?” Kasia makpɔ wolém he yi dziaƒoe xoxo be makplɔ yewo yi Zürcher ƒe dɔwɔƒee.

Wogblɔ na Betel-ƒomea me tɔwo katã—míade ame 40 ɣemaɣi—be míava ƒo ƒu ɖe nuɖuƒexɔ me. Woda mɔ̃tu ene ɖe xexea be woatsɔ ado vɔvɔ̃ na míi be ame aɖeke megasi o. Asrafo siwo ade 50 ge ɖe xɔa me nɔ nuwo me kam le xɔa me. Wosusu be yewoakpɔ nane si afia be Yehowa Ðasefowo hã le eme wole asrafodɔwɔwɔ ƒe dzi ɖem le amewo ƒo, gake womeke ɖe naneke ŋu nenema o. Ke hã wozi agbalẽ gbogbo aɖe dzi sesẽe lɔ de asrafowo ƒe ʋu atɔ̃ me tsɔ dzoe.

Esi míegbe be dziɖuɖumegãwo megato Gbetakpɔxɔ me aɖe nya siwo menyo na wo o le eme o ta la, míedzudzɔ etata le Switzerland. Efia be ame sɔgbɔ megahiã le Betel o, eye wode dzi ƒo na ƒomea me tɔ siwo metsi fũ o be woadzo aɖawɔ mɔɖelawo ƒe dɔ, si nye alesi Yehowa Ðasefowo yɔna na amesiwo tsɔa woƒe ɣeyiɣiwo katã wɔa gbeƒãɖeɖedɔe.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Aʋaŋɔli

Le July 1940 me, megbugbɔ va Switzerland ƒe akpa si wodoa Italygbe le si tsɔ ɖe Lugano, afisi menɔ hafi va Betel, gbɔ. Anyigbamamã sia si nye Katolikotɔwo nɔƒe sesẽ aɖe si nɔ Fasitɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi hã te ɣemaɣie va zu afisi mewɔ nye mɔɖeɖedɔ le.

Ƒã hafi zã mado si kpovitɔwo matɔ tem agblɔ nam be madzudzɔ gbeƒãɖeɖe o. Gbeɖeka esi menɔ nu ƒom na nyɔnu aɖe le abɔ aɖe ƒe agbo nu la, ŋutsu aɖe si mele asrafowu me o to megbenye lém kplɔ de kpovitɔwo ƒe ʋu me eye wòkum yi Lugano. Esi míeɖo la, etsɔm de asi na kpovitɔwo. Esi wobia gbem la, meɖe eme na wo be Yehowa Mawu ye ɖe gbe na mí be míaɖe gbeƒã.

Kpovitɔa gblɔ dadatɔe be: “Anyigba dzi afisia ya míawoe ɖea gbe. Mawu ate ŋu anɔ gbe ɖem le dziƒo faa!”

Le aʋaŋɔlia la, ehiã vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be ‘míadze aye abe dawo ene gake míadza abe ahɔ̃nɛwo ene’ la dzi. (Mateo 10:16) Eyata meɣlaa nye agbalẽwo ƒe akpa gãtɔ ɖe nye dziwui ƒe kotoku emetɔwo me. Eye be magabu naneke o la, medoa takpui gã si ƒe nu gbɔ mia ɖe klo nyuie.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wogblɔ nam be mayi Engadine-bali me, afisi kpovitɔwo nɔa nyayem ɖe enu eye nye hã menɔa sisim le wo nu le. Teƒe sia nye Switzerlandtɔwo ƒe Alps-towo ƒe bali dzeani aɖe me, afisi sno dzana xɔa anyigba ŋkume katã le vuvɔŋɔliwo, eyata mena wotsɔ nusiwo wodea afɔkpa te hafi zɔna le sno dzi ɖo ɖem be matsɔ anɔ anyigbamamã la ƒe teƒeteƒewo yimee.

Asiwui siwo me xɔ dzo hiã vevie ne èdo nusi wodea afɔkpa te tsɔ zɔnae le sno dzi le vuvɔŋɔli. Esi menɔa tɔnye zãm ɣesiaɣi ta la, eva nɔ vuvum. Kpɔ alesi mekpɔ dzidzɔe gbeɖeka ɖa esi mexɔ nubablɛ aɖe to posu me si me vuvɔmewu si wotɔ kple asi kple asiwui siwo léa dzoxɔxɔ la le! Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖee tɔ wo le hame si me menɔ tsã le Bern me. Vaseɖe egbegbe ne megabu eŋu la, medaa akpe ɖe eta.

Mɔnukpɔkpɔ Geɖe Siwo me Dzidzɔ Le

Esi nuwo va nɔ kakam ɖe eme le Switzerland le ƒe 1943 me la, wogayɔm va Betel ake. Le kuxi aɖewo siwo nɔ Fransegbe hame si le Lausanne si gbɔ didi kilometa 100 tso mía gbɔ me ta la, wode dɔ asi nam be manɔ du ma me yim edziedzi anɔ kpekpem ɖe gbeƒãɖelawo ŋu be nukpɔsusu si sɔ nanɔ wo si ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ŋu.

Emegbe mezu Switzerland Fransegbe hamewo katã ƒe nutome sue dzikpɔla. Le kwasiɖaa ƒe gɔmedzedze la, mewɔa dɔ le Betel, gake metsɔa Fiɖa, Memleɖa, kple Kwasiɖa srãa hame aɖe kpɔe kwasiɖa sia kwasiɖa bene makpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, esi woɖo Fransegbe hame ɖe Bern le ƒe 1960 me la, mezu woƒe dzikpɔla zimenɔla. Mewɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia vaseɖe ƒe 1970 me, esime woʋu Betel la tso Bern tsɔ yi eƒe nɔƒe dzeani si wòle fifia le du si nye Thun me.

Edzɔ dzi nam be meke ɖe Ðasefo siwo doa Italygbe ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe ŋu le Thun, eye meva nɔ dɔ wɔm kple wo. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, woɖoe hamee, eye menye eƒe dzikpɔla zimenɔla, eye mewɔ dɔ sia ƒe geɖe vaseɖe esime nɔviŋutsu siwo nye ɖekakpuiwo dze na agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ.

Nusi koŋ mebu be enye mɔnukpɔkpɔ si doa dzidzɔ nam wue nye Yehowa ƒe amewo ƒe dukɔwo dome takpekpewo dede. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1950 me, wowɔ Teokrasi ƒe Dzidziɖedzi Takpekpe le Yankee Stadium, New York. Tsaɖiɖi de Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, tsi ŋku dzi nam si nyemaŋlɔ be akpɔ o. Nyemaŋlɔ Nɔviŋutsu Milton G. Henschel ƒe nuƒo si wòƒo le ƒe si kplɔe ɖo me le Tadedeagu Dzadzɛ Takpekpe si wowɔ le London, England, si me wokɔ nya siwo Yesu gblɔ be, “Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli” me la be akpɔ o. (Luka 19:40) Nɔviŋutsu Henschel bia be, “Miesusu be kpewo ado ɣlia?” Megasea ame akpe geɖe siwo ɖo eŋu sesĩe be, “Ao!” la le tome kokoko.

Esi meyi Betel le ƒe 1937 me eye fofonye se be kotokumega sue aɖe ko míexɔna la, etsɔ dzitsitsi bia be, “Vinye, ke aleke nègbɔna wɔwɔ ge le wò tsitsime?” Meyɔ nya siwo hakpala Dawid gblɔ tsɔ ɖo nya ŋui nɛ be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Psalmo 37:25) Nya siawo va eme nam nyateƒe.

Aleke wòdzɔa dzi nam enye esi be ƒe 80 kple edzivɔe nye esia la, Berta Weibel ɖe Papa eye eƒe kpɔɖeŋu kple mɔfiafia na meva nya Yehowa kple eƒe nɔnɔmewo! Togbɔ be ƒomea me tɔ susɔeawo ɖua fewu le eŋu hã la, esubɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me vaseɖe eƒe kuɣi le ƒe 1983 me. Mevee kpɔ be yesubɔ yeƒe Mawu, Yehowa, o; eye nye hã mevem kpɔ be menye tre le agbe me katã eye metsɔ nye agbe katã ɖo anyi na Yehowa subɔsubɔ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dɔwɔwɔ le Betel

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe