Ðoɖowɔwɔ Ðe Etsɔme Ŋu Na Míaƒe Lɔlɔ̃tɔwo
ANNIE ƒe ŋutinya wɔnublanui aɖe dze le Afrika nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me nyitsɔ laa. Annie srɔ̃ nye asitsalagã aɖe. Eku le ƒe 1995 me eye nusiwo wògblẽ ɖe megbe nye ʋu 15; ga le gadzraɖoƒe geɖe; ga ŋutɔ si ade $4,000 (U.S.); fiase ɖeka; ahadzraƒe; aƒe si me xɔdɔme etɔ̃ le. Domenyinumãgbalẽ koe megblẽ ɖi o.
Woka nya ta be Annie srɔ̃a nɔviŋutsu va xɔ nunɔamesiawo kple ga la eye wònyã eya kple via ade le woƒe aƒea me. Esi naneke megale eya kple viawo si o ta la, foa gbɔe wova le fifia. Eva hiã be ɖeviawo dometɔ ene nadzudzɔ suku, le esi ga meli woaxe sukufe alo atɔ sukuwu o ta.
Annie tsɔ nya la yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ aɖee, eye wotso nya me be ele be woatrɔ nunɔamesiawo ƒe ɖe nɛ, hekpe ɖe ʋu ɖeka ŋu. Gake wometrɔ naneke nɛ o. Ele nɛ be wòagayi ʋɔnudrɔ̃ƒea be wòaxɔ segbalẽ si aƒoe ɖe srɔ̃a nɔviŋutsua nu be wòawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔa ƒe nyametsotsoa dzi.
Nukatae Nàbu Ku Ŋu?
Annie ƒe ŋutinya fia nusi ate ŋu adzɔ ne ƒomea ƒe ta mewɔ ɖoɖo da ɖi hafi ɖewohĩ wòva ku o. Amegbetɔwo ‘gblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo’ le kugbe. (Psalmo 49:11) Gakpe ɖe eŋu la, kukuawo mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe nusi wotsɔ woƒe nunɔamesiwo le wɔwɔm dzi o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Ne ame aɖe akpɔ nya aɖe agblɔ le eƒe nunɔamesiwo ŋu la, ke ele be wòawɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu hafi aku.
Togbɔ be mí katã míenya be míate ŋu aku kpata hã la, ame geɖe doa kpo ɖoɖowo wɔwɔ da ɖi na woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo gale agbe. Togbɔ be míaƒe numedzodzroa ahe susu ayi Afrika-nuto aɖewo me tɔwo dzi hã la, kuxi mawo tɔgbe le xexeame ƒe akpa bubuwo hã.
Ne àwɔ ɖoɖo ɖe wò nunɔamesiwo mamã ŋu hafi ɖewohĩ nàva ku loo alo màwɔe o la, nye wò ŋutɔ wò nya. (Galatiatɔwo 6:5) Gake ame aɖe abia be, ‘Nukatae ne ŋutsu le agbe la meƒoa asi le srɔ̃a kple viawo ŋu o eye wòléa be na wo gake mewɔa ɖoɖo aɖeke ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu hafi ɖewohĩ wòava ku o?’ Susu vevi ɖeka si tae nye be mía dometɔ akpa gãtɔ míedina be míasusu be míate ŋu ava ku o, kaka míayi ɖoɖo wɔ ge ɖe ku ŋu o. Le nyateƒe me la, míate ŋu anya míaƒe kugbe do ŋgɔ o, abe alesi Biblia gblɔ ene be: “Mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; . . . Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke mienye.”—Yakobo 4:14.
Nunya le eme be woawɔ ɖoɖo da ɖi hafi ɖewohĩ woava ku. Enye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia amesiwo gale agbe. Ne míewɔ ɖoɖo ɖe míaƒe nuwo ŋu o la, ame bubuwo awɔe na mí. Ðewohĩ amesiwo míedo go kpɔ o ava tso nya me le míaƒe nunɔamesiwo kple kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖowo ŋu. Le nɔnɔme mawo me le dukɔ aɖewo me la, Dziɖuɖuae atso nya me le amesi axɔ míaƒe ga kple nunɔamesiwo ŋu. Ƒometɔwoe tsoa nya me le teƒe aɖewo eye zi geɖe la, dzrehehe si na fuléle va nɔa ƒomea me la kpena ɖe eŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ nyametsotso siwo woava wɔ ato vovo sasasã tso nusi míedi gbɔ.
Nunɔamesiwo Xɔxɔ Akpasesẽtɔe
Ahosiae kpea fu wu ne srɔ̃a ku. Tsɔ kpe ɖe konyifafa le srɔ̃a ƒe ku ta ŋu la, zi geɖe woxɔa nunɔamesiwo le esi akpa sesẽe. Nusiae dzɔ le Annie gome míegblɔ do ŋgɔ. Nusiwo gbɔ wòtso ta woxɔa nunɔamesiwo akpa sesẽe la dometɔ aɖe ate ŋu atso alesi wobua srɔ̃nyɔnuwoe gbɔ. Womebua srɔ̃nyɔnu le nuto aɖewo me be enye srɔ̃ŋutsua ƒe ƒomea ƒe akpa aɖe o. Wobunɛ be enye ame tutɔ si ate ŋu agatrɔ ayi eƒe ƒomeawo gbɔ alo aɖe srɔ̃ le ƒome bubu me. Ke wobunɛ be ŋutsua nɔviŋutsuwo, nɔvianyɔnuwo, kple edzilawo magblẽe ɖi akpɔ o. Ne wòku la, eƒe ƒometɔwo bunɛ be nusi nye etɔ la nye yewo hã tɔ, ke menye srɔ̃a kple viawo tɔ o.
Srɔ̃ŋutsu siwo megblɔa woƒe nya veviwo na wo srɔ̃wo o la dea nukpɔsusu sia dzi. Mike dzroa eƒe dɔwɔnyawo me kple nɔviaŋutsuwo ko. Wonya nu tso eƒe ganyawo ŋu, gake srɔ̃a menya nu tso wo ŋu boo o. Esi wòku la, nɔviaŋutsuwo va nɔ fe aɖe si fetɔ aɖe ava xe na srɔ̃ŋutsua la biamee. Nyɔnua menya naneke tso eŋu gɔ̃ hã o. Emegbe woxɔ fotokɔpimɔ̃wo kple agbalẽŋlɔmɔ̃ siwo srɔ̃a ƒle nɛ la le esi. Mlɔeba la, ŋutsua nɔviŋutsuwo va ɖo tɔ ɖe aƒea kple nusianu dzi. Wozi ahosi sia kple vianyɔnuvi sue dzi be woadzo, eye woƒe nudodowo koe wotsɔ dzoe.
‘Ame Evea Woazu Ŋutilã Ðeka’
Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo lɔ̃a wo srɔ̃wo eye wobua wo be wodze be woaka ɖe wo dzi. Ŋutsu siawo xɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa de eme be: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” Ŋutsu siawo lɔ̃ ɖe nya si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me dzi be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka.”—Efesotɔwo 5:28, 31.
Srɔ̃ŋutsu mawuvɔ̃lawo lɔ̃ ɖe nya si Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ dzi be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose sia la, ne srɔ̃ŋutsu Kristotɔ ɖoe be yeazɔ mɔ didi aɖe la, akpɔ egbɔ be wokpɔ yeƒe ƒomea me tɔwo dzi le ye megbe. Ðe susu mele eme be awɔ ɖoɖo nenema ke ɖe srɔ̃a kple viawo ŋu ada ɖi hafi ɖewohĩ wòava ku oa? Menye ɖeko nunya le eme be woanɔ dzadzraɖoɖi na dzɔgbevɔ̃e ɖiɖeamewo o ke enye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia hã.
Kunuwɔwɔ Kɔnuwo
Nya sia ƒe akpa aɖe hã li si ŋu wòle be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo nabu. Tsɔ kpe ɖe ahosi ƒe konyifafa le srɔ̃a ƒe ku ta, nunɔamesiwo xɔxɔ le esi, kple ɖewohĩ viawo gɔ̃ hã xɔxɔ le esi ŋu la, nuto aɖewo me tɔwo gaƒonɛ ɖe enu be wòawɔ aho. Nigeria ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian fa konyi be le teƒe aɖewo la, kɔnua bia be ahosia namlɔ xɔ doviviti ma ke me kple srɔ̃a kukua. Le teƒe bubuwo la, womeɖea mɔ na ahosiwo be woado go le woƒe aƒewo me o hena ɣleti ade kloe. Le ɣeyiɣi mawo me la, mele be woale tsi o, eye mɔ meli be woaklɔ asi hafi aɖu nu loo alo le eɖuɖu vɔ megbe gɔ̃ hã o.
Kɔnu mawo tɔgbe nyea kuxi vevietɔ na Kristotɔ ahosiwo. Woƒe didi be yewoadze Mawu ŋu ʋãa wo be woaƒo asa na kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. (Korintotɔwo II, 6:14, 17) Ðewohĩ woate ŋu ati ahosi yome le kɔnu siawo dzi mawɔmawɔ ta. Ðewohĩ ahiã be wòasi le eƒe agbe ta gɔ̃ hã.
Nuwɔwɔ le Se Nu
Biblia gblɔ nunyatɔe be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lododowo 21:5) Ðoɖo kawoe ƒomea ƒe ta ate ŋu awɔ? Le nuto akpa gãtɔ me la, wote ŋu wɔa domenyinumãgbalẽ alo agbalẽ aɖe si me wogblɔ alesi ame adi be woamã yeƒe nuwo ne yeku la ɖo. Ðoɖowɔwɔ ɖe kunu ŋu ƒe nyawo hã ate ŋu anɔ eme. Woate ŋu atɔ asi nusiwo wòle be ame srɔ̃ nawɔ (alo nusiwo mele be wòawɔ o) le kunuwɔwɔ kple konyifafa kɔnuwo gome dzi.
Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Leah srɔ̃a ku le ƒe 1992 me. Egblɔ be: “Vi atɔ̃e le asinye—nyɔnuvi ene kple ŋutsuvi ɖeka. Srɔ̃nyea dze dɔ ɣeyiɣi aɖe hafi ku. Gake hafi wòadze dɔ gɔ̃ hã la, ewɔ agbalẽ si me wògblɔ le be yedi be woatsɔ yeƒe nunɔamesiwo katã ana nye kple mía viwo. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye nugblẽfexexega, agbledenyigba, lãnyinyiwo, kple aƒe ɖeka. Ede asi domenyinumãgbalẽa te eye wòtsɔe nam. . . . Le srɔ̃nye ƒe ku megbe la, ƒometɔwo di be yewo hã yewoaxɔ eƒe nuwo ƒe ɖewo. Mena wose egɔme be srɔ̃nye ŋutɔ ƒe gae wòtsɔ ƒle agbledenyigba lae eye womekpɔ mɔ axɔ naneke o. Esi wokpɔ domenyinumãgbalẽ si wòŋlɔ la, woda asi ɖe edzi.”
Numedzodzro Kple Ƒometɔwo
Kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa ne womegblɔ ame ƒe dzixɔsewo kple nudidiwo na ƒometɔwo o. Bu ŋutsu aɖe si ƒe ƒometɔwo te tɔ ɖe edzi be woaɖii ɖe kɔƒea me le afima ƒe kɔnuwo nu ŋu kpɔ. Esi ahosia kple viawo ƒe agbe ɖo afɔku me la, eva hiã be woaɖe asi le ŋutsua ƒe kukua ŋu na eƒe ƒometɔwo. Nyɔnua fa konyi be: “Nenye ɖe srɔ̃nyea gblɔ alesi wòdi be woaɖi ye na nyruiawo alo nɔviawo dometɔ ɖeka teti hã la, anye ne ƒomea me tɔwo mete tɔ ɖe woƒe kunuwɔwɔ kɔnuwo dzi o.”
Le teƒe aɖewo la, ɖoɖo siwo wogblɔ kple nu wɔa dɔ abe esi wode agbalẽ me ke ene. Nenemae wòle le Swaziland ƒe akpa aɖewo, afisi ame geɖe ƒe dzixɔsewo de kunuwɔwɔ kple konyifafa kɔnuwo dzi le. Esi ŋutsu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Isaac nya esia ta la, ewɔ kpekpe kple eƒe ƒometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o, eye woƒo nu tso nusi wòdi be woawɔ ne yeku ŋu. Egblɔ amesiwo axɔ nunɔamesi tɔxɛ aɖewo la na wo, eye eɖe alesi woawɔ eƒe kunua me na wo eme kɔ. Le eƒe ku megbe la, nuwo yi pɛpɛpɛ abe alesi wòdii ene. Woɖi Isaac abe alesi woɖia Kristotɔwo ene, eye wokpɔ srɔ̃a dzi nyuie.
Kpɔ Wò Ƒomea Ta
Nusi nàwɔ atsɔ akpɔ wò ƒomea ta hafi ava ku la kpo ɖe gbɔwò, gake Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Edward gblɔ be: “Kugbe ŋuti nugblẽfexexe ƒe ɖoɖo le asinye le ame enyi siwo le nye ƒomea me ƒe ŋkɔ me. Srɔ̃nye hã dea asi agbalẽ te xɔa ga le nye gadzraɖoƒega me. Eyata ne meku la, ate ŋu aɖe ga le ga ma me. . . . Mewɔ domenyinumãgbalẽ ɖe nye ƒomea ƒe ŋkɔ me. Ne meku la, nusianu si magblẽ ɖi la anye srɔ̃nye kple vinyewo tɔ. Ƒe atɔ̃e nye sia si mewɔ domenyinumãgbalẽ la. Senyala aɖee wɔe, eye eƒe ɖe le srɔ̃nye kple vinyeŋutsua si. Megblɔe kã le nye domenyinumãgbalẽa me be nye abɔlegbeƒometɔwo mekpɔ mɔ atso nya me le nye kunu ŋu o. Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔe menye. Eyata ne Ðasefo ɖeka alo eve pɛ ye va nye kunuwɔƒe hã la, esɔ gbɔ. Medzro nya sia me kple nye abɔlegbeƒometɔwo.”
Le susu aɖe nu la, ɖoɖo mawo tɔgbe wɔwɔ nye nu nana wò ƒomea. Ele eme baa be ɖoɖowɔwɔ ɖe ku ŋu mele abe tsokolet alo seƒoƒo babla nana ame ene o ya. Gake eɖe wò lɔlɔ̃ fia. Enye kpeɖodzi be èdi be ‘yealé be na ye ŋutɔ yeƒe ƒometɔwo’ ne yemegale wo gbɔ o gɔ̃ hã.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]
Yesu Wɔ Ðoɖo ɖe Dadaa Dzi Kpɔkpɔ Ŋu
“Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe [fuwɔameti] la gbɔ. Eye esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔ̃la, si wòlɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si! Emegbe la egblɔ na nusrɔ̃la ma bena: Kpɔ ɖa, dawòe nye si! Eye tso gaƒoƒo ma ke dzi la nusrɔ̃la [Yohanes] kplɔ eyama yi ye ŋutɔ ƒe me.”—Yohanes 19:25-27.
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Kristotɔ geɖe bua woƒe ƒomewo ŋu wɔa afɔɖeɖewo le se nu tsɔ kpɔa wo ta