INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 5/1 axa 3-4
  • Amekae Wɔ Wo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Wɔ Wo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa—Amekae Wònye?
    Yehowa—Amekae Wònye?
  • Amekae Ate Ŋu Agblɔe Na Mí?
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Kafu Aɖaŋunu La Srɔ̃ Nu Tso Aɖaŋuwɔla La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Alesi Míawɔ Anya Be Mawu Li
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 5/1 axa 3-4

Amekae Wɔ Wo?

ESI ƒe alafa 19 lia me Franseawo ƒe anyigbayeyedila Henri Mouhot nɔ mɔ dzam to avetsu aɖe me le Cambodia la, eva ke ɖe tsiʋe gã aɖe si woɖe ƒo xlã gbedoxɔ aɖe ŋu. Tso afisi wòtsi tre ɖo si ade kilometa ɖeka kloe tso gbedoxɔa gbɔ la, ekpɔ gbedoxɔa ƒe xɔ tsrala atɔ̃ wokɔ yi yame ʋĩ wu meta 60. Buddhatɔwo ƒe Gbedoxɔ si le Angkor ye, eye eyae nye subɔsubɔhawo ƒe ŋkuɖodzixɔ si lolo wu ɖesiaɖe le xexeame katã. Yame ƒe tɔtrɔwo ɖe fu nɛ wu ƒe alafa adre hafi Mouhot va ke ɖe eŋu.

Esi Mouhot kpɔ xɔ siawo siwo ŋu adru xɔ keŋ la, enya zi ɖeka be amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔe. Eŋlɔ be: “Xɔ sia si blematɔ aɖe si ƒe tagbɔ aɖaŋu le abe Michelangelo ene tu la lolo wu xɔ bubu ɖesiaɖe si Hela alo Roma tɔwo gblẽ ɖi míeva tu.” Togbɔ be ƒe alafa geɖee nye ma si ame aɖeke megade nu eme na xɔ dzeani mawo kpɔ o hã la, ɖikeke mele eme o be aɖaŋuwɔla aɖe ƒe asinudɔe.

Enyo be míade dzesii be nunyagbalẽ aɖe si woŋlɔ ƒe alafawo va yi hã zã nuŋububu sia tɔgbe ke tsɔ ɖe nusita wòle be xexe si me míele la nanye Aɖaŋuwɔla aɖe ƒe asinudɔ mee. Ame aɖe kokokoe awɔe. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Aƒe sia aƒe la amee tunɛ, ke amesi wɔ nuwo katã la, eyae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4, NW) Ame aɖewo malɔ̃ ɖe kpɔɖeŋu sia dzi o eye woagblɔ be: ‘Dzɔdzɔme ƒe nuwɔwɔ to vo na amegbetɔ tɔ wɔwɔ.’ Gake menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katãe lɔ̃ ɖe tsitretsiɖeŋunya ma dzi o. Esi Michael Behe si nye lãmetsi siwo me agbeŋusẽ le ƒe dɔwɔwɔ ŋuti nufialagã le Lehigh Yunivɛsiti lɔ̃ ɖe edzi be “menye nu kukuwoe nuwɔwɔ siwo ƒe lãmetsi me agbeŋusẽ wɔa dɔ le nye o” vɔ la, ebia be: “Ðe wòanye amesi si susu le ye wɔ nuwɔwɔ siwo me agbeŋusẽ wɔa dɔ lea?” Eyi edzi gblɔ be fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le asitɔtrɔ veviwo wɔm le nugbagbewo me to mɔnuwo abe nugbagbewo ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ ene me. Eme kɔ ƒã be woate ŋu awɔ nugbagbewo kple nusiwo me agbe mele o eye woate ŋu atrɔ wo ɖe aɖaŋu bubu nu hã! Le numekuku yi eme ʋĩ le lãmenugbagbevi siwo le suesue ŋutɔ ŋu me la, Behe ƒo nu tso nu vovovo siwo wɔa dɔ ɖekae eye akpa vovovo siwo mete ŋu wɔa dɔ nɔvia manɔmee o la ŋuti. Aleke wòƒo nya tae? “Agbagba siawo katã si wodze be woaku nu me le lãmenugbagbevi ŋu—be woanya alesi agbekui suetɔ kekeake wɔa dɔe—la le gbeƒã si me kɔ ɖemee bobobo be ‘ame aɖee wɔ eƒe aɖaŋu!’”

Dziƒonuwo kple dzɔdzɔmese ŋutinunyalawo hã lé ŋku ɖe anyigba kple xexeame godoo ŋu eye woawo hã gblɔ nyateƒe wɔnuku aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, fifia wonyae be ne wowɔ tɔtrɔ vi aɖe pɛ ko le akɔnta matrɔmatrɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe xexeame dzi dometɔ aɖe me la, naneke mate ŋu anɔ agbe le xexeame godoo o.a Dziƒonuwo ŋutinunyala Brandon Carter yɔ nyateƒe wɔnuku siawo be wonye nudogoɖenunu wɔnukuwo. Gake ne èdo go nudogoɖenunu gbogbo aɖewo siwo dome ƒomedodo kplikplikpli le siwo gɔmesese do viviti ɖe wò la, ɖe mawɔ na wò teti be ke ame aɖe ɖo wo nenema oa?

Nyateƒee, Aɖaŋuwɔla aɖee wɔ nusiwo ƒe dɔwɔwɔ do ƒome kplikplikpli kple wo nɔewo kple “nudogoɖenunu” siawo siwo wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ la. Amekae? Nufialagã Behe lɔ̃ ɖe edzi be “anye nu sesẽ ŋutɔ be woazã dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe mɔnuwo atsɔ ake ɖe aɖaŋuwɔla la ŋui,” eye wògblẽe ɖe “xexemenunyalawo kple mawunyafialawo” si me be woadi ŋuɖoɖo nɛ kpɔ. Ðewohĩ awɔ na wò be nya sia meka ye o. Gake ne èxɔ nubablɛ aɖe si me nusianu si hiã wò le la, ɖe màdi be yeanya amesi ɖoe ɖe wò oa?

Le kpɔɖeŋumɔ nu la, ɖeko nya la sɔ kple alesi míaxɔ nubablɛ ma tɔgbe aɖe ene—nubablɛ si me nunana wɔnuku siwo na míete ŋu le agbe eye míesea vivi na agbe le. Nubablɛ mae nye míaƒe anyigba la, kple agbeléɖetenu wɔnuku siwo le edzi. Ðe mele be míadi be míanya amesi na nusiawo mí oa?

Dzidzɔtɔe la, nubablɛa Ðoɖala la tsɔ nuŋɔŋlɔ aɖe kpe ɖe eŋu. “Nuŋɔŋlɔ” mae nye blema nunyagbalẽ si me míeyɔ nya tsoe va yi—Biblia la. Nya gbãtɔ siwo wotsɔ dze Biblia gɔmee yɔ amesi ɖo nubablɛa ɖe mí la kpuie eye eme kɔ ale gbegbe, be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—Mose I, 1:1.

Woyɔ Wɔla la ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le eƒe “nuŋɔŋlɔ” la me be: “Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, . . . amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le edzi, . . . gblɔ esi.” (Yesaya 42:5, míawoe te gbe ɖe edzi.) Ẽ, Yehowa ye nye Mawu si wɔ xexeame katã eye wòwɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ɖe anyigba dzi la ƒe ŋkɔ. Gake amekae nye Yehowa? Mawu ka ƒomevie wònye? Eye nukatae wòle be anyigbadzidukɔwo katã naɖo toe?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a “Akɔnta matrɔmatrɔwo” nye nu ɖoɖi siwo dze abe wometrɔna le xexeame godoo o ene. Eƒe kpɔɖeŋu evee nye kekeli ƒe duƒuƒu kple ƒomedodo si le anyigba alo dziƒonuwo ƒe nuheŋusẽ kple nuwo ƒe kpekpeme dome.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Amewoe tu Buddhatɔwo ƒe Angkor Gbedoxɔ la

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ne èxɔ nunana aɖe la, màdi be yeanya amesi ɖoe ɖe wò oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe