Dzɔdzɔenyenye Na Amewo Katã—Mlɔeba
“Míadze agbagba aɖo to amesiwo nuvevi wɔ la ƒe gbe, . . . amesiwo tsi dzimaɖi la ƒe gbe, amesiwo ƒo dzi ɖe le le esi womeɖoa to wo o la ƒe gbe . . . le mɔ yeyewo nu. Nusi susɔe nye be míana agbe naɖo nusi sea gblɔ la ŋu: míakpɔ egbɔ azɔ be esi wodzi amesiame kple bubu sɔsɔe le Mawu ŋkume la, wodzi amesiame kple bubu sɔsɔe le amegbetɔwo ŋkume.”—U.S. Dukplɔla Richard Milhous Nixon ƒe nuƒo si wòƒo esi wole eɖom zi dzi le January 20, 1969, dzi.
FIAWO, dukplɔlawo, kple dumegãwo ƒe tatɔwo lɔ̃a nuƒoƒo tso dzɔdzɔenyenye ŋuti ne wole wo ɖom zi dzi. Nenema tututue Richard Nixon, United States ƒe dukplɔla tsãtɔ, hã wɔe. Gake ne míelé ŋku ɖe eƒe nya ʋãmeawo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe le ŋutinya me nudzɔdzɔ nu la womegawɔa dɔ si dze bubu o. Togbɔ be eɖe adzɔgbe be ‘yeana agbe naɖo sea ŋu’ hã la, wokpɔe emegbe be Nixon da le sea dzi eye wòzi edzi be wòaɖe asi le dɔ ŋu. Le ƒe blaetɔ̃ megbe la, ‘amesiwo nuvevi wɔ, amesiwo tsi dzimaɖi, kple amesiwo ƒo dzi ɖe le’ la ƒe gbe yi edzi le ɖiɖim sesĩe be woaɖo to yewo.
Abe alesi dukplɔla geɖe siwo si susu nyui le de dzesii ene la, gbeɖiɖi mawo sese ahakpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ menye dɔ bɔbɔe o. ‘Dzɔdzɔenyenye na amesiame’ va nye taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo sesẽ ŋutɔ. Ke hã ƒe alafa nanewoe nye si va yi la, wodo ŋugbe aɖe si ŋu wòle be míalé ŋku ɖo—dzɔdzɔenyenye ŋuti ŋugbedodo tɔxɛ aɖe.
Mawu do ŋugbe na Eƒe amewo to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be yeaɖo “dɔla” aɖe si ye ŋutɔ yeatia ɖe wo. Yehowa gblɔ na wo be ‘Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne wòahe dzɔdzɔenyenye ayi na dukɔwo.’ (Yesaya 42:1-3) Amegbetɔ dziɖula aɖeke mate ŋu aƒu asi akɔ agblɔ nya gã ma be yeahe dzɔdzɔenyenye ayi dukɔ ɖesiaɖe me tegbee o. Ðe míate ŋu axɔ ŋugbedodo sia dzi asea? Ðe woate ŋu aɖo taɖodzinu wɔnuku ma gbɔ gbaɖegbea?
Ŋugbedodo si Dzi Míate Ŋu Aka Ðo
Ne ŋugbedodo aɖe anye ŋugbedodo nyui la, ke ɖe edola nye ame nyui ko hafi. Le nya sia me la, menye ame bubu aɖekee gblɔe be yeƒe “dɔla” ana dzɔdzɔenyenye anɔ xexea katã me tsɔ wu Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Yehowa medoa ŋugbe dzro ko abe dunyahelawo ene o. Biblia na kakaɖedzi mí be ‘Mate ŋu aka aʋatso o.’ (Hebritɔwo 6:18) Mawu gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.”—Yesaya 14:24.
Mawu ƒe “dɔla” si wòtia, Yesu Kristo, ŋuti nuŋlɔɖi si li na ŋusẽ ɖo kakaɖedzi si le mía si ku ɖe ŋugbedodo ma ŋu. Ele na amesi ahe dzɔdzɔenyenye avɛ la be wòalɔ̃ dzɔdzɔenyenye eye wòawɔ nu dzɔdzɔe. Yesu ɖee fia kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe be yenye amesi ‘lɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye yelé fu madzɔmadzɔnyenye.’ (Hebritɔwo 1:9) Nusiwo wògblɔ, alesi wònɔ agbee, kple alesi wòkui kura gɔ̃ hã, katã ɖo kpe edzi bena ame dzɔdzɔe wònye nyateƒe. Le Yesu ƒe kuɣi la, Roma-srafomegã aɖe si anye be ekpɔ gbebiabia Yesu kple ewuwu teƒe, eye nusi teƒe wòkpɔ la ʋãe wògblɔ be: “Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.”—Luka 23:47.
Le Yesu ŋutɔ ƒe nudzɔdzɔewɔwɔ megbe la, etsi tre ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ si bɔ ale gbegbe le eŋɔli me la ŋu. Mewɔ esia to agbagbadzedze be yeamu dziɖuɖu alo adze aglã ɖe eŋu dzi o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye vavãtɔ fiafia amesiame si aɖo toe la dzi. Eƒe Todzimawunya la nye numeɖeɖe nyuitɔ kekeake tso alesi woatsɔ dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ade nuwɔna mee la ŋu.—Mateo, ta 5-7.
Yesu wɔ nusi wòfia la dzi. Medo vlo Yudatɔwo dome anyidzela nublanuitɔwo “amesiwo ŋu womekaa asi o” la o. Ke boŋ eƒo nu kpli wo, eka asi wo ŋu, eye wòyɔ dɔ wo kura gɔ̃ hã. (Marko 1:40-42) Amesiwo katã wòdo goe, hiãtɔwo kple amesiwo dzi nu te ɖo la sia, ƒe nya nɔ vevie nɛ. (Mateo 9:36) Egblɔ na wo be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28.
Ƒo wo katã ta la, Yesu meɖe mɔ madzɔmadzɔnyenye si ƒo xlãe la nagblẽe alo naɖu dzi nɛ o. Meɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe gbeɖe o. (Petro I, 2:22, 23) Esime wònɔ veve helĩhelĩ sem kura gɔ̃ hã la, edo gbe ɖa na eƒe dziƒo Fofoa ɖe asrafo mawo siwo hee ɖe ati ŋu la ta. Eɖe kuku be, “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o.” (Luka 23:34) Vavãe, Yesu ‘na dukɔwo nya nusi dzɔdzɔenyenye nye kɔtee.’ (Mateo 12:18) Kpeɖodzi si lolo wu kae gale mía si be Mawu di be yeana xexe si me dzɔdzɔenyenye le nava tsɔ wu eya ŋutɔ Via ƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo ɖi la?
Woate Ŋu Aɖu Madzɔmadzɔnyenye Dzi
Amesiwo ƒe agbenɔnɔ ŋutɔ nye kpeɖodzi si fia be woate ŋu aɖu madzɔmadzɔnyenye dzi le xexeame egbea hã li. Yehowa Ðasefowo abe ame ɖekaɖekawo ene kple habɔbɔ siaa dzea agbagba be yewoaɖu nazãbubu, ameŋkumekpɔkpɔ, vovototodedeameme, kple ŋutasesẽ dzi. De ŋugble le kpɔɖeŋu si gbɔna la ŋu.
Pedroa susui be aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu koe nye mɔ ɖeka ko si dzi yeato ahe dzɔdzɔenyenye ava Basque-nuto, le Spain dukɔ si me wònɔ la me. Esia ta eva ge ɖe ŋɔdzidonameha aɖe me, eye wona asrafowo ƒe hehee le France. Esi wowu hehe nanae nu vɔ la, wode dɔ asi nɛ be wòaɖo ŋɔdzidoname ƒuƒoƒo be woagbã kpovitɔwo nɔƒe aɖe. Eƒe ƒuƒoƒoa dze bɔmb siwo woazã wɔwɔ gɔme xoxo esime kpovitɔwo va lée. Enɔ gaxɔ me ɣleti 18, gake togbɔ be enɔ gaxɔ me hã la, eyi eƒe dunyahenuwɔnawo dzi, gbea nuɖuɖu, eye gbeɖeka eya ŋutɔ tsɔ hɛ si alɔnu na eɖokui.
Pedro susui be dzɔdzɔenyenye ta ʋlimee yenɔ. Emegbe eva se nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Esi Pedro nɔ gaxɔ me la, srɔ̃a dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo, eye esi woɖe asi le eŋu la, ekpee va woƒe kpekpewo dometɔ ɖeka. Wɔnawo vivi enu ale gbegbe be ebia be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ye, nusɔsrɔ̃ si na wòwɔ tɔtrɔ gãwo le alesi wòbua nu ŋui kple le eƒe agbenɔnɔ me. Mlɔeba le ƒe 1989 me la, Pedro kple srɔ̃a siaa xɔ nyɔnyrɔ.
Pedro gblɔ be: “Meda akpe na Yehowa be ƒe siwo me menye ŋɔdzidonamela la, nyemewu ame aɖeke o. Fifia mele Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe yi si nye Biblia zãm tsɔ le ŋutifafa vavãtɔ kple dzɔdzɔenyenye—si nye Mawu Fiaɖuƒeŋutinya nyui la—gblɔm na amewo.” Nyitsɔ laa sia la, Pedro, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hamemegã fifia, ɖi tsa yi kpovitɔwo nɔƒe si wòdi be yeagbã tsã la. Ŋutifafanya gbɔgblɔ na ƒome siwo le afima tae wòyi ɖo azɔ.
Yehowa Ðasefowo wɔa tɔtrɔ siawo elabena wodi be xexe si me dzɔdzɔenyenye le la nava. (Petro II, 3:13) Togbɔ be woɖo dzi ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo ŋu kple kakaɖedzi blibo be ahe esia vɛ hã la, wokpɔe dze sii be enye yewoƒe agbanɔamedzi hã be yewoawɔ nusi le dzɔdzɔe. Biblia na míenya nyuie be Mawu di tso mía si be míawɔ mía tɔ gome.
Dzɔdzɔenyenye ƒe Kuwo Ƒaƒã
Enye nyateƒe be ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, míase le mía ɖokui me be míado ɣli be, ‘Afika dzɔdzɔenyenye Mawu la le?’ Nenemae Maleaxi ŋɔlimetɔ Yudatɔwo do ɣlie nye ma. (Maleaxi 2:17) Ðe Mawu xɔ woƒe konyifafaa veviea? Ao, ena wòse “veve” boŋ, elabena tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, woawo ŋutɔ nɔ nu tovowo wɔm ɖe wo srɔ̃ siwo tsi la ŋu, eye wotoa ayemɔwo dzi nɔ wo gbem le nu suetɔwo kekeake ta. Yehowa gblɔ alesi wòtsɔ ɖe le eme na ‘woƒe ɖekakpuimesrɔ̃ si ŋu wowɔ nu tovo ɖo la, evɔ wònye woƒe zɔhɛ kple nyɔnu si wobla nu kplii la wonye hafi.’—Maleaxi 2:14.
Ðe wòasɔ be míafa konyi le madzɔmadzɔnyenye ŋu ne mía ŋutɔwo míewɔa nu madzɔmadzɔa? Gake ne míedze agbagba srɔ̃ Yesu eye míeɖe nazãbubu kple vovototodedeameme ɖa le míaƒe dzi me, eye míelɔ̃ amesiame ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, eye ne míeɖoa vɔ̃ vɔ̃ teƒe o la, ke míele eɖem fia be míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye vavã.
Biblia xlɔ̃ nu mí be ne míaŋe dzɔdzɔenyenye la, ke ele be ‘míaƒã dzɔdzɔenyenye.’ (Hosea 10:12) Aleke ke wòaɖadze nu sue o, madzɔmadzɔnyenye ɖesiaɖe si dzi nàɖu la le vevie. Abe alesi Martin Luther King, Jr., ŋlɔe ɖe eƒe Letter From Birmingham Jail (Birmingham Gaxɔ me Lɛta) me ene la, “Madzɔmadzɔnyenye le afisiafi nye afɔku na dzɔdzɔenyenye le afisiafi.” Amesiwo ‘dia dzɔdzɔenyenyee’ nye amesiwo Mawu atia be woanyi yeƒe xexe yeye si gbɔna kpuie la dome.—Zefanya 2:3.
Míate ŋu atu mɔkpɔkpɔ si le mía si na dzɔdzɔenyenye kpɔkpɔ la ɖe amegbetɔwo ƒe ŋugbedodowo si ƒe gɔmeɖoanyi si te ke mele o la dzi o, gake míate ŋu axɔ mía Wɔla lɔ̃ame la ƒe nya dzi ase. Esia tae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woayi edzi ado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava. (Mateo 6:9, 10) Yesu, Fiaɖuƒe ma ƒe Fia tiatia la “aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”—Psalmo 72:12, 13.
Nyateƒee, madzɔmadzɔnyenye manɔ anyi ɖaa o. Kristo ƒe dziɖuɖu ɖe anyigba bliboa dzi aɖu madzɔmadzɔnyenye dzi tegbee, abe alesi Mawu ka ɖe edzi na mí to eƒe nyagblɔɖila Yeremya dzi ene be: “Ŋkeke li gbɔna, eye mawɔ nya nyui, si megblɔ la dzi. . . . Le ŋkeke mawo me le ɣemaɣi la mana atidzedze dzɔdzɔe nadze na Dawid, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe, si le eteƒe le anyigba dzi.”—Yeremya 33:14, 15.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetsɔ ŋkɔ bubu ɖo eteƒe.