INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 8/1 axa 3-4
  • Ðe Womate Ŋu Axe Mɔ Ðe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Nu Oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Womate Ŋu Axe Mɔ Ðe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Nu Oa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Madzɔmadzɔnyenye ƒe Akpa Vɔ̃ɖi Vovovoawo
  • Ðe Madzɔmadzɔnyenye Gbɔ Kpɔkpɔ Hiãa?
  • Ale Si Nàwɔ Nui Ne Amewo Le Nu Madzɔmadzɔwo Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Madzɔmadzɔnyenye!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ale Si Nàdo Dzi Ne Wowɔ Nu Madzɔmadzɔ Ðe Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 8/1 axa 3-4

Ðe Womate Ŋu Axe Mɔ Ðe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Nu Oa?

“Togbɔ be nu geɖe le dzɔdzɔm hã la, megaxɔe se kokoko be le ememe la, dzi nyui ye le amewo si. Manya wɔ nam be matu nye mɔkpɔkpɔ ɖe gɔmeɖoanyi si nɔ te ɖe tɔtɔ, nublanuinyawo, kple ku dzi o.”—Anne Frank.

ANNE FRANK, Yudatɔ ɖetugbivi dzaa aɖe si xɔ ƒe 15 ye ŋlɔ nya ʋãme mawo ɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽ me ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku. Eƒe ƒomea me tɔwo nɔ bebem ƒe eve kple edzivɔ sɔŋ ɖe xɔ aɖe ƒe dzisasrã dzi le Amsterdam. Eƒe mɔkpɔkpɔ be xexeme nyui aɖe ava va la me gblẽ esi amegɔmezɔla aɖe fia wo nɔƒe Nazitɔwo. Le ƒe si kplɔe ɖo si nye ƒe 1945 me la, asrã sesẽ aɖe dze Anne dzi le Bergen-Belsen fuwɔamegaxɔ me eye wòku le gaxɔa me. Yudatɔ miliɔn ade bubuwo hã kpe fu ma ke tɔgbe.

Ðewohĩ tame vɔ̃ɖi si Hitler ɖo be yeatsrɔ̃ dukɔ blibo aɖe ɖa gbidii lae nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake si wowɔ ɖe ameƒomevi aɖe ŋu le míaƒe ƒe alafa sia me, gake menye eya ɖeɖekoe dzɔ o. Le ƒe 1994 me la, wowu Tutsitɔ siwo wu miliɔn afã le Rwanda ɖe susu sia ta ko be wotso “to” bubu me. Eye le xexemeʋa gbãtɔ me la, Armeniatɔ siwo ade miliɔn ɖeka ku le nugbe si woɖo be woatsrɔ̃ gbe ma dolawo ɖa kura me.

Madzɔmadzɔnyenye ƒe Akpa Vɔ̃ɖi Vovovoawo

Menye ameƒomevi aɖe tsɔtsrɔ̃ ɖa koe nye madzɔmadzɔnyenye o. Madzɔmadzɔnyenye na ameƒomea ƒe akpa atɔ̃lia kloe nye hiãtɔ kolikoliwo le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Esi gavloe wue nye be ameƒomea ƒe gomenɔamesi habɔbɔ si woyɔna be Dukɔwo Dome Tsitretsitsi Ðe Kluvinyenye Ŋu bu akɔnta be amesiwo wu 200,000,000 le kluvinyenye me. Kluvi geɖewo anɔ xexeame egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Manye be ɖe wodzra wo le dutoƒo amewo ƒle o, gake nɔnɔme si me wowɔa dɔ le zi geɖe la vloe wu kluvi akpa gãtɔ siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi siwo va yi me la tɔ.

Madzɔmadzɔnyenye si le sewo me xɔ gomenɔamesi veviwo le ame miliɔn geɖe si. Dukɔwo Dome Agɔdzedzetsɔtsɔke Taʋliha gblɔ le eƒe ƒe 1996 ƒe nyatakaka me be: “Wosẽa ŋuta le ameƒomea ŋu gbesiagbe kloe le xexeame ƒe akpa aɖe. Amesiwo ŋu wosẽa ŋuta le la ƒe akpa gãtɔ nye hiãtɔwo kple wɔnamanɔŋuitɔwo, vevietɔ nyɔnuwo, ɖeviwo, ame tsitsiwo kple sitsoƒedilawo.” Nyatakakaa gblɔ be: “Le dukɔ aɖewo me la, esusɔ vie ko dukplɔɖoɖowo nado kpo dɔwɔwɔ esi wɔe be se aɖeke meli si akpɔ ame beliwo ta tso ame sesẽwo si me o.”

Le ƒe 1996 me la, wozi ame akpe nanewo dzi hewɔ funyafunya wo le dukɔ siwo wu alafa ɖeka me. Eye le ƒe siawo me la, ame akpe alafa nanewo bu, wo nɔƒe manyamanyae, ɖewohĩ asrafowo alo ŋɔdzidonamelawoe lé wo akpasesẽe tsɔ yi afi aɖee. Wotsɔe be ɖe wo dometɔ geɖe ku.

Aʋawɔwɔwo nyea nu madzɔmadzɔ wɔwɔ godoo ya, gake dzidzim ɖe edzi koe nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna le wo me le. Aʋa siwo wɔm wole le míaƒe ŋkekeawo me la gblẽa nu le dukɔmevi siwo menye asrafowo o, siwo me nyɔnuwo kple ɖeviwo hã le ŋu. Eye menye esi wole bɔmbwo dam ɖe dugãwo me ale gbegbe ta koe esiawo le dzɔdzɔm o. Nyɔnuwo kple nyɔnuviwo gbɔ dɔdɔ akpasesẽe ɣesiaɣi nye dɔ si asrafowo wɔna ɖaa la ƒe akpa aɖe, eye aglãdzeha geɖewo léa ɖeviwo akpasesẽe be woana hehe wo be woanye amewulawo. Esime Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka si nye “Nusi Gblẽm Aʋawɔwɔ Le le Ðeviwo Ŋu” nɔ nu ƒom tso nuwɔna mawo ŋu la, egblɔ bena: “Nunyuiwɔwɔ aɖeke megava le xexeametɔ siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ƒe agbenɔnɔ me nɔm o.”

Ðikekemanɔmee la, agbenyuimanɔmanɔ ma na madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe xexeame—eɖanye le gbevovovodolawo dome o, hadomenuwɔna me o, se ŋudɔwɔwɔ me o, alo asrafowo dome o. Gake menye nu yeye aɖeke esia nye o. Ƒe si wu akpe eve alafa atɔ̃ enye si va yi la, Hebritɔ nyagblɔɖila aɖe fa konyi be: “Se la ŋuti nufiafia me gbɔdzɔ, eye nuteƒewɔwɔ megadona ɖe gota o. Elabena ame vɔ̃ɖi ɖe to ɖe ame dzɔdzɔe, eyata nuteƒewɔwɔ trɔ tagbo hafi do.” (Xabakuk 1:4) Togbɔ be madzɔmadzɔnyenye bɔ ɣesiaɣi hã la, ƒe alafa 20 liae nye ɣeyiɣi si me madzɔmadzɔnyenye dzi ɖe edzi le wu.

Ðe Madzɔmadzɔnyenye Gbɔ Kpɔkpɔ Hiãa?

Ne wò ŋutɔ èkpe fu le madzɔmadzɔnyenye ta la, àkpɔe be ehiã. Ehiã elabena exɔa ameƒomea ƒe akpa gãtɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe gome le wo si. Eye egahiã elabena madzɔmadzɔnyenye hea aʋawɔwɔ si me wokɔa ʋu ɖi le ale gbegbe vanɛ esi gawɔnɛ be madzɔmadzɔnyenye dea dzi bobobo.

Ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ do ƒome kplikplikpli kple dzɔdzɔenyenye, gake madzɔmadzɔnyenye na kakaɖedzi menɔa anyi o, eye enaa mɔkpɔkpɔ na nu nyuiwo buna. Abe alesi Anne Frank de dzesii nublanuitɔe ene la, amewo mate ŋu atu woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe gɔmeɖoanyi si woɖo ɖe tɔtɔ, nɔnɔme wɔnublanui, kple ku dzi o. Abe eya ene la, enye mí katã míaƒe didi vevie be míakpɔ nane si nyo wu.

Didi sia na be anukwaretɔwo dzea agbagba be yewoana dzɔdzɔenyenye sue aɖe ya teti nanɔ ameƒomea me. Le ema ta la, Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpe da asi ɖo le ƒe 1948 me gblɔ be: “Wodzi amegbetɔ ɖesiaɖe ablɔɖemee eye bubu kple gomenɔamesi sɔsɔe ye le wo katã si. Wona tamebuŋutete kple dzitsinya wo eye ele be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ me.”

Nya vavãwoe nya siawo nye nyateƒe, gake ameƒomea kple taɖodzinu dzroame ma si dim wole vevie la dome gadidi kokoko—habɔbɔ dzɔdzɔe si me gomenɔamesi sɔsɔe le amesiame si le, eye amesiame wɔa nu kple ehavi abe dadaviae ene. Taɖodzinu sia ƒe emevava, abe alesi Dukɔ Ƒoƒua ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖia ƒe ŋgɔdonya ɖee fia ene, anye “ablɔɖe, dzɔdzɔenyenye, kple ŋutifafa si anɔ xexeame la ƒe gɔmeɖoanyi.”

Ðe madzɔmadzɔnyenye xɔ aƒe ɖe ameƒomea me ale gbegbe be womate ŋu aɖee ɖa oa? Alo to mɔ aɖe nu la, ɖe woagbugbɔ aɖo ablɔɖe, dzɔdzɔenyenye, kple ŋutifafa gɔme anyi ɖe gɔmeɖoɖoanyi like dzia? Ne aleae la, ke amekae aɖoe anyi ahakpɔ egbɔ be eɖe vi na amesiame?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

UPI/Corbis-Bettmann

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe