Ðe Nèbua Mawu Ame Ŋutɔŋutɔea?
NE KUXI sesẽwo ɖi kpe wò la, ɖe nèdoa gbe ɖa na Mawu enumakea? Ne èdonɛ ɖa la, ɖe wòwɔna na wò be ame ŋutɔŋutɔe nèle nu ƒom naa?
Yesu Kristo gblɔ le Fofoa si le dziƒo ŋu be, ‘Amesi dɔm ɖa la nye ame ŋutɔŋutɔ.’ (Yohanes 7:28) Ẽ, ame ŋutɔŋutɔe Yehowa Mawu nye, eye ɖeko gbe dodo ɖa nɛ le abe amegbetɔ si nye xɔ̃wò vevi gbɔ yiyi be wòakpe ɖe ŋuwò alo aɖo aɖaŋu na wò ene. Gake hafi Mawu naɖo to mí la, ele be míaƒe gbedodoɖawo nasɔ ɖe gbedodoɖa nyui ƒe nudidi siwo le Ŋɔŋlɔawo me nu. Le kpɔɖeŋu me, ele be míate ɖe ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu le ɖokuibɔbɔ me to Via, Yesu Kristo dzi.—Psalmo 65:3; 138:6; Yohanes 14:6.
Ðewohĩ ame aɖewo asusu be esi womate ŋu akpɔ Mawu o ta la, ke menye ame ŋutɔŋutɔe wònye o. Awɔ na wo be Mawu le adzɔge boo tso mía gbɔ. Ɣeaɖewoɣi esesẽna na Kristotɔ aɖewo siwo srɔ̃ nu tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu gɔ̃ hã be woase egɔme be enye ame ŋutɔŋutɔ. Nenemae wòwɔna na wòa? Ne nenemae la, ke nukae akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔe be ame ŋutɔŋutɔe Yehowa Mawu nye?
Srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo
Ðe nèsrɔ̃a Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo edziedzia? Zi gbɔ zi alesi nàsrɔ̃ Biblia edziedzi eye wòade toe la, zi nenemae wòadze na wò be Yehowa Mawu nye ame ŋutɔŋutɔe. Awɔe be ŋusẽ nagaɖo wò xɔse ŋu nàkpɔ ‘Amesi womekpɔna o la.’ (Hebritɔwo 11:6, 27) Gake ne mèsrɔ̃a Biblia edziedzi o alo ɣeaɖewoɣi koe nèsrɔ̃nɛ la, mate ŋu akpɔ ŋusẽ gobi aɖeke ɖe wò xɔse dzi o.
Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be wò ɖɔkta gblɔ na wò be nàsisi ami aɖe ɖe ŋui zi eve gbeɖeka bene nutsetse aɖe si gbea vɔvɔ le ŋuwò nu natso. Ðe wò nutsetsea avɔ ne èsisia amia zi ɖeka alo zi eve ko le ɣleti ɖeka mea? Mate ŋu avɔ o. Nenema ke hakpala la hã “ŋlɔ atike” na mí bene míaƒe lãme nasẽ le gbɔgbɔ me. Xlẽ Mawu ƒe Nya la ‘nàde ŋugble le eŋu zã kple keli.’ (Psalmo 1:1, 2) Hafi míakpɔ viɖeawo geɖe wu la, ele be míazɔ ɖe ‘atike si woŋlɔ’ na mí la nu—si nye be míazã Kristotɔwo ƒe agbalẽwo atsɔ adzro Mawu ƒe Nya la me gbesiagbe.—Yosua 1:8.
Ðe nàdi be yeƒe nusrɔ̃ɣiwo nado ŋusẽ yeƒe xɔse geɖe wua? Ke aɖaŋuɖoɖo aɖee nye si: Ne èxlẽ New World Translation of the Holy Scriptures alo Biblia bubu aɖe si me wofia asi ŋɔŋlɔ bubuwo le la, tia mawunyakpukpui ʋãdziname aɖe eye nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo wofia asii la. Ana tsɔɖui nanɔ wò nusɔsrɔ̃ me, eye ɖikeke mele eme o be alesi nyawo de nu wo nɔewo me le Biblia me awɔ dɔ ɖe dziwò. Esia awɔe hã be Eŋlɔla, Yehowa Mawu, nadze ame ŋutɔŋutɔ na wò.
Mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii zazã akpe ɖe ŋuwò be nànya Biblia ƒe nyagblɔɖiwo kple alesi wova emee. Ðewohĩ ènya Biblia ƒe nyagblɔɖi veviwo, abe esiwo ƒo nu tso Babilontɔwo ƒe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu ene. Ke hã nyagblɔɖi vovovo siwo de nu wo nɔewo me kpakple wo me vava le Biblia me. Amewo menya esiawo dometɔ aɖewo nyuie o.
Le kpɔɖeŋu me, xlẽ nyagblɔɖi si ƒo nu tso to si woahe na amesi adi be yeagbugbɔ Yerixo atu ŋu, eye nàkpɔ emevava ɖa. Yosua 6:26 gblɔ be: “Ɣemaɣi Yosua ka atam bena: Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yerixo-du sia tso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ ade agbo enu!” Eva eme anɔ ƒe 500 megbe, elabena míexlẽ le Fiawo I, 16:34 be: “[Le Fia Axab ŋɔli la,] Beteltɔ Xiel tso Yerixo; eƒe ŋgɔgbevi Abiram ƒe ku wòtsɔ ɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea Segub ƒe ku wòtsɔ de agbowo enu, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yosua, Nun vi la dzi la nu.”a Mawu si li ŋutɔŋutɔ koe ate ŋu ana woagblɔ nya ma tɔgbi ɖi eye wòakpɔ egbɔ be wova eme.
Ne èle Biblia xlẽm la, ɖewohĩ àdi be yeanya nya aɖe. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be ƒe nenie va yi tso esime wogblɔ nya ɖi va de asi na emevaɣi hã. Le esi teƒe be nàbia ame aɖe la, nukata màdze agbagba adii le ɖokuiwò si o? Zã nya siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu kpakple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, nàku kutri adi ŋuɖoɖoawo abe alesi nàke ŋku ɖe anyigbanɔnɔmetata dzi be yeakpɔ afisi woɖi kesinɔnu aɖe ɖo ene. (Lododowo 2:4, 5) Ne èke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu la, awɔ dɔ geɖe ɖe wò xɔse dzi eye ana nàgakpɔe ɖe edzi be Yehowa Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ.
Do Gbe Ða Vevie Ɣesiaɣi
Mègaŋe aɖaba ƒu gbedodoɖa kple xɔse ƒe vevienyenye dzi o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae tẽ be: “Na míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi na mí.” (Luka 17:5) Ne mèkpɔnɛ be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ o la, nukata màdo gbe ɖa abiae be yehiã xɔse geɖe o? Tsɔ kakaɖedzi bia Fofowò si le dziƒo be wòakpe ɖe ŋuwò nànya be ame ŋutɔŋutɔe wònye.
Ne kuxi aɖee le fu ɖem na wò la, gbɔ dzi ɖi alesi dze nàtso dzime agblɔ nya si le asiwò na Xɔ̃wò si le dziƒo. Esime Yesu ƒe kuɣi tu aƒe la, edo gbe ɖa vevie. Togbɔ be ebu fɔ subɔsubɔnu si amewo nɔ wɔwɔm nɔa gbe didiwo dom ɖa le ame dome be woakpɔ hã la, eya ɣla eɖokui nɔ zã dzi do gbe ɖa hafi tia eƒe apostolo 12 la. (Marko 12:38-40; Luka 6:12-16) Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Xana, amesi va dzi nyagblɔɖila Samuel hã gbɔ. Esime viŋutsu dzidzi dzroe vevie la, “[edo gbe ɖa] le Yehowa ŋku me eteƒe didi.”—Samuel I, 1:12.
Nu vevi kae míesrɔ̃ le nusia katã me? Ne èdi be woaɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu na ye la, ele be nàtsɔ moveviɖoɖo ado gbe ɖa vevie madzudzɔmadzudzɔe—gake wòasɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Luka 22:44; Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17; Yohanes I, 5:13-15) Nusia wɔwɔ awɔe be nàbu Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ.
Lé Ŋku Ðe Xexemewɔwɔ Ŋu
Amenyenye si le nutala aɖe si ate ŋu adze le eƒe nutatawo me. Nenema ke Yehowa, xexeame katã ƒe Aɖaŋuwɔla kple Wɔla la, ƒe ‘nɔnɔme manyakpɔawo’ dzena kɔte le xexemewɔwɔ me. (Romatɔwo 1:20) Ne míelé ŋku ɖe Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu nyuie la, míakpɔ amenyenye si le esi nyuie wu, eye ana míakpɔe be enye ame ŋutɔŋutɔ.
Ne èlé ŋku ɖe nusiwo Mawu wɔ ŋu yi ŋgɔ wu gotagome nukpɔkpɔ ko la, àkpɔe wòawɔ dɔ ɖe dziwò be nɔnɔme ŋutɔŋutɔwoe le esi. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ nyatakaka siwo ku ɖe xewo ƒe dzodzoŋutetewo ŋu ana ŋudzedze si nèkpɔ ɖe Yehowa ƒe nunya ŋu nagadzi ɖe edzi. Ne èle nu xlẽm tso xexeame godoo ŋu la, ɖewohĩ àkpɔe be Masa (Milky Way) ɣletivihatsotso, si ne woazɔ mɔ ato eme le keklẽ ƒe duƒuƒu nu la, axɔ ƒe 100,000 la, nye ɣletivihatsotso siwo ade biliɔn geɖe le dziŋgɔli me la dometɔ ɖeka ko. Ðe mena nèkpɔ Wɔla la ƒe nunya dze sii ŋutɔŋutɔ oa?
Nunya ŋutɔŋutɔe le Yehowa si nyateƒe! Gake nukae wòfia na wò? Eyae nye be kuxi siwo mía dometɔ ɖesiaɖe atsɔ ada ɖe eŋkume la matɔtɔ ɖee gbeɖe o. Ẽ, xexemewɔwɔ ŋuti sidzedze sue aɖe gɔ̃ hã ate ŋu ana Yehowa nadze ame ŋutɔŋutɔ na wò.
Zɔ Kple Yehowa
Ðe wò ŋutɔ àte ŋu ade dzesi alesi gbegbe Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔea? Àde dzesii ne èwɔ nu abe blemafofo Noa nuteƒewɔla la ene. Eɖoa to Yehowa ɣesiaɣi ale gbegbe be wote ŋu gblɔ le eŋu be: “Noa zɔ kple Mawu vavã la.” (Mose I, 6:9, NW) Noa nɔ agbe abe ke ɖe Yehowa nɔ exa tututu ene. Mawu ate ŋu anye ame ŋutɔŋutɔ na wò hã nenema ke.
Ne ènye amesi zɔna kple Mawu la, àka ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe ŋugbedodowo dzi ahanɔ agbe ɖe wo nu. Le kpɔɖeŋu me, àxɔ Yesu ƒe nya siawo dzi ase: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã [ŋutilãmenuhiahiãwo] akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:25-33) Enye nyateƒe be menye ɣesiaɣie Yehowa ana nusiwo hiã wò la wò alesi nèdii o. Gake ne èdo gbe ɖa na Mawu eye nèkpɔe be ekpe ɖe ye ŋu la, àkpɔe be enye ame ŋutɔŋutɔ abe amesi le axawò ene.
Ne woyi edzi zɔna kple Mawu ko hafi ƒomedodo kplikplikpli sia ɖoa ame kple Yehowa dome. De ŋugble le Manuela, amesi nye Spaintɔ Ðasefo si to dodokpɔ sesẽwo me ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ɣesiaɣi ne mexaxa alo nane hiãm la, metsɔa gɔmeɖose si le Lododowo 18:10 wɔa dɔe. Menɔa du dzi yia Yehowa gbɔ be wòakpe ɖe ŋunye. Enyea ‘mɔ sesẽ’ nam ɣesiaɣi.” Manuela ate ŋu agblɔ nya sia elabena etsɔ ƒe 36 ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòkpɔe be ekpe ɖe ye ŋu.
Azɔ koe nèdze egɔme le kakam ɖe Yehowa dzia? Ne mia kplii dome mele abe alesi nèdi be nenɔ ene o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Nɔ agbe gbesiagbe abe amesi le zɔzɔm kple Mawu ene. Ne ètsɔ nuteƒewɔwɔ ɖo dɔe le agbe me la, mia kple Yehowa dome ava nɔ kplikplikpli geɖe wu.—Psalmo 25:14; Lododowo 3:26, 32.
Zɔzɔ kple Mawu ƒe mɔ bubue nye be nànyrɔ ɖokuiwò ɖe eƒe subɔsubɔ me. Ne èle Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, ke Yehowa ƒe hadɔwɔlae nènye. (Korintotɔwo I, 3:9) Nusia nyanya awɔe be nàkpɔe be Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ.
Hakpala la de dzi ƒo be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.” (Psalmo 37:5) Agba kae ɖale dziwò alo nuka kee le fu ɖem na wò o, mègagbe edada ɖe Mawu dzi o. Kpɔ mɔ nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò ahafia mɔ wò. Ne ègblẽ wò nyawo ɖe Yehowa Mawu si me to gbedodoɖa me eye nèɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe la, àkpɔe be yele dedie elabena ènya be mado kpo xɔxɔ na ye o. Ðe kakaɖedzi nɔa asiwò ne èyi Yehowa gbɔ be yeagblɔ yeƒe dzimedidiwo nɛa? Kakaɖedzi anɔ asiwò—ne èbu Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi kpɔɖeŋu bubu la, xlẽ nya si wogblɔ ɖi be woado gu Yerobeam ƒe vɔsamlekpui la le Fiawo I, 13:1-3. Azɔ nàde dzesi emevava si woŋlɔ ɖe Fiawo II, 23:16-18.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Na wò nusrɔ̃ɣiwo nado ŋusẽ wò xɔse
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Gbɔ dzi ɖi nàdo gbe ɖa edziedzi veviedodotɔe
[Nɔnɔmetatawo si le axa 23]
Lé ŋku ɖe alesi Mawu ƒe nɔnɔmewo dze le xexemewɔwɔ mee ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Aɖitsi: U.S. Fish and Wildlife Service, Washington, D.C./Dean Biggins; ɣletiviwo: Photo: Copyright IAC/RGO 1991, Dr. D. Malin et al, Isaac Newton Telescope, Roque de los Muchachos Observatory, La Palma, Canary Islands